Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dzonu Xɔasi’ La Didi Egbea

‘Dzonu Xɔasi’ La Didi Egbea

‘Dzonu Xɔasi’ La Didi Egbea

“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi.”—MATEO 24:14.

1, 2. (a) Aleke Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la se le wo ɖokui me ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu? (b) Nukae Yesu wɔ tsɔ na be Fiaɖuƒea ŋuti gɔmesese nyuitɔ su amewo si, eye nukawoe do tso eme?

MAWU ƒe Fiaɖuƒea nye nusi me Yudatɔwo tsɔ ɖe le vevie esime Yesu nɔ anyigba dzi. (Mateo 3:1, 2; 4:23-25; Yohanes 1:49) Gake gbã la, wo dometɔ akpa gãtɔ mese alesi gbegbee Fiaɖuƒe ƒe ŋusẽ akeke tae gɔme tututu o; eye womese egɔme hã be anye dziƒodziɖuɖu aɖe o. (Yohanes 3:1-5) Ame aɖewo siwo va zu Yesu yomedzelawo gɔ̃ hã mese nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye alo nusi wòle be woawɔ be woaxɔ wo woava zu Kristo ƒe hatidziɖulawo la gɔme tututu o.—Mateo 20:20-22; Luka 19:11; Dɔwɔwɔwo 1:6.

2 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yesu fia nu geɖe eƒe nusrɔ̃lawo le dzigbɔɖeanyi me, siwo dometɔ aɖee nye dzonu xɔasi ŋuti lododoa si ŋu míesrɔ̃ nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me, eye wòɖe alesi wòle vevie be woaʋli wo ɖokuiwo le Dziƒofiaɖuƒea didi mee me na wo. (Mateo 6:33; 13:45, 46; Luka 13:23, 24) Nusiawo gɔmesese anya do dzidzɔ na wo ŋutɔ elabena eteƒe medidi o wova zu Fiaɖuƒenyanyuia ƒe gbeƒãɖela siwo doa vevie nu heléa dzi ɖe ƒo; woɖe gbeƒã de anyigba ƒe teƒe geɖe siwo le didiƒe, eye Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖo kpe esia dzi to nya geɖe siwo wògblɔ tso esia ŋu me.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Kolosetɔwo 1:23.

3. Nukae Yesu gblɔ ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu be eyae adzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me?

3 Ke egbea ya ɖe? Wole gbeƒã ɖem tso yayra siwo asu mía si le anyigba dzi paradiso si anɔ Fiaɖuƒe ma ƒe kpɔkplɔ te la ŋu na ame miliɔn geɖewo. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi nyanyɛ si wògblɔ ɖi ku ɖe “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu me la, egblɔe kaŋ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:3, 14; Marko 13:10) Eɖe eme hã be togbɔ be woado go mɔxeɖenuwo kple gbetɔamewo hã la, ele na wo kokoko be woawɔ dɔ gã nyadri sia ne wole wo yome tim kura gɔ̃ hã. Ke hã, egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:9-13) Esiawo katã bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple tameɖoɖo kplikpaa si asitsala mɔzɔla si le Yesu ƒe lododoa me la ɖe fia. Ðe ame aɖewo li egbea siwo ɖea xɔse kple veviedodo ma tɔgbe fiana le Fiaɖuƒea didi mea?

Dzidzɔ si Le Keke Ðe Nyateƒea Ŋu Me

4. Ŋusẽ kae Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea kpɔna ɖe amewo dzi egbea?

