Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðɔ Ŋu Ðo le Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O Ŋu

Ðɔ Ŋu Ðo le Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O Ŋu

Ðɔ Ŋu Ðo le Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O Ŋu

WOƲU nu le ame kuku aɖe si le aɖaka me nu le Afrika ŋdɔkutsu kelekele gbe le aƒe aɖe me. Esi fafalawo ɖo fli nɔ xlã ƒomee henɔ fafam nɛ la, ame tsitsi aɖe ya tɔ vie. Aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nɛ eye wòbɔbɔ mo ɖe ame kukua gbɔ hete gbɔgblɔ be: “Nukatae meklãm be yele dzodzom o? Nukatae nègblẽm ɖi alea? Esi nètrɔ dzo la, ɖe nàgayi edzi anɔ kpekpem ɖe ŋunyea?”

Le Afrika ƒe akpa bubu la, wodzi vi yeye aɖe. Womana ame aɖeke nakpɔ ɖevia o. Ɣeyiɣi aɖe koe ava yi hafi woaɖe vidzĩa ɖe go amesiame nakpɔ ahana ŋkɔe.

Nuƒoƒo na ame kuku alo vi yeye si wodzi la ɣaɣla be ame bubuwo nagakpɔe o adze nu sagaa aɖe na ame aɖewo. Gake, le dekɔnu alo ame aɖewo dome la, dzixɔse sẽŋu si nye be ne ame ku la, meku ŋutɔŋutɔ o ke boŋ ele agbe henya nusiwo le edzi yim la kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo bua ku kple vidzidzi hewɔa nu ɖe wo ŋui la dzi.

Dzixɔse sia ƒo ke ɖe to ale gbegbe be eɖi ɖe dekɔnu kple kɔnyinyi siwo lɔ agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe ɖe eme la me. Le kpɔɖeŋu me, ame miliɔn geɖe xɔe se be agbenɔnɔ ƒe akpa veviwo—abe dzigbe, ƒewuimenɔɣi, srɔ̃ɖeɖe, vidzidzi, kple ku ene—nye tɔtrɔ siwo me ame tona yia tɔgbuiwo gbɔ le gbɔgbɔmenutowo me la ƒe akpa aɖe. Woxɔe se be, le afima la, ame kukua yia edzi wɔa akpa vevi aɖe le amesiwo wògblẽ ɖe megbe la ƒe agbe me. Eye wòate ŋu agava nɔ agbe to gbugbɔgadzi me.

Be ame nate ŋu ato tɔtrɔ siawo katã me bɔbɔe la, wowɔa kɔnu vovovowo. Dzixɔse si nye be nane le mía me si dona ne míeku lae ƒlɔa dzo ɖe kɔnu siawo te. Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na kɔnu ɖesiaɖe si do ƒome kple dzixɔse sia. Nukatae?

Nɔnɔme Ka Mee Ame Kukuwo Le?

Biblia na eme kɔ esime wòɖɔ nɔnɔme si me ame kukuwo le la. Ðeko wògblɔ kpuie be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o . . . Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [ameƒomea ƒe yɔdo me], afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Mawu subɔla vavãwo xɔ Biblia ƒe nyateƒenya vevi sia dzi se xoxo. Wose egɔme be luʋɔ la ate ŋu aku eye woate ŋu atsrɔ̃e, ke menye nu makumakue o. (Xezekiel 18:4) Wonyae hã be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ mele teƒe aɖeke o. (Psalmo 146:4) Le blema la, Yehowa de se na eƒe amewo be woaɖe wo ɖokui ɖa keŋkeŋ tso kɔnu alo kɔnyinyi ɖesiaɖe si do ƒome kple dzixɔse si nye be ame kukuwo gale agbe le teƒe aɖe hete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe agbagbeawo dzi la gbɔ.—Mose V, 14:1; 18:9-13; Yesaya 8:19, 20.

Nenema kee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã ƒo asa na dekɔnu alo kɔnyinyi ɖesiaɖe si do ƒome kple alakpasubɔsubɔwo ƒe nufiafia. (Korintotɔwo II, 6:15-17) Egbea, Yehowa Ðasefowo, metsɔ le amadede si le wo ŋu, to si me tɔwo wonye, alo amesi ƒomevi wonye me o, woƒoa asa na kɔnyinyi kple dekɔnu siwo me alakpanufiafia si nye be nane dona le ame me ne eku.

