Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Ŋusẽ Ðe Nusi Nàva Zu Dzia?

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Ŋusẽ Ðe Nusi Nàva Zu Dzia?

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Ŋusẽ Ðe Nusi Nàva Zu Dzia?

ÐE WOÐO nusi míava zu mlɔeba ɖia? Ðe tiatia siwo míewɔna le agbe me kpɔa ŋusẽ aɖe ɖe míaƒe etsɔme dzia?

Tsɔe be ame ŋutɔe ɖoa nusi wòava nye la ɖi. Le go sia me la, ɖe woate ŋu aɖo dɔ si koŋ ame aɖe ava wɔ alo agbanɔamedzi aɖe si wòava tsɔ la ɖi nɛa? Evɔ aleke Mawu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la nava eme, ne ɖe amegbetɔwo kpɔ mɔ aɖo nusi woava nye la ɖi na wo ɖokui? Biblia ɖo nyabiabia siawo ŋu wòde edeƒe nyuie.

Nuɖoɖiname Kple Tiatiawɔblɔɖe—Ðe Nu Eve Siawo Ate Ŋu Azɔ Aduadua?

De ŋugble tso alesi Yehowa Mawu wɔ míi ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Mawu ƒe nɔnɔme nue [wòwɔ ame] ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” (Mose I, 1:27) Esi Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, ŋutete le mía si be míaɖe eƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ afia. Mawu na tiatiawɔblɔɖe hã mí. Esia na míeto vovo kura le eƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo dome. Míate ŋu atiae be míawɔ ɖe mɔfiame siwo Mawu na ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu dzi loo alo míawɔ ɖe wo dzi o. Esia tae nyagblɔɖila Mose te ŋu gblɔ be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu.”—Mose V, 30:19, 20.

Ke hã tiatiawɔblɔɖe ƒe nunana la mefia be míekpɔ mɔ awɔ nusianu o. Mena míevo tso dzɔdzɔmese kple agbenyuinɔnɔse siwo Mawu de be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le xexea me eye ŋutifafa nanɔ anyi la me o. Míaƒe nyonyo tae se siawo li ɖo, eye wo dometɔ aɖe dzi dada ate ŋu ana míaɖo afɔku me vevie. Wo ya bu nusi ate ŋu adzɔ ne míeŋe aɖaba ƒu nuheŋusẽ ƒe sea dzi, ti kpo tso xɔ kɔkɔ aɖe tame ŋu kpɔ ko!—Galatiatɔwo 6:7.

Tiatiawɔblɔɖea hã xea mɔ na mí ɖe nanewo wɔwɔ nu, evɔ mele nenema le nuwɔwɔ siwo si tiatiawɔblɔɖe mele o ya gome o. Agbalẽŋlɔla Corliss Lamont bia be: “Aleke wɔ míada nu nyui alo nu vɔ̃ɖi siwo amewo wɔna ƒe agba ɖe wo dzi ahahe to na wo ɖe nugbegblẽwɔwɔ ta, ne míexɔe se . . . be ɖe woɖo tiatia kple nusiwo woawɔ la ɖi na wo do ŋgɔ?” Le nyateƒe me la, masɔ be míawɔe nenema o. Womedaa nusiwo lã nyasamanɔsitɔwo wɔna la ƒe agba ɖe wo dzi loo alo biana tso kɔmpiutawo si be woana akɔnta ɖe ɖoɖo siwo wowɔ de wo me wotsɔ wɔ dɔe ta o. Esia ta tiatiawɔblɔɖea da agba kpekpe aɖe ɖe mía dzi eye wònana míebua míaƒe nuwɔnawo ŋuti kɔnta.

Aleke gbegbe Yehowa anye Mawu malɔ̃ame kple madzɔmadzɔtɔ enye si ne ɖe wòɖo nusi míava zu le etsɔme ɖi evɔ wòagabia be míatsɔ míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe agba! Mewɔa nu alea o, elabena “Mawu enye lɔlɔ̃,” eye “eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Yohanes I, 4:8; Mose V, 32:4) Mawu mena mí tiatiawɔblɔɖe evɔ ‘wòɖo amesiwo akpɔ ɖeɖe kple amesiwo atsrɔ̃ ɖi tso gbaɖegbe ʋĩ ke’ abe alesi nuɖoɖiname dzixɔselawo gblɔna ene o. Tiatiawɔblɔɖe tsi tre ɖe nuɖoɖiname ŋu.

