Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Saul ƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Na Wotsi Tre Ðe Eŋu

Saul ƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Na Wotsi Tre Ðe Eŋu

Saul ƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Na Wotsi Tre Ðe Eŋu

YUDATƆ siwo le Damasko ƒe nu koe tsi te. Aleke wɔ dekɔnuwo taʋlila atrɔ zu xɔsegbelae? Wonya Saul tsã be enye Yesu yomedzelawo yometila le Yerusalem. Eva Damasko be yeati nusrɔ̃la siwo le afima yome. Gake eya ŋutɔe ma le gbeƒã ɖem amesi wodo vloe heklã ɖe ati ŋuti be egblɔ busunya la, be eyae nye Mesia la! Alo ɖe Saul ƒe tagbɔ gblẽa?—Dɔwɔwɔwo 9:1, 2, 20-22.

Ðewohĩ nanee dzɔ. Ðewohĩ ame bubu siwo zɔ mɔ tso Yerusalem kple asitsaha siwo Saul zɔ kplii anya gblɔ nusi dzɔ le mɔa dzi. Esi wogogo Damasko la, kasia keklẽ sẽŋu aɖe klẽ ƒo xlã wo, eye wo katã wodze anyi. Wose gbeɖiɖi aɖe hã. Nuvevi mewɔ ame aɖeke o negbe Saul ko. Emlɔ anyi ɖe mɔa dzi. Esi wòtsi tre mlɔeba la, amesiwo le mɔ zɔm kplii lae lé eƒe alɔnu yi Damasko-dua me elabena eƒe ŋkuwo tsi.—Dɔwɔwɔwo 9:3-8; 26:13, 14.

Tsitretsiɖeŋula Trɔ Zu Amedzidela

Nukae dzɔ ɖe Saul dzi le Damasko-mɔ dzi? Ðe wòanye be ɖeɖiteameŋu le mɔa ƒe didi ta alo ŋdɔkutsu ƒe ʋuʋu helĩhelĩ tae wòyrɔ tsi anyigba ɖoa? Esi egbegbe ɖeklemiɖelawo dze agbagba be yewoadi nusitae nusia dzɔ ɖo la, wogblɔ be tagbɔgbegblẽ, bubu be wole nane kpɔm le susu me, tamesusu ƒe vevesese si va Saul dzi le esi eƒe dzitsinya tɔtɔ ta, susume nuxaxa vevie, kple kura gɔ̃ hã be anyidzedɔ si anya nɔ Saul ŋue na wòdze anyi.

Nyateƒeae nye be Yesu Kristoe ɖe eɖokui fia Saul le keklẽ sẽŋu ma me, hele kpe ɖom edzi nɛ be yee nye Mesia la. Le nɔnɔmetata aɖewo me la, àkpɔ Saul wòle gegem tso sɔ dzi. Togbɔ be ate ŋu adzɔ nenema hã la, ɖeko Biblia ya gblɔe kpuie ko be ‘edze anyi.’ (Dɔwɔwɔwo 22:6-11) Eɖanye aleke kee Saul dze anyii o, ŋukpe si wòɖu le ɖoƒe si nɔ esi tsã ƒe gege le esi ta ya mele gbɔgblɔ me o. Fifia ele nɛ be wòalɔ̃ ɖe edzi be gbedasi si Yesu yomedzelawo le gbeƒã ɖemee lae nye nyateƒea. Mɔ ɖeka kolia si ʋu ɖi na Saul koe nye be wòawɔ ɖeka kpli wo. Saul si tsi tre ɖe Yesu ƒe gbedasia ŋu tsã la va zu eta ʋlila vevitɔ. Esi Saul ƒe ŋkuwo ʋu eye wòxɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe la, ‘egasẽ ŋu ɖe edzi wu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfia kɔte bena, amesiae nye Kristo.’—Dɔwɔwɔwo 9:22.

Wodi be Woawui Gake Womete Ŋui O

Afikae Saul si wova yɔ be Paulo yi le eƒe dzimetɔtrɔ megbe? Esi wònɔ lɛta ŋlɔm na Galatiatɔwo la, egblɔ be: “Metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.” (Galatiatɔwo 1:17) Nyagbe “Arabia” si wozã ate ŋu afia mɔzɔzɔ yi Arabia-ƒukpoa ƒe akpa aɖe. Agbalẽnyala aɖewo susu be anye Syria-dzogbe alo teƒe bubu aɖe le Nabataeatɔwo ƒe du siwo le Areta IV ƒe fiaɖuƒea dometɔ aɖe mee wòyi. Ate ŋu anye be le Saul ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, eyi teƒe ɣaɣlɛ aɖe hena ŋugbledede tso gbɔgbɔmenuwo ŋu abe alesi Yesu hã yi gbedzi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe ene.—Luka 4:1.

Esi Saul trɔ yi Damasko la, “Yudatɔwo de aɖaŋu, bena yewoawui.” (Dɔwɔwɔwo 9:23) Fia Areta teƒenɔla si nɔ dzi ɖum le Damasko dzɔ dua ŋu bene yealé Saul. (Korintotɔwo II, 11:32) Gake esi futɔwo wɔ ɖoɖo be woawu Saul la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖoɖo wòsi.

Amesiwo kpe ɖe Saul ŋu wòsi dometɔ aɖewoe nye Anania kple nusrɔ̃la siwo apostoloa zɔ kpli le eƒe dzimetɔtrɔ megbe teti. * (Dɔwɔwɔwo 9:17-19) Amesiwo Saul ɖe gbeƒã na le Damasko wozu xɔsetɔwo dometɔ aɖewo hã anya kpe ɖe eŋu elabena Dɔwɔwɔwo 9:25 gblɔ be: “Ke nusrɔ̃lawo tsɔe le zã me heto gli dzi ɖiɖi ɖe anyigba le kusi me.” Nyagbe “nusrɔ̃lawo” ate ŋu afia amesiwo wòfia nui. Aleke kee wòɖanye o, eƒe subɔsubɔdɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ na be amesiwo lé fui ƒe fulélea nu gasẽ ɖe edzi.

Nusɔsrɔ̃ aɖe Le Eme na Mí

Ne míelé ŋku ɖe nusiwo dzɔ le Saul ƒe dzimetɔtrɔ kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɣeyiɣiwo me ŋu la, ana eme nakɔ na mí ƒã be menye nusi ame bubuwo asusu le eŋu ye le vevie nɛ o, eye yometiti sesẽ hã mena wòna ta o. Nusi nɔ vevie na Saul wu enye gbeƒãɖeɖedɔ si wode esi.—Dɔwɔwɔwo 22:14, 15.

Nyitsɔ laa sia koe nèva de dzesii be gbeƒãɖeɖe nyanyuia ƒe dɔa le veviea? Ne nenemae la, ekema ènya be ele be Kristotɔ vavãtɔwo katã nanye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo. Ne wò gbeƒãɖeɖedɔa na wotsi tre ɖe ŋuwò vevie ɣeaɖewoɣi hã la, mele be wòawɔ mo yaa na wò o. (Mateo 24:9; Luka 21:12; Petro I, 2:20) Alesi Saul wɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋu nui nye kpɔɖeŋu na mí. Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔ siwo doa dzi le xaxawo me eye womenaa ta o la ŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.” Gake ede dzi ƒo na wo hã be: “Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.”—Luka 21:17-19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Anye Yesu ƒe gbeƒãɖeɖe le Galilea megbe alo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbee Kristotɔnyenye va ɖo Damasko.—Mateo 4:24; Dɔwɔwɔwo 2:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Saul “dze anyi” esi Yesu ɖe eɖokui fiae

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Saul si le nugbe si woɖo be woawui le Damasko nu