Nukae ate ŋu afia mɔ mí Kristotɔwo be míawɔ kɔnu aɖewo loo alo míawɔ wo o? Ele be míabu tame nyuie akpɔ be nufiafia aɖe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, abe dzixɔse si li be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe agbagbeawo ƒe agbenɔnɔ dzi ene, la ɣla ɖe eme hã. Gakpe ɖe eŋu la, ehiã be míabu eŋu akpɔ ne míaƒe gomekpɔkpɔ le dekɔnu alo kɔnuwɔwɔ ma ƒomevi me azu nukikli na amesiwo nya nusiwo dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se hefiana la. Esi nya vevi siawo le susume na mi la, mina míadzro go vevi eve—siwo nye vidzidzi kple ku—me akpɔ.

Vidzidzi Kple Ŋkɔnanavi Kɔnuwo

Kɔnu geɖe siwo wowɔna ne wodzi vi la sɔ. Gake, le teƒe siwo wobua vidzidzi be enye tɔgbuiwo gbɔ tsotso ava kodzogbeawo dome me la, ele na Kristotɔwo vavãwo be woaɖɔ ŋu ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika ƒe akpa aɖewo la, womehea ɖevi la ɖe go alo naa ŋkɔe o vaseɖe ɣeaɖeɣi hafi. Togbɔ be ɣeyiɣi didi si esia axɔ la to vovo tso teƒe ɖesiaɖe tɔ gbɔ hã la, ewua enu kple ŋkɔnanavi ƒe kɔnu si me wotsɔa ɖevia dona ɖe xexe hetsɔnɛ fiaa ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le. Ɣemaɣie woyɔa ɖevia ƒe ŋkɔ na vavalawo.

Esi agbalẽ si nye Ghana—Understanding the People and Their Culture nɔ gɔmesese si le kɔnu sia ŋu me ɖem la, egblɔ be: “Le vidzĩ ƒe agbenɔŋkeke adre gbãtɔwo me la, wobunɛ be enye amedzro eye wòle tɔtrɔm tso gbɔgbɔmegbenɔnɔ me gbɔna anyigbadzigbenɔnɔ me. . . . Zi geɖe la, vidzĩa nɔa xɔme eye womeɖea mɔ be amesiwo menye ƒomea me tɔwo o nakpɔe o.”

Nukatae wolalana vaseɖe ɣeaɖeɣi hafi naa ŋkɔ ɖevia? Agbalẽ si nye Ghana in Retrospect ɖe eme be: “Do ŋgɔ na ŋkeke enyia la, womebua ɖevia be enye amegbetɔ o. Wobunɛ be xexe kemɛa me tɔe wònye.” Agbalẽa yi edzi be: “Le kpɔɖeŋumɔ nu la, esi wònye be ŋkɔae nana ɖevia zua ame ta la, ne srɔ̃tɔ aɖe susui be yewo via aku la, wonɔa ŋkɔ nanae hem ɖe megbe vaseɖe esime woka ɖe edzi be atsi agbe hafi. . . . Eyata wobua tɔtrɔ ƒe kɔnu sia, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be viheheɖego, be ele vevie ŋutɔ na ɖevia kple edzilawo. Enye kɔnu aɖe si kplɔa ɖevia va kodzogbeawo domee.”

Zi geɖe la, ƒomea me tɔ tsitsi aɖee xɔa ŋgɔ le ŋkɔnanavi ƒe kɔnu sia me. Teƒe ɖesiaɖe kple alesi wowɔa kɔnua ƒe akpa vovovoawoe, gake zi geɖe la, tsi alo aha ƒoƒo ɖi kple gbedodoɖa na tɔgbui kukuawo ƒe gbɔgbɔwo atsɔ ada akpee ɖe ɖevia ƒe kodzogbeawo dome ɖoɖo dedie ta kpakple bubuawo nɔa kɔnua me.

Wɔnaa ɖoa eƒe ami me ne woyɔ ɖevia ƒe ŋkɔ na vavalawo. Togbɔ be dzilawoe naa ŋkɔ wo via hã la, ƒometɔ bubuwo ƒe nyame sẽna ŋutɔ le ŋkɔ si wotia be yewoanae la me. Gɔmeɖeɖe tɔxɛwo, abe “eyi trɔ gbɔ,” “Dada gatrɔ gbɔ ake,” “Papa gagbɔ ake” ene, nɔa ŋkɔ aɖewo ŋu le degbea me. Wotsɔa ŋkɔ bubu aɖewo hã na vidzĩwo kple susua be woatsɔ aɖe dzi le tɔgbui kukuawo ƒo be woagagbugbɔ vi yeyea atrɔ ayi kukuawo de o.

