Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Wɔa Nu Dzɔdzɔe Ɣesiaɣi

Yehowa Wɔa Nu Dzɔdzɔe Ɣesiaɣi

Yehowa Wɔa Nu Dzɔdzɔe Ɣesiaɣi

“Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me.”​—PSALMO 145:17.

1. Aleke nèwɔa nui ne ame aɖe bu fɔ wò madzemadzee, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ ma me?

ÐE AME aɖe bu fɔ wò madzemadzee, eye ɖewohĩ wòtɔ gbe wò nuwɔnawo alo dzimedidiwo evɔ menya nya siwo katã ku ɖe nyaa ŋu o, kpɔa? Ne nenemae la, ate ɖe dziwò ŋutɔ—eye esɔ be nàse le ɖokuiwò me nenema. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso esia me be: Nunya le eme be míaƒo asa na nyataƒoƒo dzimagbɔɖitɔe esi míenya nu tso nya bliboa ŋu o.

2, 3. Aleke ame aɖewo wɔa nu ɖe Biblia me nudzɔdzɔ siwo ŋu womeƒo nu tsoe wòde to be wòana numekɔkɔ siwo katã míehiã la mí o ŋui, gake nukae Biblia gblɔ na mí tso Yehowa ŋu?

2 Anyo ŋutɔ be míana nufiame sia natsi susu me na mí ne míele nya ta ƒom le Yehowa Mawu ƒe nuwɔnawo ŋu. Nukatae? Elabena Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo li siwo adze na mí zi gbãtɔ abe ɖe wo gɔmesese tɔtɔa ame ene. Anɔ eme be womeƒo nu tso nudzɔdzɔ mawo—ɖewohĩ esiwo ku ɖe Mawu ƒe subɔla aɖewo ƒe nuwɔnawo ŋu loo alo esiwo ku ɖe ʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ va yi ŋuti—ŋu ƒitsoƒitso be wòate ŋu ana numekɔkɔ siwo katã míehiã la mí o. Eye nublanuitɔe la, amewo ɖea ɖeklemi nudzɔdzɔ mawo, eye kura gɔ̃ hã la, wobiana ne Mawu wɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe. Ke hã, Biblia gblɔ na mí be “Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me.” (Psalmo 145:17) Eƒe Nya hã na kakaɖedzi mí be enye amesi “mewɔa nu vɔ̃ɖi o.” (Hiob 34:12; Psalmo 37:28) Ekema kpɔ alesi wòase le eɖokui me ne amewo bu fɔe madzemadzee ɖa!

3 Mina míade ŋugble le susu atɔ̃ siwo ta wòle be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi la ŋu. Ne míekpɔ wo vɔ la, míadzro Biblia me nudzɔdzɔ eve siwo gɔmesese ate ŋu asesẽ na ame aɖewo la me.

Nukata Míalɔ̃ Ðe Yehowa ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo Dzi?

4. Nukata wòle be míabɔbɔ mía ɖokui ne míele ŋugble dem tso Mawu ƒe nuwɔnawo ŋu? Ðe eme.

4 Gbã la, esi Yehowa nya nusiwo katã wòlɔ ɖe eme la ƒitsoƒitso eye míawo míenyae o ta la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ne míele ŋugble dem tso Mawu ƒe nuwɔnawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me: Bu eŋu kpɔ be ʋɔnudrɔ̃la aɖe si wonya nyuie be edrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe ameŋkumemakpɔmakpɔe lae nye ma bu fɔ ame aɖe le ʋɔnunya aɖe me teti. Aleke nàbu ame aɖe si ɖe ɖeklemi ʋɔnudrɔ̃laa ƒe nyametsotsoa, evɔ menya nyateƒeawo katã o alo mese nyaa ŋuti sewo gɔme o, lae? Anye bometsitsi be ame aɖe nabu fɔ ame le nya aɖe me esi menya nya blibloa katã o. (Lododowo 18:13) Ke aleke gbegbee wòaganye bometsitsi geɖe wui enye si be amegbetɔ tsɛwo nabu fɔ “xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la” la!—Mose I, 18:25.