Biblia ɖee fia eme kɔ ƒã be tiatia siwo míewɔna atrɔ nusi míava zu le etsɔme. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒo koko na nugbegblẽwɔlawo be: “Amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me, . . . ekema nyemawɔ vɔ̃ aɖeke mi o.” (Yeremya 25:5, 6) Susu manɔ kokoƒoƒo sia me ne ɖe Mawu ɖo alesi nuwo ava nɔ na amesiame ɖi xoxo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, bena gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 3:19, 20) Nukatae Yehowa abia tso amewo si be woatrɔ dzime ahagbugbɔ tso woƒe nuvɔ̃wo gbɔ ne enya xoxo be naneke meli woate ŋu awɔ tso alesi nuwo ava nɔ na wo ŋu o?

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso ame aɖewo siwo Mawu kpe be woava ɖu fia kple Yesu Kristo le dziƒo ŋu. (Mateo 22:14; Luka 12:32) Ke Biblia gblɔ be mɔnukpɔkpɔ ma age le wo si ne womedo dzi vaseɖe nuwuwu o. (Nyaɖeɖefia 2:10) Nukata Mawu akpe wo ne eɖoe ɖi xoxo be yematia wo o? De ŋugble tso apostolo Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na ehati haxɔsetɔwo hã ŋu kpɔ. Eŋlɔ be: “Ne míexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o.” (Hebritɔwo 10:26) Asixɔxɔ aɖeke manɔ nuxlɔ̃menya ma ŋu ne ɖe Mawu ɖo alesi woava zu le etsɔme ɖi na wo xoxo o. Gake Mawu ɖo ame aɖewo ya teti ɖi be woaɖu dzi kple Yesu Kristo ɖe, alo?

Ame Ðekaɖekawoe Woɖo Ði Loo alo Amewo ƒe Ƒuƒoƒo Aɖea?

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mawu . . . tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mía dzi le Kristo me, abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, . . . esi wòtsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo dzi na eɖokui.” (Efesotɔwo 1:3-5) Nukae Mawu ɖo ɖi, eye gɔmesese kae le nya si nye be etia wo “hafi wòɖo xexeame gɔme anyi” ŋu?

Akpa sia gblɔ be Mawu tia ame gbãtɔ Adam ƒe dzidzimevi aɖewo be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo. (Romatɔwo 8:14-17, 28-30; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Gake ebubu be Yehowa Mawu tia ame ɖekaɖeka aɖewo koŋ be mɔnukpɔkpɔ sia nasu wo si ƒe akpe geɖe hafi wova dzi wo la tsi tre ɖe tiatiawɔblɔɖe si wona amegbetɔwo la ŋu. Amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe alo ame hatsotso aɖee Mawu ɖo ɖi, ke menye ame ɖekaɖekawo o.

Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be dziɖuɖu aɖe ɖoe be yeaɖo dɔwɔƒe aɖe. Awɔ ɖoɖo ɖe dɔ siwo dɔwɔƒea awɔ, nusiwo wòakpɔ ŋusẽ awɔ, kple dɔwɔƒea ƒe lolome ŋu ɖi. Dɔwɔƒea adze dɔwɔwɔ gɔme mlɔeba le ɖoɖowɔwɔ ɖe eɖoɖo ŋu vɔ megbe, eye dɔwɔƒea ƒe akametiwo agblɔ be: “Dziɖuɖua wɔ ɖoɖo ƒe aɖewoe nye sia va yi ɖe dɔ si míawɔ ŋu. Fifia míedze dɔ si wode mía si la wɔwɔ gɔme.” Ðe nàƒo nya ta be ɖe dziɖuɖua ɖo ame ɖekaɖeka siwo ava nye dɔwɔƒe ma ƒe akametiwo ɖi ƒe aɖewo do ŋgɔa? Kakaɖedzitɔe la màƒo nya ta nenema o. Nenema ke Yehowa ɖoe ɖi be yeawɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe si dzi yeato akpɔ Adam ƒe nuvɔ̃ me tsonuwo gbɔe do ŋgɔ. Eɖo ƒuƒoƒo aɖe si awɔ dɔ sia la ɖi do ŋgɔ—menye amesiwo anɔ ƒuƒoƒoa mee wòɖo ɖi o. Woatia wo emegbe, eye tiatia siwo amesiawo awɔ le woƒe agbe mee afia mlɔeba nenye be woakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu atia wo loo alo womakpɔe ɖe wo ŋu o.

Xexe kae nɔ susu me na apostolo Paulo esi wògblɔ be: “[Mawu] tia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi”? Xexe si ŋu nya Paulo gblɔ le afisia la menye xexe si Mawu wɔ esime wòwɔ Adam kple Xawa o. Xexe ma ‘nyo ŋutɔ’—nuvɔ̃ kple gbegblẽƒe aɖeke menɔ eŋu o. (Mose I, 1:31) Xexe ma mehiã ‘ɖeɖe’ tso nuvɔ̃ me o.— Efesotɔwo 1:7.

