Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði La

Srɔ̃ Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði La

Srɔ̃ Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði La

“Mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.”—YOHANES 13:15.

1. Nukatae Yesu nye kpɔɖeŋu nyui na Kristotɔwo be woasrɔ̃?

LE AMEƑOMEA ƒe ŋutinya katã me la, ame ɖeka pɛ koe nɔ agbe nuvɔ̃ mawɔmawɔe. Eyae nye Yesu. Le Yesu megbe la, “amegbetɔ aɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o.” (Fiawo I, 8:46; Romatɔwo 3:23) Le esia ta, Kristotɔ vavãwo bua Yesu be enye kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake si woasrɔ̃. Nyateƒee, do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ., dzi la, eya ŋutɔ gblɔ na eyomedzelawo be woasrɔ̃ ye. Egblɔ be: “Mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.” (Yohanes 13:15) Le zã mamlɛ ma me la, Yesu ƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu wòle be Kristotɔwo nadze agbagba awɔ nu ɖo abe eyama ene la ŋu. Míadzro wo dometɔ aɖewo me le nyati sia me.

Nusitae Ðokuibɔbɔ Hiã

2, 3. Mɔ kawo nue Yesu nye ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo le?

2 Esi Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woadze yeƒe afɔɖoƒewo yome la, ɖokuibɔbɔ ŋu koŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Exlɔ̃ nu eyomedzelawo zi geɖe be woabɔbɔ wo ɖokui, eye le Nisan 14 lia ƒe zã me la, eɖe eya ŋutɔ ƒe ɖokuibɔbɔ fia, to eƒe apostoloawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Emegbe Yesu gblɔ be: “Ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti.” (Yohanes 13:14) Esia megbe la, egblɔ na eƒe apostoloawo be woasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋua. Eye ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si wòɖo!

3 Apostolo Paulo gblɔ na mí be hafi Yesu nava anyigba dzi la, “Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ.” Ke hã, eɖi gbɔlo eɖokui hezu ame tsɛ. Gawu la, “ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.” (Filipitɔwo 2:6-8) Bu eŋu kpɔ ko. Yesu, si nye ame evelia si de ŋgɔ wu ɖesiaɖe le xexe bliboa katã me la, lɔ̃ wobɔbɔe ɖe anyi wu mawudɔlawo, eye wodzii wònye vidzĩ wɔnamanɔŋutɔ, hetsi va bɔbɔ eɖokui ɖe dzila madeblibowo te, eye wòku abe nuvlowɔla ɖigbɔ aɖe ene mlɔeba. (Kolosetɔwo 1:15, 16; Hebritɔwo 2:6, 7) Ðokuibɔbɔ gã kae nye si! Ðe wòanya wɔ be míana ‘tamesusu ƒe nɔnɔme’ ma ke nanɔ mía sia? (Filipitɔwo 2:3-5) Ẽ, gake mele bɔbɔe o.

4. Nukawoe nana amegbetɔwo dana, gake nukatae dada nye afɔku?

4 Nusi tsi tre ɖe ɖokuibɔbɔ ŋue nye dada. (Lododowo 6:16-19) Dadae he Satana ƒe anyidzedze vɛ. (Timoteo I, 3:6) Dada xɔa aƒe ɖe ame ƒe dzi me bɔbɔe, eye ne enya xɔ dzi la me ko la, asiɖeɖe le eŋu sesẽna. Amewo dana le dukɔ si me wotso, woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, nunɔamesiwo, agbalẽnyanya, xexeme nudzedzinamewo, hadomeɖoƒe si wole, dzedzeme, kamedefefewɔwɔ ƒe ŋutetewo, kple nu bubu geɖewo ta. Gake nu mawo katã dometɔ aɖeke meɖi naneke le Yehowa gbɔ o. (Korintotɔwo I, 4:7) Eye ne nusiawo na míeda la, wogblẽa mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me. “Yehowa lolo, [ke hã, ekpɔa] ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.”—Psalmo 138:6; Lododowo 8:13.

Ðokuibɔbɔ le Mía Nɔviwo Dome

5. Nukatae wòle vevie be hamemegãwo nabɔbɔ wo ɖokui?

5 Mele be míaƒe alɔdodo Yehowa ƒe dɔa kple ŋgɔyiyi siwo míete ŋu wɔ le eme gɔ̃ hã nana míada o; mele be ɖoƒe siwo le mía si le hamea me hã nana míado mía ɖokui ɖe dzi o. (Kronika I, 29:14; Timoteo I, 6:17, 18) Le nyateƒe me la, zi alesi míaƒe agbanɔamedziwo le dzidzim ɖe edzii la, zi nenema kee wòhiã be míanɔ mía ɖokui bɔbɔm geɖe wui. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hamemegãwo be, woaganye ‘amesiwo ɖua aƒetɔ ɖe hame, si wode asi na wo la dzi o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.’ (Petro I, 5:3) Woɖo hamemegãwo be woanye subɔlawo kple kpɔɖeŋuɖolawo, ke menye aƒetɔwo kple amegãwo o.—Luka 22:24-26; Korintotɔwo II, 1:24.

6. Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa kawoe wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokui le?

6 Menye hamemegãwo koe wòhiã be woabɔbɔ wo ɖokui o. Petro ŋlɔ na ɖekakpui siwo me, ɖewohĩ, dada gbɔgbɔ aɖo, le esi woƒe susu ɖana wu ame tsitsiwo eye lãmesẽ le wo si wu wo ta, la be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Nyateƒee, Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ sɔsrɔ̃ hiã mí katã vevie. Ðokuibɔbɔ hiã le nyanyuia gbɔgblɔ me, vevietɔ ne míedo go ɖekematsɔleme alo tsitretsiɖeŋu nuwɔnawo. Ebia ɖokuibɔbɔ be míalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo alo be míatrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu wòanɔ kpokploe bene míate ŋu akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Gakpe ɖe eŋu la, míehiã ɖokuibɔbɔ kple dzinɔameƒo kpakple xɔse sẽŋu ne wole nya manyomanyowo gblɔm ɖe mía ŋu, ne wotsɔ nya ɖe mía ŋu le ʋɔnu madzemadzee, alo ne woti mía yome ŋutasesẽtɔe.—Petro I, 5:6.

7, 8. Mɔ siwo nu míate ŋu ato atu ɖokuibɔbɔ ɖo dometɔ aɖewo ɖe?

7 Aleke ame awɔ aɖu dada dzi eye wòatsɔ “ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu” eɖokuii? (Filipitɔwo 2:3) Ehiã be wòabu eɖokui abe alesi Yehowa buna eyamae ene. Yesu ƒo nu tso tamesusu ƒe nɔnɔme nyuitɔ si anɔ ame si ŋu esi wògblɔ be: “Miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mí be, míawɔ la, eya koe míewɔ.” (Luka 17:10) Ðo ŋku edzi be, naneke meli si míate ŋu awɔ si ade nusi Yesu wɔ nu o. Gake Yesu bɔbɔ eɖokui.

8 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míatu mía ɖokuiwo ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ ɖo. Míate ŋu ado gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Fia gɔmesese nyui kple nunyam; elabena mexɔ wò nya dzi se.” (Psalmo 119:66) Yehowa akpe ɖe mía ŋu míatu gɔmesese alo nukpɔsusu nyui si anɔ mía si le mía ɖokuiwo ŋu ɖo, eye wòayra mí ɖe míaƒe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ta. (Lododowo 18:12) Yesu gblɔ be: “Amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Mateo 23:12.

Nyui Kple Vɔ̃ Ŋuti Nukpɔsusu Nyui

9. Alekee nye Yesu ƒe nɔnɔme ɖe nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu?

9 Togbɔ be Yesu nɔ agbe le ame madeblibowo dome ƒe 33 sɔŋ hã la, mewɔ ‘nuvɔ̃ aɖeke o.’ (Hebritɔwo 4:15) Le nyateƒe me la, esi hakpala la nɔ nya gblɔm ɖi le Mesia la ŋu la, egblɔ be: “Èlɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi.” (Psalmo 45:8; Hebritɔwo 1:9) Kristotɔwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu le go sia hã me. Menye ɖeko wodea vovo nyui kple vɔ̃ dome ko o; wolé fu nu vɔ̃ɖi eye wolɔ̃a nu nyui. (Amos 5:15) Esia kpena ɖe wo ŋu wowɔa avu tsia tre ɖe woƒe nuvɔ̃menyenye ŋu.—Mose I, 8:21; Romatɔwo 7:21-25.

