Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Enye Míaƒe Kpeɖeŋutɔ

Yehowa Enye Míaƒe Kpeɖeŋutɔ

Yehowa Enye Míaƒe Kpeɖeŋutɔ

‘Nye xɔname atso Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla gbɔ.’​—PSALMO 121:2.

1, 2. (a) Nukatae míate ŋu agblɔ be mí katã míehiã kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi? (b) Kpeɖeŋutɔ ka ƒomevie Yehowa nye?

MÍA dometɔ kae mehiã kpekpeɖeŋu kpɔ o? Le nyateƒe me la, mí katã míehiã kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi—be míakpe akɔ kple kuxi sesẽ aɖe, ado dzi ne míaƒe ame vevi aɖe ku, ahanɔ te ɖe dodokpɔ sesẽ aɖe nu. Zi geɖe la, amewo dia kpekpeɖeŋu tso wo xɔlɔ̃ veviwo gbɔ. Nuƒoƒo tso kuxiwo ŋu na ame xɔlɔ̃ nana dzidodo nɔna bɔbɔe. Gake mía hati amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu medea edeƒe o. Azɔ hã, ɖewohĩ ŋutete manɔ ame bubuwo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu o.

2 Ke hã, Kpeɖeŋutɔ aɖe si ƒe ŋusẽ kple ŋutete nu metsina o la li. Gawu la, eka ɖe edzi na mí be yemagblẽ mí ɖi gbeɖe o. Eyae nye Amesi ŋkɔ hakpalaa yɔ kakaɖedzitɔe hegblɔ be: “Nye xɔname atso Yehowa . . . gbɔ.” (Psalmo 121:2) Nukatae hakpala sia ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu ɖo? Be míaɖo biabia ma ŋu la, mina míadzro Psalmo 121 lia me. Eme dzodzro ana míakpɔ nusitae míawo hã míate ŋu adi kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ.

Kpekpeɖeŋu Tsoƒe si Nu Metsina O

3. Anye to kawo ŋue hakpalaa wu mo dzi ɖo, eye nukatae?

3 Gbã la, hakpalaa ɖe eme be esi Yehowae wɔ nuwo katã ta la, míate ŋu aka ɖe eyama dzi: “Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama? Nye xɔname atso Yehowa, dzi kple anyigbawɔla gbɔ.” (Psalmo 121:1, 2) Hakpalaa mewu mo dzi ɖe to dzro aɖe ko ŋu o. Esi wonɔ nya siawo ŋlɔm la, Yehowa ƒe gbedoxɔa nɔ Yerusalem. Du ma si wotu ɖe Yuda-to kɔkɔwo dzi la nye kpɔɖeŋunɔƒe na Yehowa. (Psalmo 135:21) Anye to siwo nɔ Yerusalem siwo dzi wotu Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖo ŋue hakpalaa wu mo dzi ɖo, henɔ kpekpeɖeŋu dim kakaɖedzitɔe tso Yehowa gbɔ. Nukatae hakpalaa ka ɖe edzi nenema gbegbe be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ye ŋu? Elabena Eyae nye ‘dziƒo kple anyigba Wɔla.’ Le nyateƒe me la, ɖeko wòle abe ɖe hakpalaa nɔ gbɔgblɔm ene, be ‘Meka ɖe edzi be naneke meli axe mɔ na Wɔla ŋusẽkatãtɔ la be wòakpe ɖe ŋunye o!’—Yesaya 40:26.

4. Aleke hakpalaa ɖee fia be Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpɔ esubɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe, eye nukatae esia nye akɔfanamenya?

4 Le ema megbe la, hakpalaa ɖe eme be Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpɔ esubɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo: “Mana ke naɖe le wò afɔ te o; ŋuwòdzɔla medɔa akɔlɔ̃e o. Kpɔ ɖa, Israel-ŋudzɔla medɔa akɔlɔ̃e, eye medɔa alɔ̃ hã o.” (Psalmo 121:3, 4) Madzɔ akpɔ gbeɖe be Mawu nana “ke naɖe” le amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu te woadze anyi ahado kpo fɔfɔ gbeɖe o. (Lododowo 24:16) Nukatae maɖe mɔ esia nadzɔ o? Elabena Yehowa le abe alẽkplɔla si nɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi le eƒe alẽwo ŋu ene. Nya ma mefa akɔ na ame ŋutɔ oa? Madzudzɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. Edzɔa wo ŋu zã kple keli.

