Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusitae Ame Geɖe Meka Ðe Edzi Be Subɔsubɔhawo Ate Ŋu Ana Ameƒomea Nawɔ Ðeka O

Nusitae Ame Geɖe Meka Ðe Edzi Be Subɔsubɔhawo Ate Ŋu Ana Ameƒomea Nawɔ Ðeka O

Nusitae Ame Geɖe Meka Ðe Edzi Be Subɔsubɔhawo Ate Ŋu Ana Ameƒomea Nawɔ Ðeka O

“LƆ̃ HAWÒVI.” (Mateo 22:39) Subɔsubɔhawo lɔ̃a agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu vevi sia gbɔgblɔ. Ne ɖe subɔsubɔha siawo tea gbe ɖe vevienyenye si le havilɔlɔ̃ ŋu dzi le woƒe nufiafiawo me la, anye ne woƒe hameviwo wɔ ɖeka. Gake ɖe nèkpɔe be ɖekawɔwɔ le woƒe hameviwo domea? Ðe subɔsubɔhawo na amewo wɔ ɖekaa? Numekuku aɖe si wowɔ le Germany nyitsɔ laa fɔ nyabiabia sia ɖe te be: “Ðe subɔsubɔhawo tea amewo ƒoa ƒu ɖekae loo alo ɖe wodea mama amewo dome?” Le amesiwo wobia gbee ƒe nyaŋuɖoɖowo nu la, wo dometɔ 22 le alafa me bui be subɔsubɔhawo nana amewo wɔa ɖeka, eye 52 le alafa me ya susui be ɖe wodea mama, alo vovototo amewo me boŋ. Anɔ eme be miade dukɔmetɔwo hã susui nenema.

Nukatae ame geɖewo meka ɖe edzi tututu be subɔsubɔhawo ate ŋu ate amewo ƒo ƒu ɖekae o? Ðewohĩ esi wonya nusiwo dzɔ va yi tae. Le esi subɔsubɔhawo nate amewo aƒo ƒui ɖekae teƒe la, ɖe wode mama boŋ amewo dome zi geɖe. Le go aɖewo me la, wowɔ ŋutasẽnu siwo gbɔ eme wu ɖesiaɖe la dometɔ geɖe le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me. De ŋugblẽ le kpɔɖeŋu aɖewo siwo dzɔ le ƒe 100 siwo va yi ko me ŋu kpɔ.

Subɔsubɔhawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Le Xexemeʋa evelia wɔwɔ me la, Roma Katolikotɔ siwo tso Croatia kple Orthodɔkstɔ siwo tso Serbia, le Balkan-nutowo me la, ɖo gome na wo nɔewo. Ƒuƒoƒo eveawo siaa gblɔ be Yesu, si fia eyomedzelawo be woalɔ̃ wo haviwo la, yomedzelawoe yewonye. Ke hã, numekula aɖe gblɔ tso woƒe avuwɔwɔa ŋu be, “enye dukɔmeviʋa siwo me wowu amewo le nublanuimakpɔmakpɔtɔe wògbɔ eme ŋutɔ le ŋutinya me la dometɔ ɖeka.” Dzidzi ƒo ame geɖe le ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo ƒe xexlẽme wu 500,000 siwo wowu le aʋa ma wɔwɔ me ta.

Le ƒe 1947 me la, ame miliɔn 400—si nye amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi dometɔ 20 lɔƒo le alafa me—siwo dometɔ akpa gãtɔ nye Hindutɔwo, Moslemtɔwo, kple Sikhtɔwo ye nɔ India-nyigba ƒe nutowo me. Esi woma India-nyigba la mee Pakistan, si nye Islam-dukɔ, va dzɔ. Ɣemaɣi la, wotɔ dzo sitsoƒedila akpe alafa geɖe siwo tso dukɔ eveawo me, woƒo wo, wɔ funyafunya wo heda tu wo le aʋa siwo wowɔ tsya ɖe wo nɔewo nu le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me la me.

Tsɔ kpe ɖe kpɔɖeŋu wɔnublanui siawo ŋu la, nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidonamee nye nusi va bɔ le ƒe alafa la ƒe nuwuɣia me. Egbea, nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname ƒe wɔnawo wɔe be xexeame tsi dzodzoe, evɔa ŋɔdzidonamela siawo ƒe ƒuƒoƒo geɖe gblɔ be yewonye subɔsubɔha aɖe me tɔwo. Womebua subɔsubɔhawo be wodoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ o. Wobua wo zi geɖe be wodea ŋutasẽnuwo wɔwɔ kple ɖekamawɔmawɔ ƒe dzi ƒo boŋ. Eyata mewɔ nuku o be, Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, FOCUS, tsɔ xexeame ƒe subɔsubɔha nyanyɛwo—Buddha-subɔsubɔha, Kristodukɔa, Konfusio-subɔsubɔha, Hindu-subɔsubɔha, Islam-subɔsubɔha, Yuda-subɔsubɔha, kple Tao-subɔsubɔha—sɔ kple ɖu si wodena tu me dana.

Subɔsubɔha Ðeka me Tɔwo ƒe Masɔmasɔwo

Esi subɔsubɔha vovovo aɖewo le aʋa wɔm kple wo nɔewo la, masɔmasɔwo le wo dometɔ aɖewo ya ƒe amewo ŋutɔwo dome. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo dome ma le woa ŋutɔwo dome nyahehe siwo nɔ edzi yim ku ɖe woƒe nufiafiawo ŋu ta. Hakplɔlawo kple hameviawo siaa biana be: Ðe woɖe mɔ ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋua? Ðe woɖe mɔ ɖe fuɖeɖe ŋua? Ðe wòle be woaɖo nyɔnuwo nunɔlawoea? Aleke wòle be woabu amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbewo le la ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔe? Ðe wòle be subɔsubɔhawo nada asi ɖe aʋawɔwɔ dzia? Le ɖekamawɔmawɔ mawo tɔgbe ta la, ame geɖewo biana be, ‘Aleke subɔsubɔha aɖe ate ŋu ana ameƒomea nawɔ ɖeka ne mete ŋu le nanam be eya ŋutɔ ƒe hametɔwo gɔ̃ hã le ɖeka wɔm o?’

Edze ƒã be, subɔsubɔhawo do kpo nu le nana be ɖekawɔwɔ nanɔ amewo dome me. Gake ɖe wòfia be mamawo le subɔsubɔhawo katã mea? Ðe subɔsubɔha aɖe li si to vovo—si ate ŋu ana be ameƒomea nawɔ ɖekaa?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Wowɔ nuvevi kpovitɔwo le ʋunyaʋunya si yi edzi le subɔsubɔhawo dome me le India le ƒe 1947 me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by Keystone/Getty Images