Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàzã Mawumenunya Atsɔ Akpɔ Viwòwo Tae

Alesi Nàzã Mawumenunya Atsɔ Akpɔ Viwòwo Tae

Alesi Nàzã Mawumenunya Atsɔ Akpɔ Viwòwo Tae

MÍAƑE ŋutilãwo le avuwɔwɔ dzi gbesiagbe. Ele be woawɔ avu kple dɔlékui makpɔmakpɔ gbogbo aɖewo. Dzidzɔtɔe la, mía dometɔ akpa gãtɔ nyi dɔlélenutsiŋutete, si kpɔa mía ta heɖea mí tso dɔlékui siwo gblẽa nu le ame ŋu si me la, ƒe dome.

Nenema kee wòle na Kristotɔwo hã be woawɔ avu kple tamesusu kple gɔmeɖose siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, eye ehiã be míawɔe atsɔ atsi tre ɖe nyaƒoɖeamenu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu hã ŋu. (Korintotɔwo II, 11:3) Be míate ŋu atsi tre ɖe avu si míaƒe susuwo kpakple dziwo wɔna kple nudzodzro vɔ̃ siawo ŋu gbesiagbe la, ahiã be míatu gbɔgbɔmekpoxɔnu ɖo.

Akpoxɔnu mawo hiã na ɖeviwo vevie ŋutɔ, le esi wònye be wometsɔ gbɔgbɔmekpoxɔnu siwo akpe ɖe wo ŋu be woate ŋu atsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu la dzi woe o ta. (Efesotɔwo 2:2) Ne ɖeviawo le tsitsim la, ele vevie ŋutɔ be dzilawo nakpe ɖe wo ŋu be woatu woa ŋutɔwo ƒe akpoxɔnuwo ɖo. Nuka dzie akpoxɔnu mawo ƒe amesi susu nɔ te ɖo? Biblia ɖe eme be: “Yehowa naa nunya, . . . eye wòadzɔ eƒe mawumemewo ƒe mɔ ŋuti.” (Lododowo 2:6, 8) Mawumenunya ate ŋu akpɔ ɖeviwo ta be hadede vɔ̃wo, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, alo modzaka gbegblẽwo ɖeɖe nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi o. Aleke dzilawo ate ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ahafia mawumenunya wo viwoe?

Ha Tuameɖowo Dede

Eme kɔ ƒã be ƒewuiviwo lɔ̃a hadede kple wo tɔ ƒewuivi bubuawo, gake hadede kple amesiwo hã si nuteƒekpɔkpɔ mesu o ɖeɖe mate ŋu ana mawumenunya nasu ame si o. Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Bometsitsi [blana] ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu.” (Lododowo 22:15) Gake aleke dzila aɖewo wɔ te ŋu kpe ɖe wo viwo ŋu be wote ŋu tsɔa mawumenunya wɔa dɔe le hadede ƒe nya sia mee?

Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Don * gblɔ be: “Mía vi ŋutsuviwo zã ɣeyiɣi geɖe le hadede kple wo xɔlɔ̃ siwo woakpli wo nye ha me, gake wozãa ɣeyiɣi sia ƒe akpa gãtɔ le míaƒe aƒeme, le mía ŋutɔwo gbɔ zi geɖe. Míeɖea mɔ be ɖevi geɖewo te ŋu vaa míaƒe aƒea me faa, eye míenaa nuɖuɖu wo henana wovona le wo ɖokui me. Dzi dzɔ mí be míete ŋu do dzi nɔ te ɖe woƒe ɣlidodo kple woƒe nu gbodogbodowɔwɔwo le aƒea me nu, be wòanye teƒe aɖe si sɔ na mía viwo be woate ŋu akpɔ dzidzɔ le.”