Le nyateƒe me la, naneke megblẽ le dzidzɔkpɔkpɔ ɖe vi si wodzi ta o. Ame aɖe ƒe ŋkɔ kple nane si dzɔ le ɖevia dziɣi la ƒe ŋkɔ tsɔtsɔ nɛ nye kɔnu siwo sɔ, eye ɣeyiɣi si woadi be woana ŋkɔ ɖevia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ke hã, Kristotɔ siwo dina be yewoadze Mawu ŋu la ɖɔa ŋu ɖo be yewoaƒo asa na kɔnu alo wɔna siwo dzena abe ɖe wowɔ ɖeka kple nukpɔsusu si nye be vi yeye si wodzi la nye “amedzro” tso tɔgbui kukuawo gbɔ gbɔna va kodzogbeawo dome ene la.

Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be nutoa me tɔ gbogbo aɖewo abu ŋkɔnanavi ƒe kɔnua be enye tɔtrɔ ƒe kɔnu vevi aɖe hã la, ele be Kristotɔwo nabu amewo ƒe dzitsinya ŋu ahade ŋugble le alesi dzimaxɔsetɔwo abui la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nukae amewo abu ne Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ɣla vi yeye si wodzi be amewo nagakpɔe o vaseɖe esime wona ŋkɔe hafi? Nukae wòafia ne wona ŋkɔ siwo tsi tre ɖe nya si wogblɔna be yewonye Biblia fialawo ŋu?

Le esia ta, ne Kristotɔwo le ŋkɔ si woana wo viwo kple ɣeyiɣi si woanae la ŋuti nya me tsom la, wodzea agbagba be ‘yewoawɔ wo katã na Mawu ƒe kafukafu’ ale be wòagazu nuɖiaɖia na amewo o. (Korintotɔwo I, 10:31-33) Womeŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe sea dzi, le kɔ siwo wonyina tsɔ dea bubu ame kukuwo koŋ ŋu ta, o. Ke boŋ wotsɔa bubu kple ŋutikɔkɔe na Yehowa, Mawu gbagbe la.—Marko 7:9, 13.

Ku Me Toto Ayi Agbe Me

Ame geɖe bua ku, abe alesi wobua vidzidzii ene, be enye nɔnɔme aɖe me toto; amesi ku la dzona le xexe si míekpɔna me yia kukuawo de si ŋku mekpɔna o. Ame geɖe xɔe se be ne womewɔ kukɔnu aɖewo na ame o la, tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔ, siwo woxɔ se be woate ŋu ahe to na agbagbeawo alo ana nu wo la, ado dziku. Dzixɔse siawo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wowɔa ɖoɖoe ɖe ku ŋu hewɔa kuae dzi ŋutɔ.

Zi geɖe la, kunu siwo wowɔna tsɔ faa dzi na kukuawo la lɔa seselelãme hamehamewo ɖeɖe fia ɖe eme—tso avifafa kple ɣlidodo madzudzɔmadzudzɔe le ame kukua gbɔ dzi vaseɖe dzidzɔ zãwo ɖuɖu le ameɖiɖi vɔ megbe dzi. Azãɖuɖu, ahamumu, kple ɣeɖuɖu ɖe haƒoƒo sesĩe woagbɔ eme dzi dzena le kunuwɔwɔ siawo me zi geɖe. Wodea vevienyenye kunuwɔwɔ ŋu ale gbegbe be ƒome dahewo gɔ̃ hã dzea agbagba vevie be yewoakpɔ ga gbogbowo atsɔ “aɖi amee wòasɔ,” togbɔ be ahe kuxi sesẽwo kple fenyinyi vɛ hã.

Le ƒe siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo klo nu le kunuwɔwɔ me kɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la dzi. * Kɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye ŋudɔdɔ, aha alo tsi ƒoƒo ɖi, nuƒoƒo na ame kukua kple nuwo biabiae, ku ƒe ƒezãwo ɖuɖu, kple kɔnu bubu siwo wotu ɖe dzixɔse si nye nane dona le ame me ne eku la dzi. Kɔnu siawo siwo medea bubu Mawu ŋu o la nye “nu makɔmakɔ,” “beble dzodzro” siwo wotu ɖe “amewo ƒe nuɖoanyi” dzi, ke menye ɖe Mawu ƒe nyateƒe Nya la dzi o.—Yesaya 52:11; Kolosetɔwo 2:8.

Nyaƒoɖeamenu be Woawɔ Ðe Edzi

Asaƒoƒo na dekɔnuwo zu nu sesẽ na ame aɖewo, vevietɔ le dukɔ siwo me wobua bubudede kukuawo ŋu nu vevii la me. Esi Yehowa Ðasefowo mewɔa kɔnu siawo o ta la, wobua vɔ̃ ɖe wo ŋu alo tsoa wo nu be womewɔa hadomenu o eye be womedea bubu kukuawo ŋu o. Fɔbuame kple nyaƒoɖeamenu sesẽwo na ame aɖewo vɔ̃ be yewoaɖe yewo ɖokui ɖe vovo, togbɔ be wose Biblia ƒe nyateƒea gɔme nyuie hã. (Petro I, 3:14) Ame aɖewo se le wo ɖokui me be kɔnu siawo nye yewoƒe dekɔnu ƒe akpa aɖe eye yewomate ŋu aƒo asa na wo keŋkeŋ o. Ame bubuwo hã bui be gbegbe be yewomawɔ ɖe dekɔnuwo dzi o ana nutoametɔwo nabu nazã ɖe Mawu ƒe amewo ŋu.

Míedi be míadze agɔ le amewo dzi dzodzro o. Ke hã, Biblia xlɔ̃ nu mí be nyateƒea me léle ɖe asi sesĩe awɔe be míaƒe nu madze xexeame, si te ɖa le Mawu ŋu la, ŋu o. (Yohanes 15:18, 19; Timoteo II, 3:12; Yohanes I, 5:19) Míelɔ̃na faa wɔna ɖe nya sia dzi eye míenya be ele be míato vovo tso amesiwo le gbɔgbɔmeviviti me gbɔ. (Maleaxi 3:18; Galatiatɔwo 6:12) Abe alesi ko Yesu ɖu alesi Satana tee kpɔ be wòawɔ nusi madze Mawu ŋu o dzi ene la, nenema kee míeɖua nya si woƒona ɖe mía nu be míawɔ nu ɖe mɔ si medzea Mawu ŋu o nu la dzie. (Mateo 4:3-7) Le esi teƒe be Kristotɔ vavãwo nana amegbetɔvɔvɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, wotsia dzi ɖe Yehowa Mawu ŋudzedze kple bubudede eyama ŋu be eyae nye nyateƒe Mawu la ŋu. Wowɔa esia to asimaɖemaɖe le tadedeagu dzadzɛa ƒe dzidzenu siwo le Biblia me ŋu me, ne amewo ƒo nya ɖe wo nu hã.—Lododowo 29:25; Dɔwɔwɔwo 5:29.

Bubudede Ame Kukuwo Ŋu le Mɔ si Kɔa Yehowa Ŋu Nu

Ele dzɔdzɔme nu be míase veve ahaxa nu vevie ne míaƒe ame vevi aɖe ku. (Yohanes 11:33, 35) Ame vevia ƒe nu si atsi mo na mí kple eɖiɖi bubutɔe la sɔ eye wonye lɔlɔ̃ɖeɖefia siwo sɔ. Ke hã, Yehowa Ðasefowo nɔa te ɖe blanuiléle gã si ku hena vɛ la nu gake womeƒoa wo ɖokui ɖe dekɔnu siwo medzea Mawu ŋu o dometɔ aɖeke me o. Esia mele bɔbɔe na amesiwo wonyi le dekɔnu siwo me wovɔ̃na na ame kukuwo le ŋutɔ la kura o. Esesẽna ŋutɔ be míada asɔ ne míele míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku fam. Ke hã, Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu la” doa ŋusẽ Kristotɔ wɔnuteƒewo, eye haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe la ɖea vi na wo. (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Xɔse sẽŋu si le Kristotɔ vavãwo si be ame kuku siwo meganya naneke o siwo le Mawu ƒe susu me la agava nɔ agbe gbaɖegbe la naa wo susu ɖesiaɖe si ta wòle be woaɖe wo ɖokui ɖa keŋkeŋ tso kukɔnu siwo mesɔ be Kristotɔwo nawɔ o, siwo te fli ɖe tsitretsitsia ƒe nuvãnyenye me, la gbɔ.

Ðe medzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa yɔ mí “tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ” oa? (Petro I, 2:9) Míeɖale dzidzɔ kpɔm ɖe vi si míedzi ŋu loo alo le dzi dom le nuxaxa si míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku do na mí me o, neva eme be wòanye míaƒe didi vevie be míawɔ nusi dzɔ eye míaƒe lɔlɔ̃ deto na Yehowa Mawu naʋã mí be ‘míayi edzi azɔ abe kekeli viwo ene’ ɣesiaɣi. Negadzɔ gbeɖe be míaɖe mɔ kɔnu siwo mesɔ be Kristotɔwo nawɔ o eye womedzea Mawu ŋu o la naƒo ɖi mí le gbɔgbɔ me o.—Efesotɔwo 5:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 23 Taflatse kpɔ agbalẽ gbadza siwo nye Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea? kple Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua? siwo Yehowa Ðasefowo ta.