Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi si me Ta Ƒowɔ Nyea “Atsyɔ̃fiakuku”

Ɣeyiɣi si me Ta Ƒowɔ Nyea “Atsyɔ̃fiakuku”

‘Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ

Ɣeyiɣi si me Ta Ƒowɔ Nyea “Atsyɔ̃fiakuku”

“AGBE si nyo wu ɖesiaɖe,” nenemae Muriel amesi xɔ ƒe 101 gblɔ. Theodoros, amesi xɔ ƒe 70 ƒo nya ta be: “Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye!” Maria si xɔ ƒe 73 hã gblɔ be: “Mɔ nyui bubu aɖeke megali si dzi mato azã nye agbe wòanyo wu o.” Wo katã wosubɔ Yehowa Mawu le woƒe agbemeŋkekewo me.

Ame tsitsi siawo tɔgbe bɔ ɖe Yehowa subɔla veviedolawo dome egbea le xexeame godoo. Togbɔ be tsitsi, lãmegbegblẽ, kple nɔnɔme madeamedzi bubuwo ɖea fu na wo hã la, woyia edzi subɔa Mawu kple luʋɔ blibo. Nuteƒewɔla tsitsi siawo tɔgbe ɖoa kpɔɖeŋu le mawusosroɖa gome le Kristo-hamea me. Togbɔ be nɔnɔmeawo maɖe mɔ woawɔ geɖee abe tsã ene o hã la, woƒe subɔsubɔ xɔ asi le Yehowa ŋkume ale gbegbe. *Korintotɔwo II, 8:12.

Psalmowo ƒe agbalẽa kafu agbenɔnɔ si me dzidzeme le, si ame tsitsi nuteƒewɔlawo ate ŋu akpɔ mɔ be wòasu yewo si. Woate ŋu atsɔ wo asɔ kple ati tsitsi gã siwo kpɔtɔna tsea ku. Hakpalaa dzi ha ku ɖe ame tsitsi wɔnuteƒewo ŋu be: “Woatse ku le tsitsi me ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama.”—Psalmo 92:15.

Ame aɖewo avɔ̃ be ne yewova tsi eye wɔna vɔ le yewo ŋu la, womatsɔ ɖeke le eme na yewo o. David ƒo kokoko na Mawu be: “Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!” (Psalmo 71:9) Nuka gbɔe wòtsona be ame aɖewo gbɔdzɔna evɔ ŋusẽ ɖoa bubuwo ya ŋu le woƒe tsitsi me? Etso Mawu ƒe nɔnɔme si nye nudzɔdzɔewɔwɔ gbɔ. Hakpalaa dzi ha be: “Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.”—Psalmo 92:13.

Amesiwo tsɔ anukwareɖiɖi subɔ Mawu le woƒe agbe me ate ŋu atse ku abe ati ene le woƒe tsitsi me. Le nyateƒe me la, nuku siwo woƒã le wo ŋutɔwo ƒe agbe me kple kpekpeɖeŋu siwo wona ame bubuwo miena hetsea ku nyuiwo na ŋeŋe. (Galatiatɔwo 6:7-10; Kolosetɔwo 1:10) Gake zi geɖe la, asixɔxɔ gobi aɖeke menɔa amesiwo gblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe ɖokuitɔdidi nuwɔna ŋu, si naa woŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi la, ƒe agbe ŋu le woƒe tsitsi me o.

Wogate gbe ɖe alesi nudzɔdzɔewɔwɔ nyea atsyɔ̃fiakuku le amegãkuɣi dzi le Biblia-gbalẽ si nye Lododowo me. Míexlẽ le afima be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.” (Lododowo 16:31) Nyateƒee, ame ƒe dzi mee nudzɔdzɔewɔwɔ tsona. Nudzɔdzɔewɔwɔ le agbe me ŋkekewo katã me naa bubu nɔa ame ŋu. (Mose III, 19:32) Ne wotsɔ nunya kple agbenyuinɔnɔ kpe ɖe ta ƒowɔ ŋu la, ehea bubu vɛ.—Hiob 12:12.

Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ ne míezã míaƒe agbe tsɔ subɔ eyama le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ame ma ke [nye Yehowa] manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.” (Yesaya 46:4) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na ame enye si be woanya be mía Fofo si le dziƒo la do ŋugbe be yealé ye subɔla wɔnuteƒewo ɖe te ahakpe ɖe wo ŋu le woƒe tsitsi me!—Psalmo 48:15.

Ne Yehowa bua míaƒe nuteƒewɔwɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me be enya kpɔna ŋutɔ la, ɖe mana ame bubuwo hã nade bubu mía ŋu oa? Esi míesrɔ̃a Mawu ƒe nukpɔsusu ta la, míedea bubu haxɔsetɔ tsitsiwo ŋu. (Timoteo I, 5:1, 2) Eyata mina míadi mɔ siwo dzi míato aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia ame tsitsiwo to woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo me.

Dzɔdzɔenyenye ƒe Mɔa dzi Toto le Amegãkuɣi

Salomo ka ɖe edzi na mí be: “Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.” (Lododowo 12:28) Tsitsi mexea mɔ na ame le mɔ sia dzi toto me le amegãkuɣi o. Le kpɔɖeŋu me le Moldova la, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 99 nye Kɔmiunisttɔ dunyahela tso keke eƒe ɖevime ke. Enye dada nɛ be yeɖo dze ŋkume kple ŋkume kple Kɔmiunisttɔwo ƒe dunyahela xɔŋkɔwo abe V. I. Lenin ene. Esi Kɔmiunist dziɖuɖua nɔ to yim hemu mlɔeba la, taɖodzinu gobi aɖeke megava nɔ ŋutsu tsitsi sia ƒe agbe ŋu ne wòato mɔ ɖeka o. Gake esi Yehowa Ðasefowo fiae be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu ɖeka kolia la, exɔ Biblia ƒe nyateƒea dzi se eye wòva zu Ŋɔŋlɔawo srɔ̃la veviedonula aɖe. Nublanuitɔe la, esi wòsusɔ vie wòazu Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ la, eku.

Esi nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 81 le Hungary nɔ nu srɔ̃m tso Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu la, eva de dzesii be ele be ŋutsu si ye kplii yewoli ƒe geɖe la naɖe ye le se nu. Etsɔ dzideƒo ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu gɔme na ŋutsua. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eye wòdo dzidzɔ nɛ be ŋutsua lɔ̃ be yeaɖee le se nu. Le srɔ̃ɖeɖea dede agbalẽ me vɔ megbe la, nyɔnua wɔ ŋgɔyiyi kabakaba le mawusubɔsubɔ me. Esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ɣleti enyi megbe ko la, eva zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ eye ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, exɔ nyɔnyrɔ. Aleke gbegbe wònye nyateƒee enye si be nudzɔdzɔewɔwɔ ate ŋu aɖo atsyɔ̃ vavãtɔ na ame tsitsiwo!

Nyateƒee, Kristotɔ nuteƒewɔla tsitsiwo ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na yewo. Yehowa magblẽ amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o. Ke boŋ edo ŋugbe be yeafia mɔ wo, akpɔ wo dzi, ahalé wo ɖe te le woƒe tsitsi me kura gɔ̃ hã. Eye woate ŋu aka ɖe hakpalaa ƒe nyawo dzi be: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’—Psalmo 121:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses, (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2005) January/February.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.”​—LODODOWO 16:31

[Aɖaka si le axa 8]

YEHOWA TSƆA ÐE LE EME NA ESUBƆLA TSITSIWO

“Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.”—Mose III, 19:32.

“Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã.”—Yesaya 46:4.