Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míaƒe Kristotɔnyenye Ta Kpɔkpɔ

Míaƒe Kristotɔnyenye Ta Kpɔkpɔ

Míaƒe Kristotɔnyenye Ta Kpɔkpɔ

“Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo.”​—YESAYA 43:10.

1. Amekawo ƒomevie Yehowa hena ɖe eɖokui ŋu?

ƔESIAƔI si nèle kpekpe me la, tsa ŋku godoo nàkpɔ. Amekawoe nàkpɔ le tadeaguƒe sia? Àte ŋu akpɔ sɔhɛ dovevienu siwo le to ɖom vevie hele nunya si tso Ŋɔŋlɔawo me la xɔm de woƒe dzi me. (Psalmo 148:12, 13) Ðewohĩ àkpɔ ƒome ƒe ta siwo le agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu le xexe si me womegatsɔa ɖeke le ƒomegbenɔnɔ ƒe nyonyo me boo o la me. Ðewohĩ àkpɔ ame tsitsi siwo le wɔwɔm ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi togbɔ be tsitsi me lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na wo hã. (Lododowo 16:31) Wo katã wolɔ̃ Yehowa ale gbegbe. Eye edze eŋu be yeana ƒomedodo nanɔ ye kpli wo dome. Mawu ƒe Vi la gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.”—Yohanes 6:37, 44, 65.

2, 3. Nukatae Kristotɔnyenye me léle ɖe asi ate ŋu asesẽ?

2 Ðe medzɔ dzi na mí be míele amesiwo ŋu Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo heyrana la dome oa? Ke hã, enyanya nyuie be Kristotɔwoe míenye kple agbenɔnɔ ɖe enu le ‘ŋkeke mamlɛ sesẽ’ siawo me mele bɔbɔe o. (Timoteo II, 3:1) Alea wòle vevietɔ le sɔhɛ siwo nyim wole le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me la gome. Sɔhɛ siawo dometɔ ɖeka lɔ̃ ɖe edzi be: “Togbɔ be menɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem hã la, gbɔgbɔ me taɖodzinu gobii aɖeke menɔ asinye o, eye ne mato nyateƒe la, nyemekpɔ susu gobi aɖeke si ta wòle be masubɔ Yehowa ɖo o.”

3 Togbɔ be ame aɖewo le didim vevie be yewoasubɔ Yehowa hã la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, kple nudzodzro vɔ̃wo ate ŋu ahe woƒe susu. Ne woƒo nya ɖe mía nu vevie la, ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu vivivi eye mlɔeba míava ɖe asi le míaƒe Kristotɔnyenye ŋu keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe gblɔna be Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nye tsigãdzinu alo womate ŋu atsɔe awɔ dɔ le egbeŋkekeawo me o. (Petro I, 4:4) Ame aɖewo gblɔna be mehiã kokoko be míasubɔ Mawu le mɔ si wòfia nu o. (Yohanes 4:24) Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Efeso-hamea me la, eƒo nu tso xexeame ŋu be “gbɔgbɔ” alo ŋusẽkpɔɖeamedzi aɖe le esi. (Efesotɔwo 2:2) Gbɔgbɔ ma ƒonɛ ɖe amewo nu be woawɔ ɖe amesiwo menya Yehowa o ƒe nukpɔsusuwo dzi.

4. Aleke Yesu te gbe ɖe alesi wòhiã be míalé Kristotɔnyenye me ɖe asi dzii?

4 Gake, abe Yehowa subɔla adzɔgbeɖelawo ene la, míenya be anye nusi me afɔku le be míaɖe asi le míaƒe Kristotɔnyenye ŋu—míeɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o. Yehowa ƒe dzidzenuwo kple nusiwo wòdi tso mía si koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nusi Kristotɔnyenye fia ŋutɔŋutɔ. Susu le nya sia me, elabena eƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo. (Mose I, 1:26; Mixa 6:8) Biblia tsɔ míaƒe Kristotɔnyenye sɔ kple awu si míado be amewo katã nakpɔ. Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bena wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpeƒe o.” * (Nyaɖeɖefia 16:15) Míedi be míaɖe asi le míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo kple agbenyuinɔnɔ me dzidzenuwo ŋu ne Satana ƒe xexeame natrɔ mí ɖe eƒe didiwo ŋu o. Ne nu ma adzɔ la, ɖeko míaƒe “awuwo” aklo ɖa le mía ŋu. Nɔnɔme ma ƒomevi anye vevesese kple ŋukpe ŋutɔ.

5, 6. Nukatae tenɔnɔ le gbɔgbɔ me le vevie?

5 Kristotɔ si ame nye gɔmesese nyuie kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amea nɔa agbee dzi vevie. Nukata? Ne Yehowa subɔla ƒe susu megava le amesi tututu wònye ŋu o la, ɖeko nu bubuwo ava xɔ susu me nɛ eye taɖodzinu nyui aɖeke magava nɔ esi o. Biblia xlɔ̃ nu zi geɖe ku ɖe dzimevesusu ma ƒomevi ŋu. Nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu be: “Amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la. Elabena ame kema megasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o; ŋutsu dzimevesusula melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o.”—Yakobo 1:6-8; Efesotɔwo 4:14; Hebritɔwo 13:9.

6 Aleke míawɔ akpɔ míaƒe Kristotɔnyenye ta? Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze deto ɖe mɔnukpɔkpɔ gã si wònye be míenye Dziƒoʋĩtɔ la subɔlawo ŋu? Taflatse de ŋugble le mɔ siwo gbɔna ŋu.

Li Ke Wò Kristotɔnyenye Sesĩe

7. Nukata wònyo be míaƒo koko na Yehowa be wòadzro mía me akpɔ?

7 Yi edzi nàdo ŋusẽ mia kple Yehowa dome ƒomedodo. Nu xɔasitɔ kekeake si le Kristotɔ si enye eya kple Mawu dome ƒomedodo. (Psalmo 25:14; Lododowo 3:32) Ne ɖikeke aɖe ɖo mía me ku ɖe míaƒe Kristotɔnyenye ŋu la, ke ɣeyiɣi sia mee wòle be míadzro mía ɖokui me nyuie akpɔ ɖa be ƒomedodo ka ƒomevie le mía kple Yehowa dome, eye aleke gbegbee ƒomedodo ma sẽŋui mahã. Hakpala la ƒo koko wòsɔ be: “Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!” (Psalmo 26:2) Nukata ame ɖokui me dzodzro sia le vevie? Elabena mía ŋutɔwo míate ŋu alé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu anya amesi ƒomevi tututu míenye, nusiwo ʋãa mí míewɔa nu kple míaƒe dzimedidiwo woade edeƒe o. Yehowa ɖeka koe ate ŋu ase amesiwo míenye le ememe—nusiwo ʋãa mí, míaƒe tamesusuwo, kple seselelãmewo—gɔme.—Yeremya 17:9, 10.

8. (a) Aleke wòaɖe vi na míi ne Yehowa do mí kpɔ? (b) Aleke wokpe ɖe ŋuwò nèle ŋgɔyiyi wɔm abe Kristotɔ ene?

8 Biabia tso Yehowa si be wòadzro mía me fia be míele ekpem be wòado mí akpɔ. Ate ŋu aɖe mɔ ɖe nɔnɔme aɖewo ŋu be amesi ƒomevi míenye kple míaƒe dzi ƒe nɔnɔme nadze ƒã. (Hebritɔwo 4:12, 13; Yakobo 1:22-25) Ele be míalɔ̃ faa akpe akɔ kple dodokpɔ mawo elabena woʋua mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe alesi gbegbe míewɔa nuteƒe na Yehowa afia. Ema aɖee afia ne míenye ‘ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke megakpɔtɔ woadzra ɖo le mía ŋu o.’ (Yakobo 1:2-4) Eye dodokpɔ sia ate ŋu ana míatsi le gbɔgbɔ me.—Efesotɔwo 4:22-24.

9. Ðe kpeɖoɖo Biblia me nyateƒea dzi na mía ɖokui nye nusi míawɔ ne míelɔ̃a? Ðe eme.

9 Wò ŋutɔ kpɔ kakaɖedzi le Biblia me nyateƒea ŋu. Ne míaƒe Yehowa subɔsubɔ menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze dzi sesĩe o la, enu ate ŋu afa. (Filipitɔwo 1:9, 10) Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe—eɖanye sɔhɛ alo ame tsitsi o—naɖo kpe edzi na eɖokui be nusi dzi yexɔ se lae nye Biblia me nyateƒea. Paulo de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Ele be sɔhɛ Kristotɔ siwo dzilawo nye Mawu vɔ̃lawo la nanyae be wo dzilawo ƒe xɔse mate ŋu akpɔ wo ta o. Salomo ŋutɔ fofo, Dawid, xlɔ̃ nui be: ‘Dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo.’ (Kronika I, 28:9) Ele eme be esime Salomo nɔ ɖevime la, anya kpɔ alesi fofoa tu xɔse ɖoe na Yehowa, gake ema ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be eya ŋutɔ nadze si Yehowa, eye ewɔe nenema hã. Eƒo koko na Mawu be: “Eyata na nunya kple sidzedzem, ne mate ŋu ado adze dukɔ sia ŋgɔ, eye magagbɔ.”—Kronika II, 1:10.

10. Nukata naneke megblẽ le susu nyui tsɔtsɔ abia nya siwo me susu le ŋu o?

10 Sidzedzee nana xɔse sẽŋu nɔa ame si. Paulo gblɔ be: ‘Xɔse la tsoa nusi wose la me.’ (Romatɔwo 10:17) Eƒe nyaa gɔme ɖe? Efia be Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ana míaka ɖe Yehowa, eƒe ŋugbedodowo, kple eƒe habɔbɔa dzi eye míaɖo ŋu ɖe wo ŋu. Nyabiase siwo me susu le biabia tso Biblia ŋu ate ŋu ana míakpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo. Gakpe ɖe eŋu la, Paulo ɖo aɖaŋu le Romatɔwo 12:2 be: “Miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” Aleke tututue míawɔe? Eyae nye be míana ‘nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ’ nasu mía si. (Tito 1:1) Yehowa ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nya sesẽwo kura gɔ̃ hã gɔme. (Korintotɔwo I, 2:11, 12) Ne nane gɔme sese sesẽ na mí la, ele be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu. (Psalmo 119:10, 11, 27) Yehowa di be míase yeƒe Nya la gɔme, axɔ edzi ase ahawɔ ɖe edzi. Edoa dzidzɔ nɛ be míatsɔ susu nyui abia nya siwo me susu le.

Ðoe Kplikpaa Nàwɔ Nu Wòadze Mawu Ŋu

11. (a) Dzɔdzɔme didi kae ate ŋu azu mɔ̃ aɖe mí? (b) Aleke míawɔ akpɔ dzideƒo atsɔ anɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nui?

11 Dze agbagba nàwɔ nu wòadze Mawu ŋu, ke menye amegbetɔ ŋu o. Enye míaƒe dzɔdzɔme didi be míaɖe amesi míenye afia to hadede kple amewo dzi. Amesiame hiã xɔlɔ̃wo ƒe hadede, eye edoa dzidzɔ na mí ne wolɔ̃ míaƒe nya. Le sɔhɛmenɔɣi—kple emegbe—la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu asẽ ŋu ale gbegbe be ame adi be yeasrɔ̃ ame bubuwo ƒe nuwɔnawo alo adze wo ŋu. Gake xɔlɔ̃wo kple hatiwo metsɔa ɖeke le míaƒe nyonyo me ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wodina be ame aɖe nakpe ɖe yewo ŋu le nu gbegblẽ wɔwɔ me. (Lododowo 1:11-19) Zi geɖe la, ne hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu na Kristotɔ aɖe na ta la, adze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ne amewo naganya be Kristotɔe yenye o. (Psalmo 26:4) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o.” (Romatɔwo 12:2) Yehowa doa ŋusẽ agbagba siwo míedzena be míanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu ɖesiaɖe ƒomevi nu.—Hebritɔwo 13:6.

12. Ne míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ɖo dodokpɔ me la, gɔmeɖose kple kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu ado ŋusẽ mí?

12 Ne míedo go nyaƒoɖeamenu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe Kristotɔnyenye ŋu la, ele be míaɖo ŋku edzi be nuteƒewɔwɔ na Mawu xɔ asi sasasã wu lɔlɔ̃ ɖe nusi dzi ame geɖe da asi ɖo dzi alo nusi le tsia dzi wɔwɔ. Mose II, 23:2 me nyawo nye gɔmeɖose si kpɔa ame ta: “Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o.” Togbɔ be Israel-vi akpa gãtɔ meka ɖe edzi be Yehowa awɔ Eƒe ŋugbedodowo dzi o hã la, Kaleb ya tsɔ dzideƒo gbe ame geɖe yome nɔnɔ. Eka ɖe edzi vevie be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo, eye woyrae geɖe ɖe tiatia si wòwɔ la ta. (Mose IV, 13:30; Yosua 14:6-11) Ðe wò hã èle lɔlɔ̃m faa be yeagbe ame geɖe ƒe nyaƒoɖeamenu be naneke nagagblẽ mia kple Mawu dome ƒomedodo me oa?

13. Nukata nunya le eme be míana amewo nanya be Kristotɔwoe míenye?

13 Na amewo nanya be Kristotɔe nènye. Le míaƒe Kristotɔnyenye taʋiʋli me la, lododo sia nye nyateƒe be dze aʋa ɖi aʋa mesi nɛ o. Esi Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe dodokpɔ dze ŋgɔ Israel-viwo le Ezra ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogblɔ be: “Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye.” (Ezra 5:11) Ne míeɖe mɔ ɖeklemiɖelawo kple ame wɔadãwo ƒe nuwɔnawo ɖe fu na mí la, ŋusẽ koe avɔ le mía ŋu le vɔvɔ̃ ta. Ne míedi be míadze amesiame ŋu la, ɖeko wòagble nu le alesi míele vevie dom nui ŋu. Eyata mègavɔ̃ o. Anyo be nàna amewo nanyae ɣesiaɣi be Yehowa Ðasefoe yenye. Àte ŋu aɖe wò dzidzenuwo, dzixɔsewo, kple Kristotɔ si nènye me na amewo moveviɖoɖotɔe gake kple bubu. Na amewo nanyae be yeɖoe kplikpaa be yemaɖe asi le Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ me dzidzenu kɔkɔwo ŋu gbeɖe o. Na eme nakɔ na wo be esi yenye Kristotɔ ta la, yemaɖe mɔ ame aɖeke nagblẽ yeƒe nuteƒewɔwɔ me o. Ðee fia be dadae wònye na ye be yele wɔwɔm ɖe agbenyuinɔnɔ me dzidzenuwo dzi. (Psalmo 64:11) Tenɔnɔ sesĩe abe Kristotɔ ene ate ŋu ado ŋusẽ wò, akpɔ tawò, eye kura gɔ̃ hã aʋã ame aɖewo be woadi be yewoanya nu tso Yehowa kple eƒe amewo ŋu.

14. Ðe wòle be míana fewuɖuɖu kple tsitretsiɖeŋu naɖe dzi le mía ƒoa? Ðe eme.

14 Nyateƒee wònye be ame aɖewo ate ŋu aɖu fewu le ŋuwò alo ati yowòme ya. (Yuda 18) Ne amewo meɖea mɔ na wò be nàɖe wò dzidzenuwo me na wo o hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. (Xezekiel 3:7, 8) Aleke kee nèɖaɖoe kplikpaae o, màte ŋu ana amewo nase nu gɔme na wò ne womedi be yewoase egɔme o. Ðo ŋku Farao dzi. Fuwɔame alo nukunu aɖeke—via ŋgɔgbea ƒe ku kura gɔ̃ hã—mete ŋu ʋã Farao wòka ɖe edzi be Yehowae dɔ Mose ɖe ye gbɔ o. Eyata mègana amegbetɔvɔvɔ̃ nado ŋɔdzi na wò nàgbɔdzɔ o. Mawu dzixɔxɔse kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi.—Lododowo 3:5, 6; 29:25.

Srɔ̃ Nu tso Nusiwo Dzɔ Va Yi me, Dzra Ðo Ðe Etsɔme Ŋu

15, 16. (a) Nukae nye míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua? (b) Aleke wòaɖe vi na mí ne míenɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi de ŋugble tso gbɔgbɔmedomenyinua ŋui?

15 Kpɔ ŋudzedze ɖe wò gbɔgbɔmedomenyinua ŋu. Ne Kristotɔwo anɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi ade ŋugble tso woƒe gbɔgbɔmedomenyinu xɔasia ŋu la, aɖe vi na wo. Domenyinu sia ƒe akpa aɖewoe nye Yehowa ƒe Nya la me nyateƒea, agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa, kple bubu si wònye na mí be míanɔ Mawu teƒe abe nyanyuigbeƒãɖelawo ene. Èkpɔ ɖoƒe si le asiwò le Yehowa ƒe Ðasefowo dome, be yele ƒuƒoƒo ɖeka kolia si me tɔwo wode Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si nye agbeɖeɖedɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ asi na la mea? Ðo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe gblɔ na mí be: “Miawoe nye nye ɖasefowo.”—Yesaya 43:10.

16 Àte ŋu abia nya siawo ɖokuiwò: ‘Aleke gbegbee gbɔgbɔmedomenyinua xɔ asi namee? Ðe mede asixɔxɔ eŋu ale gbegbe be metsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe mea? Ðe nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu de to ale gbegbe be ado ŋusẽm ne medo go tetekpɔ aɖe si adi be yeana maɖe asi le eŋua?’ Míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ate ŋu ana míakpɔ gbɔgbɔmedzidzeme si tɔgbe mele teƒe bubu aɖeke tsɔ wu Yehowa ƒe habɔbɔa me o hã. (Psalmo 91:1, 2) Ŋugbledede le Yehowa ƒe habɔbɔa si li egbea ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔwo ŋu ate ŋu ana kakaɖedzi mí be ame alo nu bubu aɖeke meli si ate ŋu aɖe Yehowa ƒe amewo ɖa le anyigba dzi gbeɖe o.—Yesaya 54:17; Yeremya 1:19.

17. Nukawoe gahiã tsɔ wu be míaɖo ŋu ɖe míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ɖeɖeko ŋu?

17 Ke hã míate ŋu aɖo ŋu ɖe gbɔgbɔmedomenyinua ɖeɖeko ŋu o. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe natu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Mawu. Esi Paulo ku kutri tu xɔse ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Filipi me vɔ megbe la, eŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!” (Filipitɔwo 2:12) Míate ŋu aɖo ŋu ɖe ame bubu ƒe xɔse ŋu akpɔ ɖeɖe o.

18. Aleke Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ate ŋu ana míaƒe Kristotɔ nyenye nagadze ɖe edzi wu?

18 Ƒo ɖokuiwò ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me bliboe. Wogblɔna be “ame ƒe dɔwɔnae wotsɔna dzea si amesi ƒomevi wònye.” Wode dɔ asi na Kristotɔwo egbea be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nyanyuia. Paulo gblɔ be: “Esi menye trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo la, mado nye subɔsubɔ ɖe dzi.” (Romatɔwo 11:13) Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa na míeto vovo tso xexeame gbɔ, eye gomekpɔkpɔ le dɔ sia wɔwɔ me nana míaƒe Kristotɔ nyenye gadzena ɖe edzi wu. Mía ɖokui ƒoƒo ɖe teokrasi dɔwɔna bubuwo me, abe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, tadeaguƒewo tutu, kpekpeɖeŋu nana hiãtɔwo, kple esiawo tɔgbe ene, ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe Kristotɔnyenye.—Galatiatɔwo 6:9, 10; Hebritɔwo 10:23, 24.

Kristotɔnyenye Me léle Ðe Asi Ðea Vi Geɖe

19, 20. (a) Vi kawoe wò Kristotɔ nyenye ɖe na wò? (b) Nukawo dzie amesiwo míenye ŋutɔŋutɔ la nɔ te ɖo?

19 Tɔ vie nàde ŋugble tso viɖe siwo míekpɔna le esi míenye Kristotɔ vavãwo ta ŋu kpɔ. Enye mɔnukpɔkpɔ na mí be Yehowa dze si mí. Nyagblɔɖila Maleaxi gblɔ be: “Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si: Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.” (Maleaxi 3:16) Mawu ate ŋu abu mí exɔlɔ̃woe. (Yakobo 2:23) Tameɖoɖo si me kɔ, gɔmesese deto, kple taɖodzinu nyuiwo ate ŋu anɔ míaƒe agbe ŋu. Eye agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ hã le mía si.—Psalmo 37:9.

20 Ðo ŋku edzi be amesi nènye kple asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le ŋuwò menɔ te ɖe alesi amewo susuna le ŋuwò dzi o, ke boŋ ɖe alesi Mawu bua wòe dzi. Anɔ eme be amewo abu mí le amegbetɔ madeblibowo ƒe dzidzenuwo nu ya. Gake Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe ɖetsɔleme na mí dzie asixɔxɔ vavãtɔ si le mía ŋu la nɔ te ɖo—etɔwoe míenye. (Mateo 10:29-31) Esia awɔe be mía ŋutɔwo míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ana míakpɔ amesiwo míenye kple tameɖoɖo si le míaƒe agbe ŋu la nyuie. “Ne amea ɖe lɔ̃ Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.”—Korintotɔwo I, 8:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Nya siawo ate ŋu aku ɖe gbedoxɔ me dzikpɔla siwo nɔ Yerusalem ƒe dɔwo ŋu. Le zãtiƒe la, wotsana le gbedoxɔa me akpɔ be Lewi-vi siwo nye dzɔlawo le ŋu loo alo wodɔ alɔ̃ hã. Ne wokpɔ dzɔla aɖe wòdɔ alɔ̃ la, woƒonɛ kple ati eye woate ŋu atɔ dzo eƒe awu ʋlaya wòanye tohehe si ana ŋu nakpee.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukata wòle be Kristotɔwo nakpɔ woƒe gbɔgbɔ me amenyenye ta?

• Aleke míawɔ anye Kristotɔ likewo?

• Nukawoe akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuitɔ ne eva hiã be míatia amesi ŋu míadze?

• Ne míede dzesi amesiwo míenye ŋutɔŋutɔ la, aleke wòana míabu etsɔmee abe Kristotɔwo ene?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Mía ɖokui ƒoƒo ɖe Kristotɔ ƒe dɔwɔnawo me bliboe ate ŋu ana míaƒe Kristotɔnyenye nadze nyuie wu