Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

“Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe.”​—PSALMO 26:11.

1, 2. (a) Nukatae amegbetɔ ƒe fɔmaɖimaɖi me lelé ɖe asi nye nya si fɔ ɖe te la ƒe akpa vevi aɖe? (b) Aleke nuwɔwɔ nyanuwo ate ŋu aɖee afia be yewode Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi?

AGLÃDZENU si Satana wɔ le Eden-bɔa me fɔ xexeame katã ƒe nya aɖe ɖe te, si ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ɖe Eƒe nuwɔwɔwo katã dzi ƒe dzedze ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ehe nya be viɖe si amegbetɔwo akpɔ tso Mawu subɔsubɔ me ta koe wosubɔnɛ ɖo. (Hiob 1:9-11; 2:4) Eyata amegbetɔ ƒe fɔmaɖimaɖi hã va nye Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te la ƒe akpa vevi aɖe.

2 Togbɔ be Mawu ƒe dziɖulanyenye menɔ te ɖe eƒe nuwɔwɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi me lelé ɖe asi dzi o hã la, amegbetɔwo kple Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo ate ŋu aɖe akpa si dzi wole, le nya si fɔ ɖe te me, afia. Alekee? To etiatia be yewoalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi loo alo woagbe be yewomalé eme ɖe asi o me. Eyata ame ƒe fɔmaɖimaɖi nye gɔmeɖokpe sẽŋu si dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu eyama.

3. (a) Nuka mee Hiob kple Dawid di be Yehowa nadzro eye wòatso afia na yewo le? (b) Fɔmaɖimaɖi ŋu nyabiabia kawoe fɔ ɖe te?

3 Hiob gblɔ kakaɖedzitɔe be: “[Yehowa] nedam le nudanu nyuitɔ dzi, eye Mawu nadze si nye fɔmaɖimaɖi.” (Hiob 31:6) Blema Israel-fia Dawid bia Yehowa be wòadzro yeƒe fɔmaɖimaɖi me akpɔ, esime wòdo gbe ɖa be: ‘Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!’ (Psalmo 26:1) Aleke gbegbe wòle vevie be míawo hã míazɔ le fɔmaɖimaɖi mee nye si! Gake nukae nye fɔmaɖimaɖi, eye nukae wòfia be woazɔ le fɔmaɖimaɖi me? Nukae akpe ɖe mía ŋu be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi?

“Fɔɖiɖi Mele Nye Zɔzɔme Ŋu O”

4. Nukae nye fɔmaɖimaɖi?

4 Fɔmaɖimaɖi fia be woawɔ nuteƒe, woanye mokakamanɔŋutɔ, woanye ame dzɔdzɔe, eye kpɔtsɔtsɔ manɔ ame ŋu o. Ke hã, fɔmaɖimaɖi bia nu geɖe wu nuteƒewɔwɔ ko. Fɔmaɖimaɖi fia agbenyuinɔnɔ alo dzi blibo ƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu. Satana tɔ gbe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ esi wògblɔ na Mawu be: “Ke do wò abɔ ɖa, ne nade asi eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã ŋu kpɔa, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ ene oa?” (Hiob 2:5) Fɔmaɖimaɖi bia be ameʋãŋusẽ nyui si tso dzi me nanɔ ame si tsɔ kpe ɖe nuɖɔʋuwɔwɔ ŋu.

5. Nukae fia be fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi mebia be míanye ame deblibowo o?

5 Gake be woalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi mebia blibodede o. Fia Dawid nye ame madeblibo eye wòwɔ vodada geɖe le eƒe agbe me. Ke hã, Biblia ƒo nu tso eŋu be enye amesi zɔ ‘le dzimekɔkɔ me.’ (Fiawo I, 9:4) Nukatae? Elabena Dawid lɔ̃ Yehowa. Etsɔ eƒe dzi na Mawu bliboe. Elɔ̃ faa ɖe eƒe vodadawo dzi, xɔ mokaname, eye wòɖɔ eƒe mɔwo ɖo. Le nyateƒe me la, Dawid ƒe fɔmaɖimaɖi dze le alesi wòsubɔ Yehowa Mawu helɔ̃e tso dzi blibo me la me.—Mose V, 6:5, 6.

6, 7. Nukae zɔzɔ le fɔmaɖimaɖi me bia?

