Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míesrɔ̃ Alesi Míaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

Míesrɔ̃ Alesi Míaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

Agbemeŋutinya

Míesrɔ̃ Alesi Míaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

ABE ALESI NATALIE HOLTORF GBLƆE ENE

June 1945 mee. Le ɣleti ma ƒe ŋkeke aɖe dzi la, ŋutsu aɖe si ɖi ku glãŋglãŋ ge ɖe míaƒe aƒeme heva tɔ ɖe ʋɔtrua nu kpoo. Esi vinyenyɔnuvi suetɔ, Ruth, kpɔe la, eɖi vo hedo ɣli be: “Dada lée, amedzro aɖe le mɔa nu!” Menya kura be amedzro mae nye ye fofo—si nye srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, Ferdinand—o. Ƒe eve do ŋgɔ, le Ruth dzidzi ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe la, Ferdinand do go le aƒeme eye wolée, eye wokplɔe ɖade Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖa aɖe me. Gake mlɔeba la, Ruth kpɔ fofoa azɔ, eye míaƒe ƒomea gawɔ ɖeka ake. Nya gbogbowo nɔ mía kple Ferdinand si míagblɔ na mía nɔeawo!

WODZI Ferdinand le ƒe 1909 me le Kiel-du me le Germany, eye wodzim le ƒe 1907 me le Dresden-du si hã le Germany la me. Esi mexɔ ƒe 12 la, Biblia Nusrɔ̃viwo si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la va ɖe gbeƒã na míaƒe ƒomea zi gbãtɔ. Esi mexɔ ƒe 19 la, medo le Evangelika Sɔlemeha me hetsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbee na Yehowa.

Ke hã, Ferdinand ya de ƒudzidelawo ƒe kɔledzi wu enu heva zu ƒudzidela. Le eƒe ƒudzimɔzɔzɔwo me la, edea ŋugblẽ le nyabiabia siwo ku ɖe Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋu. Esi Ferdinand gbɔ va ɖo melidzeƒea la, eyi ɖasrã foa, si nye Biblia Nusrɔ̃vi la kpɔ. Sasrãkpɔ sia koe wɔe be wòva xɔe se be Biblia ate ŋu aɖo nyabiase siwo nɔ fu ɖem na ye la ŋu. Edo le Luther Sɔlemehaa me, hetso nya me be yeaɖe asi le ƒudzidededɔa hã ŋu. Esi wòwɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋkeke gbãtɔ megbe la, edzroe vevie be yeatsɔ yeƒe agbenɔƒewo katã awɔ dɔ siae. Le zã ma ke me la, Ferdinand tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Yehowa. Exɔ nyɔnyrɔ le August 1931 me.

Ƒudzidela Kple Gbeƒãɖela

Le November 1931 me la, Ferdinand ɖo keteke yi Netherlands be yeaɖa kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le afima. Esi Ferdinand gblɔ na nɔviŋutsu si wɔa ɖoɖo ɖe dɔa ŋu le dukɔ ma me be yenye ƒudzidela kpɔ la, nɔvia gblɔ be: “Amesi ƒomevi tututu míehiã lae nènye!” Nɔviawo da tɔdziʋu aɖe bene mɔɖelawo (ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo) ƒe ƒuƒoƒo aɖe nate ŋu aɖe gbeƒã na amesiwo le tɔwo to le dukɔa ƒe dziehe kpa dzi. Ame atɔ̃e wɔa dɔ le tɔdziʋua me, gake wo dometɔ aɖeke menya ekuku o. Eyata Ferdinand va zu ʋumefia.

Le ɣleti ade megbe la, wobia tso Ferdinand si be wòazu mɔɖela le Tilburg, le Netherlands ƒe anyiehe. Ɣemaɣi lɔƒoe nye hã meyi mɔɖeɖedɔa wɔ ge le Tilburg, eye medo go Ferdinand. Gake enumake wobia tso mía si be míaʋu ayi Groningen, le dukɔa ƒe dziehe kpa dzi. Afimae míeɖe srɔ̃ le le October 1932 me eye míeɖu míaƒe srɔ̃ɖeɖe mɔkekea le aƒe aɖe si me mɔɖela gbogbo aɖewo nɔ me, henɔ mɔɖeɖedɔa hã wɔm!

Le ƒe 1935 me la, míedzi míavi nyɔnuvi Esther. Togbɔ be ga sue aɖe koe sua mía si hã la, míeɖoe kplikpaa be míayi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Míeʋu yi kɔƒe aɖe me, afisi míenɔ aƒe sue aɖe me le. Ne mele vidzĩa gbɔ kpɔm le aƒeme la, srɔ̃nye nɔa gbeadzi ɣeyiɣi didi aɖe. Ne ŋu ke la, eya hã nɔa vidzĩa gbɔ nye hã meyia gbeadzi. Míenɔ ewɔm alea vaseɖe esime wòtsi ɖo afisi míate ŋu akɔe ayi gbeadzii.

Le esia megbe kpuie la, dunyahehe me masɔmasɔ doŋɔdziname aɖe nɔ edzi yim le Europa. Míese nu tso alesi wole Ðasefowo yome tim le Germany ŋu, eye míede dzesii be aɖo míadzi kpuie. Míede ŋugble le alesi nuwo ava nɔ na mí ne woti mía yome vevie la ŋu. Le ƒe 1938 me la, Netherlands ƒe dziɖuɖumegãwo de se aɖe si bla amedzrowo be woagawɔ nyanyuikakadɔa to subɔsubɔhawo ƒe agbalẽwo mama dzi o. Be míate ŋu ayi míaƒe subɔsubɔdɔa dzi la, Ðasefo siwo le Netherlands kpe ɖe mía ŋu hetsɔ amesiwo tsɔ ɖe le míaƒe dɔa me la ƒe ŋkɔwo na mí, eye míete ŋu srɔ̃ Biblia kpli wo dometɔ aɖewo.

Ɣemaɣi lɔƒo la, Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe nɔ aƒe tum. Togbɔ be ga menɔ mía si míatso tikɛt aɖo keteke ayi takpekpeae o hã la, míedi be míayi. Eyata míeda míavi sue Esther ɖe gasɔa ƒe vidzĩkɔɖoƒe si wotsi ɖe motia ŋu me, hedze ŋkeke etɔ̃ gasɔdodo ƒe mɔ. Míetsia Ðasefo siwo nɔ mɔa dzi gbɔ dɔna. Aleke dzi dzɔ míi enye si be míede dukɔ me takpekpe zi gbãtɔ! Wɔnaa dzra mí ɖo ɖe tetekpɔ siwo nɔ ŋgɔ ŋu. Ƒo wo katã la, woɖo ŋku edzi na mí be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Psalmo 31:7 me nyawo va zu míaƒe mɔfiamenyawo be: “Ke nyea meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.”

Nazitɔwo Nɔ Mía Dim

Le May 1940 me la, Nazitɔwo va dze Netherlands dzi. Le esia megbe teti la, Adzamekpovitɔwo va ɖi ɖe mí esime míenɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo woɖo ɖe mí la ɖom. Wokplɔ Ferdinand yi Adzamekpovitɔawo ƒe dɔwɔƒegãe. Mía kple Esther míeyina ɖasrãnɛ kpɔna le afima, eye ɣeaɖewoɣi la, wotea eƒe nume sena heƒonɛ le mía ŋkume. Le December me la, woɖe asi le Ferdinand ŋu, gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe eƒe ablɔɖea xɔ. Esi míegbɔna va aƒeme fiẽ aɖe la, míekpɔ Adzamekpovitɔwo ƒe ʋu aɖe le míaƒe agbo nu. Ferdinand te ŋu ɖɔ li kpɔ eye mía kple Esther ya míege ɖe aƒea me. Míawo lalamee Adzamekpovitɔawo nɔ. Ferdinand dimee wonɔ. Le zã ma ke me, esime Adzamekpovitɔawo dzo la, Netherlands kpovitɔwo va kplɔm yi ɖa bia gbem. Le ŋufɔke la, mía kple Esther míeyi ɖabe ɖe Ðasefo srɔ̃tɔ aɖewo siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe madidi o, si nye Norder-ƒomea, ƒe aƒeme eye wona mlɔƒe mí, hekpɔ mía ta.