Vi etɔ̃e le Brian kple Mary si, gake wolɔ̃ ɖe edzi be hehenana wo menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Wogblɔ be: “Sɔhɛ ʋɛ aɖewo nɔ míaƒe hamea me, siwo xɔ tso ƒe 17 yi ƒe 19 lɔƒo, siwo ate ŋu ade ha kple mía vi nyɔnuvi Jane. Gake exɔlɔ̃ aɖe si ŋkɔe nye Susan, nye amesi ŋu mekpena o eye wòdoa vivi ɖe ame ŋu. Gake edzilawo na ablɔɖee wu alesi míena mía via. Woɖea mɔ nɛ wonɔa zãme wu alesi míeɖea mɔ na Susan, eƒe awuwo nɔa kpuie wu, eye wòsea ha siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ le, hekpɔa sinima siwo mesɔ o. Jane menɔ míaƒe nyawo gɔme sem na mí o hena ɣeyiɣi didi aɖe. Esusui be Susan dzilawo sea nu gɔme wu, ebua míawo ya be míaƒe nyame sẽ akpa. Esi Susan ɖo gbɔgbɔmefɔku aɖe me hafi Jane kpɔe dzesi be ɖe míaƒe mɔ maɖemaɖe ɖe nanewo ŋu kpɔ ye ta boŋ. Dzi dzɔ mí be míena ta le nusi míekpɔ be eyae aɖe vi na mía via wɔwɔ me o.”

Abe Jane ene la, sɔhɛ geɖewo kpɔ susu si le wo dzilawo ƒe mɔfiamewo dziwɔwɔ le hadenyawo me la me dze sii. Lododowo gblɔ be: “To, si sea mokaname agbetɔ la, nɔa nunyalawo dome.” (Lododowo 15:31) Mawumenunya kpena ɖe sɔhɛwo ŋu be wodea ha kple xɔlɔ̃ siwo tua ame ɖo.

Tenɔnɔ Ðe Numanyomanyowo Wɔwɔ ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Nu

Nusi do ƒome kplikplikpli kple hadedee nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Enuenu la, wotsɔa nyaƒoɖeamenu be woawɔ nusi mesɔ o la doa kplamatse mía viwo ƒe gbɔgbɔmekpoxɔnuwoe. Esi wònye ɖeviwo lɔ̃a hadede kple wo hatiwo ta la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi woawɔ nusiwo xexeame buna nu nyuiwoe.—Lododowo 29:25.

Biblia le ŋku ɖom edzi na mí be “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.” (Yohanes I, 2:17) Eyata mele be dzilawo naɖe mɔ xexeame ƒe nukpɔsusuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzi fũ o. Aleke woate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woabu nuwo ŋu abe Kristotɔwo ene?

Richard gblɔ be: “Vinyenyɔnuvi dina ɣesiaɣi be yeado nu abe sɔhɛ bubuawo ene. Eyata míegbɔ dzi ɖi ɖe nu me nɛ ku ɖe nu nyui kple nu manyomanyo siwo dona tsoa didi mawo dometɔ ɖesiaɖe me ŋu. Le awu siwo míekpɔ be wosɔ be woado gɔ̃ hã gome la, míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo si míese ƒe aɖewo do ŋgɔ dzi be, ‘Nunyalae nye amesi metrea awu aɖe dodo gbã o, eye menyena ame mlɔetɔ si dzudzɔa edodo hã o.’”

Vidada aɖe si ŋkɔe nye Pauline zã mɔnu bubu le akɔkpekpe kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu me. Egblɔ be: “Metsɔ ɖe le nusiwo me vinyewo tsɔa ɖe le me eye meyia woƒe xɔ me edziedzi ɖaɖoa dze kpli wo. Dzeɖoɖo legbe siawo wɔe be mete ŋu ɖɔ woƒe nukpɔsusuwo ɖo eye mekpena ɖe wo ŋu be woabu nusiwo wodina be yewoawɔ ƒe akpa vovovoawo ŋu.”

Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo matɔ o, eyata ahiã be dzilawo hã naʋli vevie edziedzi ale be woaɖee afia be viɖe mele alesi ‘xexeame bua tamee ŋu o’ eye woakpe ɖe wo viwo ŋu be woana woƒe ‘tamesusuwo nada asɔ, si anye toɖoɖo Kristo.’ (Korintotɔwo II, 10:5) Gake to ‘gbedodoɖa kutrikukutɔe’ dzi la, ɖeviwo kple dzilawo siaa ate ŋu akpɔ ŋusẽdoame hena nɔnɔme vevi sia gbɔ kpɔkpɔ.—Romatɔwo 12:12; Psalmo 65:3.

Modzakaɖeɖe ƒe Ameheŋusẽ Sẽŋu La

Ŋusẽkpɔɖeamedzi etɔ̃lia si ɖewohĩ wòasesẽ na dzilawo be woakpe akɔ kpli enye modzakaɖeɖe. Le dzɔdzɔme nu la, fefe doa dzidzɔ na ɖeviwo. Sɔhɛwo hã tiaa nukokoedoname wɔnawo yome vevie. (Timoteo II, 2:22) Gake ne wokpɔ didi sia gbɔ le mɔ madzemadze nu la, ate ŋu agblẽ woƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuawo dome. Afɔku sia vana le mɔ eve koŋ nu.

Gbã la, xexeame ƒe agbe dzakaɖa nɔnɔ ƒe wɔnawo nɔa modzakaɖeɖewo dometɔ geɖe me. (Efesotɔwo 4:17-19) Ke hã, woɖea modzaka siawo le mɔ si dzena abe ɖe wodoa dzidzɔ na ame henya kpɔna na ame ene nu. Esia nyea afɔku na sɔhɛwo, ɖewohĩ le esi womete ŋu dea dzesi mɔtetre siwo le wo me o ta.

Evelia, ɣeyiɣi si modzakaɖeɖe xɔna hã ate ŋu anye kuxi. Le ame aɖewo gome la, agbeɖuɖu va zu nu vevitɔ na wo le agbe me eye wòxɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le wo si. Lododowo xlɔ̃ nu be: “Anyitsi geɖe nono menyo o.” (Lododowo 25:27) Nenema kee modzakaɖeɖe fũ akpa ana be gbɔgbɔmenuɖuɖu maganɔ mía nu vivim o eye wòana be míava zu kuviatɔwo le nyasã me. (Lododowo 21:17; 24:30-34) Agbe blibaa ɖuɖu le xexe sia me awɔe be sɔhɛwo ƒe ‘asi masu agbe vavã la’—si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexeme yeyea me—dzi o. (Timoteo I, 6:12, 19) Aleke dzilawo kpe akɔ kple kuxi siae?

Mari Carmen, si si vinyɔnuvi etɔ̃ nɔ gblɔ be: “Míedi be mía vi nyɔnuviawo naɖe modzaka tuameɖowo eye woase vivi le agbe me. Eyata ƒomea ɖia tsa edziedzi, eye ɖeviawo dea ha kple wo xɔlɔ̃ siwo nye hameametɔwo hã. Gake míeda sɔ le modzakaɖeɖe me. Míetsɔe ko abe numeɖenu si woɖuna le nuɖuɖu megbe ene—evivina gake menye eyae nye nuɖuɖua ŋutɔŋutɔ o. Wosrɔ̃ alesi woawɔ aƒemedɔ, sukudɔ, kple hamea me dɔwɔe.”

Don kple Ruth dzea agbagba vevie wɔa ɖoɖo koŋ ɖe modzakaɖeɖe ŋu. Woɖe eme be: “Míewɔe wòzu numame na mí be Memleɖagbewo nanye míaƒe ƒomea ƒe ŋkeke. Míeyia gbeadzi le ŋdi, yia tsiƒuƒe le ŋdɔ, eye míeɖua nu tɔxɛ aɖe le fiẽ me.”

Dzila siawo ƒe nyawo ɖe alesi wòle vevie na Krisototɔwoe be woada asɔ le modzaka tuameɖowo ɖeɖe kple ewɔwɔ le ɣeyiɣi si sɔ me fia.—Nyagblɔla 3:4; Filipitɔwo 4:5.

