Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo—Amesiwo Mienye Nenye Dada Na Mi!

Kristotɔwo—Amesiwo Mienye Nenye Dada Na Mi!

Kristotɔwo​—Amesiwo Mienye Nenye Dada Na Mi!

‘Amesi ke ƒoa adegbe la, neƒo adegbe le Yehowa me.’​—KORINTOTƆWO I, 1:31.

1. Nukae amewo ƒe nɔnɔme ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ɖe fia?

“ÐEKEMATSƆLEMAWUME.” Mawusubɔsubɔ ŋuti nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe zã nya ma nyitsɔ laa tsɔ ƒo nu tso nɔnɔme si va le ame geɖe si ku ɖe woƒe dzixɔse ŋui ŋuti. Egblɔ be: “Nusi ɖe dzesi le egbeŋkekea me mawusubɔsubɔ ŋu wue nye be meganye Mawu subɔmee amewo le o—míate ŋu aɖɔ woƒe nɔnɔmea wòasɔ nyuie wu be enye ‘ɖekematsɔlemawume.’” Esi wònɔ nya ɖekematsɔlemawume me ɖem tsitotsito la, egblɔ be “enye didi si megale amewo me be woatsɔ ɖe le woawo ŋutɔ ƒe mawusubɔsubɔnyawo me o.” Egblɔ be ame geɖe “xɔ Mawu dzi se ya . . . ; gake ɖeko womegatsɔ ɖeke boo le eƒe nya me o.”

2. (a) Nukatae mewɔ mo yaa o be amewo megava tsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me o? (b) Afɔku kae ɖekematsɔleme nye na Kristotɔ vavãwo?

2 Ðekematsɔleme ƒe nɔnɔme sia mewɔ mo yaa na Biblia-srɔ̃lawo ya o. (Luka 18:8) Ne míagblɔe koŋ la, ele be míanɔ mɔ kpɔm na ɖekematsɔleme ƒe nɔnɔme sia. Alakpasubɔsubɔha ble ameƒomea hekplɔe trae ɣeyiɣi didi aɖe enye sia. (Nyaɖeɖefia 17:15, 16) Gake nu wɔwɔ dzi afãafã kple alɔgblɔdɔwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ sia ate ŋu anye afɔku na Kristotɔ vavãwo hã. Nu agblẽ le mía ŋu vevie ne míeva zu xɔsetɔ ɖekematsɔlemetɔ siwo metsɔa dzo ɖe Mawu subɔsubɔ kple Biblia me nyateƒea ŋu o. Yesu xlɔ̃ nu tsi tre ɖe yɔyrɔenɔnɔ alea ŋu esime wòxlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Laodikea be: ‘Mèfa hã o, mèdze dzo hã o. Ðe medi be, ɖewo nàfa alo nàdze dzo. Èle yɔyrɔe.’—Nyaɖeɖefia 3:15-18.

Amesiwo Míenye Nyanya

3. Amesiwo Kristotɔwo nye ƒe akpa kawo tae woate ŋu aƒo adegbe ɖo?

3 Hafi Kristotɔwo nate ŋu awɔ avu kple gbɔgbɔ me ɖekematsɔleme la, ehiã be woanya amesiwo wonye la nyuie, eye ele be wòanye dada na wo be yewonye ame tɔxɛwo. Esi míenye Yehowa subɔlawo kple Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ta la, míate ŋu akpɔ alesi woƒo nu tso amesiwo míenye ŋu le Biblia me. Esi míele gbeƒã ɖem “nyanyuia” na amewo dzonɔamemetɔe ta la, míenye Yehowa ƒe “ɖasefowo,” “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (Yesaya 43:10; Korintotɔwo I, 3:9; Mateo 24:14) Míenye amesiwo ‘lɔ̃a wo nɔewo.’ (Yohanes 13:34) Kristotɔ vavãwo nye amesiwo ‘na hehe woƒe sidzedze ŋutetewo to wo zazã dzi, ale be woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Míenye ‘akaɖiwo le xexeame.’ (Filipitɔwo 2:15) Míedzea agbagba be “[míaƒe] anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie.”—Petro I, 2:12; Petro II, 3:11, 14.

4. Aleke Yehowa subɔla awɔ anya nusi menye o?

4 Yehowa subɔla vavãwo nya nusiwo womenye o hã. ‘Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ abe alesi woƒe Kplɔla Yesu Kristo hã menye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene. (Yohanes 17:16) Woɖea wo ɖokui ɖa tso ‘dukɔ’ siwo ƒe “nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome” gbɔ. (Efesotɔwo 4:17, 18) Emetsonue nye be Yesu yomedzelawo ‘gbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame ƒe nudzodzrowo, eye wonɔa anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me.’—Tito 2:12.

5. Nukae dzideƒonya be ‘míaƒo adegbe le Yehowa me’ fia?

5 Amesiwo míenye nyanya nyuie kple ƒomedodo si le mía kple xexeame katã Dziɖulagã la dome ʋãna mí be ‘míaƒo adegbe le Yehowa me.’ (Korintotɔwo I, 1:31) Adegbeƒoƒo ka ƒomevi ƒe nya gblɔmee míele? Abe Kristotɔ vavãwo ene la, enye dada na mí be Yehowae nye míaƒe Mawu. Míezɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi.” (Yeremya 9:23) ‘Míeƒoa adegbe’ be mɔnukpɔkpɔ su mía si míenya Mawu eye be ele mía zãm tsɔ le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo.

Mele Bɔbɔe O

6. Nukatae wòsesẽna na ame aɖewo be woalé Kristotɔ si wonye ŋuti nukpɔsusu si me kɔ la me ɖe asi sesĩe?

6 Gake menye ɣesiaɣie Kristotɔnyenye me léle ɖe asi sesĩe le bɔbɔe o. Ðekakpui aɖe si wonyi wònye Kristotɔ gblɔ be ɣeaɖeɣi va yi la, yeva gbɔdzɔ vie le gbɔgbɔ me: “Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be nyemenya nusitae menye Yehowa Ðasefo o. Wofiam nyateƒea tso ɖevime ke. Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be ɖeko nyateƒea hã le abe ha bubuawo ke ene.” Ame bubuwo anya ɖe mɔ xexeame ƒe modzakaɖenuwo, nyatakakamɔnu vovovowo, kple ame mavɔ̃mawuwo ƒe nukpɔsusu siwo le tsia dzi gblẽ nu le wo ŋu. (Efesotɔwo 2:2, 3) Kristotɔ aɖewo ate ŋu ake ɖi le wo ɖokui me ahagbugbɔ ŋugble ade le nusiwo le vevie na wo kple woƒe agbe me taɖodzinuwo ŋu ɣeaɖewoɣi.

7. (a) Ame ɖokui me dzodzro ka ƒomevie sɔ be Mawu subɔlawo nawɔ? (b) Ɣekaɣie wònyea afɔku?

7 Ðe wònye nu gbegblẽ be ame nadzro eɖokui me akpɔ ɣeaɖewoɣia? Ao. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woayi edzi anɔ wo ɖokui dom kpɔ esi wògblɔ be: “Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ!” (Korintotɔwo II, 13:5) Nya siawo fia be apostoloa nɔa ame ɖokui me dzodzro ƒe dzi dem ƒo kple susu be ne wode dzesi gbɔgbɔ me gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe la, woawɔ afɔɖeɖe siwo hiã atsɔ aɖɔ wo ɖoe. Ne Kristotɔ aɖe le eɖokui dom kpɔ be yele xɔsea me hã la, ele be wòakpɔe ɖa be ɖe yeƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo sɔ ɖe xɔsetɔ si yebe yenye nu mahã. Gake ne míedzro mía ɖokui me be míanya ‘amesi ƒomevi míenye’ le mɔ nyuitɔ nu o, alo míeva le ŋuɖoɖowo dim le nusiwo meku ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo alo Kristo-hamea ŋu o me la, viɖe aɖeke mado tso eme o, eye ate ŋu ahe gbɔgbɔmefɔku vɛ. * Míadi gbeɖe be míaƒe xɔse ‘nadze go abe ʋu dzego ene’ o!—Timoteo I, 1:19.

Womeɖe Mí le Kuxiwo me O

8, 9. (a) Aleke Mose ɖe ɖikeke le ame ɖokui me ƒe seselelãme fiae? (b) Esi Mose nɔ hehem ɖe megbe la, aleke Yehowa wɔ nu ɖe eŋui? (d) Aleke Yehowa ƒe ŋusẽdoame wɔ dɔ ɖe dziwòe?

8 Ðe wòle be Kristotɔ siwo ƒe dzime ɖikeke ƒe susuwo vana ɣeaɖewoɣi nasusu be yewodo kpo nua? Kura o! Le nyateƒe me la, enyanya be seselelãme siawo tɔgbe menye nu yeye o la ate ŋu anye akɔfafa na wo. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema hã to nɔnɔme siawo tɔgbe me. Le kpɔɖeŋu me, bu Mose, amesi ɖe xɔse sesẽ, nuteƒewɔwɔ, kple ɖokuitsɔtsɔna blibo ƒe gbɔgbɔ fia, ŋu kpɔ. Esi wode dɔ si dze abe ɖe wòwu tsɔtsɔ na Mose ene asi nɛ la, ebia ɖokuibɔbɔtɔe be: “Ameka menye?” (Mose II, 3:11) Edze ƒã be ŋuɖoɖo si nɔ susu me nɛ enye, ‘Nye hã amee menyea?’ alo ‘Nyemate ŋui o ɖe!’ Anye Mose ƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔ vovovoawoe na wòse le eɖokui me be yemedze o: Kluviwo ƒe dukɔ me tɔe wònye. Israel-viwo melɔ̃ eƒe nya o. Nu menya ƒona nɛ tututu o. (Mose II, 1:13, 14; 2:11-14; 4:10) Alẽkplɔlae, evɔ Egiptetɔwo nyɔa ŋu dɔ ma wɔwɔ. (Mose I, 46:34) Eyata mewɔ nuku o be ese le eɖokui me be yemedze anye amesi dzi woato aɖe Mawu ƒe ame siwo nɔ kluvinyenye me la o!

9 Yehowa de dzi ƒo na Mose esime wòna ŋugbedodo sẽŋu evee be: “Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wò bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.” (Mose II, 3:12) Mawu nɔ gbɔgblɔm na esubɔla sia si nɔ hehem ɖe megbe be yeanɔ kplii ɣesiaɣi. Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa nɔ eɖem fia be yele yeƒe amewo ɖe ge godoo. Mawu do kpekpeɖeŋu nana ma ƒomevi geɖe ƒe ŋugbe le ƒe alafa geɖe siwo va yi me. Le kpɔɖeŋu me, esime wòsusɔ vie Israel-dukɔa nage ɖe Ŋugbedodonyigba dzi la, egblɔ na wo to Mose dzi be: “Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, . . . Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o.” (Mose V, 31:6) Yehowa ka ɖe edzi na Yosua hã be: “Ame aɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; . . . manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.” (Yosua 1:5) Eye edo ŋugbe na Kristotɔwo be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Ele be kpekpeɖeŋu sẽŋu sia gbegbe nana wòanye dada na mí be míenye Kristotɔwo!

10, 11. Aleke wokpe ɖe Lewi-vi Asaf ŋu wòlé nukpɔsusu nyui me ɖe asi le asixɔxɔ si le eƒe Yehowa subɔsubɔ ŋu gome?

10 Anɔ abe ƒe alafa atɔ̃ ene le Mose ƒe ɣeyiɣia megbe la, Lewi-vi wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Asaf ŋlɔ nu anukwareɖiɖitɔe tso alesi ɖikeke va ge ɖe emee le viɖe si le nuteƒewɔwɔ me ŋu la ŋuti. Esi Asaf ʋli sesĩe to xaxawo kple tetekpɔwo me le Mawu subɔsubɔ me la, ekpɔe be ame aɖewo siwo ɖua fewu le Mawu ŋu ya kpɔa ŋusẽ wu eye nuwo le edzi dzem na wo wu. Aleke nɔnɔme sia kpɔ ŋusẽ ɖe Asaf dzii? Elɔ̃ ɖe edzi be: “Ke nye la ekpɔtɔ ʋɛ nye afɔ da kloe, esusɔ vie nye afɔ ɖiɖi kloe. Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.” Megava nɔ asixɔxɔ si le Yehowa subɔla nyenye ŋu kpɔm tututu o. Asaf susu be: “Yakatsyɔe mena nye dzi ŋu dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me. Ẽ, mekpea fu gbesiagbe.”—Psalmo 73:2, 3, 13, 14.

11 Aleke Asaf wɔ nui esi susumadzekɔanyi na ɖikeke ɖo eme? Ðe wòŋe aɖaba ƒu wo dzia? Ao. Eƒo nu tso wo ŋuti na Mawu le gbedodoɖa me, abe alesi míekpɔe le Psalmo 73 lia me ene. Asaf ƒe susu trɔ esi wòyi gbedoxɔa me. Esi wònɔ afima la, eva kpɔe dze sii be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ganye agbemɔ nyuitɔ kekeake kokoko. Eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ake na wòse egɔme be Yehowa lé fu vɔ̃ɖinyenye eye be eteƒe madidi o, ahe to na ame vɔ̃ɖiwo. (Psalmo 73:17-19) Esi Asaf ƒe nukpɔsusu trɔ la, ŋusẽ ɖo eŋu wògakpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wònye Yehowa subɔla ŋu. Egblɔ na Mawu be: “Mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.” (Psalmo 73:23, 24) Asaf gava kpɔe dze sii ake be dadae wònye na ye be yenye Mawu subɔla.—Psalmo 34:3.

Wonya Amesi Wonye Nyuie

12, 13. Gblɔ Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo si fia alesi ame aɖewo bu woa kple Mawu dome ƒomedodo nu xɔasii.

12 Mɔ aɖe si dzi míato alé asixɔxɔ si míedea míaƒe Kristotɔnyenye ŋu me ɖe asi sesĩe enye subɔla wɔnuteƒe siwo do dzi lé woawo kple Mawu dome ƒomedodo me ɖe asi, togbɔ be woto tetekpɔwo me hã, ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me dzodzro kple woƒe xɔse sɔsrɔ̃. De ŋugble le Yakob viŋutsu Yosef ŋu kpɔ. Eƒe ɖevime kee wodzrae kluvii ŋutasesẽtɔe eye wokplɔe yi Egipte, afisi didi kilometa alafa geɖe tso fofoa si nye Mawu vɔ̃la kple eƒe aƒe si me dzidzɔkpɔkpɔ kple kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu nɔ la gbɔ. Esi Yosef nɔ Egipte la, ame aɖeke meli nɛ si ŋu wòate ɖo axɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖeke o, eye ele nɛ be wòato nɔnɔme sesẽ siwo do eƒe agbenyuinɔnɔ kple ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu kpɔ me. Ke hã edze ƒã be edze agbagba vevie lé eƒe Mawu subɔsubɔ me ɖe asi sesĩe, eye wòlé ɖe nusi wònya be enye nudzɔdzɔe la ŋu goŋgoŋ. Enye adegbeƒoƒo nɛ be yenye Yehowa subɔla le nɔnɔme madeamedziwo me kura gɔ̃ hã, eye mekpe ŋu nɛ be wòaɖe eƒe seselelãme agblɔ o.—Mose I, 39:7-10.

13 Ƒe alafa enyi megbe la, Israel-nyɔnuvi aɖe si wolé aboyoe wòva zu kluvi na Aramtɔwo ƒe aʋafia Naeman la meŋlɔ be be Yehowa subɔlae yenye o. Esi mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi nɛ la, eɖe gbeƒã dzideƒotɔe tso Yehowa ŋu esime wòna wonya be Elisa nye Mawu vavã la ƒe nyagblɔɖila. (Fiawo II, 5:1-19) Ƒe geɖe megbe la, togbɔ be nuwɔna gbegblẽwo ƒo xlã Fia Yosiya esime wònye ɖevi hã la, ewɔ mawusubɔsubɔ me ɖɔɖɔɖo aɖewo siwo nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe, edzra Mawu ƒe gbedoxɔa ɖo, eye wòna dukɔa gatrɔ susu ɖe Yehowa ŋu. Ede asixɔxɔ eƒe xɔse kple subɔsubɔ ŋu. (Fiawo II, ta 34, 35) Daniel kple ehati Hebri-vi etɔ̃ siwo nɔ Babilon hã meŋlɔ be gbeɖe be Yehowa subɔlawoe yewonye o, eye esi woƒo nya ɖe wo nu hete wo kpɔ kura gɔ̃ hã la, wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Edze ƒã be enye dada na wo be Yehowa subɔlawoe yewonye.—Daniel 1:8-20.

Amesi Nènye Nenye Dada na Wò

14, 15. Nukae wòfia be míaƒe Kristotɔwo nyenye nanye dada na mí?

14 Mawu subɔla siawo kpɔ dzidzedze elabena wobu ƒomedodo xɔasi me nɔnɔ kple Mawu nu vevii. Ke míawo hã ɖe? Nuka wòfia be míaƒe Kristotɔwo nyenye nanye dada na mí?

15 Nusi wòfia koŋ enye be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia be míenye Yehowa ƒe ame siwo ŋu eƒe ŋkɔ le, siwo dzi eƒe yayra kple ŋudzedzekpɔkpɔ le. Mawu nya amesiwo nye etɔwo nyuie. Apostolo Paulo, amesi nɔ agbe le ɣeyiɣi si me mawusubɔsubɔnyawo tɔtɔ me, ŋlɔ be: “Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo.” (Timoteo II, 2:19; Mose IV, 16:5) Yehowa de asixɔxɔ amesiwo “nye etɔwo” ŋu vevie. Egblɔ be: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi [nye] ŋkuvi ŋu.” (Zaxarya 2:12) Eme kɔ ƒã be Yehowa lɔ̃ mí. Eyata ele be alesi gbegbe míelɔ̃ eyamae nana míatu ƒomedodo ɖo kplii. Paulo ŋlɔ be: “Ne amea ɖe lɔ̃ Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.”—Korintotɔwo I, 8:3.

16, 17. Nukatae wòate ŋu anye dada na Kristotɔ sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa be gbɔgbɔmedomenyinu le yewo si?

16 Anyo be sɔhɛ siwo wonyi Yehowa Ðasefowoe la nadzro wo ɖokui me akpɔ be ɖe yewoƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristotɔnyenye ŋu le ŋu sẽm ɖe edzi le ƒomedodo si le yewo kple Mawu dome ta hã. Womate ŋu anɔ te ɖe wo dzilawo ƒe xɔse ɖeɖeko dzi o. Paulo ŋlɔ tso Mawu subɔla ɖesiaɖe ŋu be: “Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na.” Eyata Paulo yi edzi gblɔ be: “Mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:4, 12) Edze ƒã be nusi wɔm míaƒe ƒometɔwo le me léle ɖe asi dzro ko mate ŋu alé ame kple Yehowa dome ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa la ɖe te o.

17 Le ŋutinya katã me la, ɖasefowo nɔ Yehowa si ɣeawokatãɣi. Edze egɔme tso nuteƒewɔla Abel dzi—anɔ abe ƒe 6,000 enye si va yi—va to egbegbe Ðasefowo ƒe “ameha gã” aɖe dzi yi Yehowa subɔla gbogbo siwo ava nɔ agbe tegbee le etsɔme la dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9; Hebritɔwo 11:4) Míawoe nye mawusubɔla wɔnuteƒe gbogbo mawo dometɔ siwo li egbea. Gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi ka gbegbee nye esi le mía si!

18. Aleke míaƒe gɔmeɖosewo kple dzidzenuwo na míeto vovo tso xexeame gbɔe?

18 Nusiwo dea dzesi mí abe Kristotɔwo ene la ƒe ɖewo hãe nye gɔmeɖose siwo nu míenɔa agbe ɖo, nɔnɔme siwo míeɖena fiana, míaƒe agbenɔnɔ me dzidzenuwo, kple míaƒe nuwɔnawo. Eyae nye “mɔ” la, si nye agbemɔ ɖeka kolia si hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ eye wòdzea Mawu ŋu. (Dɔwɔwɔwo 9:2; Efesotɔwo 4:22-24) Kristotɔwo ‘doa nuwo katã kpɔna’ eye ‘woléa nu nyui la me ɖe asi’! (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Vovototo gã si le Kristotɔnyenye kple xexe si ɖe eɖokui ɖa tso Mawu ŋu la me kɔ na mí nyuie. Yehowa na vovototo si le nyateƒe subɔsubɔ kple alakpatɔ dome dze ƒã. Egblɔ to eƒe nyagblɔɖila Maleaxi dzi be: “Miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.”—Maleaxi 3:18.

19. Nukae Kristotɔ vavãtɔwo mava zu gbeɖe o?

19 Esi wònye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu le vevie le xexe si tɔtɔ me ta la, nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo adegbe si dze le Mawu me ahalé Kristotɔnyenye me ɖe asi sesĩe? Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le nyati si kplɔ esia ɖo me. Esi nèle ŋugble dem le wo ŋu la, àte ŋu aka ɖe nya sia dzi, be: “Ðekematsɔlemawume” makpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavãtɔwo ya dzi akpɔ gbeɖe o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Amesiwo míenye le gbɔgbɔ me ɖeɖe dzaa ko ƒe nya gblɔm míele le afisia. Le ame ʋɛ aɖewo siwo ŋu tagbɔdɔléle anɔ gome la, ɖewohĩ ahiã be woadi dɔyɔla bibi aɖe.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Kristotɔwo ate ŋu ‘aƒo adegbe le Yehowa mee’?

• Nukae nèsrɔ̃ tso Mose kple Asaf ƒe kpɔɖeŋuwo me?

• Amesiwo bui be dadae wònye na yewo be yewoasubɔ Mawu dometɔ kawo ŋutie Biblia ƒo nu le?

• Nukae wòfia be míaƒe Kristotɔwo nyenye nanye dada na mí?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Mose se le eɖokui me kpɔ be yemedze o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Enye dada na Yehowa subɔla blematɔ geɖe be yewonye ame tɔxɛwo