4 Asitsala si le Yesu ƒe lododoa me ƒe dzidzɔ gba go esi wòke ɖe ‘dzonu si wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ’ la ŋu. Dzidzɔ ma ʋãe be wòawɔ nusianu si wòate ŋui be yeƒe asi nate ŋu asu dzonua dzi. (Hebritɔwo 12:1) Egbea, nenema kee Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea hea amewo heʋãa woe. Esia na míeɖo ŋku Nɔviŋutsu A. H. Macmillan, amesi ŋlɔ nu tso alesi eya ŋutɔ di Mawu kple Eƒe tameɖoɖowo na anyigba la ŋu ɖe agbalẽ si nye Faith on the March me, ƒe nyawo dzi. Egblɔ be: “Nusi ŋu meke ɖo la, ame akpe geɖewo gakpɔtɔ le kekem ɖe eŋu ƒe sia ƒe. Eye amesiawo hã le ko abe mía kpli wò ene, elabena wotso dukɔwo katã me, ŋutigbalẽ vovovowoe le wo ŋu, wotso teƒe vovovowo eye woxɔ ƒe vovovowo. Nyateƒea mekpɔa ame ŋkume o. Ehea ameƒomeviwo katã ɖe eɖokui ŋu.”

5. Nu nyui kawoe do tso ƒe 2004 ƒe subɔsubɔƒea me?

5 Ƒe sia ƒe la, míekpɔa nya mawo ƒe nyateƒenyenye le alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ʋãa dzianukwaretɔ akpe alafa geɖewo be wotsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu me. Nya siawo ƒe nyateƒenyenye hã dze ƒã le ƒe 2004 subɔsubɔƒea, si dze egɔme tso September 2003 vaseɖe August 2004, me. Le ɣleti 12 mawo me la, ame 262,416 ye tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzie na Yehowa le dutoƒo. Esia dzɔ le dukɔ 235 me, afisiwo Yehowa Ðasefowo le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 6,085,387 wɔm le kwasiɖa sia kwasiɖa be woakpe ɖe ame vovovowo ŋu le dukɔ, to, kple gbegbɔgblɔ geɖewo me be woaxɔ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya, si naa agbe ame, la me.—Nyaɖeɖefia 7:9.

6. Nukae na be míekpɔa dzidziɖedzi le ƒeawo me?

6 Nukae na be nusiawo katã va eme? Ðikeke mele eme o be Yehowae hea dzianukwaretɔ siawo ɖe eɖokui ŋu. (Yohanes 6:65; Dɔwɔwɔwo 13:48) Gake nusi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o ye nye ɖokuitsɔtsɔna faa ƒe gbɔgbɔ si amesiwo tsɔ wo ɖokui na ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwɔnawo ta la ɖe fia. Esi Nɔviŋutsu Macmillan xɔ ƒe 79 la, eŋlɔ bena: “Esi mese ŋugbe siwo wodo na ameƒome lédɔ si le kudɔ ƒom la zi gbãtɔ la, kakaɖedzi si nɔ asinye ɖe Biblia me ŋugbedodo ma ŋu me megbɔdzɔ o. Le ɣemaɣi la, meɖoe kplikpaa be maku nusi Biblia fia ku ɖe ŋugbedodo ma ŋu me ale be mate ŋu akpe ɖe ame bubu siwo hã le abe nye ene, siwo le Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ŋuti sidzedzea kple eƒe tameɖoɖo nyuiwo na ameƒomea dim, la ŋu.”

7. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖe amesiwo le kekem ɖe Biblia me nyateƒea ŋu ƒe dzidzɔ kple dzonɔameme fia?

7 Dzonɔameme ƒe gbɔgbɔ ma ke dzena le Yehowa ƒe subɔlawo hã ŋu egbea. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Daniela si tso Vienna, Austria, ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mawue nye xɔ̃nye vevitɔ kekeake tso nye ɖevime ke. Medina be manya eƒe ŋkɔ elabena nyemebuna ‘Mawu’ ame ŋutɔŋutɔe kura o. Gake didi sia nɔ menye vaseɖe esime mexɔ ƒe 17, esime Yehowa Ðasefowo va gbɔnye. Woɖe nusianu si medi be manya tso Mawu ŋu me nam. Mlɔeba la, meva ke ɖe nyateƒea ŋu, eye elé dzi nam ŋutɔ! Dzi dzɔm ale gbegbe be ɖeko mete gbeƒãɖeɖe na amesiame.” Dzo si wòtsɔ ɖe dɔa ŋu wɔe be eƒe sukuhatiwo te fewuɖuɖu le eŋu. Daniela yi edzi be: “Ðeko mebu fewuɖuɖuawo be wonye Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe si nɔ eme vam, elabena mesrɔ̃e be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woalé fu wo eye woati wo yome ɖe yeƒe ŋkɔ ta. Dzi dzɔm ale gbegbe eye wòwɔ nuku nam ŋutɔ.” Eteƒe medidi hafi Daniela tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ o, eɖoe be yeava wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa eye wòte taɖodzinu ma minyaminya. Le Daniela ƒe srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe la, woa kple srɔ̃a, Helmut, te gbeƒãɖeɖe na Afrikatɔwo, Chinatɔwo, kple Indiatɔ siwo le Vienna. Daniela kple Helmut nye dutanyanyuigblɔlawo le Afrika ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome fifia.

Womenaa Ta O

8. Mɔ ɖevi siwo nu ame geɖewo ɖea woƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple nuteƒewɔwɔ na eƒe Fiaɖuƒea fiana le la dometɔ ɖeka ɖe?

8 Nyateƒee be, dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ nye mɔ siwo nu Yehowa ƒe amewo ɖea woƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple woƒe nuteƒewɔwɔ na eƒe Fiaɖuƒea fiana le la dometɔ ɖeka. Abe asitsala si le Yesu ƒe lododoa me ene la, amesiwo le subɔsubɔdɔ sia wɔm la lɔ̃na faa zɔa mɔ yia didiƒewo ɖe Fiaɖuƒea ta. Gake menye ɖe dutanyanyuigblɔla siawo zɔa mɔ be yewoaɖa ke ɖe Fiaɖuƒenyanyuia ŋu o; ke boŋ ɖe wole etsɔm le yiyim na amewo le anyigba ƒe nutotroewo me eye wole nu fiam amewo hele kpekpem ɖe wo ŋu be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Wokpea fu manyatalenuwo le dukɔ geɖewo me. Gake wokpɔa teƒeɖoɖo geɖewo ɖe woƒe dzidodo ta.

9, 10. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname kawo mee dutanyanyuigblɔla siwo le subɔsubɔm le didiƒewo, abe Central African Republic ene, la se vivi le?

9 Le kpɔɖeŋu me, bu Central African Republic, si nye dukɔ si me ame 16,184, siwo nye gbeƒãɖelawo le dua me ƒe xexlẽme ƒe teƒe adre, de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me la ŋu kpɔ. Esi wònye elektrikŋusẽ mele dukɔa ƒe akpa gãtɔ o ta la, amewo wɔa woƒe gbesiagbe dɔwɔnawo le gota le atiwo te. Esi wòle alea ta la, atiwo te koe dutanyanyuigblɔla geɖewo hã ɖea gbeƒã na amewo le. Menye le esi kekeli le gota wu eye wòfa hã wu tae woɖea gbeƒã na amewo le gota o, ke boŋ nu deamedzi aɖe hã tae. Duametɔwo kpɔa ŋudzedze ɖe Biblia me nyawo ŋu, eye wolɔ̃a dzeɖoɖo tso subɔsubɔnyawo ŋu ŋutɔ. Enuenu la, amesiwo tsoa eme va yina dea dzesii be wole nusɔsrɔ̃ wɔm eye wova kpɔa gome le eme kpli wo.

10 Eyata esi dutanyanyuigblɔla aɖe nɔ Biblia srɔ̃m kple ame aɖe le gota la, ɖekakpui aɖe si ƒe aƒeme le mɔa godo la va dutanyanyuigblɔla la gbɔ hegblɔ nɛ be esi womeva dzro nu me kpli ye kpɔ o ta la, yedi be wòava srɔ̃ Biblia la kpli ye hã. Dutanyanyuigblɔla la mehe ɖe megbe kura le nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplii me o, eye ɖekakpuia le ŋgɔyiyi wɔm kabakaba. Le dukɔ ma me la, ebɔ be kpovitɔwo natɔ Ðasefowo le mɔ dzi, menye be woatsɔ nya ɖe wo ŋu alo ado fe na wo o, ke woabia Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeye siwo do la wo loo alo be woada akpe na nɔviawo ɖe nyati aɖe si le míaƒe agbalẽwo me si xexlẽ do dzidzɔ na wo la ta.

11. Togbɔ be dutanyanyuigblɔla xoxo aɖewo to tetekpɔwo me hã la, aleke wobua woƒe subɔsubɔdɔae?

11 Ame geɖe siwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le ƒe 40 alo 50 siwo va yi me la gakpɔtɔ le subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe le du siwo me wole la me. Xɔse kple kutrikuku ƒe kpɔɖeŋu kae nye esi esia nye na mí katã! Le ƒe 42 siwo va yi me la, atsu kple asi aɖe wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le dukɔ vovovo etɔ̃ me. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Míeto nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, asrãdɔ tu nu kpli mí ƒe 35 sɔŋ. Ke hã, mete ɖe mía dzi kpɔ gbeɖe be míetiae be míanye dutanyanyuigblɔlawo o.” Srɔ̃nyɔnua gblɔ kpee be: “Nu geɖewo li siwo tae wòle be míada akpe ɖo. Dzi dzɔa mí geɖe le gbeadzi, eye mesesẽ be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme o. Ne èkpɔ nusrɔ̃viawo wole kpekpeawo vam eye wole si dzem wo nɔewo la, ɖeko wòwɔna abe ƒome ƒe dzidzɔdoname wɔna aɖe teƒee míele ene.”

‘Wobu Nuwo Katã Nu Bubuwoe’

12. Aleke ame ɖenɛ fiana be yede asixɔxɔ gã Fiaɖuƒea ŋu ŋutɔŋutɔe?

12 Esi mɔzɔla asitsala la kpɔ dzonu xɔasia la, “eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒlee.” (Mateo 13:46) Lɔlɔ̃ faa be ame naɖe asi le eƒe nunɔamesi vevi aɖe ŋu la nye amesiwo dea asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ Fiaɖuƒea ŋu la ƒe nɔnɔme vevi aɖe. Apostolo Paulo, amesi akpɔ gome kple Kristo le Fiaɖuƒea ƒe ŋutikɔkɔe me, gblɔ be: “Fifi gɔ̃ mebu wo katã nu búbu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi.”—Filipitɔwo 3:8.

13. Aleke ame aɖe si le Czech Republic ɖe eƒe lɔlɔ̃ na Fiaɖuƒea fiae?

13 Nenema kee egbea la, ame geɖewo lɔ̃na faa wɔa tɔtrɔ gãwo le woƒe agbe me bene Fiaɖuƒea me yayrawo nate ŋu asu yewo si. Le kpɔɖeŋu me, le October 2003 me la, sukutatɔ aɖe si xɔ ƒe 60 si le Czech Republic ke ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ŋu. Esi wòxlẽe vɔ la, ete ɖe Yehowa Ðasefo siwo le eƒe nutoa me ŋu be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Ewɔ ŋgɔyiyi nyuiwo eye eteƒe medidi hafi wòte kpekpeawo dede o. Ke alesi wòɖoe be yeava zu dudzikpɔla eye be woada akɔ na ye ne yeava zu sewɔhamenɔla ya ɖe? Etiae be yeaƒo ye ɖokui ɖe dɔ bubu aɖe wɔwɔ me boŋ—si nye agbeɖeɖedɔ, be yeava zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela. Egblɔ be: “Mete ŋu na Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖewo nye sukuviwo.” Etsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi le takpekpe aɖe si wowɔ le July 2004 me la me.

14. (a) Nukae Fiaɖuƒenyanyuia ʋã ame miliɔn geɖewo be wowɔ? (b) Nyabiabia wɔdɔɖeamedzi kawoe mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui?

14 Ame miliɔn bubu geɖe siwo le xexeame hã xɔ Fiaɖuƒenyanyuia le mɔ ma ke nu. Wodo go tso xexe vɔ̃ɖi sia me, ɖe asi le woƒe amenyenye xoxoa ŋu, ɖe asi le xɔlɔ̃ siwo nɔ wo si tsã la ŋu, eye woɖe asi le xexeame ƒe taɖodzinu siwo minyam wonɔ hafi la ŋu. (Yohanes 15:19; Efesotɔwo 4:22-24; Yakobo 4:4; Yohanes I, 2:15-17) Nukatae wowɔ nusiawo katã? Elabena wodea asixɔxɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea me yayrawo ŋu sasasã wu nu ɖesiaɖe si fifi nuɖoanyi sia ate ŋu ana ame. Ðe wò hã nèbua Fiaɖuƒenyanyuia le mɔ ma ke nua? Ðe esia ʋã wò be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo siwo hiã ale be nàna be wò gbesiagbegbenɔnɔ, gɔmeɖosewo, kple taɖodzinuwo nawɔ ɖeka kple nusi Yehowa dia? Ewɔwɔ nenema awɔe be yayra manyagblɔwo nasu asiwò, fifia kple le etsɔme.

Nuŋeŋea Ðo Eƒe Nuwuwu Vɔ

15. Nukae wogblɔ ɖi tso Mawu ƒe amewo ŋu be woawɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me?

15 Hakpala la ŋlɔ bena: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe.” Amesiwo tsɔ wo ɖokuiwo ke la dometɔ aɖewoe nye ‘ɖekakpui siwo le abe zãmu ene’ kple ‘nyɔnu du nyui xɔla’ siwo “de ha kpaŋ” la. (Psalmo 68:12; 110:3) Nukae do tso Yehowa ƒe amewo—ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo—ƒe wo ɖokuitsɔtsɔsavɔ sia me le ŋkeke mamlɛ siawo me?

16. Gblɔ alesi Mawu subɔlawo le agbagba dzem be yewoakpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Fiaɖuƒe ŋutinya la ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

16 Mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela, aɖe si tso India de ŋugble le alesi wòate ŋu akpe ɖe tokunɔ siwo wu miliɔn eve siwo le dukɔ ma me la ŋu be woase Fiaɖuƒea ŋutinya la ŋu. (Yesaya 35:5) Eɖoe be yeade suku aɖe si wosrɔ̃a tokunɔgbe le le Bangalore. Le sukua dede me la, ete ŋu gblɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ ŋutinya na tokunɔ geɖewo. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, tokunɔ siwo wu wuieve la nɔ kpekpeawo dem le Fiaɖuƒe Akpata me. Le ema megbe la, mɔɖela la do go ɖekakpui tokunɔ aɖe si tso Calcutta, le srɔ̃kpekpe wɔna aɖe teƒe, amesi bia nya geɖe eye wòɖe ɖetsɔleme deto fia ɖe alesi wòdi be yeanya nu geɖe tso Yehowa ŋu. Gake kuxi aɖe do mo ɖa. Ehiã be ɖekakpuia natrɔ ayi Calcutta, si didi kilomita 1,600 tso teƒe si wonɔ, be wòaɖadze kɔledzi dede gɔme le afima, evɔ Ðasefo aɖeke mele afima si se tokunɔgbe o. Ðekakpuia ƒoe ɖe fofoa nu be wòaɖe mɔ na ye be yeade sukua le Bangalore boŋ ale be yeate ŋu ayi yeƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi. Ewɔ ŋgɔyiyi nyuiwo le gbɔgbɔ me, eye le ƒe ɖeka lɔƒo megbe la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa. Eya hã srɔ̃ Biblia kple tokunɔ aɖewo, siwo dometɔ ɖekae nye eƒe ɖevime xɔlɔ̃ aɖe. Alɔdzedɔwɔƒe si le India la le ɖoɖo wɔm fifia be mɔɖelawo nasrɔ̃ tokunɔgbe be woate ŋu akpe ɖe tokunɔ siwo le dua me ŋu.

17. Gblɔ nane si de dzi ƒo na wò vevie le ƒe 2004 ƒe subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubu si dze le axa 19 vaseɖe 22 la ŋu.

17 Le magazine sia ƒe axa 19 vaseɖe 22 la, àkpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2004 subɔsubɔƒea ƒe xexeame katã ƒe subɔsubɔ kɔntabubu. Zã ɣeyiɣi aɖe nàtsɔ adzro emee be wò ŋutɔ nàkpɔ alesi Yehowa ƒe ame siwo le xexeame katã le ‘dzonu xɔasi’ la dimee kple ŋkubiã.

Nɔ ‘Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã Dzi’

18. Nya kae Yesu megblɔ kpe ɖe lo si wòdo ku ɖe asitsala mɔzɔlaa ŋu la ŋuti o, eye nukatae?

18 Ne míegatrɔ ɖe lo si Yesu do ku ɖe asitsala mɔzɔla la ŋu ake la, míade dzesii be Yesu megblɔ nya aɖeke tso alesi asitsala la awɔ anɔ agbee le eƒe nunɔamesiawo katã dzadzra vɔ megbe ŋu o. Eme kɔ ƒã be ame aɖewo abia be: ‘Aleke asitsala la awɔ akpɔ nuɖuɖu, nudodo kple nɔƒe esi megblẽ eƒe nunɔamesi si alée ɖe te la ƒe ɖeke ɖi o? Vi kae dzonu xɔasi ma aɖe nɛ?’ Ne míetsɔ ŋutilãmesusu kpɔe la, nya mawo anye nyabiase nyui aɖewo. Gake ɖe Yesu mede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Woadi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na wo’ oa? (Mateo 6:31-33) Nya vevitɔ si le lododoa mee nye alesi wòhiãe be woasubɔ Mawu tso dzi blibo me ahawɔ Fiaɖuƒedɔa kple dzonɔamemee. Ðe nusɔsrɔ̃ aɖe le esia me na mía?

19. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lo si wòdo ku ɖe dzonu xɔasia ŋu me?

19 Eɖanye nyitsɔ laa koe míese nu tso nyanyui wɔnuku sia ŋu loo alo míele Fiaɖuƒea ƒe dɔwo wɔm ƒe geɖe enye esia to yayra siwo wòahe vɛ gbɔgblɔ na amewo me o, ele be míayi edzi ana be Fiaɖuƒea nanye nu vevitɔ kekeake na mí le agbe me. Míele ɣeyiɣi sesẽwo me, gake kakaɖedzi sẽŋuwo le mía si be nusi yome tim míele la nye nu ŋutɔŋutɔ si ɖeke mesɔ kpli o—ele abe dzonu si ŋu asitsala la ke ɖo ene. Xexemenudzɔdzɔwo kple Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme na kpeɖodzi sẽŋu mí be míele “xexeame ƒe nuwuwu” ƒe ŋkeke mamlɛawo me. (Mateo 24:3) Mina be míatsɔ dzonɔameme awɔ Fiaɖuƒedɔa tso dzi blibo me eye míakpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míaɖe gbeƒã nyanyui sia la ŋu abe alesi asitsala mɔzɔlaa ɖee fia ene.—Psalmo 9:2, 3.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Le ƒe siwo va yi me la, nukae wɔe be wole dzidziɖedzi kpɔm le tadeagula vavãwo dome?

• Nɔnɔme kae wokpɔna le dutanyanyuigblɔlawo ŋu?

• Tɔtrɔ kawoe ame ɖekaɖekawo wɔ le Fiaɖuƒenyanyuia ta?

• Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lo si wòdo ku ɖe dzonu xɔasi la ŋu me?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 19-22]

2004 SERVICE YEAR REPORT OF JEHOVAH’S WITNESSES WORLDWIDE

(See bound volume)

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

“Nyateƒea . . . hea ameƒomeviwo katã.”—A. H. Macmillan

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Daniela kple Helmut ɖe gbeƒã le dutagbedolawo dome le Vienna

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Abe asitsala mɔzɔlaa enea, woyraa dutanyanyuigblɔla siwo li egbea la geɖe ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

“Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò”