Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Afia Alesi Wò Etsɔme Anɔ?

Nukae Afia Alesi Wò Etsɔme Anɔ?

Nukae Afia Alesi Wò Etsɔme Anɔ?

NƆNƆMETƆTRƆ ŋuti nufiala John Gray ŋlɔ be: “Ŋutete megale amegbetɔwo ŋu woafia alesi woƒe etsɔme ava nɔ o abe lãwo ke ene.” Agbalẽŋlɔla Shmuley Boteach ya gblɔ nusi to vovo na ema le eƒe agbalẽ si nye An Intelligent Person’s Guide to Judaism (Mɔfiafia Nunyalawo Yi Yuda Subɔsubɔ Gbɔ) me. Egblɔ be: “Menye lãe amegbetɔ nye o, eyata ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi eƒe etsɔme ava nɔ dzi ɣesiaɣi.”

Ame geɖe da asi ɖe Gray ƒe nyawo dzi, eye woxɔe se be dzɔdzɔmeŋusẽ siwo womekpɔna o ye kpɔa ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe etsɔme dzi. Ame bubuwo hã be amegbetɔ nye Mawu ƒe nuwɔwɔ si wona ŋutetee be wòawɔ ɖoɖo ɖe nusi eya ŋutɔ ava zu le etsɔme ŋu.

Ame aɖewo susuna be amegbetɔ siwo nye ŋusẽtɔwo si mee alesi yewoƒe etsɔme anɔ le. Le agbalẽŋlɔla Roy Weatherford ƒe nya nu la, “le ŋutinya me la, ame akpa gãtɔ siwo le xexeame—vevietɔ nyɔnu akpa gãtɔ—mekpɔ . . . ŋusẽ aɖeke ɖe woa ŋutɔwo ƒe agbe dzi o le susu siwo dze ƒã siwo nye amegbetɔ ƒe nɔvia tete ɖe anyi kple etafatafa ta.” (The Implications of Determinism) Dunyahelawo alo asrafo dziɖuɖuwo ƒe hoʋiʋli na ame geɖe ƒe mɔkpɔkpɔ na etsɔme si me dzidzɔ anɔ la me gblẽ.

Le ŋutinya katã me la, ame aɖewo se le wo ɖokui me be yewonye wɔnamanɔŋutɔwo elabena wosusu be ŋusẽ siwo gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋue kpɔa ŋusẽ ɖe nusi yewoava zu le etsɔme dzi. Boteach gblɔ be: “Blema Helatɔwo xɔe se vevie be mɔkpɔkpɔwo katã nye dzodzro elabena amegbetɔ mate ŋu asi le nusi wòxɔ vɛ nu o.” Wosusu be mawunɔ siwo ƒe nɔnɔme trɔna kpatae ɖoa nusi ame ava zu la ɖi. Woxɔe se be mawunɔ siawo ɖona ɣeyiɣi si ame aɖe aku, fu siwo tututu wòakpe kple veve siwo tututu wòase le agbe me katã hã ɖi nɛ.

Ame geɖe xɔe se egbea be ŋusẽ aɖe si tri akɔ wu amegbetɔwo tɔ ye ɖoa alesi ame ƒe etsɔme anɔ ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe xɔ dzɔgbese dzi se. Wogblɔna be Mawu ɖo amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo katã kple gbesigbe woaku la ɖi. Nuɖoɖiname ƒe dzixɔse si nye be Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae “ɖona ɖeɖe alo tsɔtsrɔ̃ si ame akpɔ mlɔeba ɖi do ŋgɔ” la hã li. Dzixɔse sia le ame gbogbo aɖewo siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la si.

Nukae nye wò ya wò susu? Ŋusẽ siwo gbɔ tɔwò ŋu kura ye ɖo nusi nàva nye le etsɔme ɖia? Alo ɖe nyateƒe aɖe le Eŋlisitɔ fefeŋlɔla William Shakespeare ƒe nya sia mea: “Ɣeaɖewoɣi la ame ŋutɔe ɖoa nusi wòava nye la ɖi”? De ŋugble tso nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu la ŋuti kpɔ.