Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ne Ame aɖe Zi Dziwò be Nàwɔ Dɔ Aɖe’

‘Ne Ame aɖe Zi Dziwò be Nàwɔ Dɔ Aɖe’

‘Ne Ame aɖe Zi Dziwò be Nàwɔ Dɔ Aɖe’

“KPƆ ɖa wòe! Ðe asi le nu ma ŋu kaba, ne nàva kɔ agba sia na nye ya.” Aleke nèsusu be ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ aɖe si le dɔ aɖe wɔm vevie la ase le eɖokui me ne Roma-srafo aɖe gblɔ nya ma nɛ? Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, eɖo aɖaŋu be: “Amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.” (Mateo 5:41) Aleke Yesu ƒe nyaselawo ase aɖaŋuɖoɖo ma gɔmee? Eye aleke míate ŋu awɔ eŋudɔ egbeae?

Be míaɖo nya siawo ŋu la, ele be míase alesi wozia amewo dzi be woawɔ dɔe le blema la gɔme. Amesiwo nɔ Israel le Yesu ƒe ŋkekea me la nya nu nyuie tso amedzizizidɔ ŋu.

Amedzizizidɔ

Kpeɖodziwo li tso ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. me ke be wozia amewo dzi wowɔa dɔ le blema (alo wowɔa dɔ fetu maxɔmaxɔe) le dukɔ siwo le Mediteranea-ƒua ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Dziɖuɖu ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe blema Siria-du si nye Alalakh ŋu ƒo nu tso alesi wozi amewo dzi wowɔ dɔ fetu maxɔmaxɔe na dziɖuɖua ŋu. Le Ugarit si le Siria-ƒuta la, wozia amesiwo haya anyigba de agble la dzi wowɔa dɔ nenema tɔgbe ke, negbe ɖe fia ɖe ame aɖe ya le eme ko hafi.

Wozia du siwo dzi woɖu la me tɔwo ya dzi godoo be woawɔ dɔ sesẽ. Egiptetɔ dɔnunɔlawo zi Israel-viwo dzi wowɔ kluvidɔ na wo le kpemeƒewo. Emegbe Israel-viwo zi Kanaantɔ siwo nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi wowɔ dɔ sesẽ na wo, eye Dawid kple Salomo hã wɔ nusia tɔgbe ke ɖe amewo ŋu.—Mose II, 1:13, 14; Samuel II, 12:31; Fiawo I, 9:20, 21.

Esime Israel-viwo bia Samuel be wòaɖo fia na yewo la, egblɔ nusi fia la abia tso wo si la na wo. Atsɔ eteviwo aɖo eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo nu, woaŋlɔ agble ahaŋe nu nɛ, woawɔ aʋawɔnuwo kple nu bubuwo nɛ. (Samuel I, 8:4-17) Gake le Yehowa ƒe gbedoxɔa tuɣi le Yerusalem la, togbɔ be wona amedzrowo wɔ dɔ sesẽ hã la, “Salomo metsɔ ame aɖeke wɔ kluvi le Israel-viwo dome o, ke boŋ woawo nye aʋawɔlawo, eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple tatɔwo kple aʋafiawo le eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu.”—Fiawo I, 9:22.

Fiawo I, 5:27, 28 gblɔ tso Israel-vi siwo wozã le xɔtudɔa me ŋu be: “Salomo ɖe dɔwɔlawo le Israel katã dome, wole dɔwɔla ame akpe blaetɔ̃. Edɔa wo akpe ewoewo adzɔadzɔ dzinu sia dzinu, dzinu ɖeka wotsɔna nɔa Libanon, eye dzinu eve wotsɔna nɔa aƒee.” Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be Israel kple Yuda fiawo zi amewo dzi wowɔ xɔtudɔ siwo ta womexe fe ɖo o kple na dɔwɔwɔ le woa ŋutɔwo ƒe anyigbawo dzi.”

Agbaa va kpe ɖe edzi le Salomo ƒe dziɖuɣi. Eva glo ale gbegbe be esi Rexabeam do ŋɔdzi na Israel-viwo be yeana woƒe agbaa nakpe ɖe edzi la, wo katã wodze aglã ɖe eŋu heƒu kpe amesi wòtsɔ ɖo dɔ sesẽ wɔwɔ nu la wòku. (Fiawo I, 12:12-18) Gake womeɖe asi le nuwɔna sia ŋu keŋkeŋ o. Asa, Rexabeam ƒe tɔgbuiyɔvi hã zi Yudatɔwo dzi wotu Geba kple Mizpa duwo, eye “wo dometɔ aɖeke meto le eme o.”—Fiawo I, 15:22.

Le Romatɔwo ƒe Dziɖuɖu Te

Todzimawunya la fia be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nya nu nyuie tso alesi wòate ŋu adzɔe be ‘woazi ame aɖe dzi be wòawɔ dɔ’ ŋu. Woɖe nya sia tso Helagbe me nya ag·ga·reuʹo me, eye le gɔmedzedzea me la, wozãnae kuna ɖe dɔ si Persiatɔwo ƒe gbedasitsɔlawo wɔna ŋu. Ŋusẽ le wo si be woazi ame, sɔ, meli alo nusianu si woahiã be woatsɔ awɔ dɔ aɖe kabae na dukɔa la dzi.

Le Yesu ƒe ŋkekea me la, Romatɔwoe nɔ Israel-viwo dzi ɖum, eye woawo hã wowɔa nu ma tɔgbe ke. Le Ɣedzeƒe nutowo me la, tsɔ kpe ɖe adzɔ siwo woxena ɖaa ŋu la, woate ŋu azi dumeviwo dzi be woawɔ dɔ edziedzi alo ne hiahiã kpata aɖe do mo ɖa. Dɔ siawo madzɔ dzi na amewo kura o. Hekpe ɖe eŋu la, ebɔ be woaxɔ lãwo, ʋukulawo alo tasiaɖamwo akpasesẽtɔe be woatsɔ awɔ dɔ na Dukɔa. Ŋutinyaŋlɔla Michael Rostovtzeff gblɔ be dziɖulawo “dze agbagba be yewoawɔ ɖoɖo ɖe [nuwɔna sia] ŋu wòanye nusi anɔ anyi ɖaa gake mekpɔ dzidzedze o, elabena zi alesi nuwɔna sia li la, emetsonuwo gblẽa nu. Senyalawo wɔ ɖoɖo geɖe hedi anukwaretɔe be yewoatrɔ alesi wozãa ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu kple amedzizizia . . . Gake ameteteɖeanyi ganɔ nuwɔnaa me kokoko.”

Helatɔ agbalẽnyala aɖe gblɔ be “woate ŋu azi amesiame dzi be wòakɔ asrafo ƒe agba aɖo afi aɖe nɛ,” eye “woate ŋu azi amesiame dzi be wòawɔ dɔ sia dɔ si Romatɔwo adi be yewoaɖo nɛ.” Esiae dzɔ ɖe Simon si tso Kirene, si ‘dzi’ Roma-srafowo ‘zi’ be wòatsɔ Yesu ƒe fuwɔametia, la dzi.—Mateo 27:32.

Rabiwo ƒe agbalẽwo hã ƒo nu tso nuwɔna madodzidzɔname sia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wozi rabi aɖe dzi be wòakɔ seƒoƒo aɖewo ayi fia aɖe ƒe fiasã me. Woate ŋu axɔ dɔwɔlawo le dɔtɔ aɖe si be woava wɔ dɔ bubuwo, evɔ ele be dɔtɔa naganɔ fe xem na wo. Woate ŋu axɔ agbatsɔlãwo alo nyi le ame si sesẽe. Ne wogatrɔ wo vɛ hã la, womagate ŋu anyo na zazã o. Àte ŋu akpɔ nusitae wotsɔ nane xɔxɔ le ame si hena ɣeyiɣi aɖe abe nua xɔxɔ le ame si keŋkeŋ ene. Eyata Yudatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Angareia sɔ kple ku.” Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be: “Woate ŋu agblẽ kɔƒe aɖe dome keŋkeŋ ne woxɔ nyi siwo dzoboa anyigba le dua me tɔwo si be woanye angareia le esi woaxɔ lã bubu siwo sɔ nyuie wu na agba tsɔtsɔ hafi teƒe.”

Àte ŋu akpɔe enumake be nuwɔna sia madzɔ dzi na amewo kura o, vevietɔ esi wònye ɖokuidodoɖedzi kple madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe eme akpa ta. Fuléle si nɔ Yudatɔwo me ɖe Trɔ̃subɔla siwo te wonɔ ŋu ta la na wòvea wo heliheli be wozi yewo dzi yewole akpasesẽdɔ wɔm. Míekpɔ se aɖeke si ƒo nu tso afisi ke wòle be ame natsɔ agba ase ɖo ŋu o. Eme kɔ be ame akpa gãtɔ madi be yewoatsɔ agbaa wòagbɔ afisi sea bia ŋu o.

Gake amedzizizidɔ wɔwɔe nɔ susu me na Yesu esime wògblɔ be: “Amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.” (Mateo 5:41) Amesiwo see la dometɔ aɖewo abui be susu mele Yesu ƒe nya mawo me o. Eƒe nyawo gɔme ɖe?

Alesi Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Nui

Kpuie ko la, nya si gblɔm Yesu nɔ na eƒe nyaselawoe nye be ne dziɖuɖu bia tso wo si le se nu be woawɔ dɔ aɖe la, ele be woalɔ̃ faa awɔe tsemaɖumaɖutɔe. Ele be ‘woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ la ana Kaisaro,’ gake mele be woaŋlɔ be o be agba le yewo dzi be ‘yewoatsɔ nusi nye Mawu tɔ la ana Mawu.’—Marko 12:17. *

Gawu la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi. Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti . . . Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o.”—Romatɔwo 13:1-4.

Eyata Yesu kple Paulo lɔ̃ ɖe edzi be gome le dziɖuɖuwo si be woahe to na amesiwo gbe nusi wobia la wɔwɔ. Gake tohehe ka ƒomevie? Helatɔ xexemenunyala Epictetus si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia M.Ŋ. me ɖo nya sia ŋu: “Ne mèle mɔ kpɔm o ko asrafo aɖe va lé wò tedzivi la, na wòakplɔe ayii. Mègate kpɔ be yeaxe mɔ nɛ o, mègato nyatoƒoe le eŋu o, ne menye nenema o la, màgakpɔ wò tedzivia o, evɔ àgaxɔ kɔ aƒu edzi.”

Ke hã le blema kple fifia gɔ̃ hã la, Kristotɔwo kpɔe ɣeaɖewoɣi be yewoƒe dzitsinya maɖe mɔ na yewo be yewoawɔ nusi dziɖuɖu bia tso yewo si o. Ɣeaɖewoɣi la, nusiwo dona tsoa eme la gblẽa nu ŋutɔ. Wotso kufia na Kristotɔ aɖewo. Wo dometɔ aɖewo nɔ game ƒe gbogbo aɖewo le esi wogbe be yewomawɔ nusi aɖee fia be yewole akpa aɖe dzi dem o ta. (Yesaya 2:4; Yohanes 17:16; 18:36) Le go aɖewo hã me la, Kristotɔwo kpɔe be yewoate ŋu awɔ nusi dziɖuɖu bia tso yewo si. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖewo kpɔe be yewoƒe dzitsinya ɖe mɔ na yewo be yewoawɔ dɔ siwo menye asrafodɔ o siwo aɖe vi na nutoa. Esiawo dometɔ aɖewoe nye kpekpe ɖe ame tsitsiwo alo nuwɔametɔwo ŋu, dzotsitsidɔ, ƒutawo, dukɔa ƒe tsaɖibɔwo alo avewo dzadzraɖo, dɔwɔwɔ le agbalẽdzraɖoƒewo kple bubuawo.

Nɔnɔmeawo ato vovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Eyata be Kristotɔ aɖe natiae be yealɔ̃ awɔ dɔ aɖe alo yemawɔe o la, ele be wòawɔ ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ƒe mɔfiafia dzi.

Mɔzɔzɔ Kple Amea Gaƒoƒo Evelia

Menye dɔ siwo dziɖuɖu aɖo gome koe míate ŋu awɔ gɔmeɖose si Yesu fia, si nye be woalɔ̃ faa awɔ nusi wobia tso ame si le se nu, le o, ke míate ŋu azãe le míaƒe nuwɔwɔ kple amewo gbesiagbe me hã. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe si gɔme nèle ate ŋu abia tso asiwò be nàwɔ nane si medzɔ dzi na wò o, evɔ metsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu hã o. Aleke nàwɔ nui? Ðewohĩ awɔ na wò be wole yeƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ xɔm dzodzro, eyata ɖewohĩ àgbe nusi wodi tso asiwò la wɔwɔ. Ðewohĩ esia ahe fuléle va mia kple amea dome. Gake ne ètsɔ dziku wɔe hã la, dzi madzɔ wò ɖe ewɔwɔ ŋu o. Ke nukae nàwɔ? Wɔ nusi Yesu gblɔ—zɔ gaƒoƒo evelia kplii. Mègawɔ nusi wobia tso asiwò la ko o, wɔ bubu kpee. Wɔe tso dzime. Ne susu ma le asiwò la, magawɔ na wò be wole ye tafam o, ke boŋ be ye ŋutɔe tiae be yeawɔe.

Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Le ame geɖe gome la, nusiwo wozi ɖe wo dzi koe wowɔna le woƒe agbe me katã. Agbea mevivina na wo kura o, eye nu tia kɔ na wo ɣesiaɣi. Ame aɖewo wɔa nu wòwua esi wobia tso wo si eye wolɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋu.” Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔa, nɔnɔme geɖe doa mo ɖa si me wòhiãna be ame natia be yeazɔ kple ame aɖe si zi ye dzi la gaƒoƒo ɖeka ko—alo be yeazɔ kplii gaƒoƒo eve. Le go gbãtɔ me la, ɖewohĩ amea anɔ tɔ tem ɖe eƒe gomenɔamesiwo dzi. Gake amesi lɔ̃ be yeazɔ gaƒoƒo eve kple amea la ate ŋu akpɔ dzidzeme geɖe. Amesiawo dometɔ kae nènye? Ne mèbua nusiwo wobiana tso asiwò be nàwɔ abe nusiwo wozi ɖe ye dzi o, ke boŋ abe nusiwo ye ŋutɔ yedi be yeawɔ ene la, ekema ɖewohĩ wò dɔa aɖe vi wu eye àkpɔ dzidzɔ geɖe le eme wu.

Ke ne wò tee amewo le ɖe? Eme kɔ ƒã be amewo dzi zizi be woawɔ nusi medzɔ dzi na wo o menye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia o, eye medze Kristotɔwo hã o. Yesu gblɔ be: “Dukɔwo ƒe dziɖulawo nye aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi.” Gake menye nenemae Kristotɔwo ya wɔa nui o. (Mateo 20:25, 26) Togbɔ be amedzizizi ana woawɔ nusi dim wole hã la, ƒomedodo si nyo wu boo anɔ amesiwo katã awɔ dɔ aɖe la dome ne wotsɔ dɔmenyo bia ameawo le mɔ si sɔ nu eye woawo hã wowɔe bubutɔe kple dzidzɔ! Nyateƒee, lɔlɔ̃ faa be yeazɔ kple ame gaƒoƒo eve le esi teƒe be nàzɔ kplii gaƒoƒo ɖeka ate ŋu aɖe vi geɖe na wò le agbe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Ne èdi numeɖeɖe le nusi wòfia be woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ ana Kaisaro eye nusi nye Mawu tɔ na Mawu ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 1, 1996, axa 15-20.

[Aɖaka si le axa 25]

AME DZI ZIZI MADZEMADZEE LE BLEMA

Se siwo wode be woaɖe asi le amedzizizi nuwɔnawo ŋu la ɖee fia be zi geɖe la wozãe tsɔ na amewo wɔ kluvidɔwo. Le ƒe 118 D.M.Ŋ. me la, Egipte-fia Ptolemy Euergetes II de se be mele be yeƒe dziɖuɖumegãwo “nazi dukɔa me tɔ aɖeke dzi hena eya ŋutɔ ƒe dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ o, eye mele be woaxɔ woƒe nyiwo (aggareuein) hena woa ŋutɔwo ƒe zazã o.” Egblɔ kpee be: “Ame aɖeke mekpɔ mɔ abia . . . meliwo hena eya ŋutɔ ƒe zazã le susu aɖeke ta o.” Nuŋɔŋlɔ aɖe si li tso ƒe 49 M.Ŋ. me le Great Oasis ƒe Gbedoxɔ me le Egipte ɖee fia be Roma-dumegã Vergilius Capito lɔ̃ ɖe edzi be asrafowo bia nusiwo mele se nu o, eye wòɖoe be “ame aɖeke maxɔ alo abia . . . naneke o, negbe ɖe meɖe mɔ nɛ henae agbalẽ ɖe edzi hafi.”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Wozi dɔ ɖe Simon si tso Kirene dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðasefo geɖe nɔ game le esi wonye Kristotɔwo ta