Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Ŋuti Kpɔɖeŋuwo Zu Nu Ŋutɔŋutɔ

Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Ŋuti Kpɔɖeŋuwo Zu Nu Ŋutɔŋutɔ

Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Ŋuti Kpɔɖeŋuwo Zu Nu Ŋutɔŋutɔ

“Miewɔe nyuie bena, miekpɔa [nyagblɔɖinya la dzi], abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene.”​—PETRO II, 1:19.

1. Vovototo kae míekpɔna le xexeame egbea?

KUXI siwo kplɔ wo nɔewo ɖo koe yɔ egbexexeame fũ. Ewɔ abe ɖe ameƒomea ƒe kuxiwo le dzidzim ɖe edzi gbesiagbe ene, tso afɔku si li be woatsrɔ̃ nugbagbewo vɔ le anyigba dzi dzi va ɖo nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname si xɔ xexeame katã dzi. Xexeame ƒe subɔsubɔhawo kura gɔ̃ hã mete ŋu le kpekpeɖeŋu aɖeke nam o. Le nyateƒe me la, ɖe wonana nuwo gblẽna ɖe edzi zi geɖe boŋ to dzoƒoƒo ɖe tɔtete ɖe ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu, fuléle, kple dulɔlɔ̃ si hea mama va amewo dome te dzi. Nyateƒee, abe alesi wogblɔe ɖi ene la, “blukɔ tsyɔ dukɔwo.” (Yesaya 60:2) Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ame miliɔn geɖe tsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na etsɔme. Nukatae? Elabena wolé to ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinya la ŋu “abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene.” Woɖe mɔ na Mawu ƒe ‘nya’ alo gbedasi si le Biblia me fifia la, be wòafia mɔ woƒe afɔɖeɖewo.—Petro II, 1:19.

2. Le nya si Daniel gblɔ le eƒe nyagblɔɖia me ku ɖe “nuwuɣi” la ŋu nu la, amekawo ko sie gbɔgbɔ me nugɔmesese asu?

2 Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ tso “nuwuɣi” la ŋu be: “Ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi. Woatia ame geɖewo, woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; ame vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye ame vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.” (Daniel 12:4, 10) Amesiwo ‘dzroa’ Mawu ƒe Nya la me alo srɔ̃nɛ vevie, wɔna ɖe eƒe dzidzenuwo dzi, hedzea agbagba be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ko sie gbɔgbɔ me nugɔmesese asu.—Mateo 13:11-15; Yohanes I, 5:20.

3. Le ƒe 1870 ƒeawo me la, nyateƒe vevi kae Biblia-nusrɔ̃vi gbãtɔwo de dzesii?

3 Tso keke ƒe 1870 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me ke, hafi “ŋkeke mamlɛawo” nadze egɔme la, Yehowa Mawu dze numekɔkɔ geɖe wu nana tso “dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo” ŋuti. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 13:11) Ɣemaɣi la, Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe de dzesii—togbɔ be ame akpa gãtɔ ya mesusui nenema o hã—be womakpɔ Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la kple ŋku o. Ne woɖo Yesu zi dzi le dziƒo vɔ la, atrɔ agbɔ le gɔmesesea nu be atrɔ eƒe susu ɖe anyigba ŋu le esi eyae nye eƒe Fia ta. Dzesi aɖe si me nu vovovowo adzɔ le si eƒe nusrɔ̃lawo akpɔ la ana woanyae be eva li togbɔ be womele ekpɔm o hã.—Mateo 24:3-14.

Esime Kpɔɖeŋu aɖe Va Zu Nu Ŋutɔŋutɔ

4. Aleke Yehowa doa ŋusẽ esubɔla siwo li egbea ƒe xɔsee?

4 Nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la nye ŋutikɔkɔe si Kristo akpɔ le Fiaɖuƒea me la ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖe. (Mateo 17:1-9) Ŋutega ma do ŋusẽ Petro, Yakobo, kple Yohanes ƒe xɔse esime ame geɖe dzudzɔ Yesu yome dzedze le esi mewɔ nusiwo wonɔ mɔ kpɔm be awɔ siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ta. Nenema kee le nuwuɣi sia la, Yehowa doa ŋusẽ esubɔla siwo li egbea ƒe xɔse to kpekpe ɖe wo ŋu be woase ŋutega wɔdɔɖeamedzi ma kple nyagblɔɖi geɖe siwo do ƒome kplii la gɔme ɖe edzi me. Mina míadzro gbɔgbɔmenu ŋutɔŋutɔ siawo siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse la dometɔ aɖewo me akpɔ.

5. Amekae nye Ŋukeɣletivi la, eye ɣekaɣi kple aleke ‘wòdzee’?

5 Apostolo Petro ŋlɔ tso nɔnɔmetɔtrɔ la ŋu be: “Nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mía si, eye miewɔe nyuie bena, miekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me.” (Petro II, 1:19) “Ŋukeɣletivi keklẽ” mae nye Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na. (Nyaɖeɖefia 22:16) ‘Edze’ le ƒe 1914 me esime wodzi Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dziƒo, si na azã yeye aɖe dze egɔme. (Nyaɖeɖefia 11:15) Le nɔnɔmetɔtrɔ ŋutegaa me la, wokpɔ Mose kple Eliya wonɔ Yesu gbɔ nɔ dze ɖom kplii. Amekawoe wonye kpɔɖeŋu na?

6, 7. Amekawoe Mose kple Eliya tsi tre ɖi na le nɔnɔmetɔtrɔ la me, eye nu vevi kae Ŋɔŋlɔawo ɖe fia le amesiwo wotsi tre ɖi na la ŋu?

6 Esi wònye Mose kple Eliya nɔ ŋutikɔkɔe me kple Kristo ta la, ɖasefo wɔnuteƒe eve siawo tsi tre ɖi na amesiwo aɖu fia kple Yesu le eƒe Fiaɖuƒea me. Gɔmesese sia wɔ ɖeka kple ŋutega aɖe si woɖe fia Daniel si me wòkpɔ Mesia si woɖo zi dzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖe le. Daniel kpɔ ‘ame aɖe si le abe amegbetɔvi ene’ wòxɔ ‘dziɖuɖu mavɔ’ tso ‘Amesi Li tso Gbaɖegbe Ʋĩ Ke,’ si nye Yehowa Mawu gbɔ. Gake de dzesi nusi woɖe fia Daniel le ema megbe kpuie ko. Eŋlɔ be: “Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ.” (Daniel 7:13, 14, 27) Ẽ, Mawu ɖee fia ƒe alafa atɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ, be ‘ame kɔkɔe’ aɖewo akpɔ gome kple Kristo le eƒe fianyenye ŋutikɔkɔe me.

7 Amekawoe nye ame kɔkɔe siwo Daniel kpɔ le ŋutegaa me? Amesiawo ŋue Paulo gblɔ le be: “Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.” (Romatɔwo 8:16, 17) Ame kɔkɔeawo menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na o. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, Yesu gblɔ be: “Amesi ke ɖu dzi la, mana wòabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzi la ene.” ‘Dziɖula’ siawo siwo wofɔ ɖe tsitre siwo ƒe xexlẽmee nye 144,000 la akpe ɖe Yesu ŋu woaɖu anyigbaa katã dzi.—Nyaɖeɖefia 3:21; 5:9, 10; 14:1, 3, 4; Korintotɔwo I, 15:53.

8. Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃la amesiaminawo wɔa dɔ abe Mose kple Eliya ene, eye nukawoe do tso eme?

8 Gake nukatae Mose kple Eliyae wotsɔ wɔ kpɔɖeŋu na Kristotɔ amesiaminawo? Susu si tae nye be esime Kristotɔ siawo kpɔtɔ nye amegbetɔwo le ŋutilã me la, wowɔa dɔ aɖe si sɔ kple esi Mose kple Eliya wɔ. Le kpɔɖeŋu me, wonye Yehowa ƒe ɖasefowo, togbɔ be wotia wo yome hã. (Yesaya 43:10; Dɔwɔwɔwo 8:1-8; Nyaɖeɖefia 11:2-12) Abe alesi Mose kple Eliya wɔ ene la, wokloa nu le alakpasubɔsubɔ dzi dzideƒotɔe eye wodea dzi ƒo na dzianukwaretɔwo be woatsɔ wo ɖokui ana Mawu bliboe. (Mose II, 32:19, 20; Mose V, 4:22-24; Fiawo I, 18:18-40) Ðe kutsetsewo do tso woƒe dɔa mea? Wowu gbɔgblɔ! Menye ɖekoe wona kpekpeɖeŋu le amesiaminawo nuƒoƒoƒu keŋkeŋ me ko o, ke wokpe ɖe ‘alẽ bubuawo’ ƒe ame miliɔn geɖewo hã ŋu be woalɔ̃ faa abɔbɔ ɖe Yesu Kristo te.—Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:4.

Kristo Wu Eƒe Aʋadziɖuɖu Nu

9. Aleke Nyaɖeɖefia 6:2 ɖɔ alesi Yesu le egbeae?

9 Yesu meganye amegbetɔ tsɛ aɖe ko si do tedzivi o, Fia sẽŋu aɖee wònye fifia. Woɖɔe be ele sɔ—si nye lã si Biblia zãna tsɔ fiaa aʋawɔwɔ—aɖe dom. (Lododowo 21:31) Nyaɖeɖefia 6:2 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣi aɖe, eye amesi doe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.” Gawu la, hakpala Dawid ŋlɔ tso Yesu ŋu be: “Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖa tso Zion be: Ðu fia le wò futɔwo titina!”—Psalmo 110:2.

10. (a) Aleke Yesu ƒe sɔdodo be yeaɖu aʋa dzi la dze egɔme le ŋutikɔkɔe mee? (b) Ŋusẽ kae Kristo ƒe aʋadziɖuɖu gbãtɔ kpɔ ɖe xexeame katã dzi?

10 Yesu ƒe futɔ sesẽtɔwo—Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo—dzie wòɖu gbã. Enya wo tso dziƒo hetsɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe anyigba dzi. Esi gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi siawo nyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe li na yewo ta la, woɖe woƒe dziku ɖe ameƒomea ŋu, hena wole fu geɖe kpem. Wotsɔ sɔ bubu etɔ̃ aɖewo dodo wɔ fukpekpe siawo ƒe kpɔɖeŋui le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. (Nyaɖeɖefia 6:3-8; 12:7-12) Abe alesi Yesu gblɔe ɖi le eƒe “vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii” gomee ene la, woƒe sɔdodoa he aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple dɔvɔ̃ wuamewo vɛ. (Mateo 24:3, 7; Luka 21:7-11) Abe fuɖuame ŋutɔŋutɔ ene la, ‘xaxa ƒe fuɖuame’ siawo adzi ɖe edzi godoo vaseɖe esime Kristo ‘awu eƒe aʋadziɖuɖu nu’ ne etsrɔ̃ Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna la keŋkeŋ. *Mateo 24:8.

11. Aleke Kristo-hamea ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi be Kristo le fia ɖum?

11 Kpeɖodzi bubu si gali be Yesu le dzi ɖum enye be ekpɔ Kristo-hamea ta ale be wòate ŋu awɔ dɔ si wode esi be wòaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le xexeame katã. Togbɔ be Babilon Gã la—si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea—kple dziɖula sẽŋutawo tsi tre ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie hã la, menye ɖekoe dɔ sia le edzi yim ko evɔ o, ke boŋ ede teƒe siwo meɖo kpɔ le xexeame ƒe ŋutinya me o gɔ̃ hã. (Nyaɖeɖefia 17:5, 6) Kpeɖodzi sẽŋu ka gbegbee nye esi be Kristo le fia ɖum!—Psalmo 110:3.

12. Nukatae ame akpa gãtɔ menyae be Kristo li togbɔ be womele ekpɔm o hã?

12 Gake nublanuitɔe la, ame akpa gãtɔ, siwo dome amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye hã le, mekpɔe dze sii be nudzɔdzɔ vevi siwo le eme vam le anyigba dzi la fia be nu ŋutɔŋutɔ aɖewo le dzɔdzɔm togbɔ be womele wo kpɔm o hã o. Woɖua fewu le amesiwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu gɔ̃ hã. (Petro II, 3:3, 4) Nukatae? Elabena Satana gbã susu ƒe ŋku na wo. (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Le nyateƒe me la, edze gbɔgbɔmeviviti tsɔtsɔ tsyɔa amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo la dzi ƒe alafa gbogbo aɖee nye esia, eye wòna woɖe asi le Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ xɔasia ŋu gɔ̃ hã.

Woɖe Asi Le Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa Ŋu

13. Nuka gbɔe gbɔgbɔmeviviti ƒe nutsyɔnu la kplɔ amewo yii?

13 Yesu gblɔe ɖi be xɔsegbelawo ava ge ɖe Kristo-hamea me ahakplɔ ame geɖewo atra, abe gbe wuwlui si wowu ɖe luwo dome ene. (Mateo 13:24-30, 36-43; Dɔwɔwɔwo 20:29-31; Yuda 4) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, yeaɖi Kristotɔ siawo va xɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azãɖuɖuwo, nuwɔnawo, kple nufiafiawo, heda ŋkɔ ɖe wo dzi kura gɔ̃ hã be “Kristotɔwo tɔ.” Le kpɔɖeŋu me, trɔ̃subɔlawo ƒe mawu siwo nye Mithra kple Saturn ƒe kɔnuwo mee Kristmas dzɔ tso. Evɔ nukae ʋã amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la be woava nɔ azã siawo siwo medze Kristotɔwo o la ɖum ya? The New Encyclopædia Britannica (ƒe 1974 tɔ) gblɔ be: “Esi mɔkpɔkpɔ na Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ nu nɔ tsitsim le wo me tae woɖo Kristmas anyi be enye Yesu Kristo ƒe dzigbezã ɖo.”

14. Aleke Origen kple Augustine ƒe nufiafiawo tɔtɔ amewo ƒe susu le nusi Fiaɖuƒea nye ŋui?

14 Bu alesi wotɔtɔ gɔmesese si le nya “fiaɖuƒe” ŋu hã ŋuti kpɔ. Agbalẽ si nye The Kingdom of God in 20th-Century Interpretation (Nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Nye le ƒe Alafa 20 lia me) gblɔ be: “Origen [si nye ƒe alafa etɔ̃lia me mawunyaŋununyala aɖe] trɔ alesi Kristotɔwo zãa nya ‘fiaɖuƒe’ be wòafia Mawu ƒe dziɖuɖu le amewo ƒe dzime.” Nuka dzie Origen tu eƒe nufiafiawo ɖo? Metui ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, ke boŋ ɖe “xexemenunya kple xexeame ƒe nukpɔsusu si to vovo kura tso alesi Yesu kple sɔlemeha gbãtɔa bua tamee gbɔ” dzie wòtui ɖo. Augustine si tso Hippo (si nɔ agbe tso 354-430 M.Ŋ.) gblɔ le eƒe agbalẽ si nye De Civitate Dei (Mawu ƒe Dugã) me be sɔlemeha la ŋutɔe nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Nukpɔsusu siawo siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la na Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me. Eye wozã ŋusẽ sia ƒe alafa geɖe, eye tagbɔsesẽ bɔna ɖe eme zi geɖe.—Nyaɖeɖefia 17:5, 18.

15. Aleke Galatiatɔwo 6:7 ƒe nyawo va eme le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gomee?

15 Gake egbea la, sɔlemehawo le nusi woƒã la ŋem. Ewɔ abe wo dometɔ geɖe ƒe ŋusẽ le vɔvɔm eye woƒe hameviwo hã le dzodzom le wo me ene. (Galatiatɔwo 6:7) Nɔnɔme sia le dzedzem ŋutɔ le Europa-dukɔwo me. Magazine si nye Christianity Today gblɔ be: “Fifia la, meganye tadeaguƒewoe sɔlemexɔgã siwo le Europa la nye o, ke boŋ wonye blemanudzraɖoƒewo, eye modzakaɖetsaɖilawo ɖeɖekoe nɔa wo me.” Woate ŋu ade dzesi nɔnɔme sia le xexeame ƒe teƒe bubuwo hã. Nuka fiam esia le ku ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu? Ðe enu ayi le kpekpeɖeŋu makpɔmakpɔ ko ta? Eye aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe tadedeagu vavãtɔ ya dzii?

Dzra Ðo ɖe Mawu ƒe Ŋkeke Gã la Ŋu

16. Nukatae fuléle Babilon Gã la si le dzidzim ɖe edzi la nye nu ɖedzesi?

16 Abe alesi ko ne dzudzɔ kple afi te dodo tso dzoto aɖe me fia be dzotoa le wowó ge ene la, nenema kee alesi wòdze abe wole fu lém subɔsubɔhawo le xexeame ƒe teƒe geɖe ene la fia be alakpasubɔsubɔ ƒe nuwuwu gogo. Eteƒe madidi o, Yehowa aʋã xexeame ƒe dunyahenuɖoanyiwo woawɔ ɖeka aklo nu le gbɔgbɔ me ahasiwɔla Babilon Gã la dzi ahatsrɔ̃e. (Nyaɖeɖefia 17:15-17; 18:21) Ðe wòle be Kristotɔ vavãwo navɔ̃ nudzɔdzɔ ma kple nu bubu siwo “xaxa gã” la ahe vɛa? (Mateo 24:21) Kura o! Ðe dzi adzɔ wo boŋ ne Mawu tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo. (Nyaɖeɖefia 18:20; 19:1, 2) De ŋugble tso Yerusalem si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kple Kristotɔ siwo nɔ afima ŋu kpɔ.

17. Nukatae Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ate ŋu adze ŋgɔ nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu dzinɔameƒotɔe?

17 Esime Roma-srafowo ɖe to ɖe Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me la, dzika metso Kristotɔ siwo nɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ƒo alo vɔvɔ̃ ɖo wo o. Esi wonye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la dovevienuwo ta la, wonyae “bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ.” (Luka 21:20) Wonyae hã be Mawu ana mɔ si dzi woato asi adzo dedie la wo. Esi mɔnukpɔkpɔ ma ʋu la, Kristotɔwo si dzo. (Daniel 9:26; Mateo 24:15-19; Luka 21:21) Nenema kee egbea la, amesiwo nya Mawu eye woɖoa to Via la ate ŋu adze ŋgɔ nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu dzinɔameƒotɔe. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Le nyateƒe me la, ne xaxa gã la va la, ‘woawu mo dzi, eye woakɔ woƒe tawo ɖe dzi dzidzɔtɔe, elabena wonyae be yewoƒe ɖeɖe gogo.’—Luka 21:28.

18. Nukae adzɔ ne Gog tsɔ eƒe ŋusẽ katã dze Yehowa subɔlawo dzi?

18 Ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la vɔ la, ekema Gog si tso Magog, si nye Satana, atsɔ eƒe ŋusẽ katã adze Yehowa Ðasefo siwo li bɔkɔɔ la dzi. Gog ƒe aʋakɔwo anɔ mɔ kpɔm be yewoaɖu aʋa dzi bɔbɔe elabena woava “atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene.” Nu dovoɖiname ŋutɔ aɖe le wo lalam! (Xezekiel 38:14-16; 18-23) Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣi aɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, . . . Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsɔe adza dukɔwo.” “Fiawo dzi Fia” sia si dzi ame aɖeke mate ŋu aɖu o la aɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ahatsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. (Nyaɖeɖefia 19:11-21) Aleke gbegbee nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la ava eme wòawu nu nyuie enye esi!

19. Ŋusẽ kae Kristo ƒe aʋadziɖuɖu keŋkeŋ akpɔ ɖe eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo dzi, eye nukae wòle be woadze agbagba awɔ fifia?

19 Yesu ŋu nya awɔ “nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi.” (Tesalonikatɔwo II, 1:10) Èdi be yeanɔ amesiwo akpɔ Mawu ƒe Vi la ƒe aʋadziɖuɖu teƒe eye woade bubu deto eŋu domea? Ekema yi edzi nanɔ ŋusẽ dom wò xɔse eye ‘nànɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti mèbu o la me.’—Mateo 24:43, 44.

Nɔ Mo Xexi

20. (a) Aleke míawɔ aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si ƒe ɖoɖo Mawu wɔ la ŋu? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

20 “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dea dzi ƒo na Mawu ƒe amewo enuenu be woanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye woanɔ mo xexi. (Mateo 24:45, 46; Tesalonikatɔwo I, 5:6) Èkpɔa ŋudzedze ɖe ŋkuɖodzinya siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣiawo nu la ŋua? Ðe wofiaa mɔ wò ale be nànya nusi nàtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe mea? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe gbɔgbɔ me nugɔmesese vavãtɔ su asinye si na mekpɔe be Mawu ƒe Vi la le dzi ɖum le dziƒoa? Ðe menyae be ele klalo be yeahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ava Babilon Gã la kple Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa susɔea dzia?’

21. Nuka gbɔe wòate ŋu atso be ame aɖewo megava le ŋute le gbɔgbɔ me o, eye nukae wòhiã kpata be woawɔ?

21 Amesiwo le ha dem kple Yehowa ƒe amewo fifia dometɔ aɖewo na woƒe gbɔgbɔ me ŋutenɔnɔa nu le tsitsim. Ðe wòanye be womete ŋu le dzi gbɔm ɖi o, eye dzi hã menya le dodom na wo o abe Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo dometɔ aɖewo enea? Agbemedzimaɖitsitsiwo, ŋutilãmenudidi, alo yometitie le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzia? (Mateo 13:3-8, 18-23; Luka 21:34-36) Ðewohĩ ame aɖewo kpɔe be nyatakaka siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta ƒe gɔmesesee sesẽ. Ne nusiawo dometɔ aɖe dzɔ ɖe dziwò la, ekema míele dzi dem ƒo na wò be nàtsɔ dzonɔameme yeye asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la eye nàdo gbe ɖa na Yehowa ale be ƒomedodo kplikplikpli nagava ɖo mia kplii dome.—Petro II, 3:11-15.

22. Dɔ kae nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la kple nyagblɔɖi siwo do ƒome kplii me dzodzro wɔ ɖe dziwò?

22 Esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hiã dzideƒoe wòna wokpɔ nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la. Nane si lolo wu si ado ŋusẽ mí lae le míawo ya si egbea—si nye kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi ma ƒe emevava kpakple nyagblɔɖi geɖe siwo do ƒome kplii. Esi míele ŋugble dem vevie tso ŋutikɔkɔenu ŋutɔŋutɔ siawo kple nusi wofia ku ɖe etsɔme ŋu la, mina míawo hã míatso míaƒe dzi blibo me aɖe seselelãme si nɔ apostolo Yohanes me ɖe go afia esime wògblɔ be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!”—Nyaɖeɖefia 22:20.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Le Helagbe si me woŋlɔ nyawo ɖo gbã me la, nya si wozã la gɔmeɖeɖe tẽ enye “vidzidzi ƒe fuɖuame.” (Mateo 24:8, Kingdom Interlinear) Esia fia be abe alesi fu ɖua funɔ ene la, xexeame ƒe kuxiwo ƒe tsɔtsɔme, sesẽme, kple anyinɔnɔ adzi ɖe edzi eye woava wu enu le xaxa gã la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Le ƒe 1870 ƒeawo me la, nuka gɔmee Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe va se le Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ ŋu?

• Aleke nɔnɔmetɔtrɔ ŋutega la va emee?

• Nukae do tso Yesu ƒe aʋadziɖuɖu me na xexeame kple na Kristo-hamea?

• Nukae wòle be míawɔ be míanɔ amesiwo atsi agbe ne Yesu wu eƒe aʋadziɖuɖua nu dome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Nusi woɖe fia la va zu nu ŋutɔŋutɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Ènya nusi dzɔ esime Kristo dze aʋadziɖuɖu gɔmea?