Esi January 1941 yina enu wu ge la, wolé srɔ̃tɔ mɔɖela aɖe siwo le tɔdziʋuƒe aɖe me. Le ŋufɔke la, nutome sue dzikpɔla (subɔla mɔzɔla) aɖe kple srɔ̃nye yi srɔ̃tɔawo ƒe nuzazã aɖewo fɔ ge le tɔdziʋua me, gake Adzamekpovitɔawo ƒe amedɔdɔwo dze wo dzi. Ferdinand to mɔ aɖe nu do le wo si hede gasɔ dzi si dzo. Gake wokplɔ nutome sue dzikpɔla ya yi ɖade mɔ̃.

Nɔvi siwo nɔ dɔa dzi kpɔm la bia tso Ferdinand si be wòaxɔ ɖe nutome sue dzikpɔla la teƒe. Esia fia be ɣleti sia ɣleti la, manɔ aƒeme wòade ŋkeke etɔ̃ o. Esia nye kuxi yeye na mí, gake meyi edzi wɔ mɔɖeɖedɔa. Adzamekpovitɔawo gabla ali dzi ɖe Ðasefowo didi ŋu vevie wu tsã, eyata eva hiã be míanɔ nɔƒewo ɖɔlim. Le ƒe 1942 me la, ehiã be míaʋu zi etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba la, míeyi ɖado ɖe Rotterdam-du me, si didi ʋĩ tso afisi Ferdinand nɔ eƒe adzamesubɔsubɔdɔa wɔm le gbɔ. Ɣemaɣi la, vinye evelia ƒe fu nɔ ƒonye. Kamp-ƒomea, si ƒe vi ŋutsu eve hã wolé yi fuwɔamegakpɔwo me la, xɔ mí ɖe woƒe aƒeme dɔmenyotɔe.

Adzamekpovitɔawo Nɔ Mía Yome Tim Vevie

Medzi míaƒe vi evelia, Ruth, le July 1943 me. Esi medzi Ruth la, Ferdinand te ŋu nɔ míagbɔ ŋkeke etɔ̃, gake ehiã be wòadzo, eye emae nye zi mamlɛtɔ si míekpɔe hena ɣeyiɣi didi aɖe. Anɔ abe kwasiɖa etɔ̃ megbe la, wolé Ferdinand le Amsterdam. Wokplɔe yi ɖe Adzamekpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee, afisi wova nya amesi ƒomevie wònye le. Adzamekpovitɔawo te eƒe nu me se vevie kple susu be yewoaƒoe ɖe enu wòana míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti nyatakakawo yewo. Gake nusi ko Ferdinand lɔ̃ na wonyae nye be Yehowa Ðasefoe yenye eye be yemekpɔa gome le dunyahehe nuwɔna aɖeke me o. Dzi ku Adzamekpovitɔwo ƒe amegãwo vevie be Ferdinand, si nye Germany-vi dzidzi, meyi ɖawɔ asrafodɔ o, eye wodo ŋɔdzi nɛ be yewoawui be enye dugbãla.

Ferdinand nɔ gaxɔ me ɣleti atɔ̃ sɔŋ afisi wonɔa ŋɔdzi dom nɛ le edziedzi be yewole tu da gee wòaku. Ke hã, meʋuʋu le eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me o. Nukae kpe ɖe eŋu be wònɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me? Mawu ƒe Nya, Biblia, lae. Esi Ferdinand nye Ðasefo ta la, womeɖe mɔ nɛ be Biblia nanɔ esi o. Gake gamenɔla bubuawo ate ŋu abia be woatsɔ ɖe vɛ na yewo. Eyata Ferdinand ble eƒe gaxɔmehati aɖe nu be wòabia eƒe ƒometɔwo be woaɖo Biblia ɖee, eye ŋutsua biae hã. Le ƒe aɖewo megbe la, ɣesiaɣi si Ferdinand naƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu la, egblɔna dzidzɔtɔe be: “Akɔfafa ka gbegbee nye esi Biblia ma nam!”

Le January 1944 ƒe gɔmedzedze la, woɖe Ferdinand yi fuwɔamegakpɔ aɖe me le Vught, Netherlands. Nukutɔe la, afisi woɖee yi la zu yayra nɛ elabena eyi ɖado go Ðasefo 46 bubuwo le afima. Esi mese nu tso eɖeɖe dzoe sia ŋu la, dzi dzɔm be manya be egakpɔtɔ le agbe!

Gbeƒãɖeɖe Madzudzɔmadzudzɔe le Fuwɔamesaɖa la Me

Asaɖaa me gbenɔnɔ menɔ bɔbɔe kura o. Nunyuimakpɔɖu, vuvɔmewu makpɔdo, kple vuvɔwɔame kutɔkutɔe nye kuxi siwo nɔ anyi. Vemetetedɔ sesẽ aɖe lé Ferdinand. Esi wòyi kɔdzi ɖanɔ fli me eye vuvɔ wɔ wo ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, eva ɖo eyama dzi be woakpɔ egbɔ. Dɔnɔ siwo ƒe lãme xɔdzo de Celsius 40 kple edzivɔwo ko sikam ɖi wole ɖe dɔnɔdzikpɔƒea. Gake womesika Ferdinand ya ɖi o, elabena eƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ nɔ Celsius 39! Wogblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aɖawɔ dɔ. Gake gamenɔla veveseɖeamenulawo kpe ɖe eŋu tsɔe yi ɖaɣla ɖe teƒe aɖe si xɔdzo vie le vuvɔa ta. Esime xexeame va xɔ dzo la, eƒe lãmea ka ɖe eme wu. Azɔ hã, ne woɖo nuɖuɖu ɖe nɔviawo dometɔ aɖewo la, womanɛ kple wo nɔewo, si wɔe be ŋusẽ gaɖo Ferdinand ŋu ake.

Hafi woalé srɔ̃nye aɖade mɔ̃ la, gbeƒãɖeɖee nye dɔ si wòwɔna, eye eyi edzi gblɔ eƒe dzixɔsewo na amewo le asaɖaa me. Zi geɖe la, asaɖaa me megãwo ɖua fewu le eŋu le dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me, si wotsɔna dea dzesi Ðasefo gamenɔlawoe, la ta. Gake Ferdinand ya bua fewuɖunya mawo mɔnukpɔkpɔwoe tsɔ dzea dzeɖoɖo gɔme kpli wo. Le gɔmedzedzea me la, asaɖa si me Ðasefoawo le ko mee nɔviawo kpɔ mɔ aɖe gbeƒã le. Nɔviawo bia wo nɔewo se be, ‘Aleke míawɔ ate ŋu aɖo gamenɔla geɖewo gbɔ?’ Asaɖaa dzikpɔlawo ɖo eŋu le manyamanya me. Le mɔ ka nu?

Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple Biblia 12 siwo wotsɔ ɣla vɛ na nɔviawo la nɔ wo si. Gbeɖeka la, dzɔlawo ke ɖe agbalẽ aɖe ŋu, gake womete ŋu nya amesi tɔe wònye o. Eyata asaɖa dzikpɔlawo tso nya me be ele be yewoagblẽ Ðasefoawo ƒe ɖekawɔwɔ la me. Esia wɔe be wokaka nɔviawo katã ɖe asaɖa siwo me gamenɔla Ðasefowo mele o la me tsɔ he toe na wo. Gawu la, wo kaka nɔviawo ɖe amesiwo menye Ðasefowo o dome le nuɖukplɔ̃ ŋu. Yayra geɖe do tso ɖoɖo sia me. Fifia ya nɔviawo ate ŋu awɔ nusi wonɔ didim be yewoawɔ la—be yewoaɖe gbeƒã na gakpɔa me tɔ geɖe alesi nu yewoate ŋui.

Alesi Mewɔ He Nyɔnuvi Eve

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, mía kple vinyenyɔnuvi eveawo gakpɔtɔ nɔ Rotterdam. Ƒe 1943/44 ƒe vuvɔa nu sẽ ale gbegbe. Germany-srafowo ƒe yameʋugemɔ̃ ƒe batri aɖe nɔ míaƒe aƒea megbe. Waal Melidzeƒea, si Dukɔ Wɔɖekawo ƒe bɔmbdayameʋuwo di be yewoagbã godoo la, nɔ mía ŋgɔ. Le nyateƒe me la, menye teƒe si ame abe ɖo anɔ dedie wònye o. Gakpe ɖe eŋu la, nuɖuɖu nɔ vevem. Míesrɔ̃ alesi míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe geɖe wu.—Lododowo 3:5, 6.

