Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristo—Amesi Dzi Nyagblɔɖiwo He Susu Yii

Kristo—Amesi Dzi Nyagblɔɖiwo He Susu Yii

Kristo​—Amesi Dzi Nyagblɔɖiwo He Susu Yii

‘Ðaseɖiɖi le Yesu ŋue nye nusi ʋã amewo wogblɔ nya ɖi.’—NYAÐEÐEFIA 19:10.

1, 2. (a) Nyametsotso kae dze ŋgɔ Israel le ƒe 29 M.Ŋ. me? (b) Nuka me dzro gee míele le nyati sia me?

ƑE 29 M.Ŋ. mee. Mesia si ŋugbe wodo la va zu nusi ŋu amesiame le dze ɖom tsoe le Israel. Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe subɔsubɔdɔa na amewo gale mɔ kpɔm nɛ wu. (Luka 3:15) Yohanes be menye yee nye Kristo la o. Efia asi Yesu si tso Nazaret la boŋ hegblɔ be: “Meɖi ɖase bena, amesiae nye Mawuvi la.” (Yohanes 1:20, 34) Eteƒe medidi o, ameha gbogbo aɖewo va kplɔ Yesu ɖo be yewoaɖo to eƒe nufiafiawo eye be wòada dɔ na yewo.

2 Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa na kpeɖodzi geɖe ku ɖe Via ŋu. Kakaɖedzi sẽŋu le amesiwo srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo eye woléa ŋku ɖe Yesu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu la si si tae woxɔ eyama dzi se ɖo. Gake Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kplii ya me tɔ akpa gãtɔ mexɔ edzi se o. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe kpɔe dze sii be Yesue nye Kristo, Mawu ƒe Vi la. (Yohanes 6:60-69) Nukae nàwɔ ne ɖe wò hã nènɔ anyi ɣemaɣi? Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Mesia la, si awɔe be nàva zu eyomedzela wɔnuteƒea? De ŋugble tso kpeɖodzi si Yesu ŋutɔ na esime wotso enu be eda Sabat-sea dzi ŋu kpɔ, eye nàde dzesi kpeɖodzi eve bubu siwo wòna emegbe tsɔ do ŋusẽ eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo ƒe xɔsee.

Yesu Ŋutɔ Na Kpeɖodzia

3. Nɔnɔme kawo mee wòva hiã le be Yesu nana kpeɖodzi le amesi wònye ŋu?

3 Ƒe 31 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣie. Yesu le Yerusalem. Fifi laa ko wòda dɔ na ŋutsu aɖe si lé dɔ ƒe 38 enye ma. Gake Yudatɔwo tsi tre ɖe Yesu ŋu be ewɔ nusia le Sabat dzi. Wotsɔ nya ɖe eŋu hã be egblɔ busunya eye wodi be yewoawui elabena eyɔ Mawu be ye Fofo. (Yohanes 5:1-9, 16-18) Kpeɖodzi sẽŋu etɔ̃ aɖewo siwo me susu le la dze le nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ʋli eɖokui tae me, eye nya siawo ana Yudatɔ dzianukwaretɔ ɖesiaɖe nate ŋu anya amesi tututu Yesu nye.

4, 5. Taɖodzinu kae nɔ Yohanes ƒe subɔsubɔdɔa ŋu, eye aleke gbegbee wòwɔe nyuie?

4 Gbã la, Yesu fia asi ɖaseɖiɖidɔ si Yohanes Amenyrɔɖetsimela si do ŋgɔ nɛ la wɔ, hegblɔ be: “Miawo la miedɔ ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase na nyateƒe la. Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.”—Yohanes 5:33, 35.

5 Yohanes Amenyrɔɖetsimela la nye “akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm” le gɔmesesea nu be do ŋgɔ hafi Herodes nadee gaxɔ me madzemadzee la, ewɔ dɔ si Mawu de esi be wòadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la. Yohanes gblɔ be: “Bena woaɖee [Mesia] ɖe go afia Israel, le esia ta meva le [nyɔnyrɔ nam] amewo ɖe tsi me. . . . Mekpɔ gbɔgbɔ la le ɖiɖim tso dziƒo abe akpakpa ene, eye wònɔ edzi. Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, [manyrɔ amewo ɖe tsi me] la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nàkpɔ gbɔgbɔ la le ɖiɖi ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le [amewo nyrɔm] kple gbɔgbɔ kɔkɔe la. Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesiae nye Mawuvi la.” * (Yohanes 1:26-37) Yohanes de dzesi Yesu nyuie be eyae nye Mawu ƒe Vi—Mesia si ŋugbe wodo la. Yohanes ƒe ɖaseɖiɖia me kɔ ale gbegbe be anɔ abe ɣleti enyi ene le eƒe ku megbe la, Yudatɔ dzianukwaretɔ geɖe ʋu eme be: “Nusiwo katã Yohanes gblɔ le amesia ŋuti la, wonye nyateƒe.”—Yohanes 10:41, 42.

6. Nukatae wòle be Yesu ƒe dɔwɔwɔwo nana ameawo naka ɖe edzi be Mawu le megbe nɛ?

6 Ema megbee Yesu gblɔ nya bubu siwo me susu le tsɔ ɖo kpe edzi be yee nye Mesia la. Efia asi dɔ nyui siwo eya ŋutɔ wɔ siwo ɖo kpe edzi be Mawu le megbe nɛ. Egblɔ be: “Nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.” (Yohanes 5:36) Yesu ƒe futɔwo kura gɔ̃ hã mete ŋu gbe kpeɖodzi siawo, siwo dometɔ aɖewoe nye nukunu gbogbo siwo wòwɔ la o. Ame aɖewo bia emegbe be: “Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.” (Yohanes 11:47) Gake ame aɖewo xɔ eƒe nyawo hegblɔ be: “Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã?” (Yohanes 7:31) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee wònye su Yesu ƒe nyaselawo si be woakpɔ Fofo la ƒe nɔnɔmewo le Via me.—Yohanes 14:9.

7. Aleke Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖi ɖase le Yesu ŋui?

7 Mlɔeba la, Yesu he susu yi ɖaseɖiɖi aɖe si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o dzi. Egblɔ be: “Ŋɔŋlɔawo . . . nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye,” eye wògblɔ kpee be: “Ðe miexɔ Mose dzi se la, ne miaxɔ nye hã dzinye ase; elabena eyama ŋlɔ nya ɖi le ŋutinye.” (Yohanes 5:39, 46) Nyateƒee, ɖasefo gbogbo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia, siwo ŋlɔ nu tso Kristo ŋu la dometɔ ɖeka koe Mose nye. Nusiwo woŋlɔ ɖi dometɔ aɖewoe nye nyagblɔɖiwo kple dzidzimegbalẽ siwo me kɔ, siwo katã nɔ asi fiam Mesia la. (Luka 3:23-38; 24:44-46; Dɔwɔwɔwo 10:43) Ke Mose ƒe Sea ya ɖe? Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe.” (Galatiatɔwo 3:24) Ẽ, ‘ɖaseɖiɖi le Yesu ŋue nye nusi ʋã amewo [alo nusi koŋ ta, susu si ta, kple taɖodzinu si ta] wogblɔ nya ɖi.’—Nyaɖeɖefia 19:10.

8. Nukatae Yudatɔ geɖe mexɔ Mesia la dzi se o?

8 Ðe kpeɖodzi siawo katã—Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi si me kɔ, Yesu ŋutɔ ƒe ŋusẽdɔwɔwɔwo kple Mawu ƒe nɔnɔme siwo wòɖe fia, kpakple Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi gbogboawo—mena nèka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la oa? Amesiwo katã lɔ̃ Mawu kple eƒe Nya la vavã la ade dzesi esia enumake ahaxɔ Yesu dzi ase be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo. Ke hã, lɔlɔ̃ ma menɔ ame akpa gãtɔ me le Israel o. Yesu gblɔ na amesiwo tsi tre ɖe eŋu la be: “Menya mi bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mele mia ŋutɔwo mia ɖokui me o.” (Yohanes 5:42) Le esi teƒe be woadi “kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la,” wonɔ ‘kafukafu xɔm tso wo nɔewo gbɔ boŋ.’ Eyata mewɔ nuku o be womelɔ̃ ɖe Yesu, amesi le abe Fofoa ene, hetsri nukpɔsusu sia la, ƒe nyawo dzi o!—Yohanes 5:43, 44; Dɔwɔwɔwo 12:21-23.

Nyagblɔɖiŋutega aɖe Do Ŋusẽ Wo

9, 10. (a) Nukatae ɣeyiɣi si me nɔnɔmetɔtrɔa dze la sɔ nyuie ŋutɔ? (b) Ŋugbe wɔnuku kae Yesu do na eƒe nusrɔ̃lawo?

9 Ƒe ɖeka kple edzivɔ va yi tso esime Yesu na kpeɖodzi siwo ŋu míeƒo nu le do ŋgɔ tso eƒe Mesianyenye ŋu. Woɖu ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia hã va yi vɔ. Amesiwo xɔ edzi se la dometɔ geɖe megadzea eyome o, ɖewohĩ le yometiti, ŋutilãmenudidi, alo agbemedzimaɖitsitsiwo ta. Ðewohĩ Yesu ƒe gbegbe be ameawo magatsɔ ye aɖo fia o anya na ame aɖewo tɔtɔ. Esi Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ nya ɖe eŋu be wòana dzesi aɖe yewo tso dziƒo atsɔ ado eɖokui ɖe dzi la, egbe. (Mateo 12:38, 39) Ðewohĩ eƒe gbegbe alea na ame aɖewo megava nɔ nya bliboa gɔme sem o. Gawu la, Yesu dze nya aɖe gbɔgblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo si gɔme menya le sesem na wo o—“alesi wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye wòakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui.”—Mateo 16:21-23.

10 Le ɣleti asieke alo ewo aɖewo megbe la, ɣeyiɣia ade “bena [Yesu nadzo] le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ.” (Yohanes 13:1) Esi Yesu tsɔ ɖe le eme na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo vevie ta la, edo ŋugbe na wo dometɔ aɖewo be yeana woakpɔ nusi yegbe ɖeɖe fia Yudatɔ xɔsemanɔsitɔawo—si nye dzesi aɖe tso dziƒo. Yesu gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena, ame aɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.” (Mateo 16:28) Edze ƒã be menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo anɔ agbe akpɔ Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le ƒe 1914 me teƒe o. Nusi gblɔm Yesu lee nye be yeana yeƒe nusrɔ̃la kplikplikpliwo dometɔ etɔ̃ nakpɔ yeƒe Fiaɖuƒeŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe. Ŋutega sia si wòna wokpɔ do ŋgɔ lae woyɔna be nɔnɔmetɔtrɔ la.

11. Ƒo nu tso nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la ŋu.

11 Ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe dzi—ɖewohĩ Xermon-toa ƒe akpa aɖee woyi. Le afima la, Yesu ƒe “nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.” Nyagblɔɖila Mose kple Eliya hã dze wokpɔ, henɔ dze ɖom kple Yesu. Anye zã mee nu wɔnuku sia dzɔ, si na wòdze nyuie wokpɔ. Le nyateƒe me la, edze nu ŋutɔŋutɔ na wo ale gbegbe be Petro gblɔ be yeawɔ agbadɔ etɔ̃—ɖeka na Yesu, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya. Petro mekpɔ ɖe nu le nyaa me o, kasia alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi eye wose gbe aɖe tso alilikpoa me gblɔ bena: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!”—Mateo 17:1-6.

12, 13. Dɔ kae nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutega la wɔ ɖe nusrɔ̃la etɔ̃awo dzi, eye nukatae?

12 Ele eme be Petro ɖi ɖase be Yesue nye “Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi” eteƒe medidi o koe nye ema. (Mateo 16:16) Gake bu eŋu kpɔ, be woasee Mawu ŋutɔ naɖi ɖase, ahaɖo kpe amesi Via si wosi ami na la nye kple dɔ si wòava wɔ la dzi! Nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutega si teƒe Petro, Yakobo, kple Yohanes kpɔ la do ŋusẽ wo vavã! Fifia esi wodo ŋusẽ woƒe xɔse alea gbegbe ta la, wodzra wo ɖo azɔ ɖe nusi le ŋgɔ kple ɖe ɖoƒe vevi si woawɔ le hame si woava ɖo me la ŋu.

13 Nɔnɔmetɔtrɔa wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi eteƒe didi. Ƒe 30 kple edzivɔ megbe la, Petro ŋlɔ be: “[Yesu xɔ] bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: ‘Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!’ Eye mía ŋutɔwo míese gbe sia tso dziƒo, esime míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.” (Petro II, 1:17, 18) Nudzɔdzɔa wɔ dɔ ɖe Yohanes hã dzi nenema ke. Ƒe 60 kple edzivɔ le nudzɔdzɔ sia megbe la, edze ƒã be eya ŋue wònɔ nu ƒom le le nya siawo me, be: “Eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbɔ la, ƒe ŋutikɔkɔe ene.” (Yohanes 1:14) Ke hã, menye nɔnɔmetɔtrɔ lae nye ŋutega mamlɛtɔ si Yesu yomedzelawo akpɔ o.

Numekɔkɔ Yeyewo Hena Amesiwo Wɔa Nuteƒe na Mawu

14, 15. Mɔ ka nue apostolo Yohanes anɔ anyi vaseɖe esime Yesu nava le?

14 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Galilea-ƒua nu. Afimae wògblɔ le na Petro be: “Ne medi bena, [Yohanes] nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?” (Yohanes 21:1, 20-22, 24) Ðe nya siawo fia be apostolo Yohanes anɔ agbe wòadidi wu apostolo bubuawoa? Anɔ eme be nenemae, elabena eganɔ agbe ƒe 70 bubu hesubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. Ke hã, nya bubu geɖe nɔ Yesu ƒe nyaa me.

15 Nyagbɔgblɔ “vaseɖe esime mava” na míeɖo ŋku nya si Yesu gblɔ be “woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna” dzi. (Mateo 16:28) Yohanes nɔ anyi vaseɖe esime Yesu va le gɔmesesea nu be wona Yohanes kpɔ nyagblɔɖiŋutega si me wòkpɔ Yesu wògbɔna le Fiaɖuƒeŋusẽ me le. Esime wòsusɔ vie Yohanes naku, eye wònɔ aboyo me le Patmo-ƒukpoa dzi la, exɔ Nyaɖeɖefia si me nyagblɔɖi me nudzɔdzɔ ɖedzesi geɖe le, siwo ava eme le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi.” Ŋutega wɔdɔɖeamedzi siawo ʋã Yohanes ale gbegbe be esime Yesu gblɔ be: “Ẽ, megbɔna kpuie” la, Yohanes gblɔ dzidzɔtɔe be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!”—Nyaɖeɖefia 1:1, 10; 22:20.

16. Nukatae wòle vevie be míayi edzi ado ŋusẽ míaƒe xɔse?

16 Dzianukwaretɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la xɔ Yesu be eyae nye Mesia la eye woxɔ edzi se. Le xɔse si mele amesiwo dome wole si o ta, kple le dɔ si wòle na wo be woawɔ kpakple le dodokpɔ siwo le wo lalam ta la, ele be woado ŋusẽ amesiwo va zu xɔsetɔwo la. Yesu na kpeɖodzi geɖe ku ɖe eƒe Mesianyenye ŋu eye wòna nyagblɔɖiŋutega me numekɔkɔ geɖe siwo ade dzi ƒo na eyomedzela wɔnuteƒewo. Míegogo “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” ƒe nuwuwu keŋkeŋ egbea. Eteƒe madidi o, Kristo atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia keŋkeŋ eye wòana ɖeɖe Mawu ƒe amewo. Ele be míawo hã míado ŋusẽ míaƒe xɔse to gomekpɔkpɔ bliboe le mɔnuɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ hena míaƒe gbɔgbɔmenyonyo la me.

Wokpɔ Wo Ta le Blukɔ Kple Xaxa Me

17, 18. Vovototo si dze ƒã kae nɔ Yesu yomedzelawo kple amesiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu dome le ƒe alafa gbãtɔ me, eye aleke nuwo va yii na ƒuƒoƒoawo dometɔ ɖesiaɖee?

17 Le Yesu ƒe ku megbe la, nusrɔ̃lawo tsɔ dzideƒo wɔ se si wòde be woaɖi ɖase le eyama ŋu “le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” la dzi. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Togbɔ be woti wo yome vevie hã la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔmenumekɔkɔ kple nusrɔ̃la yeyewo yra Kristo-hame si woɖo yeyee la.—Dɔwɔwɔwo 2:47; 4:1-31; 8:1-8.

18 Gake amesiwo tsi tre ɖe nyanyuia ŋu la ƒe mɔkpɔkpɔwo nɔ to yim kura. Lododowo 4:19 gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe mɔ le abe blukɔ ene; womenya afika wole nu kli ge le o.” “Blukɔ” sia gado ɖe edzi le ƒe 66 M.Ŋ. me esime Roma-srafowo va ɖe to ɖe Yerusalem. Ame aɖeke menya nusitae o, ɖeko Romatɔwo trɔ dzo hena ɣeyiɣi kpui aɖe, gake le ƒe 70 M.Ŋ. me la, wogbugbɔ trɔ va, eye fifia ya, wowɔ dua aƒedoe. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Yudatɔ siwo wu miliɔn ɖeka ye ku. Gake Kristotɔ wɔnuteƒewo ya si. Nukatae? Elabena esi woɖe to ɖe dua zi gbãtɔ hetrɔ dzo la, wowɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi, be woasi adzo.—Luka 21:20-22.

19, 20. (a) Nukatae susu aɖeke meli si ta Mawu ƒe amewo avɔ̃ be xexe sia gogo eƒe nuwuwu o? (b) Numekɔkɔ nyui kae Yehowa na eƒe amewo le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me?

19 Nɔnɔme ma tɔgbe mee míawo hã míele egbea. Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia katã atsrɔ̃ le xaxa gã si le ŋgɔ gbɔna la me. Gake mehiã be Mawu ƒe amewo ya navɔ̃ o, elabena Yesu do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20) Yesu na eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si wòaxɔ le dziƒo abe Mesia Fia ene la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe tsɔ do ŋusẽ woƒe xɔse hedzra wo ɖo ɖe nusi le wo ŋgɔ ŋu. Ke egbea ya ɖe? Le ƒe 1914 me la, kpɔɖeŋu ma va zu nu ŋutɔŋutɔ. Eye aleke gbegbee esia do ŋusẽ Mawu ƒe amewo ƒe xɔse enye esi! Ena etsɔme nyui aɖe ƒe mɔkpɔkpɔ Yehowa subɔlawo, eye wona numekɔkɔ wo vivivi tso nu ŋutɔŋutɔ sia ŋu. Le xexe sia si do blukɔ me la, “ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.”—Lododowo 4:18.

20 Do ŋgɔ na ƒe 1914 kura gɔ̃ hã la, Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dze Aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ la ŋuti nyateƒeawo gɔme sese. Le kpɔɖeŋu me, wode dzesii be womakpɔ tɔtrɔgbɔ ma kple ŋku o, abe alesi mawudɔla eve siwo ɖe wo ɖokui fia nusrɔ̃lawo le ƒe 33 M.Ŋ. me esi Yesu nɔ dziƒo yim la ƒe nyawo ɖee fia ene. Esi alilikpo xe ŋkume na nusrɔ̃lawo ale be womegate ŋu nɔ Yesu kpɔm o megbe la, mawudɔlawo gblɔ be: ‘Yesu sia, si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.’—Dɔwɔwɔwo 1:9-11.

21. Nuka mee míadzro le nyati si akplɔ esia ɖo me?

21 Yesu yomedzela wɔnuteƒewo koe kpɔ eƒe dzodzo teƒe. Abe alesi wònɔ le nɔnɔmetɔtrɔa gome ene la, menye ame hahoo ye kpɔe o; xexea me tɔ akpa gãtɔ menya kura gɔ̃ hã be naneke dzɔ o. Nenema kee wòanɔ ne Kristo xɔ Fiaɖuƒeŋusẽ. (Yohanes 14:19) Eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo koe ade dzesii be enye Fia li. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ alesi nugɔmesese sia awɔ dɔ ɖe wo dzi vevie, si awɔe be woaƒo ame miliɔn geɖe siwo ava nye Yesu ƒe Fiaɖuƒea tevi siwo anɔ anyigba dzi la nu ƒui.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Eme kɔ ƒã be le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Yohanes ɖeka koe se Mawu ƒe gbe. Yudatɔ siwo Yesu le eƒe nyawo gblɔm na la mese “[Mawu ƒe] gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o.”—Yohanes 5:37.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Esi wotsɔ nya ɖe Yesu ŋu be eda Sabat-sea dzi eye wògblɔ busunya la, kpeɖodzi kae wòna tsɔ ɖee fia be yee nye Mesia la?

• Vi kae nɔnɔmetɔtrɔ la ɖe na Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo?

• Nya kae Yesu di be yeagblɔ esi wògblɔ be Yohanes anɔ anyi vaseɖe esime yeava?

• Le ƒe 1914 me la, kpɔɖeŋu kae va zu nu ŋutɔŋutɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Yesu na kpeɖodziwo tsɔ ɖee fia be yee nye Mesia la

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutega la do ŋusẽ amewo ƒe xɔse

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Yohanes anɔ anyi vaseɖe Yesu ƒe ‘vavaɣi’