Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Stefano ƒe nya si le Dɔwɔwɔwo 7:58 fia be Yesue wòle be woado gbe ɖa na?

Dɔwɔwɔwo 7:58 gblɔ be: “Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la!” Nya siawo fɔ biabiawo ɖe ame aɖewo ƒe susu me, le esi Biblia gblɔ be Yehowae nye ‘Gbedodoɖa Sela’ ta. (Psalmo 65:3) Ðe Stefano do gbe ɖa na Yesu ŋutɔŋutɔa? Ðe esia fia be Yesu kee nye Yehowaa?

King James Version gblɔ be Stefano nɔ “gbe dom ɖa na Mawu.” Mewɔ nuku o be ame geɖe da asi ɖe Biblia me dzrola Matthew Henry ƒe nyataƒoƒo sia dzi esi wògblɔ be: “Le afisia la, Stefano nɔ gbe dom ɖa na Kristo, eye ele be míawo hã míawɔe nenema.” Gake nukpɔsusu sia mesɔ o. Nukatae?

Barnes’ Notes on the New Testament gblɔ nyateƒenya sia be: “Nya Mawu menɔ ŋɔŋlɔ gbãtɔa me o, eye mele be wòanɔ gɔmeɖeɖea hã me o. Mele blema [asinuŋɔŋlɔwo] alo wo gɔmeɖeɖe aɖeke me o.” Aleke nya “Mawu” wɔ va ge ɖe kpukpui sia me? Agbalẽŋlɔla Abiel Abbot Livermore yɔ esia be enye “gbegɔmeɖelawo ƒe kɔnyinyi totrowo me lelé ɖe asi ƒe nuwɔnawo dometɔ ɖeka.” Eyatae gɔmeɖeɖe yeyewo gbe Mawu dede eme alea madzemadzee ɖo.

Ke hã, gɔmeɖeɖe geɖewo gblɔ be Stefano “do gbe ɖa” na Yesu. Eye “ƒo koko” si New World Translation zã, ƒe etenuŋɔŋlɔa fia be nyaa agate ŋu afia “yɔyɔ; gbedodoɖa.” Ðe esia mafia be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ oa? Ao. Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words ɖe eme be, le nɔnɔme sia me la, Helagbe me nya gbãtɔ, e·pi·ka·leʹo, fia be: “Woayɔ ame, woahe ame ƒe susu; . . . woatsɔ nya ade ŋusẽtɔ aɖe si.” Paulo zã nya sia ke esi wòʋu eme be: “Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!” (Dɔwɔwɔwo 25:11) Eyata esɔ be The New English Bible gblɔ be Stefano “do ɣli yɔ” Yesu.

Nukae ʋã Stefano wòyɔe alea? Dɔwɔwɔwo 7:55 gblɔ le Stefano ŋu be ‘esi gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.’ Le ɖoɖoa nu la, anye ne Stefano ƒe biabia yi na Yehowa le Yesu ƒe ŋkɔ me hafi. Gake esi wòle Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kpɔm le ŋutega me ta la, Stefano anya se le eɖokui me be yeayɔe tẽ, egblɔ be: “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la!” Stefano nya be wotsɔ ŋusẽ na Yesu be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (Yohanes 5:27-29) Eyata ebia Yesu be wòakpɔ yeƒe gbɔgbɔ alo agbeŋusẽ ta, vaseɖe ŋkeke si dzi wòafɔ ye ayi ɖe makumakugbenɔnɔ me le dziƒo.

Ðe Stefano ƒe nyagbɔgblɔ kpui sia ɖo kpɔɖeŋu ɖi be woanɔ gbe dom ɖa na Yesua? Kura o. Nya lae nye be Stefano de vovototo Yesu kple Yehowa dome nyuie, elabena nuŋlɔɖia gblɔ be ekpɔ Yesu “le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.” Azɔ hã, nudzɔdzɔ siawo le etɔxɛ. Nudzɔdzɔ bubu hã si ko me woƒo nu na Yesu tẽ le la ku ɖe apostolo Yohanes ŋu, amesi hã ƒo nu na Yesu tẽ esi wòkpɔ Eyama le ŋutegã me.—Nyaɖeɖefia 22:16, 20.

Togbɔ be esɔ be Kristotɔwo doa gbe ɖesiaɖe ɖa na Yehowa Mawu egbea hã la, xɔse sẽŋu le woawo hã si be Yesue “nye tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yohanes 11:25) Abe alesi wònɔe na Stefano ene la, nenema kee ŋutete si le Yesu si be wòafɔ eyomedzelawo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzixɔxɔse ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ahalé mí ɖe te le dodokpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me.