6 Menye amegbetɔ ƒe nuwɔna aɖe, abe mawusubɔsubɔ ene, ko mee woalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le o. Ehiã be míawɔ nu fɔmaɖitɔe le míaƒe agbemenuwɔnawo katã me. Dawid “zɔ” fɔmaɖitɔe. The New Interpreter’s Bible gblɔ be: “Dɔwɔnya si nye ‘zɔ’ fiana ‘mɔ si nu wonɔa agbe ɖo’ alo ‘agbenɔnɔmɔnu.’” Esi hakpala la nɔ nu ƒom tso amesiwo “fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o” ŋu la, edzi ha be: “Woayra amesiwo wɔa [Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo, NW] dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me; womewɔa nu vɔ̃ɖi aɖeke hã o, eye wozɔa eƒe mɔwo dzi.” (Psalmo 119:1-3) Fɔmaɖimaɖi bia agbagbadzedze ɣesiaɣi be woanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahazɔ eƒe mɔwo dzi.

7 Zɔzɔ le fɔmaɖimaɖi me bia ame ɖokui tsɔtsɔ ana Mawu nuteƒewɔwɔtɔe, le nɔnɔme madeamedziwo gɔ̃ hã me. Míeɖenɛ fiana be míenye fɔmaɖilawo, ne míedo dzi le dodokpɔwo me, ne míenɔ te sesĩe le fukpekpewo me, alo míetsi tre ɖe xexe vɔ̃ɖia ƒe tetekpɔwo ŋu. ‘Míedoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi’ le susua nu be ate ŋu akpɔ nya atsɔ aɖo nya ŋu na amesi le alɔme ɖem le eŋu la. (Lododowo 27:11) Eyata susu nyui aɖe tae míate ŋu aɖo tame kplikpaa abe Hiob ene ɖo be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.” (Hiob 27:5) Psalmo 26 lia fia nusi akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me la mí.

“Lólo Nye Ayikuwo Kple Nye Dzi”

8. Nukae nèsrɔ̃ tso Dawid ƒe gbedodoɖa be Yehowa nadzro yeƒe ayikuwo kple dzi me akpɔ la me?

8 Dawid do gbe ɖa be: ‘Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!’ (Psalmo 26:2) Ayikuawo le keke ame ƒe dɔme ke. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ayikuwo tsi tre ɖi na ame ƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo. Eye ame ƒe kpɔɖeŋudzi lae nye amenyenye ememetɔ ŋutɔŋutɔ—si nye nusi ʋãnɛ, eƒe seselelãmewo, kple nuŋububu. Eyata esi Dawid bia Yehowa be wòadzro ye me akpɔ la, enɔ biabiam be wòadzro yeƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo me tsitotsito akpɔ.

9. Mɔ ka nue Yehowa lóloa míaƒe kpɔɖeŋu ƒe ayikuwo kple dzi le?

9 Dawid ɖe kuku be woalólo yeƒe ayikuwo kple yeƒe dzi. Aleke Yehowa lólona míaƒe amenyenye ememetɔ lae? Dawid dzi ha be: “Makafu Yehowa, amesi ɖoa aɖaŋu mam; le zã me hã nye ayikuwo xlɔ̃a num.” (Psalmo 16:7) Nukae esia fia? Efia be Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ɖoa keke Dawid ƒe amenyenye ƒe gogloeaƒe ke henɔa afima, eye wòɖɔna eƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo ɖo. Nenema kee wòanɔ na míawo hã ne míetsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ dea ŋugble le aɖaŋuɖoɖo si míexɔna toa Mawu ƒe Nya, eteƒenɔlawo, kple eƒe habɔbɔa dzi ŋu eye míena wòxɔa anyinɔ ɖe keke mía me ke. Gbedodoɖa na Yehowa edziedzi be wòalólo alo akɔ mía ŋu le mɔ sia nu akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me.

“Wò Amenuveve Le Ŋkunye Me”

10. Nukae kpe ɖe Dawid ŋu be wòzɔ le Mawu ƒe nyateƒe la me?

10 Dawid yi edzi be: ‘Wò amenuveve le ŋkunye me, eye mezɔ le wò nyateƒe me.’ (Psalmo 26:3) Dawid nya alesi Mawu wɔa nu le amenuveve mee la nyuie, eye wòde ŋugble le wo ŋu le ŋudzedzekpɔkpɔ blibo me. Edzi ha be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!” Esi Dawid ɖo ŋku Mawu ƒe ‘nyuiwɔwɔawo’ dometɔ ɖeka dzi la, eyi hadzidzia dzi be: “Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na amesiwo katã wote ɖe anyi la. Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israel-viwo nya eƒe nuwɔwɔwo.” (Psalmo 103:2, 6, 7) Ðewohĩ Dawid anya nɔ tame bum le alesi Egiptetɔwo te Israel-viwo ɖe anyi le Mose ƒe ŋkekeawo mee la ŋu. Ne nenemae la, ke ŋugbledede le alesi Yehowa ɖe mɔ si dzi wòato aɖe wo la fia Mosee anya de dzi gbɔ na Dawid eye wòdo ŋusẽ eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeazɔ le Mawu ƒe nyateƒe la me.

11. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me?

11 Mawu ƒe nya la sɔsrɔ̃ edziedzi kple ŋugbledede le nusiwo míesrɔ̃ le eme ŋu hã akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me. Le kpɔɖeŋu me, ŋkuɖoɖo edzi be Yosef si le agbegbegblẽnɔnɔ si Potifar srɔ̃ do ɖe egbɔ la nu ade dzi ƒo na mí godoo be míawo hã míasi le nɔnɔme mawo tɔgbe si adze ŋgɔ mí le míaƒe dɔwɔƒe, suku, alo teƒe bubuwo la nu. (Mose I, 39:7-12) Ke ne wotsɔ xexe sia me ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ alo ŋkɔxɔxɔ kple ŋusẽ ƒe amesisusu ƒe mɔnukpɔkpɔwo te mí kpɔe ya ɖe? Mose, amesi gbe nu le Egiptetɔwo ƒe ŋutikɔkɔe mɔnukpɔkpɔwo gbɔ la, ƒe kpɔɖeŋu li na mí. (Hebritɔwo 11:24-26) Ŋkuɖoɖo Hiob ƒe dzidodo dzi hã akpe ɖe mía ŋu godoo ahado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa, ne míedze dɔ kple ne afɔkuwo dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã. (Yakobo 5:11) Ke ne woti mía yome ya ɖe? Le go sia me hã la, ŋkuɖoɖo alesi Daniel nɔ dzatawo ƒe do me dzi la ade dzi ƒo na mí!—Daniel 6:17-23.

“Nyemebɔbɔ Nɔ Ame Tovowo Gbɔ O”

12, 13. Hadede kawoe wòle be míaƒo asa na?

12 Esi Dawid nɔ susu hem yi nu bubu aɖe si hã do ŋusẽe wòzɔ fɔmaɖitɔe dzi la, egblɔ be: ‘Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo ƒe ha me o. Melé fu ame vlowo ƒe takpekpe, eye mía kple ame vɔ̃ɖiwo míebɔbɔ nɔa du o.’ (Psalmo 26:4, 5) Dawid menɔa anyi ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome o. Elé fu ame vlowo ƒe hadede.

13 Ke míawo ya ɖe? Ðe míegbea hadede kple ame tovowo to television dzi wɔnawo, videowo, sinimawo, Internet, alo mɔ bubuwo nu dzia? Ðe míeƒoa asa na amesiwo ɣlaa amesi ƒomevi wonye le ememe laa? Ame aɖewo atsɔ tameɖoɖo vɔ̃wo adze xɔlɔ̃ mí alakpatɔe le suku alo le dɔwɔƒe. Ðe míedi le nyateƒe me be mía kple amesiwo mezɔna le Mawu ƒe nyateƒea me o la dome manɔ kplikplikpli oa? Xɔsegbelawo ate ŋu aɣla woƒe dzimedidi be yewoahe mí ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ, ahawɔ nu abe ame ɖɔʋuwo ene. Ke ne Kristo-hamea me tɔ aɖewo nɔa agbe eve ya ɖe? Woawo hã ɣla amesi wonye ŋutɔŋutɔ la. Xɔlɔ̃ ma tɔgbewo nɔ Jayson, amesi nye subɔsubɔdɔwɔla fifia, si esime wònye sɔhɛ. Egblɔ le wo ŋu be: “Gbeɖeka wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: ‘Nusianu si míawɔ fifia mele vevie o elabena ne nuɖoanyi yeyea va la, ɖeko míaku. Míanya gɔ̃ hã be naneke to mía ŋu o.’ Eƒe nya mawo na menyɔ le ɖokuinye me. Nyemedi be matsrɔ̃ ne nuɖoanyi yeyea va o.” Nunyatɔe la, Jayson dzudzɔ hadede kple xɔlɔ̃ mawo tɔgbe. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Aleke gbegbe wòle vevie be míaƒo asa na hadede vɔ̃wo enye esi!

‘Maxlẽ Wò Nukunuwo Katã Afia’

14, 15. Aleke míate ŋu ‘aƒo xlã Yehowa ƒe vɔsamlekpui’ lae?

14 Dawid yi edzi be: ‘Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa.’ Nukatae? ‘Be mana kafukafuha naɖi, eye maxlẽ wò nukunuwo katã afia.’ (Psalmo 26:6, 7) Dawid di be yeanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome be yeate ŋu ade ta agu na Yehowa eye yeaɖe gbeƒã yeƒe Mawu subɔsubɔ.

15 Nusianu si wowɔ le tadedeagu vavãtɔ me le avɔgbadɔa me eye emegbe le gbedoxɔa me nye “dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli.” (Hebritɔwo 8:5; 9:23) Vɔsamlekpuia tsi tre ɖi na Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le Yesu Kristo ƒe vɔsa la xɔxɔ hena ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me. (Hebritɔwo 10:5-10) Míeklɔa míaƒe asiwo fɔmaɖitɔe eye ‘míeƒoa xlã Yehowa ƒe vɔsamlekpui’ to tafevɔsa ma dzixɔxɔse me.—Yohanes 3:16-18.

16. Aleke Mawu ƒe nukunuwo xexlẽ fia amewo ɖea vi na míi?

16 Ne míede ŋugble le nusiwo katã ŋuti tafea ʋu mɔ ɖo na mí ŋu la, ɖe míaƒe dziwo meyɔna kple akpedada na Yehowa kple eƒe Tenuvia oa? Ekema mina míatsɔ dzi siwo yɔ fũ kple akpedada la, axlẽ Mawu ƒe nukunuwo—tso amegbetɔ wɔwɔ le Eden-bɔa me dzi vaseɖe nuwo katã gbugbɔgaɖɔɖo keŋkeŋ le Mawu ƒe xexe yeyea me dzi—afia. (Mose I, 2:7; Dɔwɔwɔwo 3:21) Eye gbɔgbɔmetakpɔkpɔ kae nye si Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye! (Mateo 24:14; 28:19, 20) Veviedodo nu le dɔ sia wɔwɔ me kpena ɖe mía ŋu míeléa míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa me ɖe asi sesĩe, míaƒe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse me gasẽna ɖe edzi, eye míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple mía havi amegbetɔwo nu metsina o.

“Melɔ̃ Wò Aƒe Nɔƒe”

17, 18. Alekee wòle be míaƒe nɔnɔme ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu nanɔ?

17 Avɔgbadɔa kple eƒe vɔsamlekpuia, nye Yehowa ƒe tadedeagunɔƒe le Israel. Esi Dawid nɔ alesi teƒe ma doa dzidzɔ nɛ ɖem gblɔ la, edo gbe ɖa be: ‘Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe kple teƒe, si wò bubu le.’Psalmo 26:8.

18 Ðe míelɔ̃a ƒuƒoƒo ɖe teƒe siwo míesrɔ̃a nu tso Yehowa ŋu lea? Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe, kple gbɔgbɔmenufiame ƒe ɖoɖo siwo yia edzi le eme ɣesiaɣi la, nye tadedeagu vavãtɔ wɔƒe le nuto si me wòle la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míewɔa takpekpe gãwo, nutome sue takpekpewo, kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo. Wodzroa Yehowa ƒe ‘ŋkuɖodzinyawo’ me le kpekpe mawo me. Ne míesrɔ̃ alesi ‘míalɔ̃ wo vevie ŋutɔ’ la, míadi tso dzime be míayi kpekpeawo eye míaɖo to nyuie ne míeyi. (Psalmo 119:167) Aleke gbegbe wònaa ame ƒe dzi dzea emee nye esi be míanɔ haxɔsetɔ siwo tsɔa ɖe le míaƒe nyonyo me eye wokpena ɖe mía ŋu be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me la dome!—Hebritɔwo 10:24, 25.

‘Megaɖe Nye Agbe Ða O’

19. Nuvɔ̃ kawo mee Dawid medi be yeaɖi fɔ le o?

19 Esi Dawid nya afɔku siwo le dada le se siwo le Mawu ƒe nyateƒea me dzi ta la, eɖe kuku be: ‘Megaɖe nye luʋɔ ɖa kpe ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu o, kple nye agbe ɖa kpe ɖe hlɔ̃mewo ŋu o; amesiwo ŋukpenanuwo le asi ŋu na, eye zãnunana yɔ ɖusi na.’ (Psalmo 26:9, 10) Dawid medi be woabu ye ade amesiwo ɖi fɔ le hadzegbenɔnɔ alo zãnunana ta la ƒe hame o.

20, 21. Nukae ate ŋu ana be míava nɔ agbe nɔm abe mawumavɔ̃lawo ene?

20 Egbexexea me yɔ fũ kple nuwɔna gbegblẽwo. Television, magazinewo, kple sinimawo doa “hadzedze” ƒe agbenɔnɔ—abe “agbegbegblẽnɔnɔ faa; yakanuwɔwɔ; ŋukpenanuwɔwɔ” ene—ɖe ŋgɔ. (Galatiatɔwo 5:19) Ame aɖewo va zu kluvi na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, si kplɔa ame dea gbegblẽnuwɔnawo me. Sɔhɛwo koŋ ŋue agbegbegblẽnɔnɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi mawo gblẽa nu le bɔbɔe. Le dukɔ aɖewo me la, gbeɖoɖoɖi nye nusi wokpɔ mɔ be amesiame nawɔ, eye woƒonɛ ɖe ƒewuiviwo nu wobunɛ be ele kokoko be yewoaɖo gbe ɖi. Sɔhɛ siawo dometɔ geɖewo ƒe nu va léa dzi na wo nɔewo, togbɔ be wometsi kura na srɔ̃ɖeɖe o gɔ̃ hã. Be woaɖi kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si va le nyɔnyɔm ɖe wo me la, eteƒe medidina o, woƒoa wo ɖokui ɖe hadzegbenɔnɔ me si wɔnɛ be wova wɔa matre mlɔeba.

21 Ame tsitsiwo meto le nuwɔna siwo kpɔa ŋusẽ vɔ̃wo ɖe ame dzi ƒe nya sia me o. Anukwaremaɖimaɖi le dɔwɔnyawo me kple ɖokuitɔdidi ƒe nyametsotsowo wɔwɔ nye fɔɖiɖi ƒe dzesiwo. Ðeko xexeame ƒe nuwɔnawo sɔsrɔ̃ ate mí ɖa tso Yehowa gbɔ. Mina ‘míalé fu vɔ̃, eye míalɔ̃ nyui’ ahayi edzi azɔ le fɔmaɖimaɖi me.—Amos 5:15.

“Ðem, eye Nave Nunye”

22-24. (a) Dzideƒonamenya kae nèkpɔ le Psalmo 26 lia ƒe nyataƒonyawo me? (b) Mɔ̃ ka ŋue woadzro nu me le le nyati si kplɔe ɖo me?

22 Dawid wu eƒe nya siwo wògblɔ na Mawu la nu be: ‘Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe; ɖem, eye nave nunye! Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me.’ (Psalmo 26:11, 12) Dawid ƒe tameɖoɖo kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi do ƒome kplikplikpli kple eƒe kukuɖeɖe be woaɖe ye. Aleke gbegbe esia dea dzi ƒo na amee nye esi! Togbɔ be míenye ame madeblibowo hã la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu ne míeɖoe kplikpaa be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

23 Neva eme be míaƒe agbenɔnɔ naɖee afia be míedea bubu kple asixɔxɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu le míaƒe agbemenuwɔnawo katã me. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia Yehowa le gbedodoɖa me be wòadzro yeƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo me ahalólo wo akpɔ. Míate ŋu ana eƒe nyateƒea nanɔ ŋku dzi na mí ɣesiaɣi to eƒe Nya la sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe me. Ekema ele kokoko be, míatsri hadede vɔ̃wo eye míakafu Yehowa le takpekpewo me. Neva eme be míakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe, eye míagaɖe mɔ be xexeame nagblẽ nu le mía kple Mawu dome ƒomedodo xɔasia ŋu gbeɖe o. Esi míele mía tɔ sinua wɔm be míazɔ le fɔmaɖimaɖi me la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ave mía nu.

24 Esi wòbia be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le míaƒe agbemenuwɔnawo katã me ta la, ehiã be míakpɔ nyuie le mɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe ŋu—si nye ahatsunono. Woadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae woate ŋu anɔ te ɖe nuwɔwɔ nyanuwo ƒe fɔmaɖimaɖi dzi adrɔ̃ ʋɔnu wo wòasɔ?

• Nukae nye fɔmaɖimaɖi, eye nukae wòfia be woazɔ le fɔmaɖimaɖi me?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi?

• Be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la, afɔku kawo ŋue wòle be míakpɔ nyui le ahaƒo asa na?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðe nèbiaa Yehowa edziedzi be wòadzro yeƒe tamesusu ememetɔwo me akpɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðe nèna be Yehowa ƒe amenuveve le susu me na wò ɣesiaɣia?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Míaƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi le tetekpɔwo me doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðe nèwɔa mɔnuɖoɖo siwo Yehowa wɔ la ŋudɔ be wòakpe ɖe ŋuwò le zɔzɔ fɔmaɖitɔe mea?