5. Ne míexlẽ nu tso Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo ŋu ku ɖe fɔbuʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ ame aɖewo ŋu la, nukae mele be míaŋlɔ be o?

5 Susu evelia si ta wòle be míalɔ̃ ɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzie nye be Mawu ate ŋu anya nusi le ame ƒe dzi me, evɔ amegbetɔwo ya mate ŋui o. (Samuel I, 16:7, 8) Eƒe Nya gblɔ be: “Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye medoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.” (Yeremya 17:10) Eyata ne míele nu xlẽm tso Biblia me nudzɔdzɔ aɖe ŋu ku ɖe alesi Mawu drɔ̃ fɔbuʋɔnu ame aɖewo dzii ŋu la, mele be míaŋlɔ be o be le esi wòkpɔa nusianu ta la, elé ŋku ɖe ameawo ƒe tamesusu ɣaɣlawo, dzimedidiwo kple tameɖoɖo siwo womeŋlɔ ɖe eƒe Nya la me o hã ŋu.—Kronika I, 28:9.

6, 7. (a) Aleke Yehowa ɖee fia be yeléa yeƒe dzidzenu siwo sɔ hele dzɔdzɔe me ɖe asi ne abia tso ye si be yeatsɔ nu gbogbo aɖewo asa vɔe gɔ̃ hãe? (b) Ne míexlẽ nane le Biblia me si na ɖikeke ɖo mía me le Mawu ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔenyenye me kple le mɔ si sɔ nu ŋu la, nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

6 De dzesi susu etɔ̃lia si tae wòle be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi ɖo: Eléa eƒe dzidzenu siwo le dzɔdzɔe me ɖe asi ne abia tso esi be wòatsɔ nu gbogbo aɖewo asa vɔe gɔ̃ hã. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Yehowa to Via tsɔtsɔna tafee hena ameƒomea me tɔ toɖolawo ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku me me wɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe dzidzenu siwo sɔ hele dzɔdzɔe dzi pɛpɛpɛ. (Romatɔwo 5:18, 19) Evɔ la, Via ƒe fukpekpe kple alesi wòku ɖe fuwɔameti ŋuti la teƒe kpɔkpɔ anya te ɖe Yehowa ŋutɔ dzi vevie ale gbegbe hafi. Nukae esia fia mí tso Mawu ŋu? Biblia gblɔ tso “fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu tɔ” la ŋu be: “Bene [Mawu naɖe] eƒe dzɔdzɔenyenye afia.” (Romatɔwo 3:24-26) Woɖe Romatɔwo 3:25 gɔme le Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe me be: “Esia fia be Mawu wɔa nusi le eteƒe kple nusi sɔ ɣesiaɣi.” (New Century Version) Nyateƒee, nusiwo gbegbe Yehowa lɔ̃ faa be yeatsɔ asa vɔe bene yeaxe tafea la ɖee fia be “nusi le eteƒe kple nusi sɔ” wɔwɔ le vevie nɛ ŋutɔ.

7 Eyata ne míexlẽa nane le Biblia me si nana ɖikeke ɖoa ame aɖewo me le Mawu ƒe nuwɔwɔ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple mɔ si sɔ nu ŋu la, ele be míaɖo ŋku edzi be: Le esi Yehowa léa eƒe dzidzenu le nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe wɔwɔ ŋu me ɖe asi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ta la, megbe Via tsɔtsɔna be wòato vevesese kple ku me o. Ðe wòagbe wɔwɔ ɖe dzidzenu mawo ke dzi le nya bubuwo ya mea? Nyateƒeae nye be, Yehowa megbea wɔwɔ ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔe siwo sɔ la dzi gbeɖe o. Eyata susu nyui geɖe le mía si siwo tae míaka ɖe edzi be Mawu wɔa nusi le eteƒe kple nusi sɔ ɣesiaɣi ɖo.—Hiob 37:23.

8. Nukatae susu manɔ eme be amegbetɔ nabui be nusi le eteƒe kple nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ mede blibo tututu le Yehowa me o?

8 De ŋugble tso susu enelia si ta wòle be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi la ŋu kpɔ: Yehowa wɔ ame ɖe Eƒe nɔnɔme nu. (Mose I, 1:27) Eyata wode nɔnɔme siwo le abe Mawu tɔ ene la amegbetɔwo me, siwo me nuteƒewɔwɔ kple nudzɔdzɔewɔwɔ ƒe seselelãme hã le. Susu manɔ eme ne nusi le eteƒe kple nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe didi si le mía me na míebui be nɔnɔme mawo ke mede blibo tututu le Yehowa me o. Ne Biblia me nudzɔdzɔ aɖe koŋ gɔme sese sẽ na mí la, ehiã be míaɖo ŋku edzi be, le nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi ta la, míaƒe seselelãmewo le nusi le eteƒe kple nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti mede blibo o. Yehowa Mawu, amesi ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo, ƒe nusi le eteƒe kple nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ de blibo. (Mose V, 32:4) Susu manɔ eme gɔ̃ hã be míabui be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nusi sɔ hele dzɔdzɔe wu Mawu o!—Romatɔwo 3:4, 5; 9:14.

9, 10. Nukatae se aɖeke mebla Yehowa be wòaɖe susu si tae wòwɔ nane ɖo la me alo aɖe eɖokui nu na amegbetɔwo o?

9 Susu atɔ̃lia si ta wòle be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzie nye be eya “ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Eyata se aɖeke meblae be wòaɖe susu si tae wòwɔ nane ɖo la me alo aɖe eɖokui nu na amegbetɔwo o. Eyae nye Zemela Gã la, eye míele abe anyi si wotsɔ mea zee la ene, ekpɔ mɔ awɔ nu ɖe mía ŋu alesi dze eŋu. (Romatɔwo 9:19-21) Amekawoe—mí amesiwo nye eƒe asinudɔwɔwɔ—míenye be míatɔ gbe eƒe nyametsotsowo alo eƒe nuwɔnawo? Esi blemafofo Hiob mese alesi Mawu wɔa nu kple amegbetɔwoe gɔme tututu o la, Yehowa ɖɔ eyama ɖo, hebia be: “Ðe nagblẽ nye afiatsotso me, eye nabu fɔm be, tɔwòe nye dzɔdzɔea?” Emegbe, esi Hiob va de dzesii be yegblɔ nya siwo gɔme yemese o la, etrɔ dzime. (Hiob 40:8; 42:6) Negadzɔ gbeɖe be míadi vodada le Mawu ŋu o!

10 Eme kɔ ƒã be, susu nyuiwo le mía si siwo tae míaka ɖe edzi be Yehowa wɔa nusi le dzɔdzɔe ɣesiaɣi ɖo. Esi Yehowa ƒe mɔwo gɔmesese ƒe gɔmeɖokpe sia le susu me na mí la, mina míadzro Biblia me nudzɔdzɔ eve siwo gɔmesese ate ŋu atɔtɔ ame aɖewo la me. Gbãtɔ ku ɖe Mawu subɔla aɖe ƒe nuwɔnawo ŋu, eye evelia hã ku ɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe ŋu.

Nukata Lot Di Be Yeatsɔ Vianyɔnuwo Ana Ameha Dodziku Aɖe?

11, 12. (a) Gblɔ nusi dzɔ esime Mawu dɔ mawudɔla eve siwo trɔ wo ɖokui amegbetɔwoe ɖo ɖe Sodom. (b) Nyabiase kawoe nudzɔdzɔ sia fɔ ɖe ame aɖewo ƒe susu me?

11 Le Mose I, ta 19 lia me la, míakpɔ nuŋlɔɖi si ku ɖe nusi dzɔ esime Mawu dɔ eƒe dɔla eve siwo trɔ wo ɖokui amegbetɔwoe ɖo ɖe Sodom la ŋu. Lot ƒoe ɖe amedzroawo nu be woadze ye gbɔ. Gake le zã ma me la, ŋutsuwo ƒe ha vloe aɖe siwo tso dua me la va ɖe to ɖe aƒea hebia be woana amedzroawo nado go va ne yewoadɔ wo gbɔ. Lot dze agbagba be yeaɖe nu me na ameha vloe sia do kpoe. Esi Lot nɔ didim be yeakpɔ eƒe amedzroawo ta la, egblɔ be: “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa o! Mikpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esia ta wova dze gbɔnye ɖo.” Ameha vloa gbe toɖoɖoe eye wogbã ʋɔa kloe. Mlɔeba la, mawudɔla siwo va dze egbɔ na ameha agbedzeakaɖanɔla siawo ƒe ŋkuwo gbã.—Mose I, 19:1-11.

12 Abe alesi nàkpɔ mɔe ene la, nudzɔdzɔ sia fɔ nyabiasewo ɖe ame aɖewo ƒe susu me. Wobiana be: ‘Aleke wɔ Lot di be yeakpɔ yeƒe amedzroawo ta to didi be yeatsɔ vianyɔnuwo ana ameha agbegbegblẽnɔlawo me? Ðe menye numadzɔmadzɔwɔwɔ, alo nuwɔwɔ vɔvɔ̃tɔe enye ma oa?’ Le nudzɔdzɔ sia ta la, nukatae Mawu atsɔ eƒe gbɔgbɔ aʋã Petro be wòayɔ Lot be “ame dzɔdzɔe”? Ðe nusi Lot wɔ la dze Mawu ŋua? (Petro II, 2:7, 8) Mina míade ŋugble tso nya sia ŋu bene míagaƒo nya ta madzemadzee o.

13, 14. (a) Nukae wòle be míade dzesii le nusi Biblia gblɔ tso Lot ƒe nuwɔnawo ŋu me? (b) Nukae ɖee fia be Lot mewɔ nu vɔvɔ̃nɔtɔe o?

13 Gbã la, ele be míade dzesii be le esi teƒe be Biblia nade Lot ƒe nuwɔna mawo dzi loo alo abu fɔe la, ɖeko wòka nya ta le nusi dzɔ ŋu. Azɔ hã, Biblia megblɔ nusi ŋu Lot bu loo alo nusi ʋãe hafi wòwɔ nu nenema la na mí o. Ne efɔ le ‘ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsia’ me va agbe me ake la, ɖewohĩ agblɔ nudzɔdzɔ sia ŋuti numekɔkɔa na mí.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

14 Menye vɔvɔ̃nɔtɔe Lot nye kura o. Nɔnɔme sesẽ aɖee dze ŋgɔe. Esi Lot gblɔ be ɖe yexɔ amedzroawo ‘wova dze ye gbɔ’ la, eɖee fia be ese le eɖokui me be ele be yeakpɔ wo ta ahana sitsoƒe wo. Gake esia manɔ bɔbɔe o. Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus ka nya ta be Sodomtɔwo “wɔa nu tovo ɖe amewo ŋu, eye wonye mawumavɔ̃lawo . . . Wolé fu amedzrowo, eye wotsɔ ŋutsuwo ɖeɖe ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ nuwɔnawo do vlo wo ɖokuiwoe.” Ke hã, Lot mehe ɖe megbe le vɔvɔ̃ na ameha fuléamela siawo ta o. Ke boŋ, edo go yi wo gbɔ hede ŋugble kple ŋutsu mawo siwo do dzi ku vevie la. Esi wòdo la, ‘ehe ʋɔa do’ gɔ̃ hã.—Mose I, 19:6.

15. Nukata míate ŋu agblɔ be ɖewohĩ xɔse mee Lot wɔ nu le?

15 Ðewohĩ ame aɖewo ‘agabia be, nukatae Lot di be yeatsɔ vianyɔnuwo ana ameha vlo ma?’ Le esi teƒe be nàbui be susu vɔ̃e nɔ esi la, nukatae màde ŋugble le susu siwo tae ɖewohĩ wòwɔ nu nenema ɖo la ƒe ɖewo ŋu akpɔ o? Gbã la, anɔ eme be Lot wɔ nu le xɔse me. Alekee? Ðikeke mele eme o be Lot nya nu tso alesi Yehowa kpɔ Sara, amesi nye Lot nyrui Abraham srɔ̃, tae va yi la ŋu. Ðo ŋku edzi be esi Sara dze tugbe ŋutɔ ta la, Abraham bia tso esi be wòagblɔ be ye nɔviŋutsue yenye, ne menye nenema o la, woava wu ye ahaxɔe le ye si. * Eye eva eme hã be, wokplɔ Sara yi Farao ƒemee. Gake Yehowa de asi nya la me, eye wòxe mɔ na Farao be mede asi Sara ŋu o. (Mose I, 12:11-20) Anɔ eme be Lot xɔe se be woakpɔ ye vinyɔnuawo ta nenema ke. Eɖe dzesi ŋutɔ be, Yehowa to eƒe dɔlawo dzi xɔ na wo, eye wokpɔ ɖetugbiawo ta dedie.

16, 17. (a) Mɔ kawo nue Lot anya nɔ agbagba dzem le be yeana Sodom ŋutsuwo nalulu alo atɔtɔ? (b) Eɖanye nuka kee Lot susu o, nuka dzie míate ŋu aka ɖo?

16 De ŋugble tso nu bubu si ate ŋu ana wòawɔ nu nenema la ŋu kpɔ. Anɔ eme be Lot anya nɔ agbagba dzem be yeana ŋutsuawo nalulu alo be woatɔtɔ. Anya susui be ye vinyɔnuawo ƒe nu madzro Sodomtɔ siwo ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ nɔ fiefiẽm le lãme na la o. (Yuda 7) Gakpe ɖe eŋu la, dua me ŋutsu aɖewo do ɖeɖe ŋugbe na nyɔnuviawo xoxo, eye toyɔvi siawo ƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, alo dɔwɔhatiwo anya nɔ amehaa dome. (Mose I, 19:14) Lot anya susui be le ƒomedodo mawo ta la, ŋutsu siwo le amehawo me dometɔ aɖewo aʋli nyɔnuviawo ta. Eye ne amehaa me ma ko la, maganye afɔku boo ale o. *

17 Eɖanye nuka kee Lot susu alo nuka kee ʋãe o, míate ŋu aka ɖe nusia dzi be: Esi Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi ta la, susu nyuiwo anya nɔ esi siwo tae wòbu Lot be enye “ame dzɔdzɔe” ɖo. Azɔ hã, ne míebu Sodomtɔ ameha agbedzeakaɖanɔla mawo ƒe nuwɔnawo ŋu la, ɖe ɖikeke aɖe ate ŋu anɔ alesi Yehowa tɔ dzɔ be wòadrɔ̃ fɔbuʋɔnu du ma me nɔlawo ŋua?—Mose I, 19:23-25.

Nukata Yehowa Ƒo Usa Wòku?

18. (a) Nukae dzɔ esime Dawid te kpɔ be yeatsɔ Aɖaka la yi Yerusalem? (b) Nyabiase kae nudzɔdzɔ sia fɔ ɖe te?

18 Nudzɔdzɔ bubu si ate ŋu atɔtɔ ame aɖewo lae nye esi ku ɖe Dawid ƒe agbagbadzedze be yeatsɔ Nubablaɖaka la ayi Yerusalem ŋu. Wotsɔ Nubablaɖakaa da ɖe tasiaɖam aɖe, si Usa kple nɔviawo nɔ ŋgɔ na la, dzi. Biblia gblɔ be: “Esi wova Naxon ƒe lugbɔƒe la, Usa do asi ɖa lé Mawu ƒe aɖaka la, elabena nyiawo dze ɖe aga. Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu vavã la ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa, le eƒe bubumademade Mawu ŋu nuwɔna la ta.” Le ɣleti aɖewo megbe, esi wogate kpɔ be yewoatsɔ Aɖakaa zi evelia le mɔ si nu Mawu de se be woatsɔe ɖo nu be Kehat viwo le Lewitɔwo dome natsɔe ɖe abɔta la, wokpɔ dzidzedze. (Samuel II, 6:6, 7, NW; Mose IV, 4:15; 7:9; Kronika I, 15:1-14) Ame aɖewo abia be: ‘Nukata Yehowa wɔ nu ŋkubiãtɔe nenema? Ðeko Usa nɔ agbagba dzem be yeana Aɖakaa nanɔ dedie hafi.’ Be míagaƒo nya ta madzemadzee o la, anyo be míade dzesi nudzɔdzɔa ŋutinya vevi aɖewo.

19. Nukatae Yehowa mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o?

19 Ehiã be míaɖo ŋku edzi be Yehowa mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. (Hiob 34:10) Ne ewɔ nu madzɔmadzɔ la, anye lɔlɔ̃maɖemaɖefia, eye míenya tso míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ bliboa katã me be “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be “dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye [Mawu ƒe] fiazikpui ƒe anyinɔ.” (Psalmo 89:15) Ke aleke wɔ Yehowa nate kpɔ be yeawɔ nu madzɔmadzɔ? Ne ewɔ nu nenema la, anye keɖeɖe le dzɔdzɔenyenye ƒe anyinɔ si dzi wòtu eƒe dziɖulanyenye ɖo la te.

20. Susu kawo tae wòle be Usa nanya nu tso se siwo ku ɖe Nubablaɖaka la ŋu ɖo hafi?

20 Nenɔ susu me na wò be ele na Usa be wòanya nusi Sea bia hafi. Aɖakaa tsi tre ɖi na Yehowa ƒe wo domenɔnɔ. Sea gblɔe kɔte be mele be amesi womeɖe mɔ na o la naka asi eŋu o, eye wode se tẽ be amesiwo aka asi eŋu la ku ke woaku. (Mose IV, 4:18-20; 7:89) Eyata aɖaka kɔkɔea tsɔtsɔ yi teƒe aɖe menye nusi woabu nu tsɛe o. Edze ƒã be Usa nye Lewi-vi (togbɔ be menye nunɔlae wònye ya o), eyata ele be wòanya Sea nyuie. Azɔ hã, ƒe geɖewo do ŋgɔ la, wotsɔ Aɖakaa va fofoa ƒemee be wòanɔ dedie. (Samuel I, 6:20–7:1) Enɔ afima ade ƒe 70, vaseɖe esime Dawid tia be yeakɔe le afima. Eyata anɔ eme be Usa nya nu tso se siwo ku ɖe Aɖakaa ŋu la ŋuti tso keke eƒe ɖevime ke.

21. Le Usa ƒe nyaa me la, nukatae wòle vevie be míaɖo ŋku edzi be Yehowa nyana ame ƒe dzimedidiwo?

21 Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, Yehowa ate ŋu anya nusi le ame ƒe dzi me. Esi eƒe Nya ƒo nu tso Usa ƒe nuwɔna la ŋu be enye ‘bubumademade Mawu ŋu ƒe nuwɔna’ ta la, anɔ eme be Yehowa kpɔ ɖokuitɔdidi ƒe didi aɖe, si ŋu womeƒo nu tsoe le nuŋlɔɖia me o, le eyama me. Ðe wòanye be ɖokuisinuwɔlae Usa nye, eye wòlɔ̃a nusi ƒe mɔ womeɖe nɛ o la wɔwɔa? (Lododowo 11:2) Ðe ŋgɔxɔxɔ le dutoƒo, le Nubablaɖaka si ta eƒe ƒomea kpɔ le aƒeme, na wòsusu be yele vevie ŋutɔa? (Lododowo 8:13) Ðe Usa nye xɔsemanɔsitɔ nenema gbegbe be wòbui be Yehowa ƒe asi to ɖe eme akpa be wòalé aɖaka kɔkɔe si tsi tre ɖi na Eƒe wo domenɔnɔ la ɖe tea? Aleke kee nya la ɖale o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa wɔ nusi le eteƒe. Anɔ eme kokoko be ekpɔ nane le Usa ƒe dzime si na Wòdrɔ̃ toheʋɔnui enumake ɖo.—Lododowo 21:2.

Susu Nyui si Ta Wòle Be Míaka Ðe Eyama Dzi

22. Aleke Yehowa ƒe nunya dze le go sia mee be ɣeaɖewoɣi la, eƒe Nya la meƒoa nu tsoa nudzɔdzɔ aɖe me nya aɖewo ŋu o?

22 Yehowa ƒe nunya si ɖeke mesɔ kplii o dze ƒã le go sia me be ɣeaɖewoɣi la, eƒe Nya la meƒoa nu tso nudzɔdzɔ aɖe me nya aɖewo ŋu o. Yehowa to esia me na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be míeka ɖe ye dzi. Ðe nusiwo me míedzro mena eme kɔ ƒã be susu nyuiwo le mía si siwo ta wòle be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi oa? Nyateƒee, ne míetsɔ dzi blibo kple susu si me kɔ srɔ̃ Mawu ƒe Nya lae la, Yehowa ŋuti sidzedze gbagowo sua mía si si nana kakaɖedzi mí be ewɔa nusi le eteƒe kple nusi le dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Eyata ne Biblia me nudzɔdzɔ aɖe fɔ nyabiase aɖewo ɖe te siwo míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖowo na tẽ enumake o la, mina kakaɖedzi blibo nanɔ mía si be Yehowa wɔ nusi le eteƒe.

23. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ɖe nusiwo Yehowa ava wɔ le etsɔme ŋu?

23 Kakaɖedzi ma ke ate ŋu anɔ mía si ɖe nusiwo Yehowa ava wɔ le etsɔme ŋu. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne eva hete fɔbuʋɔnu dɔdrɔ̃ le xaxa gã si le aƒe tum kabakaba la me la, ‘matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o.’ (Mose I, 18:23) Alesi gbegbe wòlɔ̃ nusi le dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe wɔwɔ mana wòawɔ nu nenema gbeɖe o. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe hã be le xexe yeye si gbɔna me la, akpɔ míaƒe hiahiãwo katã gbɔ le mɔ nyuitɔ kekeake si anya wɔ nu.—Psalmo 145:16.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Esɔ be Abraham vɔ̃, elabena blemagbalẽ aɖe gblɔ tso Farao aɖe ŋu be eƒe asrafowo lé nyɔnu dzetugbee aɖe eye wowu srɔ̃aŋutsua.

^ mm. 16 Hena esia ŋu nya bubuwo la, kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ December 1, 1979, axa 31.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Susu kawo tae wòle be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi ɖo?

• Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsri nyataƒoƒo madzemadzee ku ɖe Lot ƒe didi be yeatsɔ vianyɔnuwo ana ameha dodziku ma ŋu?

• Nya vevi kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase nusitae Yehowa ƒo Usa wòku la gɔme?

• Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ɖe nusiwo Yehowa ava wɔ le etsɔme ŋu?

[Biabiawo]