Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito

Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito

Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito

“Mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—DƆWƆWƆWO 1:8.

1, 2. Dɔ kae wode asi na Petro, eye amekae dee asi nɛ?

‘YESU, Nazaretetɔ la, de se na mí be, míaɖe gbeƒã afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, yenye amesi Mawu ɖo, be yeanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.’ (Dɔwɔwɔwo 10:38, 42) Apostolo Petro tsɔ nya mawo ɖe nu me na Kornelio kple eƒe ƒomea ku ɖe dɔ si wode esi be wòanye nyanyuigblɔla la ŋu.

2 Ɣekaɣie Yesu de dɔ ma asi nɛ? Anɔ eme be nya siwo Yesu gblɔ teti hafi dzo yi dziƒo le eƒe tsitretsitsi megbee nɔ susu me na Petro. Ɣemaɣi la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo be: “Mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ke hã, Petro nyae ɣeyiɣi aɖewo do ŋgɔ be esi yenye Yesu ƒe nusrɔ̃la ta la, ele na ye be yeaƒo nu tso xɔse si le ye si ɖe Yesu me la ŋu na amewo.

Ƒe Etɔ̃ ƒe Hehexɔxɔ

3. Nukunu kae Yesu wɔ, eye nukae wòkpe Petro kple Andrea be woava wɔ?

3 Ɣleti geɖe le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le ƒe 29 M.Ŋ. megbe la, eɖe gbeƒã le afisi Petro kple nɔviaŋutsu Andrea wɔ dɔ le abe tɔƒodelawo ene le Galilea-ƒua dzi. Wonɔ dɔ dzi zã bliboa katã gake womekpɔ naneke o. Gake Yesu gblɔ na wo be: “Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã.” Esi wowɔ ɖe nya si Yesu gblɔ dzi la, “woɖe lã geɖe ŋutɔ, eye woƒe ɖɔwo le dzedzem.” Esi Petro kpɔ nukunu sia la, vɔvɔ̃ ɖoe, gake Yesu fa dzi nɛ gblɔ bena: “Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.”—Luka 5:4-10.

4. (a) Aleke Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖi ɖasee? (b) Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe subɔsubɔdɔa le ne wotsɔe sɔ kple Yesu ŋutɔ tɔ?

4 Enumake Petro kple Andrea—hekpe ɖe Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo ƒe viwo, ŋu—gblẽ woƒe ʋuwo ɖi hedze Yesu yome. Wonɔ Yesu ŋu le eƒe gbeƒãɖemɔzɔzɔwo me hexɔ hehe abe nyanyuigblɔlawo ene ade ƒe etɔ̃. (Mateo 10:7; Marko 1:16, 18, 20, 38; Luka 4:43; 10:9) Le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu, le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. dzi la, Yesu gblɔ na wo bena: “Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ.” (Yohanes 14:12) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo aɖi ɖase tsitotsito abe alesi Yesu wɔe ene, gake wo tɔ akeke ta wu. Abe alesi eteƒe medidi o wova dze sii ene la, ele na woa kple ame bubu siwo katã ava zu nusrɔ̃lawo emegbe la be woaɖi ɖase le “dukɔwo katã” me, vaseɖe “xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:19, 20.

5. Mɔ kawo nue hehe si Yesu na eyomedzelawo la aɖe vi na mí le?

5 Míele agbe le “xexeame ƒe nuwuwu” ƒe ɣeyiɣia me. (Matthew 24:3) Míate ŋu anɔ Yesu yome akpɔe wòanɔ gbeƒã ɖem abe alesi wònɔ le nusrɔ̃la gbãtɔ mawo gome ene o. Ke hã, eƒe hehenana ate ŋu aɖe vi na mí ne míexlẽ nu tso alesi wòɖe gbeƒãe kple mɔfiame siwo wòna eyomedzelawo ŋu le Biblia me. (Luka 10:1-11) Gake nyati sia adzro nɔnɔme vevi bubu aɖe si Yesu ɖe fia eƒe nusrɔ̃lawo—si nye nɔnɔme nyui si nɔ esi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu—la me.

Ðetsɔtsɔ Le Amewo Me

6, 7. Yesu ƒe nɔnɔme kae na eƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eyama le go sia mee?

6 Nukatae Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kpɔ dzidzedze nenema gbegbe ɖo? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye eƒe ɖetsɔtsɔ le amewo me vevie. Hakpala la gblɔe ɖi be Yesu “ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu.” (Psalmo 72:13) Le nyateƒe me la, ena nyagblɔɖi ma va eme. Biblia gblɔ le nudzɔdzɔ aɖe ŋu be: “Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo gɔ̃ hã kpɔ alesi gbegbe wòtsɔa ɖe le eme na amee la dze sii eye wote ɖe eyama ŋu.—Mateo 9:9-13; Luka 7:36-38; 19:1-10.

7 Egbea míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzedze ne míeɖe ɖetsɔleme ma ke fia amewo. Hafi nàdze subɔsubɔdɔa gɔme la, nukatae màtɔ sẽ ade ŋugble le alesi gbegbe gbedasi si nètsɔ yina na amewo la hiã woe ŋu o? Bu kuxi siwo ate ŋu anɔ fu ɖem na wo, si gbɔ Fiaɖuƒea ko ate ŋu akpɔ, la ŋu. Ðoe kplikpaa be susu nyui nanɔ asiwò ɖe amesiame ŋu, le esi mènya amesi le gbedasia xɔ ge nyuie o ta. Ðewohĩ amesi ŋu nàgate ɖo anya nɔ gbe dom ɖa henɔ mɔ kpɔm be ame abe wò ene nava kpe ɖe ye ŋu!

Lɔlɔ̃ Naʋã Mí

8. Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, nukae ʋãa eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nyanyuia?

8 Nyanyui si ŋu Yesu ɖi ɖase le la ku ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ƒe emevava, Eƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ, kple Eƒe dziɖulanyenye taʋiʋli—siwo nye nya vevitɔwo kekeake si dze ŋgɔ ameƒomea—ŋu. (Mateo 6:9, 10) Lɔlɔ̃ si le Yesu si na Fofoa ʋãe be wòlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe nuwuwu, eye wòɖi ɖase tsitotsito tso Fiaɖuƒe, si akpɔ nya mawo katã gbɔ, la ŋu. (Yohanes 14:31) Esi wònye lɔlɔ̃ ma kee ʋãna Yesu yomedzelawo egbea ta la, dzi dzɔa wo ne wole gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi,” eye se si nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo hã le eme.—Yohanes I, 5:3; Mateo 28:19, 20.

9, 10. Le lɔlɔ̃ na Mawu megbe la, lɔlɔ̃ bubu kae ʋãa mí be míaɖi ɖase tsitotsito?

9 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi. Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem.” (Yohanes 14:15, 21) Eyata ele be lɔlɔ̃ na Yesu naʋã mí be míaɖi ɖase tso nyateƒea ŋu eye míawɔ ɖe nu bubu siwo ƒe se Yesu de la dzi. Le Yesu ƒe eɖokui ɖeɖe fia enuenu le eƒe tsitretsitsia megbe dometɔ aɖe me la, exlɔ̃ nu Petro bena: “Nyi nye alẽviawo. . . . Kpɔ nye alẽawo dzi. . . . Nyi nye alẽawo.” Nukae wòle be wòaʋã Petro be wòawɔ esia? Yesu ɖo nya la ŋu esi wòbia Petro edziedzi be: “Èle lɔ̃yem . . . mahã? . . . Èle lɔ̃yem mahã? . . . Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa?” Nyateƒee, Petro ƒe lɔlɔ̃ na Yesu, eƒe nu malɔ̃malɔ̃ le egbɔ, aʋãe be wòaɖi ɖase tsitotsito, adi Yesu ƒe “alẽviawo,” eye emegbe wòakpɔ wo dzi le gbɔgbɔ me.—Yohanes 21:15-17.

10 Egbea la, míenya Yesu ŋkume kple ŋkume abe alesi Petro nyae ene o. Ke hã, nusi Yesu wɔ na mí ƒe gɔmesese deto le mía si. Lɔlɔ̃ gã si ʋã Yesu be “wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu” la ʋãa míaƒe dzi. (Hebritɔwo 2:9; Yohanes 15:13) Míesena le mía ɖokui me abe alesi Paulo se le eɖokui mee ene esi wòŋlɔ bena: “Kristo ƒe lɔlɔ̃ la le mía kplɔm . . . Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena [eyama].” (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Míeɖenɛ fiana be míebu lɔlɔ̃ si le Yesu si na mí la nu vevii eye be míawo hã míelɔ̃e to dɔdasi si nye gbeƒãɖeɖe tsitotsito moveviɖoɖotɔe wɔwɔ me. (Yohanes I, 2:3-5) Míadi gbeɖe be míawɔ alɔgblɔdɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, abe ɖe míebu Yesu ƒe vɔsaa ɖe naneke me o ene, o.—Hebritɔwo 10:29.

Susu Ðoɖo Nu Vevitɔ la Dzi

11, 12. Susu ka tae Yesu va xexeame ɖo, eye aleke wòɖee fiae be nu ma koe le vevie na ye wu?

11 Esime Yesu nɔ Pontio Pilato ŋkume la, egblɔ be: “Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Yesu meɖe mɔ naneke do kplamatse eƒe ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu o. Emae nye nusi Mawu di tso esi be wòawɔ.

12 Le nyateƒe me la, Satana do Yesu kpɔ le go sia me. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti ko la, Satana doe ɖe egbɔ be yeana wòazu ameŋkuta le xexeame, ahatsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” anae. (Mateo 4:8, 9) Emegbe la, Yudatɔwo hã di be yewoaɖoe fiae. (Yohanes 6:15) Ame aɖewo abui be ne ɖe Yesu lɔ̃ xɔ ɖoƒe mawo la anyo, ɖewohĩ kple susu be ne ezu fia henye amegbetɔ la, anye ne awɔ nu nyui geɖe na ameƒomea. Gake Yesu gbe nuŋububu ma. Eƒe susu nɔ ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu dzi.

13, 14. (a) Nukae mete ŋu do kplamatse Yesu le nusi nɔ vevie nɛ wu la wɔwɔ me o? (b) Togbɔ be Yesu nye hiãtɔ le ŋutilã me hã la, nukae wòte ŋu wɔ?

13 Gakpe ɖe eŋu la, Yesu metsɔ kesinɔnuwo yometiti do kplamatse nusi nɔ vevie nɛ la o. Esia wɔe be meɖu agbe abe kesinɔtɔ ene o. Aƒe gɔ̃ hã menɔ eya ŋutɔ si o. Egblɔ ɣeaɖeɣi be: “Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Mateo 8:20) Esi Yesu ku la, eƒe nunɔamesi si ko ŋu asixɔxɔ nɔ, si wode dzesii, enye eƒe awu ʋlaya si dzi asrafowo dzidze nu ɖo. (Yohanes 19:23, 24) Ekema ɖe Yesu do kpo nu le agbe mea? Kura o!

14 Yesu wɔ nu geɖe siwo ɖe vi sasasã wu nusi dɔmenyodɔwɔla kesinɔtɔ gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la te ŋu wɔ. Paulo gblɔ be: “Mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me [azu] kesinɔtɔwo.” (Korintotɔwo II, 8:9; Filipitɔwo 2:5-8) Togbɔ be Yesu nye hiãtɔ le ŋutilã me hã la, eʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na ɖokuibɔbɔlawo be woase agbe mavɔ ƒe vivi le blibodede me. Aleke gbegbe míedaa akpe nɛ enye si! Eye aleke gbegbe dzi dzɔ míi enye si le teƒeɖoɖo si wòxɔ, le esi wòtsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me ta!—Psalmo 40:9; Dɔwɔwɔwo 2:32, 33, 36.

15. Nuka ŋue viɖe xɔasi le wu kesinɔnu?

15 Kristotɔ siwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu egbea hã meɖea mɔ be kesinɔnuwo yometiti nado kplamatse wo o. (Timoteo I, 6:9, 10) Wolɔ̃ ɖe edzi be kesinɔnuwo ate ŋu ana agbe nade ame dzi ya, gake wonyae be yewoƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ menɔa te ɖe kesinɔnu dzi o. Ne Kristotɔ aɖe ku la, viɖe aɖeke meganɔa eƒe ŋutilãmekesinɔnuwo ŋu nɛ o abe alesi ko Yesu ƒe awu meganye viɖenu aɖeke nɛ esime woku la o ene. (Nyagblɔla 2:10, 11, 17-19; 7:12) Ne Kristotɔ aɖe ku la, nusi ko ŋu viɖe xɔasi anɔ nɛ enye ƒomedodo si le eya kple Yehowa kpakple Yesu Kristo dome.—Mateo 6:19-21; Luka 16:9.

Tsitretsiɖeŋu Mexe Mɔ Nɛ O

16. Aleke Yesu wɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋu ŋui?

16 Tsitretsiɖeŋu mena Yesu tra ɖa tso ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu, si nye dɔ si nɔ vevie nɛ, la gbɔ o. Enyanya be yeava ku vɔsaku le yeƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu gɔ̃ hã meɖe dzi le eƒo o. Paulo gblɔ le Yesu ŋu be: “Amesi do dzi kpe [fuwɔameti] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.” (Hebritɔwo 12:2) De dzesii be Yesu ‘mebu ŋukpe dodoe ŋu o.’ Metsi dzi ɖe nusi tsitretsiɖeŋulawo abu le eyama ŋu la ŋuti o. Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ye nɔ vevie nɛ.

17. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe dzidodo me?

17 Esi Paulo nɔ nu ƒom tso nufiame siwo le Yesu ƒe dzidodo me ŋu la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo bena: “Mibu amesi do dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.” (Hebritɔwo 12:3) Nyateƒee, tsitretsitsi ɖe ame ŋu alo fewuɖuɖu le ame ŋu gbesiagbe te ŋu nyea nusi ɖea dzi le ame ƒo ŋutɔ. Be míayi edzi anɔ nu gbem le xexeame ƒe nudzroamewo gbɔ, si ɖewohĩ wɔa mo yaa na ƒometɔ siwo dea dzi ƒo na mí be “míazu ame ŋkutawo” la, te ŋu sesẽna ŋutɔ. Ke hã, abe Yesu ene la, míekpɔa Yehowa sinu be wòado ŋusẽ mí eye míeɖonɛ kplikpaa tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Mateo 6:33; Romatɔwo 15:13; Korintotɔwo I, 2:4.

18. Nufiame nyui kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ na Petro me?

18 Yesu ɖe alesi wòɖo tame kplikpaa be yemaɖe mɔ naneke nado kplamatse ye o fia esime wònɔ ku si dze ŋgɔe ŋu nya gblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo. Petro de dzi ƒo na Yesu be ‘esia nede megbe ɖa xaa’ tso gbɔwò, hegblɔ nɛ kakaɖedzitɔe be “esia nagava dziwò gbeɖe o!” Yesu gbe toɖoɖo nusianu si ate ŋu agbɔdzɔ eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu me la. Etrɔ gblɔ na Petro bena: “Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.” (Mateo 16:21-23) Neva eme be míawo hã míaɖoe kplikpaa agbe nu le amegbetɔ ƒe tamesusuwo gbɔ nenema ke. Eye mina Mawu ƒe tamesusuwo nafia mɔ mí ɣesiaɣi.

Ahe Viɖe Ŋutɔŋutɔwo Vɛ

19. Togbɔ be Yesu nye nukunuwɔla hã la, nukae nye eƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevitɔ kekeake?

19 Yesu wɔ nukunu geɖewo tsɔ ɖee fia be yee nye Mesia la. Efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Dɔ mawo wɔ dɔ ɖe amehaawo dzi baa, ke hã, menye hadomedɔ dzro ko wɔwɔ tae Yesu va anyigba dzi ɖo o. Eva be yeaɖi ɖase tso nyateƒea ŋu. Enya be ŋutilãmeviɖe ɖesiaɖe si yena amewo manɔ anyi ɖaa o. Amesiwo wòfɔ ɖe tsitre gɔ̃ hã agaku ake. Ðaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu koe ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ agbe mavɔ.—Luka 18:28-30.

20, 21. Aleke Kristotɔ vavãwo dana sɔna le dɔ nyuiwo wɔwɔ gomee?

20 Egbea la, ame aɖewo dze agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ to kɔdziwo ɖoɖo alo hadomedɔ bubuwo wɔwɔ na ame dahewo le xexeame me. Wozãna ga gbogbo aɖe ŋutɔ le dɔ siawo dometɔ aɖewo wɔwɔ me, eye woƒe veviedodonu dze na kafukafu; gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe gbɔdzɔe ɖesiaɖe si woahe vɛ la anɔ anyi. Fiaɖuƒea koe ahe gbɔdzɔe mavɔ vɛ. Le esia ta, Yehowa Ðasefowo tsia dzi ɖe ɖaseɖiɖi tso nyateƒe si ku ɖe Fiaɖuƒe ma ŋu la ŋuti, abe alesi Yesu wɔe ene.

21 Enye nyateƒe be Kristotɔ vavãwo wɔa dɔ nyuiwo hã. Paulo ŋlɔ bena: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Le afɔkudzɔɣiwo alo ne hiã tu ame aɖewo la, míehena ɖe megbe kura le “nu nyui” wɔwɔ na míaƒe aƒelikawo alo mía nɔvi Kristotɔwo ŋu o. Gake míaƒe susu kpɔtɔ nɔa nusi le vevie wu—si nye ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu—la dzi.

Srɔ̃ Nu tso Yesu ƒe Kpɔɖeŋu Me

22. Nukatae Kristotɔwo ɖea gbeƒã na wo haviwo?

22 Paulo ŋlɔ bena: “Elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!” (Korintotɔwo I, 9:16) Mewɔ nu ɖekematsɔlemetɔe le nyanyui la ŋuti o elabena gbeƒãɖeɖe tso eŋu axɔ eya ŋutɔ kple amesiwo ɖoa toe la ɖe agbe. (Timoteo I, 4:16) Nenema kee, míawo hã míebuna míaƒe subɔsubɔdɔae. Míedi be míakpe ɖe mía haviwo ŋu. Míedi be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa afia. Míedi be míaɖo kpe míaƒe lɔlɔ̃ na Yesu kple míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ gã si le esi na mí ŋu la dzi. Eyata míeɖea gbeƒã nyanyuia eye ‘míeganɔa agbe na amewo ƒe didi o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.’—Petro I, 4:1, 2.

23, 24. (a) Nukae míesrɔ̃ tso lãɖeɖe wɔnuku la me? (b) Amekawoe le ɖase ɖim tsitotsito egbea?

23 Abe Yesu ene la, míeɖena susu ɖa le dɔ vevitɔ la dzi gbeɖe o, ne amewo ɖu fewu le mía ŋu alo do dziku hegbe míaƒe gbedasia gɔ̃ hã. Míesrɔ̃ nu tso nukunu si Yesu wɔ esime wòyɔ Petro kple Andrea be woava dze ye yome la me. Míekpɔe be ne míeɖo to Yesu eye míeɖi míaƒe ɖɔwo ɖe tsi siwo wòdze abe lã manɔ wo me o ene, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, me la, míaɖe lã geɖe. Kristotɔ lãɖela geɖewo va ɖe lã geɖe le tɔ siwo wò dze abe lã mele wo me o ene me, le ƒe gbogbowo tsɔtsɔ wɔ dɔ le teƒe mawo megbe. Wo dometɔ bubuwo te ŋu ʋu yi nuto siwo me lãwo de ha le me eye woɖe lã geɖe le teƒe mawo. Eɖanye nuka ke wɔmee míele o, míagbe ɖaseɖiɖi le nyateƒea ŋu o. Míenya be Yesu mekpɔ gblɔ le anyigbaa ƒe nuto aɖeke ŋu be gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le afima wu enu haɖe o.—Mateo 24:14.

24 Yehowa Ðasefo siwo wu miliɔn ade la le dɔ dzi vevie le anyigba 230 kple edzivɔwo dzi. Subɔsubɔdɔ si wowɔ le ƒe 2004 subɔsubɔƒea me la ƒe xexeame katã ƒe akɔntabubu ŋu nyatakaka anɔ February 1, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tataa me. Nyatakaka ma aɖe alesi gbegbe Yehowa le yayram ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzii la afia. Le ɣeyiɣi si susɔ be nuɖoanyi sia nanɔ anyi ase ɖo me la, mina míayi edzi awɔ ɖe Paulo ƒe nya dedzoameme sia dzi be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi.” (Timoteo II, 4:2) Neva eme be míayi edzi aɖi ɖase tsitotsito vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu.

Tso ƒe sia me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Xexeame Katã ƒe Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubu magadze le Gbetakpɔxɔ January 1 ƒe tatawo me o. Ke boŋ woatae ɖe February 1 ƒe tatawo me.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Aleke hehe si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu aɖe vi na míi?

• Aleke Yesu wɔ nu ɖe amesiwo wòɖe gbeƒã na la ŋui?

• Nukae ʋãa mí be míaɖi ɖase tsitotsito?

• Mɔ kawo nue míate ŋu ayi edzi aɖo susu dɔ vevitɔ la dzi le, abe alesi Yesu wɔe ene?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Míakpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me ne míetsɔ ɖe le amewo me abe alesi Yesu wɔe ene

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Nu vevi si tae Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be yeaɖi ɖase tso nyateƒea ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Yehowa Ðasefowo tsia dzi ɖe ɖaseɖiɖi tsitotsito ŋu