10. Ne míewɔa “nu vlo” dzimematrɔmatrɔe la, nɔnɔme kae ma míele ɖeɖem fia?

10 Yesu gblɔ na Farisitɔ Nikodemo be: “Amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. Ke amesi wɔa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.” (Yohanes 3:20, 21) Bu eŋu kpɔ: Yohanes ɖee fia be Yesue nye “kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la.” (Yohanes 1:9, 10) Ke hã, Yesu gblɔ be ne míewɔa “nu vlo”—nuwɔna siwo mesɔ o, siwo dzi Mawu meda asi ɖo o—la, míeléa fu kekeli la. Ðe wòava tame na wò be yealé fu Yesu kple alesi wònɔa agbeea? Gake nusia tututu wɔmee amesiwo wɔa nuvɔ̃ dzimematrɔmatrɔe la le. Ðewohĩ woawo mebui be yewo le fu lém Yesu kple eƒe sewo o, gake edze ƒã be nenemae Yesu ya bua woamawoe.

Alesi Míana Yesu ƒe Tamesusu le Nyui Kple Vɔ̃ ŋu Nanɔ Mía Si

11. Nukae hiã hafi Yesu ƒe tamesusu le nyui kple vɔ̃ ŋu nanɔ mía si?

11 Alesi Yehowa bua nyui kple vɔ̃e ŋuti gɔmesese si me kɔ nyuie la hiã mí. Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ me koe gɔmesese ma tona sua mía si. Ne míele Biblia srɔ̃m la, ehiã be míado gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewòm!” (Psalmo 25:4) Gake ɖo ŋku edzi be, Satana nye ameflula. (Korintotɔwo II, 11:14) Ate ŋu atrɔ asi le nu vɔ̃ɖi ŋu wòadze abe nu nyui ene na Kristotɔ si mele ŋudzɔ o. Eyata ehiã be míade ŋugble vevie le nusiwo míesrɔ̃na ŋu eye míawɔ ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ. (Mateo 24:45-47) Nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple ŋugbledede le nusiwo míesrɔ̃ ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi ŋgɔ aɖo tsitsi gbɔ ahanɔ amesiwo “to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la” dome. (Hebritɔwo 5:14) Ekema míanye amesiwo léa fu vɔ̃ helɔ̃a nyui.

12. Biblia me nuxlɔ̃ame kae kpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na numadzɔmadzɔwɔwɔ?

12 Ne míelé fu vɔ̃ la, míaɖe mɔ na dzodzro vɔ̃wo be woaxɔ míaƒe dzi me o. Ƒe geɖe le Yesu ƒe ku megbe la, apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.”—Yohanes I, 2:15, 16.

13, 14. (a) Nukatae afɔku le eme be Kristotɔwo nalɔ̃ nusiwo le xexeame? (b) Aleke míawɔ aƒo asa na nusiwo le xexeame la lɔlɔ̃?

13 Ame aɖewo abui be menye nusianu si le xexeamee gblẽ o. Togbɔ be ele nenema hã la, xexeame kple eƒe nudzodzrowo ate ŋu ahe mí ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ bɔbɔe. Eye nusiwo xexeame nana dometɔ aɖeke metea mí ɖe Mawu ŋu o. Eyata ne míena xexeamenuwo, hekpe ɖe esiwo menye nu gbegblẽ o gɔ̃ hã ŋu, lɔlɔ̃ va le aƒe xɔm ɖe mía me la, ke míeɖo ta afɔku me. (Timoteo I, 6:9, 10) Azɔ hã, nu geɖewo le xexeame siwo menyo kura o eye woate ŋu agblẽ mí. Ne míekpɔa sinimawo alo television dzi wɔna siwo doa ŋutasesẽ, ŋutilãmenudidi, alo gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ɖe ŋgɔ la, nusiawo ate ŋu ava dze mía ŋu—eye woava zu tetekpɔ na mí. Ne míeva le ha bɔm kple amesiwo di vevie be agbenɔnɔ nadze edzi na yewo alo yewoakeke yewoƒe asitsamɔnuwo ɖe enu la, nu mawo ate ŋu ava zu nu vevitɔwo kekeake na míawo hã.—Mateo 6:24; Korintotɔwo I, 15:33.

14 Gake ne Yehowa ƒe Nya doa dzidzɔ na mí la, “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” maɖi naneke le mía gbɔ o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míedea ha kple amesiwo tsɔa Mawu ƒe fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, míava nɔ abe woamawo ene, alɔ̃ nusiwo wolɔ̃ eye míatsri nusiwo wotsri.—Psalmo 15:4; Lododowo 13:20.

15. Aleke dzɔdzɔenyenye lɔlɔ̃ kple fuléle madzɔmadzɔnyenye ado ŋusẽ mí abe alesi wònɔ le Yesu gomee ene?

15 Fuléle madzɔmadzɔnyenye kple dzɔdzɔenyenye lɔlɔ̃ kpe ɖe Yesu ŋu eƒe ŋku nɔ “dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la” dzi. (Hebritɔwo 12:2) Míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke. To alesi míana wòanɔ susu me na mí be “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo” dzi. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe vivisese ɖesiaɖe si atso xexeame gbɔ la nɔa anyi. Gake “amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Le esi Yesu wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta la, eʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ ɖi na amegbetɔwo. (Yohanes I, 5:13) Neva eme be mí katã míasrɔ̃ eyama be eƒe nuteƒewɔwɔa naɖe vi na mí.

Tenɔnɔ Ðe Yometiti Nu

16. Nukatae Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be wòalɔ̃ wo nɔewo?

16 Yesu gaɖe mɔ bubu si nu eƒe nusrɔ̃lawo asrɔ̃ eyama le la fia gblɔ bena: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.” (Yohanes 15:12, 13, 17) Susu geɖewo li siwo ta Kristotɔwo lɔ̃a wo nɔewo ɖo. Nusi nɔ susu me na Yesu hafi wògblɔ nya mawoe nye fu si xexeame alé wo. Egblɔ be: “Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee. . . . Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.” (Yohanes 15:18, 20) Nyateƒee, le yometiti gɔ̃ hã gome la, Kristotɔwo le abe Yesu ene. Ehiã be woatu lɔlɔ̃ sẽŋu ɖo, be woate ŋu anɔ te ɖe fuléle ma nu.

17. Nukatae xexeame léa fu Kristotɔ vavãwo?

17 Nukatae xexeame alé fu Kristotɔwo? Elabena “womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 17:14, 16, NW) Womedea nu asrafonyawo kple dunyahehenyawo me o, ke woléa Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi, hedea bubu agbe ŋu, eye woléa agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Korintotɔwo I, 6:9-11) Woƒe taɖodzinu vevitɔ kuna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ke menye ŋutilãmenuwo ŋu o. Wole xexea me, gake abe alesi Paulo gblɔe ene la, womewɔa “eŋutidɔ bliboe o.” (Korintotɔwo I, 7:31, NW) Nyateƒee, ame aɖewo kafua Yehowa Ðasefowo ƒe dzidzenu kɔkɔwo me léle ɖe asi. Gake Yehowa Ðasefowo mewɔa ameŋkumenu kple susu be ne woakafu yewo alo woakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu o. Ale wɔ amesiwo le xexeame la dometɔ gbogbo aɖewo mesea woƒe nuwɔnawo gɔme o, eye wo dometɔ geɖe lé fu wo.

18, 19. Aleke Kristotɔwo wɔa nu ɖe tsitretsiɖeŋu kple yometiti ŋui le Yesu sɔsrɔ̃ me?

18 Yesu ƒe apostoloawo kpɔ alesi gbegbe xexeame ƒe fulélea nu sẽe teƒe esime wolé Yesu hewui, eye wokpɔ alesi Yesu nɔ te ɖe fuléle ma nui. Le Getsemane-bɔa me la, amesiwo tsi tre ɖe Yesu ƒe subɔsubɔ ŋu la va lée. Petro ɖe yi hete kpɔ be yeaʋli Yesu ta, gake egblɔ na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52; Luka 22:50, 51) Le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ me la, Israel-viwo tsɔ yi wɔ aʋa kple woƒe futɔwo. Gake egbea la, nɔnɔmea trɔ. Mawu ƒe Fiaɖuƒea “menye xexe sia me ƒe akpa aɖeke o” eye dukɔwo me liƒo aɖeke mele Fiaɖuƒe sia me siwo ta wòaʋli alo akpɔ o. (Yohanes 18:36, NW) Eteƒe madidi o Petro ava nye gbɔgbɔmedukɔ aɖe, si me tɔwo anɔ dziƒo la, me tɔ. (Galatiatɔwo 6:16; Filipitɔwo 3:20, 21) Eyata tso ɣemaɣi dzi yina la, Yesu yomedzelawo awɔ nu ɖe fuléle kple yometiti ŋu abe alesi wòwɔe ene—woawɔe vɔvɔ̃manɔmee ke hã, le ŋutifafa me. Woagblẽ nɔnɔmewo me tsonuwo ɖe Yehowa si me kakaɖedzitɔe eye woaɖo ŋu ɖe eyama ŋu be wòado ŋusẽ yewo yewoado dzi.—Luka 22:42.

19 Le ƒe aɖewo megbe la, Petro ŋlɔ bena: “Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome, . . . esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.” (Petro I, 2:21-23) Esi ƒeawo va le yiyim la, wohe yometiti sesẽwo va Kristotɔwo dzi, abe alesi tututu Yesu xlɔ̃ nui ene. Le ƒe alafa gbãtɔ me kple egbea siaa la, Kristotɔwo wɔ nu abe Yesu ene heɖo dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi, tsɔ ɖee fia be yewonye ŋutifafame wɔnuteƒewo. (Nyaɖeɖefia 2:9, 10) Neva eme be mía dometɔ ɖesiaɖe nanye ŋutifafame wɔnuteƒewo ne nɔnɔme mawo tɔgbe dze ŋgɔ mí.—Timoteo II, 3:12.

“Mido Aƒetɔ Yesu Kristo”

20-22. Mɔ ka nue Kristotɔwo ‘do Aƒetɔ Yesu Kristo’ le?

20 Paulo ŋlɔ na hame si nɔ Roma be: ‘Mido Aƒetɔ Yesu Kristo, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.’ (Romatɔwo 13:14) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Kristotɔwo do Yesu abe awu ene. Wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ale gbegbe be—togbɔ be wonye ame madeblibowo hã la—wova ɖia woƒe Aƒetɔ.—Tesalonikatɔwo I, 1:6.

21 Míate ŋu ‘ado Aƒetɔ Yesu Kristo’ dzidzedzetɔe ne míenya Aƒetɔ la ƒe agbenɔnɔ nyuie eye míedze agbagba be míanɔ agbe abe eyama ene. Eye míesrɔ̃ eƒe ɖokuibɔbɔ, eƒe dzɔdzɔenyenye lɔlɔ̃, eƒe fuléle madzɔmadzɔnyenye, eƒe lɔlɔ̃ na nɔviawo, eƒe xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye, eƒe dzidodo dzigbɔɖitɔe le fukpekpe me. Eye míenaa ‘beléle na ŋutilã zu nudzodzro si yome míetina o’—si fia be míenana ŋutilãmetaɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo alo kɔɖiɖi na ŋutilãmenudzodzrowo nyea nu vevitɔ na mí le agbe me o. Ke boŋ, ne míele nyametsotso aɖe wɔm alo le kuxi aɖe gbɔ kpɔm la, míebiana be: ‘Nukae Yesu awɔ le nɔnɔme sia me? Nukae wòadi tso asinye be mawɔ?’

22 Mlɔeba la, míesrɔ̃a Yesu le ‘gbeƒã ɖeɖe fiaɖuƒea’ moveviɖoɖotɔe me. (Mateo 4:23; Korintotɔwo I, 15:58) Le go ma me hã la, Kristotɔwo dzea Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la yome, eye nyati si kplɔe ɖo adzro alesi wowɔnɛ me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòle vevie be Kristotɔ nabɔbɔ eɖokui?

• Aleke míawɔ atu nyui kple vɔ̃ ŋuti nukpɔsusu nyui ɖo?

• Mɔ ka nue Kristotɔwo srɔ̃a Yesu le tenɔnɔ ɖe tsitretsiɖeŋu kple yometiti nu le?

• Aleke wòanya wɔe be ‘míado Aƒetɔ Yesu Kristo’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Kristotɔ ƒe agbemenuwɔna ɖesiaɖe, si me gbeƒãɖeɖe hã le, bia ɖokuibɔbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Satana ate ŋu ana be modzakaɖeɖe siwo mesɔ o nadze abe nu nyui ene na Kristotɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔviwo ado ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu nu