Ðo Ŋu ɖe Yehowa Ŋu

Enye nyateƒe be exɔa ɣeyiɣi hafi ŋusẽ va ɖoa gbɔgbɔmekpoxɔnuawo ŋu. Nukumɔ aɖeke meli si dzi woato aƒã mawumenunya ɖe ɖeviwo me si aʋã wo be woaɖo ŋu ɖe woƒe Dziƒofofoa ŋu o. Ke boŋ ɖe wòle be dzilawo nayi edzi ‘anɔ ɖeviawo nyim le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.’ (Efesotɔwo 6:4) “Hehe kple nuxɔxlɔ̃” sia si woayi edzi anɔ wo nam la nye kpekpe ɖe ɖeviawo ŋu be woabu nuwo ŋu abe alesi Mawu bua wo ŋui ene. Aleke dzilawo ate ŋu awɔ esiae?

Ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ hiã vevie hafi woakpɔ dzidzedze le esia me. Nusɔsrɔ̃a ‘aʋu ŋku na ɖeviawo be woakpɔ nukunuwo le Mawu ƒe se la me!’ (Psalmo 119:18) Diego mefena kple ƒome nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kura o si wɔe be wòte ŋu kpe ɖe viawo ŋu be wote ɖe Yehowa ŋu. Egblɔ be: “Medzrana ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. To numekuku wɔwɔ le Biblia me gbalẽwo me la, meva nya alesi makpe ɖe vinyewo ŋu be woase egɔme be Bibliamemewo nye ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ. Medea dzi ƒo na ɖeviawo be woatsɔ woƒe nuwɔnawo anɔ sɔsɔm kple nuteƒewɔla mawo. Esia na vinyewo va sea nusi tututue dzɔa dzi na Yehowa la gɔme.”

Ðeviwo srɔ̃a nu le mɔ vovovowo hã nu. Mose de dzi ƒo na dzilawo be woaƒo nu tso Yehowa ƒe sewo ŋu na wo viwo ne ‘wobɔbɔ nɔ woƒe aƒewo me, alo ne wole mɔ dzi, ne womlɔ anyi, alo wofɔ.’ (Mose V, 6:7) Vifofo aɖe ɖe eme be: “Vinyeŋutsuvi hiã na ɣeyiɣi be wòatsɔ aƒo nu tso eƒe seselelãmewo ŋu. Ne míele tsa ɖim alo le dɔ aɖe wɔm ɖekae la, egblɔa eƒe seselelãmewo nam mlɔeba. Le ɣeyiɣi siawo me la, míeɖoa dze tuameɖo siwo ɖea vi na mía kple evea siaa.”

Gbe siwo dzilawo dona ɖa hã kpɔa ŋusẽ nyui ɖe wo viwo dzi. Ne ɖeviwo se be yewo dzilawo doa gbe ɖa na Mawu hebia eƒe kpekpeɖeŋu kple tsɔtsɔke la, eʋãa ɖeviawo be “[woaxɔe] ase be, Mawu li.” (Hebritɔwo 11:6) Dzila kpɔdzidze geɖewo tea gbe ɖe gbedodoɖa ɖekae abe ƒome ene ƒe vevienyenye dzi, anyo ŋutɔ be woado gbe ɖa hã ɖe ɖeviawo ƒe sukudenyawo kple kuxi siwo le fu ɖem na wo ta. Vifofo aɖe gblɔ be yesrɔ̃ doa gbe ɖa kple ɖeviawo ɣesiaɣi hafi woyia suku.—Psalmo 62:9; 112:7.

“Migana Ðeɖi Nate Mía Ŋu le Nu Nyui Wɔwɔ Me O”

Dzilawo katã wɔa vodada eye ɖewohĩ alesi wokpɔ nya aɖewo gbɔe va yi la ate ɖe wo dzi. Ke hã, Biblia de dzi ƒo na mí be míayi edzi anɔ agbagba dzem be “[míagagbɔdzɔ] le nu nyui wɔwɔ me o.”—Galatiatɔwo 6:9.

Gake ɖewohĩ dzilawo adi be yewoana ta ne wode dzesi be yewo viwo mesea gbe na yewo ɣeaɖewoɣi o. Anɔ bɔbɔe be míaƒo nya ta be egbeviwo to vovo eye woƒe tome tri. Gake le nyateƒe me la, gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo nɔ dzidzime siwo nɔ anyi va yi ŋu la le egbeviwo hã ŋu, eye wole tetekpɔ siwo me tsitsiawo to va yi la hã me tom, togbɔ be nu tovowo wɔwɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo anya dzi ɖe edzi egbea hã. Eyata, esi vifofo aɖe ka ŋkume na viaŋutsu le vodada aɖe si wòwɔ ta vɔ megbe la, ebɔbɔ gbe hegblɔ na ɖevia tufafatɔe be: “Ðeko nèdina be yeawɔ nusi medi be mawɔ esi menɔ abe wò ene.” Anɔ eme be dzilawo manya nu geɖe tso nusiwo ŋu egbeviwo nya nu tsoe ŋu ya o, ke hã, wose ŋusẽ si ŋutilã madebliboa kpɔna ɖe sɔhɛwo dzi gɔme.—Mateo 26:41; Korintotɔwo II, 2:11.

Ðewohĩ ɖevi aɖewo matsɔ ɖe le wo dzilawo ƒe mɔfiamewo me boo o eye woatsi tre ɖe hehe si wonana wo ŋu gɔ̃ hã. Gake míele gbe tem ɖe edzi ake be dzidodoe nye nusi le vevie. Togbɔ be ɖeviwo adze aglã ɖe amehehea ŋu le gɔmedzedzea me hã la, wo dometɔ geɖewo va wɔna ɖe edzi mlɔeba. (Lododowo 22:6; 23:22-25) Mateo, si nye Kristotɔ sɔhɛ si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe fifia, gblɔ be: “Esi menye ƒewuivi la, mesusui be dzinyelawo ƒe mɔxexe ɖe nanewo ŋu nam mesɔ o. Mesusui be ne xɔnyewo dzilawo ɖe mɔ ɖe nane ŋu na wo la, nukatae dzinyelawo ya maɖe mɔ ɖe eŋu nam o? Eye ɣeaɖewoɣi la, dzi kuam vevie ne wogbe mɔɖeɖe nam be nyemayi tɔdziʋukuƒe—si melɔ̃ vevie la—o tsɔ he toe nam. Gake ne meɖo ŋku edzi la, mekpɔe dze sii be hehe si dzinyelawo nam la de to eye wòhiã hã. Dzi dzɔam ŋutɔ be wona mɔfiamem le ɣeyiɣi si mehiã nɛ la dzi.”

Ðikeke aɖeke mele eme o be, togbɔ be adzɔ be mía viwo ava nɔ teƒe aɖe si gbɔgbɔmefɔkuwo anɔ hã la, woate ŋu atsi ava zu Kristotɔ ɖɔʋuwo. Abe alesi Biblia do ŋugbee ene la, mawumenunya ate ŋu atu woƒe gbɔgbɔmekpoxɔnuwo ɖo. “Ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ [me].”—Lododowo 2:10-12.

Be woafɔ fu ɣleti asieke mele bɔbɔe kura o. Eye nuxaxa kple dzidzɔkpɔkpɔ ate ŋu anɔ ƒe 20 siwo kplɔa vi dzidzi ɖo me. Gake esi dzila Kristotɔwo lɔ̃ wo viwo ta la, wodzea agbagba vevie be yewoatsɔ mawumenunya akpɔ wo viwo tae. Wosena le wo ɖokui me abe alesi apostolo Yohanes, si tsi le ƒe me, se le eɖokui me le eƒe gbɔgbɔmeviwo ŋu ene be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.”—Yohanes III, 4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

“Míeɖea mɔ be ɖevi geɖewo te ŋu vaa míaƒe aƒea me faa”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mitsɔ ɖe le nusiwo me mia viwo tsɔa ɖe le la me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

“Medzrana ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu”