Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Berleburg Biblia La

Berleburg Biblia La

Berleburg Biblia La

WOÐO subɔsubɔha aɖe ɖe Germany Luther Sɔlemeha la me le ƒe alafa 17 lia kple 18 lia me si me tɔwo yɔa wo ɖokui be Amesiwo Vɔ̃a Mawu Wu. Woɖu fewu le ha sia me tɔ aɖewo ŋu eye woti wo yome gɔ̃ hã ɖe woƒe xɔse ta. Agbalẽnyala siwo le haa me dometɔ geɖe si yi Berleburg, si didi tso Frankfurt am Main ƒe dziehe abe kilometa 150 ene. Dumegã Casimir von Wittgenstein Berleburg, si nye ame ŋkuta aɖe si dea asixɔxɔ mawusubɔsubɔ ŋu vevie la, xɔ wo. Mawunyagblɔla kple agbalẽnyala siawo ƒe Berleburg nɔnɔ na woɖe Biblia yeye aɖe gɔme, si woyɔna egbea be Berleburg Biblia. Aleke wowɔ hafi va ɖe Biblia ma gɔme?

Sitsoƒedilawo dometɔ ɖekae nye Johann Haug, amesi dzi wozi wòdzo le wo de Strasbourg le afima mawunyaŋununyalawo ƒe nazãbubu ɖe eyama ŋu ta. Haug nya agbalẽ nyuie eye wònye gbegbɔgblɔŋutinunyala bibi aɖe hã. Egblɔ na ehati agbalẽnyala siwo le Berleburg be yedi vevie be “yeaɖe Biblia bliboa gɔme, si me nya wometɔ tsii o, atsɔ aɖɔ Luther ƒe Biblia gɔmeɖeɖea ɖo, eye emenyawo nanye Mawu ƒe Nya si wògblɔ la pɛpɛpɛ.” (Die Geschichte der Berlenburger Bibel [Berleburg Biblia ƒe Ŋutinya]) Eƒe taɖodzinue nye be yeaɖe Biblia gɔme ale be ame tsɛwo gɔ̃ hã nate ŋu ase eme, eye yeana numeɖeɖewo le eme. Haug bia agbalẽnyala siwo le Europa-dukɔ bubuwo me ƒe kpekpeɖeŋu, eye wòtsɔ ƒe 20 wɔ dɔ lae. Wodze Berleburg Biblia tata gɔme tso ƒe 1726 me. Esi numeɖeɖe gbogbo aɖewo le eme ta la, womae ɖe babla vovovo enyi sɔŋ me.

Le nyateƒe me la, nu nyui geɖe le Berleburg Biblia la me. Le kpɔɖeŋu me, Mose II, 6:2, 3 xlẽ be: “Eye Mawu ƒo nu kple Mose hegblɔ nɛ be: Nyee nye AƑETƆ la! Eye meɖe ɖokuinye fia Abraham/Isak kple Yakob/be menye Mawu si su le eɖokui si: ke nyemeɖe nye ŋkɔ YEHOWA fia wo o.” Numeɖeɖe aɖe kɔ nu me be: “Ŋkɔ YEHOWA . . . , fia ŋkɔ si woɖe ɖe vovo/alo/ŋkɔ si woɖe fia.” Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ Yehowa, dze le numeɖeɖe aɖewo siwo ku ɖe Mose II, 3:15 kple Mose II, 34:6 ŋu hã me.

Eyata Berleburg Biblia nye Germanygbe me Biblia gbogbo siwo zã ŋkɔ Yehowa le Biblia ŋutɔ me loo, le etenuŋɔŋlɔ me loo, alo le numeɖeɖe siwo wona ɖe eme la dometɔ ɖeka. Egbegbe Biblia siwo kɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa ŋu dometɔ ɖekae nye New World Translation of the Holy Scriptures [Les Saintes Écritures— Traduction du monde nouveau], si Yehowa Ðasefowo ta.