Xexe si koŋ Paulo wɔnɛ enye esi dze egɔme le Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze le Eden megbe—enye xexe aɖe si to vovo kura tso esi Mawu ɖo anyi le gɔmedzedzea me la gbɔ. Adam kple Xawa ƒe viwo nye xexe ma me tɔ gbãtɔwo. Amesiwo ɖe ɖe aga tso Mawu gbɔ, eye wonye kluviwo na nuvɔ̃ kple gbegblẽe nɔ xexe ma me. Enye xexe aɖe si me tɔwo woawɔ xɔxɔ ƒe ɖoɖo na, elabena womele abe Adam kple Xawa, amesiwo ɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃ la ene o.—Romatɔwo 5:12; 8:18-21.

Yehowa Mawu te ŋu kpɔ nusi do tso tsitretsiɖeŋu si fɔ ɖe te le Eden la gbɔ enumake. Esime hiahiãa do mo ɖa teti ko la, ewɔ dɔwɔnu tɔxɛ aɖe ƒe ɖoɖo—si nye Mesia Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me—be yeazãe atsɔ aɖe ameƒomea tso Adam ƒe nuvɔ̃ me. (Mateo 6:10) Mawu wɔ esia “hafi wòɖo xexeame,” ameƒomea si akpɔ ɖeɖe, “gɔme anyi,” si fia be ewɔ ɖoɖo sia hafi aglãdzela Adam kple Xawa va dzi vi.

Zi geɖe la, amegbetɔwo hiãna ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ hafi wote ŋu wɔa nusiwo wodina be yewoawɔ. Nuɖoɖiname afia be ele be Mawu nawɔ ɖoɖo ɖe xexea me ŋu tsitotsito be wòaɖo alesi nusianu ava nɔ la ɖi. Roy Weatherford ŋlɔ be: “Ewɔ na xexemenunyala geɖe be ne ɖe Mawu meɖo nusianu si dzɔna ɖi o la anye eƒe Ŋusẽtɔnyenye madze o.” Ðe wòhiã nyateƒe be Mawu nagblɔ nusianu si ava dzɔ la ɖi tsitotsitoa?

Esi seɖoƒe meli na Yehowa ƒe ŋusẽ o eye womate ŋu atsɔ eƒe nunya asɔ kple ame aɖeke tɔ o ta la, ate ŋu akpɔ nudzɔdzɔ kpata alo esiwo ɖina ɖe ame siwo ado tso eƒe nuwɔwɔwo ƒe tiatiawɔblɔɖe ŋudɔwɔwɔ me la gbɔ bɔbɔe. (Yesaya 40:25, 26; Romatɔwo 11:33) Ate ŋu awɔ esia enumake eye mahiã be wòawɔ eŋu ɖoɖo do ŋgɔ hafi o. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mele abe amegbetɔ madeblibo siwo ƒe ŋutetewo ŋu seɖoƒe le ene ne wòahiã be wòaɖo alesi nuwo ava nɔ na amesiame le anyigba dzi ɖi do ŋgɔ o. (Lododowo 19:21) Woƒo nu tso Mawu ŋu le Efesotɔwo 3:11 le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me be ‘tameɖoɖo mavɔ’ le esi, tsɔ wu be woagblɔ be ɖoɖowɔɖie le esi.

Alesi Nàkpɔ Ŋusẽ Ðe Alesi Wò Etsɔme Ava Nɔ Dzii

Tameɖoɖo le Mawu si na anyigba la, eye eɖo tame ma ɖi do ŋgɔ. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Ẽ, anyigba sia ava zu paradiso, abe alesi Yehowa ɖo tame tso gɔmedzedzea mee ene. (Mose I, 1:27, 28) Nyabiase lae nye be, Ànɔ afima? Ema anɔ te ɖe tiatia siwo nàwɔ fifia dzi. Yehowa meɖo wò dzɔgbese ɖi na wò o.

Tafevɔsa si Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la na, wɔe wòle bɔbɔe be amesiame si axɔ edzi ase la nakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16, 17; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Biblia gblɔ be: “Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o.” (Yohanes 3:36) Àte ŋu atiae be yeakpɔ agbe ne èsrɔ̃ nu tso Mawu, Via, kple Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu tso Biblia me eye nèwɔ ɖe nusiwo nèsrɔ̃ la dzi. Kakaɖedzi le amesiame si wɔna ɖe nunya vavã si le Mawu ƒe Nya me dzi la si be ava “anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.”—Lododowo 1:20, 33.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Amegbetɔwo mele abe lãwo ene o, eyata nu nyui alo nu gbegblẽ si wowɔna ƒe agba le wo dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Hɔ̃:Foto: Cortesía de GREFA