Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Agbalẽa Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Agbalẽa Me

ALEKE Yehowa wɔa nui ne eya ŋutɔ ƒe dukɔ trɔ megbe dee hedze alakpamawuwo subɔsubɔ gɔme? Ke ne wogbe to ɖoɖoe edziedzi eye ne woɖo fukpekpe me ko hafi woyɔnɛ be wòakpe ɖe yewo ŋu ya ɖe? Ðe Yehowa aɖe wo le nɔnɔme ma hã mea? Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa ɖo nyabiase mawo kple bubu geɖe siwo le vevie ŋu. Nyagblɔɖila Samuel ye ŋlɔ agbalẽ sia le ƒe 1100 D.M.Ŋ. lɔƒo, eye eku ɖe nusiwo dzɔ le ƒe abe 330 ene me ŋu—tso Yosua ƒe ku dzi vaseɖe Israel-fia gbãtɔ ɖoɖo dzi.

Esi Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa nye Mawu ƒe nya alo gbedasi sẽŋu la ƒe akpa aɖe ta la, viɖe gã aɖe le eŋu na mí. (Hebritɔwo 4:12) Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siwo le eme la na míesea Mawu ƒe amenyenye gɔme ɖe edzi nyuie wu. Nusiwo míasrɔ̃ tso wo me la ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye woakpe ɖe mía ŋu míaƒe asi nasu “agbe vavã” si nye agbe mavɔ le Mawu ƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo la me dzi. (Timoteo I, 6:12, 19; Petro II, 3:13) Alesi Yehowa ɖe eƒe amewoe la nye kpɔɖeŋu na ɖeɖekpɔkpɔ gãtɔ si Via, Yesu Kristo ana le etsɔme.

NUKATAE ƲƆNUDRƆ̃LAWO HIÃ?

(Ʋɔnudrɔ̃lawo 1:1–3:6)

Esi Yosua nɔ ŋgɔ na Israel-toawo woɖu Kanaan-duwo ƒe fiawo dzi vɔ la, toawo dometɔ ɖesiaɖe yi anyigba si dome wònyi la dzi henɔ afima. Gake Israel-viwo menya anyigba dzi nɔlawo ɖa keŋkeŋ o. Esia va zu mɔ̃ ɖe Israel.

Dzidzime si va nɔ anyi le Yosua ƒe ŋkekeawo megbe la me tɔwo “medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:10) Gawu la, ameawo va nɔ srɔ̃ ɖem tso Kanaantɔwo dome hesubɔ woƒe mawuwo. Eyata Yehowa tsɔ Israel-viwo de asi na woƒe futɔwo. Gake esi wote wo ɖe anyi wòva wu tsɔtsɔ na wo la, Israel-viwo yɔ Mawu vavã la be wòakpe ɖe yewo ŋu. Mawusubɔsubɔ, hadomegbenɔnɔ, kple dunyahehe ƒe nɔnɔme siawo mee ʋɔnudrɔ̃la siwo Yehowa dɔ be woaɖe yeƒe amewo tso woƒe futɔwo si me la ƒe ŋutinya dze egɔme tsoe.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:2, 4—Nukatae wònye Yudae wotia gbã be wòayi aɖaxɔ anyigba si woka nɛ? Le ɖoɖoa nu la, Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, ƒe toae wòle be mɔnukpɔkpɔ sia nayi na hafi. Gake Yakob gblɔe ɖi le eƒe kuba dzi be Ruben makpɔ ŋusẽ wu nɔviawo o, elabena egblẽ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesia me. Simeon kple Lewi siwo wɔ nu adãtɔe la akaka ɖe Israel. (Mose I, 49:3-5, 7) Eyata Yuda, Yakob ƒe vi eneliae nye amesi kplɔe ɖo. Simeon si te ɖe Yuda ŋu la xɔ anyigba suesue aɖewo ɖe anyigba gã si Yuda xɔ la dome. *Yosua 19:9.

1:6, 7—Nukatae wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na fia siwo dzi woɖu la? Edze ƒã be amesi asidegblefetsuwo alo afɔdegblefetsuwo meli na o la mate ŋu ayi aʋa o. Aleke asrafo alé yi alo akplɔ ne asidegblefetsu meli nɛ o? Eye afɔdegblefetsu ƒe amesimanɔmanɔ ana ame mate ŋu azɔ nyuie o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

2:10-12. Ele be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ nanɔ mía si ale be ‘míagaŋlɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo be o.’ (Psalmo 103:2) Ele be dzilawo naƒã Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒea ɖe wo viwo ƒe dzi me.—Mose V, 6:6-9.

2:14, 21, 22. Yehowa ɖe mɔ dzɔgbevɔ̃e va eƒe dukɔ maɖoto la dzi le tameɖoɖo aɖe ta—be wòahe to na wo, akɔ wo ŋu ahana woatrɔ ɖe eyama ŋu.

YEHOWA ÐO ƲƆNUDRƆ̃LAWO

(Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:7–16:31)

Dɔ nyui siwo gbegbe ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ la ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzia dze egɔme esime Otniel ɖe Israel tso Mesopotamia-fia aɖe si te wo ɖe anyi ƒe enyi sɔŋ la si me. Ʋɔnudrɔ̃la Ehud to ayemɔ aɖe dzi wu Moabitɔwo ƒe fia dami Eglon dzideƒotɔe. Samgar ɖeka pɛ tsɔ nyikplɔti aɖe wu Filistitɔ 600 dzinɔameƒotɔe. Esi nyɔnunyagblɔɖila Debora de dzi ƒo na Barak eye Yehowa hã de megbe nɛ ta la, eya kple eƒe aʋawɔla akpe ewo siwo si aʋawɔnu ɖɔʋu aɖeke menɔ o la ɖu Sisera ƒe aʋakɔ sẽŋu la dzi. Yehowa tia Gideon hena eya kple eƒe ame 300 la ɖu Midiantɔwo dzi.

Yehowa to Yefta dzi ɖe Israel tso Amonitɔwo si me. Tola, Yair, Ibzan, Elon, kple Abdon hã le ŋutsu 12 siwo drɔ̃ ʋɔnu le Israel la dome. Simson, amesi wɔ aʋa kple Filistitɔwo lae nye Ʋɔnudrɔ̃la mamlɛtɔ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

4:8—Nukatae Barak te tɔ ɖe edzi be ɖeko nyɔnunyagblɔɖila Debora ayi aʋagbeadzi kple ye godoo? Anye be Barak se le eɖokui me be ye ɖeɖe yemate ŋu atso ɖe Sisera ƒe aʋakɔa ŋu o. Ne nyɔnunyagblɔɖilaa le eŋu la, ekema eya kple eƒe ameawo aka ɖe edzi be Mawue le mɔ fiam yewo eye dzideƒo anɔ wo si. Eyata Barak ƒe tɔtete ɖe edzi be Debora nakplɔ ye ɖo la mefia gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi le eyama ŋu o, ke xɔse sesẽ boŋ.

5:20—Aleke ɣletiviwo nɔ dziƒo wɔ aʋa na Barak? Biblia meɖe eme ne mawudɔla ƒe kpekpeɖeŋu, ɣletitoasikewo ƒe dzadza si Sisera ƒe nunyalawo bu be enye dzɔgbevɔ̃e ƒe dzesi, alo Sisera ƒe ŋuɖoɖo ɖe ɣletivimefakalawo ƒe nyagblɔɖiwo ŋu si meva eme o ye nya siawo fia o. Gake ɖikeke mele eme o be Mawue de nu nyaa me le mɔ aɖe nu.

7:1-3; 8:10—Nukatae Yehowa gblɔ be Gideon ƒe ame 32,000 la sɔ gbɔ akpa be woawɔ aʋa kple futɔ siwo nye ame 135,000? Nusitae nye be Yehowae le nana ge Gideon kple eƒe amewo naɖu aʋa dzi. Mawu medi be woasusui be yewo ŋutɔ yewoƒe ŋusẽ mee yewoɖu Midiantɔwo dzi le o.

11:30, 31—Esi Yefta nɔ adzɔgbe ɖem la, ame tsɔtsɔ sa vɔe nɔ susu me nɛa? Manye nu ma susum Yefta nɔ kura o, elabena Sea gblɔ be: “Ame aɖeke meganɔ dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o.” (Mose V, 18:10) Gake amee nɔ susu me na Yefta, menye lã o. Ewɔ abe lã siwo sɔ woatsɔ asa vɔe menɔa Israel-viwo gbɔ le aƒeme o ene. Eye lã tsɔtsɔ asa vɔe manye nu ɖedzesi si ta woaɖe adzɔgbe ɖo o. Yefta nyae nyuie be ame gbãtɔ si ado tso yeƒe me ava kpe ye la ate ŋu anye ye vinyɔnuvia. Ele be wòatsɔ amesia “asa numevɔe” le gɔmesesea nu be amea atsɔ eɖokui ana Yehowa bliboe be yeasubɔe le eƒe kɔkɔeƒe la.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

3:10. Yehowa ƒe gbɔgbɔe kpena ɖe mía ŋu míekpɔa dzidzedze le gbɔgbɔmenuwo yometiti me, ke menye mía ŋutɔwo míaƒe nunyae o.—Psalmo 127:1.

3:21. Ehud ta eƒe yi la aɖaŋutɔe kple dzideƒo. Ele be míabi le ‘gbɔgbɔ ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya la’ zazã me. Esia fia be míazã Ŋɔŋlɔawo dzideƒotɔe le gbeadzi.—Efesotɔwo 6:17; Timoteo II, 2:15.

6:11-15; 8:1-3, 22, 23. Gideon ƒe ɖokuibɔbɔ fia nu vevi etɔ̃ aɖewo mí: (1) Ne wona mɔnukpɔkpɔ aɖe mí le subɔsubɔdɔa me la, ele be agbanɔamedzi siwo kpe ɖe eŋu la nanɔ susu me na mí wu ŋkɔ si exɔxɔ ada ɖe mía dzi. (2) Ne nya ɖo mía kple amesiwo dina be yewoawɔ dzre dome la, nunya anɔ eme be míabɔbɔ mía ɖokui. (3) Ðokuibɔbɔ kpɔa mía ta be míetsia dzi ɖe ɖoƒe ƒe amesisusu ŋu o.

6:17-22, 36-40. Ele be míawo hã míanɔ ŋudzɔ eye ‘miagaxɔ nya sia nya si wobe wotso gbɔgbɔ me la dzi ase o.’ Ele na mí boŋ be ‘míado nya siwo tso gbɔgbɔ me la akpɔ be ɖe wotso Mawu gbɔ hã.’ (Yohanes I, 4:1) Hafi Kristotɔ yeye aɖe naka ɖe edzi be aɖaŋu si yedi be yeaɖo na ame aɖe la nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi bliboe la, nunya anɔ eme be wòabia kpekpeɖeŋu tso hamemegã kpɔnuteƒe aɖe gbɔ.

6:25-27. Gideon dze aɖaŋu ale be medo dziku na amesiwo tsi tre ɖe eŋu la dzodzro o. Ne míele gbeƒã ɖem nyanyuia la, ele be míakpɔ nyuie be míagado dziku na amewo dzodzro to alesi míeƒoa nui dzi o.

7:6. Le Yehowa subɔsubɔ me la, ele be míasrɔ̃ Gideon ƒe ame 300 la—míanɔ klalo ahanɔ ŋudzɔ.

9:8-15. Bometsitsi gã ŋutɔe wòanye na mí be míado mía ɖokui ɖe edzi ahaklẽ ŋu ɖe nɔƒe alo ŋusẽ xɔxɔ ŋu!

11:35-37. Ðikeke mele eme o be kpɔɖeŋu nyui si Yefta ɖo la koŋue kpe ɖe vianyɔnua ŋu be xɔse sẽŋu kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ eyama me. Dzilawo ate ŋu aɖo kpɔɖeŋu ma tɔgbe ɖi na wo viwo egbea.

11:40. Ne míekafu ame aɖe si tsɔ eɖokui na faa le Yehowa subɔsubɔ me la, edea dzi ƒo na amea.

13:8. Ne dzilawo le nu fiam wo viwo la, ele be woado gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ yewo eye woawɔ eƒe mɔfiafia dzi.—Timoteo II, 3:16.

14:16, 17; 16:16. Avifafa na ame alo fuɖeɖe nɛ enuenu be wòawɔ nusi dim wole la ate ŋu agblẽ eya kple amea dome ƒomedodo me.—Lododowo 19:13; 21:19.

AGƆ BUBU SIWO WODZE LE ISRAEL

(Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:1–21:25)

Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa ƒe akpa mamlɛtɔa ƒo nu tso nudzɔdzɔ vevi eve ŋu. Gbãtɔa ku ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mixa, si li legba ɖe eƒeme hexɔ Lewitɔ aɖe wònye nunɔla nɛ la ŋuti. Esi Dan-viwo tsrɔ̃ Lais alo Lesem-dua vɔ la, wotu woa ŋutɔwo ƒe du heyɔe be Dan. Wozã Mixa ƒe legba la kple eƒe nunɔlaa tsɔ ɖo tadedeagu ƒomevi bubu ɖe Dan. Edze ƒã be woxɔ Lais hafi Yosua ku.—Yosua 19:47.

Nu evelia dzɔ le Yosua ƒe ku megbe kpuie ko. Benyamin-du si nye Gibea me tɔ aɖewo ƒe gbɔdɔdɔ me nu vlo aɖe si wowɔ le ha me la na wotsrɔ̃ Benyamin-to bliboa katã me tɔwo keŋkeŋ kloe—ŋutsu 600 koe tsi agbe. Gake wowɔ ɖoɖo nyui aɖe si na wokpɔ srɔ̃ ɖe, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe dzi va gogo aʋawɔla 60,000 le Dawid ƒe fiaɖuɣi.—Kronika I, 7:6-11.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

17:6; 21:25—Ne “amesiame wɔ nusi dze eŋu” la, ɖe esia do sedzimawɔmawɔ ɖe ŋgɔa? Manye nenema kokoko o, elabena Yehowa wɔ ɖoɖo geɖe be wòatsɔ afia mɔ eƒe amewo. Ena Sea kple nunɔlawo woamawo be woafia eƒe mɔ wo. Nunɔlagã la zãa Urim kple Tumim tsɔ biana gbe Mawu, ne nya sesẽwo do mo ɖa. (Mose II, 28:30) Ame tsitsi siwo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyui hã nɔ du sia du me. Ne Israel-vi aɖe wɔ mɔnuɖoɖo siawo ŋudɔ nyuie la, ekema anye mɔfianu nyui aɖe na eƒe dzitsinya. ‘Nusi dze ame ŋu wɔwɔ’ le mɔ sia nu ɖea vi na amea. Gake ne ame aɖe ŋe aɖaba ƒu Sea dzi hewɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le agbenɔnɔ kple tadedeagu ŋu la, nu gbegblẽwoe dona tsoa eme nɛ.

20:17-48—Nukatae Yehowa ɖe mɔ Benyamin-viwo ɖu to bubuawo dzi zi eve sɔŋ, evɔ wòhiã be woahe to na Benyamin-viawo ŋutɔ hafi? Yehowa ɖe mɔ woɖu to siwo wɔ nuteƒe nɛ la me tɔwo dzi ŋutɔ zi gbãtɔ tsɔ do wo kpɔe be ɖe woɖoe kplikpaa be yewoaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le Israel hã.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

19:14, 15. Amedzromawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si nɔ Gibea-nɔlawo me ɖee fia be woƒe agbenɔnɔ vlo ŋutɔ. Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woanɔ amedzrowɔwɔ dzi.’—Romatɔwo 12:13.

Ðeɖekpɔkpɔ si Le Ŋgɔ

Eteƒe magadidi kura o, Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu ƒe dzikpɔkpɔ te la atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia ahaɖe ame dzɔdzɔewo kple ame maɖifɔwo. (Lododowo 2:21, 22; Daniel 2:44) ‘Yehowa, ƒe futɔwo katã atsrɔ̃ ɣemaɣi, eye amesiwo lɔ̃nɛ la anɔ abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene.’ (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:31) Mina míaɖee afia be míele amesiwo lɔ̃a Yehowa dome to alesi míatsɔ nusiwo míesrɔ̃ le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa me awɔ dɔe dzi.

Nyateƒenya vevi si dzi wote gbe ɖo zi geɖe le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nuŋlɔɖia me enye si: Toɖoɖo Yehowa hea yayra gbogbo aɖewo vɛ, tomaɖomaɖo hea afɔku gbogbo aɖewo vɛ. (Mose V, 11:26-28) Eyata ele vevie ale gbegbe be míazu ‘amesiwo ɖoa to’ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si woɖe fia la ‘tso dzime’!—Romatɔwo 6:17; Yohanes I, 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Womena domenyinu aɖeke Lewi-viwo le ŋugbedodonyigba la dzi o, negbe du 48 aɖewo siwo kaka ɖe Israel koe woxɔ.

[Anyigbatata si le axa 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

“Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo ɖe wo tso adzowɔlawo si me.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:16

ƲƆNUDRƆ̃LAWO

1. Otniel

2. Ehud

3. Samgar

4. Barak

5. Gideon

6. Tola

7. Yair

8. Yefta

9. Ibzan

10. Elon

11. Abdon

12. Simson

NAFTALI

ASER

ZEBULON

DAN

ISAXAR

MANASE

EFRAYIM

BENYAMIN

YUDA

DAN

MANASE

GAD

RUBEN

DZIEHE

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nukae nèsrɔ̃ tso alesi Barak te tɔ ɖe edzi be ɖeko Debora ayi aʋagbeadzi kple ye godoo la me?