Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Simson ka asi ame kuku siwo wòwu la ŋu gake gakpɔtɔ nye Nasiretɔ?

Le blema Israel la, ame ate ŋu aɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔgbe hena ɣeyiɣi aɖe be yeazu Nasiretɔ. * Se siwo dzi adzɔgbeɖela la azɔ ɖo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Made ame kuku gbɔ le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa la me o. Eye magblẽ kɔ ɖo le fofoa alo dada, nɔviaŋutsu alo nɔvianyɔnu ƒe kukua ŋu o.” Ke ne ame aɖe “ku ku kpata ɖe egbɔ” ya ɖe? Asikaka ame kukua ŋu le nudzɔdzɔ sia me agblẽ eƒe Nasiretɔnyenye me. Eyata, sea gblɔ be: ‘Ŋkeke siwo va yi la mele eme o.’ Ava hiã be wòawɔ kɔnu aɖewo atsɔ akɔ eɖokui ŋu, eye wòagagbugbɔ adze eƒe Nasiretɔnyenye ƒe ɣeyiɣia gɔme ake.—Mose IV, 6:6-12.

Gake Simson ƒe Nasiretɔnyenyea to vovo. Hafi woadzi Simson la, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na dadaa be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu [Nasiretɔ, NW] wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:5) Esia fia be Simson meɖe Nasiretɔnyenye ƒe adzɔgbe o. Mawu ŋutɔe tiae be wòanye Nasiretɔ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Womate ŋu azã asikaka ame kuku ŋu ƒe sea le eya gome o. Ne ɖe se sia aku ɖe eŋu eye wòadzɔ be meɖoe hafi ka asi ame kuku aɖe ŋu o la, aleke wòawɔ agagbugbɔ adze eƒe Nasiretɔnyenye ƒe agbe si gɔme wòdze tso edziɣi ke la gɔme ake? Eyata edze ƒã be amesiwo ɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔgbe be yewoanye Nasiretɔwo kple amesiwo wotia koŋ be woanye Nasiretɔ le woƒe agbe me ŋkekewo katã me la ƒe nudidiwo to vovo na wo nɔewo le mɔ aɖewo nu.

De ŋugble le Yehowa ƒe se siwo wòde le Biblia me na ame etɔ̃—Simson, Samuel, kple Yohanes Amenyrɔɖetsimela—siwo nye Nasiretɔwo le woƒe agbe me ŋkekeawo katã me ŋu kpɔ. Abe alesi míede dzesii do ŋgɔ ene la, wobia tso Simson si be megalũ ta o. Esime Xana mekpɔ dzi vi—Samuel—haɖe o la, eɖe adzɔgbe gblɔ bena: “Matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!” (Samuel I, 1:11) Le Yohanes Amenyrɔɖetsimela gome la, Yehowa ƒe dɔla gblɔ be: “Mele wein alo aha sesẽ no ge o.” (Luka 1:15) Hekpe ɖe eŋu la, “kposɔfuwu le [Yohanes ŋu], eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.” (Mateo 3:4) Sea mebia tso ame etɔ̃ siawo dometɔ aɖeke si be wòagate ɖe ame kuku ŋu o.

Togbɔ be Simson nye Nasiretɔ hã la, enɔ ʋɔnudrɔ̃la siwo Yehowa tia be woaɖe Israel-viwo tso adzoha siwo dze wo dzi si me la dome. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:16) Le eƒe dɔdasi sia wɔwɔ me la, eva eme be eka asi ame kukuwo ŋu. Ɣeaɖeɣi la, Simson wu Filistitɔ 30 heɖe woƒe atsyɔ̃ɖowuwo. Emegbe eyi ɖawu futɔwo eye “wòdza sobo kple ali na wo nyamanyama.” Etsɔ tedziglã mumu aɖe hã wu ame akpe ɖeka. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:19; 15:8, 15) Simson wɔ nusiawo katã le Yehowa ƒe amenuveve kple ŋusẽdoame me. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso eŋu be enye amesi ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi.—Hebritɔwo 11:32; 12:1.

Ðe nya si wogblɔ be Simson vuvu dzata “abe alesi wovuvua gbɔ̃vi ene” la fia be gbɔ̃vi fefe ɖe eve nye nusi dzɔna edziedzi le eƒe ɣeyiɣia mea?

Kpeɖodzi aɖeke meli si fia be gbɔ̃vi fefe ɖe eve nye nusi dzɔna edziedzi le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia me le Israel o. Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:6 gblɔ bena: “Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze [Simson dzi], eye [wòvuvu dzata la] abe alesi wovuvua gbɔ̃vi ene, evɔ wònye metsɔ naneke ɖe asi o hafi.” Edze abe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe nya sia nye ene.

Gɔmesese eve ate ŋu anɔ nya “wòvuvui” ŋu. Ate ŋu afia be Simson fe dzata la ƒe glã ɖe eve alo be etu eƒe afɔwo kple abɔwo ɖa le wo kpeƒewo le mɔ aɖe nu. Ne gɔmesese gbãtɔa ye le nyaa ŋu la, ke afia be amegbetɔwo ate ŋu afe gbɔ̃vi hã ƒe glã ɖe eve bɔbɔe. Le go sia me la, kpɔɖeŋua fia be Simson tsɔ asi ƒuƒlu vuvu dzata la bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe ko wònye ene. Gake ne ɖe Simson vuvu dzata la to eƒe afɔwo kple abɔwo ɖeɖe ɖa le wo kpeƒewo nu ya ɖe? Ke ele be míatsɔe abe nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ƒe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ aɖe ko ene. Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo si ŋudɔ wowɔ le afisia afia be Yehowa ƒe gbɔgbɔe do ŋusẽ Simson be wòte ŋu wɔ ŋusẽdɔ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu. Le gɔmesese eveawo katã nu la, nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo si ŋudɔ wowɔ le Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:6 fia ko be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, dzata sesẽ la megaɖi lã wɔadã na Simson o, ke boŋ ɖeko wònɔ nɛ abe alesi ko gbɔ̃vi anɔ na ame akpa gãtɔ ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ɣeyiɣi si ame aɖe adi be yeatsɔ aɖe adzɔgbe be yeanye Nasiretɔ la ƒe didime nye amesi le adzɔgbea ɖem la ŋutɔ ƒe nya. Gake, le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, ele be ɣeyiɣi sia ƒe didime nade ŋkeke 30 ya teti. Susuae nye be ne ŋkekea mede nenema o la, womabu adzɔgbeɖeɖe sia be enye nu tɔxɛ aɖeke o.