Esther si xɔ ƒe enyi la kpe ɖe míaƒe ƒome sue la ŋu to alesi wòyina ɖaɖoa fli xɔa nuɖuɖu vɛ me. Gake zi geɖe la, ne eɖo eya dzi be wòaxɔ nuɖuɖua ko la, wobe evɔ. Esi wòyi nuɖuɖua diƒe ɣeaɖeɣi la, yameʋuwo te bɔmb dada. Mevɔ̃ ŋutɔ esime mese bɔmbawo ƒe wòwó, gake eteƒe medidi o nye dzimaɖitsitsi trɔ zu dzidzɔvifafa esime wòtrɔ gbɔ dedie hetsɔ detsiƒonu ʋɛ aɖewo gbɔe. Nya siwo do le nunye gbãe nye: “Nukae dzɔ?” Eɖo eŋu blewuu be: “Esi bɔmbawo nɔ wòwóm la, nusi tututu Papa fiam lae mewɔ, ‘Mlɔ anyi ɖe anyigba, nɔ afima, nànɔ gbe dom ɖa.’ Eyae kpɔ tanye!”

Esi wònye Germanygbe ʋẽna le nye nuƒo me ta la, edea mía dzi ne Esther yi ɖaƒle nu ʋɛ siwo wòate ŋui la vɛ. Germany-srafowo, amesiwo va te gbebiabia Esther la, kpɔ esia dze sii. Gake mede ame aɖeke asi o. Mesrɔ̃a Biblia kple Esther le aƒeme, eye le esi mete ŋu de suku o ta la, mefia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ kpakple aƒemedɔ bubuwoe.

Esther kpe ɖe ŋunye hã le gbeadzi subɔsubɔdɔa me. Hafi mayi aɖasrɔ̃ Biblia kple ame aɖe la, Esther doa ŋgɔ yina ɖakpɔna be nusɔsrɔ̃a anya wɔ dedie hã. Ekpɔna ɖa be Biblia nusrɔ̃via wɔ dzesi siwo dzi mía kplii míelɔ̃ ɖo la mahã. Le kpɔɖeŋu me, amesi gbɔ meyina la atsɔ seƒoƒoze aɖo fesrenu le go aɖe dzi atsɔ ana manya be mate ŋu ava. Ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔm la, Esther nɔa xexe nɔa Ruth sue la tem le keke me le ablɔa dzi tsɔ nɔa ŋku tsamee.

Sachsenhausen Yiyi

Alekee nuwo nɔ na Ferdinand? Le September 1944 me la, wokplɔ woa kple ame bubu geɖewo yi keteke ɖoƒe aɖe afisi wote gamenɔlawo, siwo le ame 80 ƒe hatsotsowo me la, ɖe agbatsɔketekewo me le. Woda tɔkpo eve ɖe agbatsɔketekeawo dometɔ ɖesiaɖe me, ɖeka nye afɔdzideƒe eye tsinono nɔ evelia me. Mɔzɔzɔa xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ, eye tsitrenu koe ame ate ŋu anɔ! Yatoƒe menɔ ketekeawo ŋu o. Fesre aɖeke menɔ ketekeawo ŋu o negbe do suesuesue aɖewo koe woŋɔ ɖe eŋu tataata. Fifiawɔame, dɔwuame, kple tsikɔwuame si me wòle be woado dzi le—evɔ ŋɔtiɖoƒe hã meli o—la wu gbɔgblɔ.

Ketekea wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖa tɔ ɖe Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ vɔ̃ɖi la gbɔ. Woxɔ nusiwo katã susɔ ɖe gamenɔlawo si la le wo si—negbe Biblia vi 12 siwo Ðasefoawo tsɔ ɖe asi zɔ mɔae la ko!

Woɖe Ferdinand kple nɔviŋutsu enyi bubu ɖo ɖe Rathenow-saɖa si nɔ Sachsenhausen-dua ƒe dzikpɔkpɔ te la me be woaɖakpe asi ɖe aʋawɔnuwo wɔwɔ ŋu. Togbɔ be wotsɔ wo wuwu do ŋɔdzie na wo zi geɖe hã la, nɔviawo gbe be yewomawɔ dɔ ma ƒomevi o. Be woate ŋu ade dzi ƒo na wo nɔewo ne woanɔ te sesĩe la, wodzroa Biblia kpukpui aɖe, abe Psalmo 18:3 ene, me le ŋdime bene woate ŋu anɔ ŋugble dem le eŋu le ŋkekea me. Esia kpe ɖe wo ŋu wode ŋugble le gbɔgbɔmenyawo ŋu.

Mlɔeba, tuwo ƒe gbeɖeɖe ɖee fia be Dukɔ Wɔɖekawo kple Russia-srafowo te tu wo. Russiatɔwo yi gakpɔ si me Ferdinand kple eƒe zɔhɛwo nɔ la me gbã. Wona nuɖuɖu aɖewo gamenɔlawo hegblɔ na wo be woadzo le gakpɔa me. Kaka April 1945 nawu enu la, Russia-srafoawo ɖe asi le wo ŋu be woadzo ayi aƒeme.

Míegawɔ Ðeka abe Ƒome Ene

Le June 15 dzi la, Ferdinand gbɔ va ɖo Netherlands. Nɔvi siwo le Groningen do vivi ɖe eŋu dzonɔamemetɔe. Eteƒe medidi o ese be míele agbe, hele kɔƒe aɖe me ɖaa, eye míawo hã míese be egbɔ. Mɔkpɔkpɔ na eƒe gbɔgbɔ va míagbɔ menɔ tsɔtsɔm na mí o. Mlɔeba gbeɖeka la, Ruth, ɖevi sue la, do ɣli ɖo ɖa be: “Dada lée, amedzro aɖe le mɔa nu!” Míasrɔ̃ kple fofo lɔlɔ̃tɔ lae nye esi!

Ehiã be míakpɔ kuxi gbogbo aɖewo gbɔ hafi ate ŋu anɔ anyi abe ƒome ene. Teƒe menɔ mía si o, eye kuxi sesẽtɔ enye alesi míawɔ be woagabu mí ɖe duametɔwo dome ake. Esi wònye Germanytɔwo míenye ta la, Netherlands dziɖuɖumegãwo wɔ nu ɖe mía ŋu abe ɖe menye amewoe míenye o ene ƒe geɖe. Gake mlɔeba la, míete ŋu va kpɔ teƒe aɖe hedze agbe si míedi vevie be míanɔ—si nye Yehowa subɔsubɔ ɖekae abe ƒome ene—la gɔme.

“Meɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu”

Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, ne mía kple Ferdinand míele mía xɔlɔ̃ siwo tsi agbe to ŋkeke sesẽ mawo me abe míawo ke ene dome la, míeɖoa ŋku Yehowa ƒe mɔfiame lɔlɔ̃tɔe le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la dzi. (Psalmo 7:2) Edzɔa dzi na mí be le ƒeawo me la, Yehowa ɖe mɔ na mí míekpɔ gome le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me. Míegblɔ zi geɖe hã be edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míezã míaƒe sɔhɛmenɔɣi le Yehowa ƒe subɔsubɔ kɔkɔea me.—Nyagblɔla 12:1.

Esi Nazitɔwo ƒe yometitia wu enu la, mía kple Ferdinand míetsɔ ƒe 50 kple edzivɔwo subɔ Yehowa ɖekae hafi wòwu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu le December 20, 1995, dzi. Eteƒe madidi o, maxɔ ƒe 98. Medaa akpe na Yehowa gbesiagbe be mía viwo do alɔ mí ŋutɔ le ƒe sesẽ mawo me eye be megate ŋu wɔa tɔnye sinua le subɔsubɔdɔa me tsɔ kɔa eƒe ŋkɔ ŋuti. Meda akpe ɖe nusiwo katã Yehowa wɔ nam la ta, eye enye nye didi vevie be mayi edzi awɔ ɖe nye mɔfiamenya dzi be: “Ke nyea meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.”—Psalmo 31:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mía kple Ferdinand le October 1932 me

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Gbeƒãɖetɔdziʋu “Almina” kple eme dɔwɔlawo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mía kple Ferdinand kple ɖeviawo