Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Gbegbee Wò Agbe Xɔ Asii?

Aleke Gbegbee Wò Agbe Xɔ Asii?

Aleke Gbegbee Wò Agbe Xɔ Asii?

ESIME wotsɔ ame gbogbowo nɔ vɔ samee le Europa, le Xexemeʋa I me la, wonɔ agbagba geɖe dzem be woaɖe amewo le Antarctica. Britain kple Ireland vidzidzi anyigbayeyedila Ernest Shackleton kple eƒe zɔhɛwo dze afɔku esime tsikpe gbã woƒe meli, si wona ŋkɔe be Endurance, wònyrɔ. Shackleton te ŋu ɖe eƒe amewo yi—yeaɖi—dedienɔƒe aɖe le Elephant-ƒukpo, si le Anyiehe Atlantik-ƒugã me, dzi. Gake wogakpɔtɔ nɔ afɔku gã aɖe me.

Shackleton kpɔe be mɔ ɖeka pɛ si dzi yewoate ŋu ato atsi agbee nye be yewoaɖa bia kpekpeɖeŋu tso bosokoƒe aɖe si le South Georgia ƒukpowo dzi la gbɔ. Afisi wodze kple afima dome didi kilometa 1,100, eye agbeɖeʋu ɖeka si ƒe didime nye meta 7 pɛ, si susɔ na wo esi Endurance nyrɔ, koe nɔ esi. Mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke menɔ wo si o.

Gake le May 10, 1916, dzi, le ŋkeke 17 ƒe togodoedodo atraɖii megbe la, Shackleton kple ame ʋɛ aɖewo ɖo South Georgia, gake atsiaƒua ƒe agbodzedze wɔe be woɖadze ƒukpoa ƒe go kemɛ dzi. Ele na wo be woazɔ azɔli kilometa 30 ato to siwo dzi sno tsyɔ eye toƒe aɖeke menɔ wo ŋu o dzi hafi aɖo afisi yimee wonɔ la. Le dziɖeleameƒo ƒe nɔnɔme sesẽawo katã—yame ƒe fafa miamiamia kple tolianu nyuiwo ƒe wo si manɔmanɔ—me la, Shackleton kple eŋumewo ɖo teƒea, eye wòɖe eƒe ame siwo tsi tokotoko me la mlɔeba. Nukatae Shackleton ku kutri alea gbegbe ɖo? Agbemeŋutinyaŋlɔla Roland Huntford ŋlɔ bena: “Eƒe didi vevi ɖeka” enye “be yeaɖe yeƒe ameawo dometɔ ɖesiaɖe agbagbee.”

“Wo Dometɔ Aɖeke Mesusɔna O”

Nukae kpe ɖe Shackleton ƒe amewo ŋu be mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wo keŋkeŋ o esime woƒo ƒu henɔ lalam le “teƒe wɔnublanui, tsoabo ma si ƒe didime nye kilometa 30 tso go ɖeka dzi yi go kemɛ dzi, eye agakpewo kple tsikpewo sɔŋ xɔ edzi la”? Kakaɖedzi si nɔ wo si be yewoƒe ŋgɔnɔla la awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi, aɖe yewo lae.

Egbea, ameƒomea le abe ŋutsu mawo siwo tsi tokotoko me le Elephant-ƒukpo dzi la tututu ene. Ame geɖe toa nɔnɔme sesẽwo ŋutɔ me hedagbana vevie be yewoanɔ agbe ko. Ke hã, woate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu ‘aɖe hiãtɔwo’ tso ameteteɖeanyi kple xaxa me. (Hiob 36:15) Ka ɖe edzi be Mawu bua amesiame ƒe agbe nu xɔasii. Yehowa Mawu, Wɔla la, gblɔ be: “Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò.”—Psalmo 50:15.

Ðe wòsesẽna na wò be nàxɔe se be Wɔla la bua wò—wò ɖeka tiŋgoŋ le anyigbadzinɔla biliɔn gbogboawo dome—ame xɔasia? Ekema se nusi nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ tso ɣletivi biliɔn gbogbo siwo le ɣletivihatsotso biliɔn gbogbowo me le yamenuto gã la me ŋu ɖa. Míexlẽ be: ‘Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.’—Yesaya 40:26.

Èse nya si tututu wodi be woagblɔ la gɔmea? Ne mede ɖeke o la, ɣletivi biliɔn 100 ya tetie le míaƒe Masa ɣletivihatsotsoa—si míaƒe ɣe kple eŋuɣletinyigbawo nye eƒe akpa aɖe ko la—me. Eye ɣletivihatsotso nenie li? Ame aɖeke menyae kaŋ o, akɔntabubu aɖewo gblɔ be anɔ biliɔn 125. Eyata ɣletivi siwo ƒe xexlẽme womate ŋu ayɔ o lae li! Ke hã, Biblia gblɔ na mí be xexeame katã Wɔla la nya ɣletiviawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ.

“Miaƒe Taɖawo Katã Hã Woxlẽe!”

‘Gake,’ ame aɖe atu afɔkpo nya sia be, ‘ɣletivi biliɔn gbogbo aɖe—alo ame biliɔn gbogbo aɖe—ƒe ŋkɔwo nyanya mefia kokoko be wotsɔ ɖe le wo dometɔ ɖesiaɖe me o.’ Kɔmpiuta si de ŋgɔ ate ŋu alé ame biliɔn gbogbo aɖe ƒe ŋkɔwo ɖi. Ke hã, ame aɖeke mabui be kɔmpiuta la tsɔ ɖe le eme na ameawo dometɔ aɖeke o. Gake Biblia ya ɖee fia be menye ɖeko Yehowa Mawu nya ame biliɔn gbogbowo ƒe ŋkɔwo ko evɔ o, ke boŋ etsɔ ɖe le wo dometɔ ɖesiaɖe me hã. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—Petro I, 5:7.

Yesu Kristo gblɔ be: “Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? [Ke hã, wo dometɔ aɖeke mage adze anyigba eye Fofo la manya o, NW]; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:29-31) De dzesii be Yesu megblɔ be ɖeko Mawu anya nusi dzɔ ɖe atsutsurɔeawo kple amewo dzi ko o. Egblɔ be: “Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” Nukatae tɔwò vena wu ɖo? Elabena “Mawu ƒe nɔnɔme nue” wowɔ wò ɖo—be nàte ŋu atu agbenyuinɔnɔ, tamebubu, kple gbɔgbɔ me nɔnɔme siwo ɖea Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔwo fiana la ɖo ahaɖe wo afia.—Mose I, 1:26, 27.

“Nunyala aɖe ƒe Asinudɔwɔwɔ”

Mègana amesiwo gblɔna be Wɔla aɖeke meli o la ƒe nyawo nakplɔ wò atrae o. Le woƒe nya nu la, dzɔdzɔmeŋusẽ aɖewo siwo menye ame o mee nèdzɔ tso. Wogblɔna be le esi teƒe be nàbu be ‘Mawu ƒe nɔnɔme nue’ wowɔ wò ɖo la, vovototo aɖeke kura mele mia kple lã bubu siwo katã le ɣletinyigba sia dzi—si me atsutsurɔe hã le—dome o.

Ðe nèkpɔ be susu le eme be ɖeko agbe va dzɔ zi ɖeka kpoi, alo to ŋusẽ aɖe si ame aɖeke mefia mɔe o dzia? Agbeŋusẽŋutinunyala Michael J. Behe gblɔ be, “lãmetsi” siwo léa agbe ɖe te “ƒe dɔwɔwɔ si gɔmesese sesẽ ŋutɔ” la na susu meva le nuŋububu ma me kura o. Egblɔ be, kpeɖodzi si le lãmetsi siwo me agbeŋusẽ le ƒe anyinɔnɔ ŋu na woƒoa nya ta ɖeklemiɖeɖe manɔmee be “agbe si le anyigba dzi . . . nye nunyala aɖe ƒe asinudɔwɔwɔ tso gɔmedzedzea me ke.”—Darwin’s Black Box—The Biochemical Challenge to Evolution.

Biblia gblɔ na mí be agbe ƒomevi vovovo siwo katã le anyigba dzi la nye nunyala aɖe ƒe asinudɔwɔwɔ. Eye egblɔ na mí be Amesi Wɔ aɖaŋudɔ siawo katãe nye Yehowa Mawu, xexeame katã Wɔla la.—Psalmo 36:9; Nyaɖeɖefia 4:11.

Mègana nyateƒe si wònye be ele be míado dzi le xexe sia si me vevesese kple fukpekpe yɔ fũ me naɖe dzi le ƒowò be maxɔe ase be Ame aɖe li si wɔ anyigba kple edzi nugbagbewo katã hetrɔ asi le wo ŋu o. Nyateƒe vevi eve nenɔ susu me na wò. Ðekae nye be menye Mawue to blibomademade si me míele la vɛ o. Eveliae nye be susu nyuiwo tae mía Wɔla la ɖe mɔ ɖe eŋu vie ɖo. Abe alesi magazine sia dzroa eme zi geɖee ene la, Yehowa Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li hena ɣeyiɣi kpui aɖe bene wòatsɔ akpɔ agbenyuinɔnɔŋunya vevi siwo fɔ ɖe te esime amegbetɔwo gbe eƒe dziɖulanyenye le gɔmedzedzea me ke la gbɔ, zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. *Mose I, 3:1-7; Mose V, 32:4, 5; Nyagblɔla 7:29; Petro II, 3:8, 9.

‘Aɖe Ame Dahe, si Le Ɣli Dom La’

Le nyateƒe me la, togbɔ be nɔnɔme wɔnublanuiwo le fu wɔm ame geɖe egbea hã la, agbe gakpɔtɔ nye nunana xɔasi aɖe. Eye míewɔa nusianu si míate ŋui tsɔ kpɔa etae. Etsɔme gbenɔnɔ si ƒe ŋugbe Mawu do la ƒo dagbadagba vevie be woanɔ agbe ko le nɔnɔme sesẽwo kple vevesese me—abe Shackleton ƒe ame siwo nɔ Elephant-ƒukpo dzi ene—tɔ ta. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeaɖe mí tso vevesese kple fukpekpe dzodzro si li egbea me bene míaƒe “asi nasu agbe vavã” si Mawu ɖo na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo le gɔmedzedzea me la dzi.—Timoteo I, 6:19.

Mawu awɔ nusiawo katã elabena mía dometɔ ɖesiaɖe xɔ asi le eŋkume. Ewɔ ɖoɖo be Via, Yesu Kristo, naxe tafevɔsa si hiã bene woaɖe mí tso nuvɔ̃, blibomademade, kple ku si ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, gbɔ la me. (Mateo 20:28) Yesu Kristo gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, . . . wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Nukae Mawu awɔ na amesiwo vevesese kple ameteteɖeanyi gblẽ agbe dome na egbea la? Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ tso Via ŋu na mí be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.” Nukatae wòawɔ nusia ɖo? Elabena ‘woƒe ʋu, alo woƒe agbe, xɔ asi le eŋku me.’Psalmo 72:12-14.

Ƒe alafa gbogbo aɖewo enye sia si nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe agba le ameƒomea kpem, eye wole “ŋeŋem” le vevesese kple fukpekpe ta. Ðeko Mawu ɖe mɔ ɖe esia ŋu kple susu be yeava ɖɔ nusianu si wòagblẽ la ɖo. (Romatɔwo 8:18-22) Eteƒe madidi kura o ato eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si le Via, Yesu Kristo, si la dzi ‘aɖɔ nuwo katã ɖo.’—Dɔwɔwɔwo 3:21; Mateo 6:9, 10.

Ema alɔ amesiwo kpe fu heku la fɔfɔ ɖe tsitre hã ɖe eme. Wole dedie le Mawu ƒe susu me. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Eteƒe madidi o, míanɔ agbe ‘ahase vivi nɛ wòagba go’—si nye agbe mavɔ le blibodede me le paradisonyigba si me vevesese kple fukpekpe manɔ o dzi. (Yohanes 10:11; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Amesiame si le agbe ɣemaɣi ate ŋu ase vivi le agbe me bliboe eye wòatu nɔnɔme kple ŋutete nyui siwo dzena le amesiwo wowɔ ɖe ‘Mawu ƒe nɔnɔme nu’ ŋu la ɖo.

Ðe nànɔ agbe ase vivi na agbe si ƒe ŋugbe Yehowa do la? Ema kpɔ ŋkuwò me. Míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ ɖe ɖoɖo siwo Mawu wɔ be yeatsɔ ahe yayra siawo vɛ la dzi. Adzɔ dzi na magazine sia talawo be woakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Ne èdi nya sia me dzodzro tsitotsito la, kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 8 lia si be “Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?”

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Kakaɖedzi nɔ amesiwo tsi tokotoko me la si be Shackleton awɔ eƒe ŋugbedodoa dzi aɖe yewo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© CORBIS

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

“Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ”