Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuɖuɣi Ewu Nu Ðuɖu Ko!

Nuɖuɣi Ewu Nu Ðuɖu Ko!

Nuɖuɣi Ewu Nu Ðuɖu Ko!

AMESIAME kpɔa dzidzɔ ɖe nuɖuɖu si vivi ŋu. Ne dzeɖoɖo tuameɖowo kple amesiwo nèlɔ̃ gakpe ɖe eŋu la, ezua wɔna dodzidzɔname aɖe si ƒoa míaƒe ƒodoɖiɖi dzro ko ta. Ƒome geɖe ɖoe be yewoanɔ kplɔ̃ ŋu ɖekae aɖu nu zi ɖeka ya teti le ŋkekea me. Nuɖuɣi naa mɔnukpɔkpɔ ƒomea be wòadzro ŋkekea me nudzɔdzɔwo alo ɖoɖowo me. Dzila siwo ɖoa to wo viwo ƒe nyawo kple nyagbɔgblɔwo te ŋu nyaa wo vi suewo ƒe tamesusu kple seselelãme aɖewo. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, hadede tuameɖo si me dziɖeɖi le si yia edzi le nuɖuɣiwo la tua dedienɔnɔ, kaka ɖe ame nɔewo dzi, kple lɔlɔ̃ ƒe seselelãme siwo naa ƒomea lia ke la ɖo ɖe ƒomea me.

Egbea, le alesi vovo mele ƒome geɖe me tɔwo ŋu o, eye le esi womewɔa nu ɖeka vɔna hafi gadzea bubu gɔme o ta la, esesẽna na ƒomea me tɔwo be woaƒo ƒu ɖekae aɖu nu. Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, mesɔ le dekɔnu aɖewo nu be ƒome naɖu nu ɖekae o alo anɔ nu ƒom le nuɖuɣi gɔ̃ hã o. Ezu numame na ƒome bubuwo be woanɔ television kpɔm le nuɖuɣiwo, si wɔnɛ be womete ŋu ɖoa dze tuameɖo aɖeke kuraa o.

Gake dzila Kristotɔwo dia mɔnukpɔkpɔwo tsɔ tua woƒe aƒemetɔwo ɖoe. (Lododowo 24:27) Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si wogblɔ na dzilawo be mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ siwo woate ŋu azã atsɔ afia Mawu ƒe nya wo viwo dometɔ ɖekae nye ‘ne wobɔbɔ nɔ woƒe aƒe me.’ (Mose V, 6:7) Kplɔ̃ ŋu nɔnɔ ɖekae aɖu nu naa mɔnukpɔkpɔ si sɔ dzilawo be woatu Yehowa kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ƒe lɔlɔ̃ deto ɖo ɖe wo viwo me. To dzidzɔ kple dziɖeɖi ƒe nɔnɔme tutuɖo me la, àte ŋu ana nuɖuɣi nado dzidzɔ na wò ƒomea hã, ahatui ɖo. Ẽ, na nuɖuɣi nawu nu ɖuɖu dzro ko!