5. Nukatae wogblɔ be Yehowa tsi tre ɖe míaƒe “nuɖusi me”?

5 Esi hakpalaa ka ɖe edzi be Yehowae nye eƒe amewo Takpɔla nuteƒewɔla ta la, eŋlɔ be: “Yehowa enye ŋuwòdzɔla, Yehowa enye wò vɔvɔli le wò nuɖusi me. Ɣe maɖu wò le ŋkeke me o, eye ɣleti hã le zã me o.” (Psalmo 121:5, 6) Ne èle afɔ zɔm le Titina Ɣedzeƒe nutowo me la, teƒe aɖe si vɔvɔli le anye ametakpɔnu na wò tso ŋudɔkutsu heliheli nu. Yehowa le abe vɔvɔli ene na eƒe amewo, hekpɔa wo ta tso afɔku siwo ava wo dzi abe ɣe ƒe dzoxɔxɔ ene nu. De dzesii be wogblɔ be Yehowa le “nuɖusi me.” Le blema aʋawɔɣiwo la, esi wònye asrafo léna akpoxɔnu ɖe miasi ta la, eƒe nuɖusi ya mekpɔa takpɔkpɔ boo aɖeke o. Xɔlɔ̃ vavã ate ŋu anye ametakpɔkpɔ na ame ne etsi tre ɖe amea ƒe ɖusi me hele aʋa wɔm. Abe xɔlɔ̃ vevi ma ene la, Yehowa tsi tre ɖe esubɔlawo xa ɣesiaɣi be yeakpe ɖe wo ŋu.

6, 7. (a) Aleke hakpalaa na kakaɖedzi míi be Yehowa madzudzɔ kpekpeɖeŋu nana eƒe amewo gbeɖe o? (b) Susu ka tae wòle be kakaɖedzi nanɔ mía si abe hakpalaa ene?

6 Ðe Yehowa adzudzɔ kpekpeɖeŋu nana eƒe amewo gbeɖekaa? Madzɔ gbeɖe o. Hakpalaa ƒo nya ta be: “Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu. Yehowa adzɔ wò dodo kple wò gbɔgbɔ ŋu tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.” (Psalmo 121:7, 8) De dzesii be hakpalaa ƒe nyawo megaku ɖe fifi ɣeyiɣia ŋu o, etrɔ susu ɖe ɣeyiɣi siwo gbɔna ŋu. Do ŋgɔ la, egblɔ le kpukpui 5 lia me be: “Yehowa enye ŋuwòdzɔla.” Gake le kpukpui siawo me la, hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa adzɔ ŋuwò.” Esia nye kpeɖodzi na tadeagula vavãwo be Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ li na wo le etsɔme hã. Afika kee woayi o, afɔku ka kee woado goe o, eƒe ametakpɔkpɔ li na wo ɣesiaɣi.—Lododowo 12:21.

7 Le nyateƒe me la, Psalmo 121 lia ŋlɔla ka ɖe edzi be Wɔla ŋusẽkatãtɔ la léa be na esubɔlawo abe alẽkplɔla si gbɔa dzi ɖi na eƒe alẽwo hele ŋudzɔ be yeakpe ɖe wo ŋui ene. Míekpɔ nusita wòle be kakaɖedzi nanɔ míawo hã mía si ɖo elabena Yehowa metrɔna o. (Maleaxi 3:6) Ðe esia fia be woakpɔ mía ta ɣesiaɣi be nuvevi aɖeke mawɔ mí le ŋutilã me oa? Ao, gake zi alesi míekpɔa mɔ na Yehowa abe míaƒe Kpeɖeŋutɔ ene la, adzɔ mía ŋu be nuvevi aɖeke mawɔ mí le gbɔgbɔ me o. Eyata esɔ be míabia be ‘Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋui?’ Mina míadzro mɔ ene siwo dzi wòtona kpena ɖe mía ŋui me. Le nyati sia me la, míadzro alesi wòna kpekpeɖeŋu esubɔlawoe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la me. Eye le nyati si akplɔe ɖo me la, míadzro alesi wòkpena ɖe eƒe amewo ŋui le egbeŋkekeawo me la me.

