Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Nu Xɔasie loo alo Nu Tsɛe?

Agbe Nu Xɔasie loo alo Nu Tsɛe?

Agbe Nu Xɔasie loo alo Nu Tsɛe?

“Esi wònye Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo ta la, nusi xɔ asi wu kple nusi le kɔkɔe wu le xexeame la tsɔtsrɔ̃e amewuwu nye.”—The Plain Man’s Guide to Ethics, si William Barclay ŋlɔ.

‘NUSI xɔ asi wu le xexeame.’ Nenemae nèbua agbeea? Le alesi amewo wɔa nui nu la, edze ƒã be ame geɖe meda asi ɖe nuŋlɔla ma ƒe nyaa dzi o. Ŋutasẽnuwɔla siwo tia ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo yome eye womebua wo hati amegbetɔwo ƒe nyui ŋu kura o la wu ame miliɔn geɖe tagbɔsesẽtɔe.—Nyagblɔla 8:9.

Ðekememanɔlawo Kple Vɔsakoklowo

Xexemeʋa I nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Ŋutinyaŋlɔla A.J.P. Taylor gblɔ be, “wotsɔ amewo sa vɔe yakatsyɔ” le aʋa dziŋɔ ma me enuenu. Le ŋkɔxɔxɔ kple kafukafu didi vevie ta la, aʋafiawo zã asrafowo abe ɖee asixɔxɔ aɖeke mele wo ŋu o eye womele ɖeke me kura o ene. Le aʋa si wowɔ le France tsɔ ʋli Verdun tae me la, ame miliɔn afã kple edzivɔwoe tsi eme. Taylor ŋlɔ bena: “Menye nunana [adodoe] aɖe ye woaxɔ loo alo ye atsi wo ŋu o, ke boŋ amewo wuwu kple kafukafu didi koe nye woƒe taɖodzinu.”—The First World War.

Alesi womedea asixɔxɔ agbe ŋui o la gakpɔtɔ de du. Agbalẽnyala Kevin Bales ɖee fia be le ɣeyiɣi siawo me la, “amewo ƒe dzidziɖedzi wɔe be ame dahe kple wɔnamanɔŋutɔ miliɔn geɖewo va zu agbatedɔwɔlawo le xexeame.” Wotsoa hloloe le woƒe agbemeŋkekewo katã me bene woate ŋu anɔ agbe le asitsahawo ƒe ɖoɖo teameɖeanyi si me “agbe zua nu tsɛ” le la me. Bales gblɔ be, amesiwo

baa wo la wɔa nu ɖe wo ŋu abe kluviwo ene—abe “dɔwɔnu siwo woate ŋu azã atsɔ akpɔ gae ko ahatsɔe aƒu gbe la” ene.—Disposable People.

“Dagbadagba ɖe Ya Me”

Susu bubu geɖewo li si tae ame miliɔn geɖe sena le wo ɖokui me be yewomeɖi naneke o, si wɔnɛ be wotsia dzodzodzoe—be yewo ɖale agbe loo alo yewo ɖaku o, meka ame aɖeke o—ɖo. Tsɔ kpe ɖe aʋawɔwɔ kple madzɔmadzɔnyenye ŋu la, kuɖiɖi, dɔwuame, dɔléame, ku ƒe nuxaxa doname, kple nu bubu geɖewo li siwo wɔa fu ameƒomea katã, si nana amewo megakana ɖe edzi be viɖe le agbe ŋu o.—Nyagblɔla 1:8, 14.

Ele eme baa be menye amesiamee toa hiãkame kple dzimaɖitsitsi si gbɔ eme me ya o. Gake amesiwo metoa teteɖeanyi vɔ̃ɖiwo me o gɔ̃ hã gblɔa blema Israel Fia Salomo ƒe nya siawo tɔgbe, amesi bia be: “Nuka amegbetɔ kpɔna tsoa eƒe dɔwo katã kple agbagba, siwo eƒe dzi dzena le ɣea te la mea?” Ne ame geɖe de ŋugble le eŋu la, wova kpɔnɛ dzea sii be nusiwo yewo wɔ le agbe me la dometɔ akpa gãtɔ zua “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me.”—Nyagblɔla 2:22, 26.

Ne ame geɖe gbugbɔ ŋugble de le woƒe agbe ŋu la, wobiana be: “Eya katã koe nye esia?” Ẽ, ame nenie ‘kpɔa dzidzeme’ akuakua ‘le agbenɔnɔ me,’ abe alesi blemafofo Abraham kpɔe ene, hafi kuna? (Mose I, 25:8) Ame akpa gãtɔ senɛ le wo ɖokui me ɖaa be yewomeɖi naneke o. Ke hã, mehiã be agbe nanye nudzodzro o. Mawu bua amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe agbe nu xɔasii eye wòdi be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ agbe si me dzidzeme vavã le la bliboe. Aleke esia awɔ ava eme? Kpɔ nusi nyati si kplɔe ɖo agblɔ le nya sia ŋu ɖa.