Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Ana Nu Xexeame Nɔlawo Woaɖu?

Amekae Ana Nu Xexeame Nɔlawo Woaɖu?

Amekae Ana Nu Xexeame Nɔlawo Woaɖu?

LE Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Xexeame ƒe Nuɖuɖunyawo Gbɔkpɔha, si wɔa avu tsia dɔwuame nu, ƒe akɔntabubu nu la, ame miliɔn 800—siwo dometɔ geɖe nye ɖeviwo—ye mekpɔa nu nyui ɖuna wòsua wo o. Nyitsɔ laa la, habɔbɔ ma gblɔ be le kuxi bubuwo, abe nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname si le fievo dom ene, ta la, dukɔ deŋgɔ geɖe mete ŋu le susu trɔm ɖe nɔnɔme sia ŋu be yewoatsɔ yewoƒe nunɔamesiwo akpɔ egbɔe o. Dɔxɔleameŋuwo ƒe kaka kabakaba na nɔnɔmea gado gã ɖe edzi kura. Habɔbɔa ƒe alɔdze si woyɔna be Global School Feeding Report gblɔ tso Afrika dukɔ siwo me AIDS bɔ ɖo ŋu be: “Dzila gbogbo aɖewo le kukum le AIDS ta. Zi geɖe la, ɖevi siwo wogblẽ ɖi la ŋutɔe le wo ɖokui dzi kpɔm, evɔ wo dometɔ geɖe menya agbledede o, eye gbesiagbegbenɔnɔ ŋuti nuteƒekpɔkpɔ si wosrɔ̃na tso ame dzilawo gbɔ hã mesu wo si hafi o.”

Xexeame ƒe Nuɖuɖunyawo Gbɔkpɔhaa wɔ ɖoɖo be woana sukuviwo naɖu nu zi ɖeka ya teti gbesiagbe le sukuwo. Menye dɔwuame dzi koe wodi be yewoaɖe akpɔtɔ o, ke wodi be yewoafia nu bubu siwo ɖekakpui kple ɖetugbiwo awɔ atsɔ aƒo asa na HIV/AIDS edziedzi hã wo.

Le teƒe siwo wole ɖoɖoa zãm le xoxo la, ɖeviwo ɖua nu, xɔa hehe tso dzadzɛnyenye ŋu, eye wonaa kpekpeɖeŋu bubuwo hã wo. Wode dzesii hã be le afisiwo ameawo trɔ nɔnɔme le la, womegale HIV/AIDS dɔlélea xɔm abe tsã ene o.

Ewɔ nublanui be zi geɖe la, amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo me tsonuwo mekpɔa kuxiwo gbɔ keŋkeŋ o. Gake Biblia ya do ŋugbe fakɔname aɖe ku ɖe alesi woakpɔ dɔwuame ƒe kuxia gbɔ keŋkeŋ ŋu. Psalmo 72:16 gblɔ be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.” Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, amewo ate ŋu agblɔ tso Yehowa Mawu ŋu be: “Eɖo ŋku anyigba dzi, eye nède tsii wòwu ko nɛ . . . Ena blii, eye ale nèwɔ anyigba lae enye si.”—Psalmo 65:10.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

WFP/Y. Yuge