Kpekpeɖeŋu si Mawudɔlawo Nana

8. Nukatae mewɔ nuku o be mawudɔlawo tsɔ ɖe le Mawu subɔla siwo le anyigba dzi ƒe nyonyo me vevie?

8 Mawudɔla miliɔn teƒe miliɔn woe le Yehowa si wòzãna. (Daniel 7:9, 10) Gbɔgbɔmevi siawo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu tso dzime faa. (Psalmo 103:20) Wonyae nyuie be Yehowa lɔ̃ esubɔla amegbetɔwo ale gbegbe eye wòdina be yeakpe ɖe wo ŋu. Eyata mewɔ nuku o be mawudɔlawo tsɔ ɖe le Mawu subɔla siwo le anyigba dzi ƒe nyonyo me vevie. (Luka 15:10) Míeka ɖe edzi godoo be mawudɔlawo akpɔ dzidzɔ be Yehowa zãa yewo le kpekpeɖeŋu nana amegbetɔwo me. Mɔ kawo nue Yehowa zã mawudɔlawo le tsɔ na kpekpeɖeŋu esubɔla siwo nɔ anyi le blema?

9. Gblɔ alesi Mawu na ŋusẽ mawudɔlawoe be woakpɔ nuteƒewɔlawo tae ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

9 Mawu na ŋusẽ mawudɔlawo be woakpɔ nuteƒewɔlawo ta ahaɖe wo. Mawudɔla eve kpe ɖe Lot kple vianyɔnuwo ŋu wosi le Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃ nu. (Mose I, 19:1, 15-17) Mawudɔla ɖeka pɛ koe wu Asiriatɔwo ƒe asrafo 185,000 siwo nɔ ŋɔdzi dom na Yerusalem. (Fiawo II, 19:35) Esi wotsɔ Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me la, Yehowa “dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo.” (Daniel 6:22, 23) Mawudɔla aɖe ɖe Petro le gaxɔ me. (Dɔwɔwɔwo 12:6-11) Biblia ƒo nu tso mawudɔlawo ƒe ametakpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋu gbogbo bubu aɖewo ŋu tsɔ ɖo kpe Psalmo 34:8 me nyawo dzi be: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.”

10. Aleke Yehowa zã mawudɔla aɖe tsɔ do ŋusẽ nyagblɔɖila Daniel?

10 Ɣeaɖeɣi la, Yehowa zãa mawudɔlawo wode dzi ƒo na nuteƒewɔlawo hedo ŋusẽ wo. Kpɔɖeŋu lédziname ɖeka dze le Daniel ta 10. Ɣemaɣi la, ɖewohĩ esusɔ vie ne Daniel naxɔ ƒe 100. Edze ƒã be Yerusalem ƒe aƒedozuzu kple gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa ƒe heheɖemegbe na dzi ɖe le nyagblɔɖilaa ƒo vevie. Dzi gaɖe le eƒo esi wòkpɔ ŋutega dovoɖiname aɖe vɔ megbe. (Daniel 10:2, 3, 8) Lɔlɔ̃ ʋã Mawu wòdɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòade dzi ƒo nɛ. Mawudɔla la ɖo ŋku edzi na Daniel zi gbɔ zi eve sɔŋ be enye “ame malɔ̃nugbɔa,” alo ame vevi na Mawu. Nukae do tso esia me? Nyagblɔɖila tsitsi sia gblɔ na mawudɔla la be: “Èdo ŋusẽm!”—Daniel 10:11, 19.

11. Alesi woto mawudɔlawo dzi fia mɔ nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye ka?

11 Yehowa to mawudɔlawo dzi na mɔfiafia le nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu hã. Mawudɔla aɖe gblɔ na Filipo be wòaɖe gbeƒã tso Kristo ŋu na Etiopiatɔ aƒedzikpɔla aɖe si na ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ emegbe. (Dɔwɔwɔwo 8:26, 27, 36, 38) Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mawu di be woaɖe gbeƒã nyanyuia na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo hã. Mawudɔla aɖe gblɔ na Kornelio, mawuvɔ̃la si nye Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ le ŋutega aɖe me be wòana woayɔ Petro vɛ nɛ. Esi Kornelio ƒe amedɔdɔawo ke ɖe Petro ŋu la, wogblɔ be: “Kornelio, . . . eya mawudɔla kɔkɔe aɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò.” Petro zɔ ɖe yɔyɔa dzi eye Kornelio va zu Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ si va zu Kristo-hamea me tɔ. (Dɔwɔwɔwo 10:22, 44-48) Bu alesi nàse le ɖokuiwò me ne mawudɔla aɖe kpe ɖe ŋuwò nèke ɖe ame aɖe si ƒe nɔnɔme dze na agbe mavɔ ŋu kpɔ!

Gbɔgbɔ Kɔkɔea ƒe Kpekpeɖeŋu

12, 13. (a) Nukatae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ka ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔe ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu? (b) Mɔ ka nue gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le?

12 Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Yesu naku la, eka ɖe edzi na eƒe apostoloawo be yemagblẽ wo ɖi kpekpeɖeŋu manamanae o. Fofo la aɖo “nyaxɔɖakɔla, gbɔgbɔ kɔkɔe” ɖe wo. (Yohanes 14:26) Susu geɖe li si tae apostoloawo ka ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu ɖo. Gawu la, alesi Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔe si nye ŋusẽ triakɔ kekeake dzi na kpekpeɖeŋu eƒe amewo ŋuti kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le Ŋɔŋlɔ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la me.

13 Wozã gbɔgbɔ kɔkɔea zi geɖe tsɔ do ŋusẽ amegbetɔwo be woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo be woaɖe Israel-viwo tso woƒe futɔwo si me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:9, 10; 6:34) Gbɔgbɔ ma ke do ŋusẽ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be woyi edzi ɖe gbeƒã dzideƒotɔe togbɔ be wotsi tre ɖe wo ŋu le mɔ ƒomevi vovovowo nu hã. (Dɔwɔwɔwo 1:8; 4:31) Woƒe dzidzedzekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me nye kpeɖodzi sẽŋu be gbɔgbɔ kɔkɔea na kpekpeɖeŋu wo. Nu bubu ka gbɔe wòate ŋu atso be “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo” nate ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te ɣemaɣi?—Dɔwɔwɔwo 4:13; Kolosetɔwo 1:23.

14. Aleke Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na nugɔmesese su eƒe amewo sii?

14 Yehowa gato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na nugɔmesese su eƒe amewo si. To Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, Yosef te ŋu ɖe Farao ƒe nyagblɔɖidrɔ̃ewo gɔme. (Mose I, 41:16, 38, 39) Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖe eƒe tameɖoɖowo fia ame fatuwo ke eɣlae ɖe dadalawo ya. (Mateo 11:25) Eyata apostolo Paulo gblɔ tso nusiwo Yehowa dzra ɖo ɖi na “amesiwo lɔ̃nɛ la” ŋu be: “Mawu ɖee fia mí to eƒe gbɔgbɔ la dzi.” (Korintotɔwo I, 2:7-10) Gbɔgbɔ kɔkɔea koe akpe ɖe ame ŋu hafi wòase nusi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye gɔme.

Kpekpeɖeŋu si Mawu ƒe Nya la Nana

15, 16. Nukae wogblɔ na Yosua be wòawɔ bene wòawɔ nu nunyatɔe?

15 Yehowa ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ‘nyo na nufiafia’ eye wònana Mawu subɔlawo nɔa “dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Alesi Mawu ƒe Nya la ƒe akpa aɖewo kpe ɖe eƒe amewo ŋui le blemaɣeyiɣiwo me ŋuti kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le Biblia me.

16 Mawu subɔlawo xɔa mɔfiame nyuiwo to Ŋɔŋlɔawo ƒe kpekpeɖeŋu dzi. Esi wode Israel-viwo kpɔkplɔ ƒe dɔ asi na Yosua la, wogblɔ nɛ be: “Megaɖe nu le segbalẽ sia [si Mose ŋlɔ] ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyui anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze edzi na wò.” De dzesii be Mawu megblɔ na Yosua be yeato nukumɔ aɖe dzi ade nunya tagbɔ nɛ o. Gake ne Yosua xlẽ ‘segbalẽa’ hede ŋugble le emenyawo ŋu ko la, nusianu adze edzi nɛ alo adze nunya.—Yosua 1:8; Psalmo 1:1-3.

17. Aleke Ŋɔŋlɔa ƒe akpa siwo nɔ anyi le blema ɣeyiɣiwo me kpe ɖe Daniel kple Fia Yosiya ŋui?

17 Mawu to eƒe Nya si woŋlɔ hã dzi ɖe eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo fia. Le kpɔɖeŋu me, Daniel to Yeremya ƒe nuŋlɔɖiwo dzi nya ɣeyiɣi didi si Yerusalem azu aƒedo. (Yeremya 25:11; Daniel 9:2) Bu nusi dzɔ le Yuda-fia Yosiya ƒe dziɖuɣi hã ŋu kpɔ. Ɣemaɣi la, dukɔa de megbe tso Yehowa ŋu eye edze ƒã be Israel fiawo megbugbɔ Sea ŋlɔ na wo ɖokui hewɔ edzi o. (Mose V, 17:18-20) Ke hã, esi wonɔ gbedoxɔa ŋu dzadzraɖodɔwo wɔm la, wofɔ “segbalẽa” si anye esi Mose ŋutɔ ŋlɔ kple asi la. Edze abe esia nye gbãtɔ si ŋɔŋlɔ nu wowu abe ƒe 800 do ŋgɔ na ɣemaɣi ene. Esi Yosiya se eme nyawo vɔ la, ekpɔ alesi gbegbe dukɔa de megbe tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ gbɔe, eye fia la ɖe afɔ ŋkubiãtɔe be yeawɔ ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽa me dzi. (Fiawo II, 22:8; 23:1-7) Ðe medze ƒã be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea ƒe akpa siwo nɔ anyi le blema ɣeyiɣiwo me kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu oa?

Kpekpeɖeŋu si Tsoa Haxɔsetɔwo Gbɔ

18. Nukatae míate ŋu agblɔ be Yehowae nana esubɔla vavãwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu?

18 Zi geɖe la, Yehowa naa kpekpeɖeŋu to haxɔsetɔwo dzi. Le nyateƒe me la, Mawue nana esubɔla vavãwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu. Nukatae míate ŋu agblɔe nenema? Le susu eve aɖewo ta. Gbã la, Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔna akpa aɖe. Amesiwo ɖea mɔ na gbɔgbɔ ma kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la tsea eƒe ku si ƒe akpa aɖewoe nye lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eyata ne Mawu subɔlawo dometɔ ɖeka se le eɖokui me be yeakpe ɖe ye nɔvi ŋu la, esia nyea ɖaseɖiɖi be Yehowa ƒe gbɔgbɔa le dɔ wɔm. Evelia, Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ mí ɖo. (Mose I, 1:26) Esia fia be ŋutete le mía si be míaɖe eƒe nɔnɔme siwo dometɔ aɖewoe nye dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ afia. Eyata ne Yehowa subɔla ɖeka kpe ɖe nɔvia ŋu la, ekema amesi ƒe nɔnɔme ɖem wòle fiae nye kpekpeɖeŋua Tsoƒe ŋutɔŋutɔ.

19. Le Biblia ƒe nya nu la, aleke Yehowa na kpekpeɖeŋu to haxɔsetɔwo dzii?

19 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, aleke Yehowa na kpekpeɖeŋu to haxɔsetɔwo dzii? Zi geɖe la Yehowa ʋã esubɔlawo dometɔ aɖe wòna aɖaŋuɖoɖo nɔvia abe alesi Yeremya ɖo aɖaŋu na Barux, si wɔe be wòtsi agbe ene. (Yeremya 45:1-5) Enuenu la, tadeagula vavãwo ƒe dzi ʋã wo wona ŋutilã me kpekpeɖeŋu wo hati tadeagulawo faa abe alesi Kristotɔ siwo nɔ Makedonia kple Axaya ɖe didi vevie fia be yewoakpe ɖe nɔvi siwo da ahe le Yerusalem ŋui ene. Apostolo Paulo gblɔ be dɔmenyowɔwɔ sia tɔgbe na ‘woda akpe na Mawu.’—Korintotɔwo II, 9:11.

20, 21. Nɔnɔme kawo mee nɔvi siwo tso Roma de dzi ƒo na apostolo Paulo le?

20 Alesi Yehowa subɔlawo ku kutri vevie tu wo nɔewo ɖo hede dzi ƒo na wo nɔewo ŋuti nuŋlɔɖiwo ya gadea dzi gbɔ na ame ale gbegbe. De ŋugble le esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe apostolo Paulo ŋu la ŋuti kpɔ. Esi wokplɔ Paulo yina gamee le Roma la, eto Romatɔwo ƒe mɔdodogã si woyɔna be Apiforo Mɔ la. Le mɔzɔzɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, woto fukpekpe geɖe me elabena wova to teƒe siwo nye tsiba kple baliwo me. * Nɔvi siwo le Roma-hamea me nya be Paulo le mɔ dzi gbɔna. Nuka wɔ ge woala? Ðe woanɔ woƒe aƒewo me bɔkɔɔ ada afɔ aɖe afɔ dzi be ne Paulo va ɖo dua me vɔ hã, yewoayi ava do gbe nɛa?

21 Biblia ŋlɔla Luka, amesi hã kpe ɖe Paulo ŋu le mɔzɔzɔa me gblɔ nusi dzɔ na mí be: “Esi nɔvi, siwo le [Roma] afima la, se mía ŋkɔ la, wova kpe mí le keke Apiforo kple Tretaberne ke.” Àte ŋu akpɔ nudzɔdzɔa le susu mea? Esi nɔviawo nyae be Paulo gbɔna ta la, wodɔ wo dometɔ aɖewo ɖa tso Roma be woaɖa kpee le mɔ dzi. Amedɔdɔawo dometɔ aɖewo nɔ lalam le Apiforo-sia me, afisi amedzrowo va ɖina ɖe eme le, si didi abe kilometa 74 ene tso Roma-dua gbɔ. Nɔvi susɔeawo nɔ lalam le Tretaberne, amedzrodzeƒe si didi abe kilometa 58 ene tso Roma. Aleke esia wɔ dɔ ɖe Paulo dzii? Luka ka nya ta be: “Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.” (Dɔwɔwɔwo 28:15) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—nɔvi mawo siwo ku kutri zɔ mɔ legbee ma kpɔkpɔ ɖeɖe dzaa do ŋusẽ Paulo hefa akɔ nɛ! Eye amekae Paulo da akpe na ɖe kpekpeɖeŋu sia ta? Yehowa Mawu, amesi gbɔ kpekpeɖeŋua tso ye.

22. Míaƒe ƒe 2005 ƒe mawunyakpukpuiae nye ka, eye nuka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

22 Alesi Mawu wɔ nu kple amegbetɔwoe ŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me ɖee fia kɔte be Yehowa nye kpeɖeŋutɔ alo xɔnametɔ vavã. Enye Kpeɖeŋutɔ si ɖeke mesɔ kplii o. Eyata esɔ be Psalmo 121:2 me nyawoe anye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2005 ƒe mawunyakpukpuia, be: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’ Gake aleke Yehowa naa kpekpeɖeŋu mí le egbeŋkekeawo mee? Nyati si kplɔ esia ɖo adzro nya ma me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Romatɔ hakpanyaŋlɔla Horace (si nɔ agbe tso ƒe 65—8 D.M.Ŋ.) si hã zɔ mɔ ma ƒo nu tso fukpekpe siwo le mɔzɔzɔa me ŋu. Horace ƒo nu tso asi si le Apiforo-dua me ŋu be “eyɔ fũ kple tɔƒodela kpakple ahadzrala sẽŋuta mawɔamedzrowo.” Efa konyi be “tagbatsu kple akpɔkplɔ ɖefunamewo” kpakple tsi “ʋeʋẽwo” bɔ ɖe afima.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Aleke Yehowa na kpekpeɖeŋu—

• to mawudɔlawo dzi?

• to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi?

• to eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi?

• to haxɔsetɔwo dzii?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Ƒe 2005 ƒe mawunyakpukpuia anye: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’—Psalmo 121:2.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Paulo da akpe na Mawu ɖe kpekpeɖeŋu si wòxɔ tso Roma nɔviawo gbɔ ta