Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukunu Siwo Teƒe Wò Ŋutɔ Nèkpɔ!

Nukunu Siwo Teƒe Wò Ŋutɔ Nèkpɔ!

Nukunu Siwo Teƒe Wò Ŋutɔ Nèkpɔ!

GƆMESESE bubu si le nya “nukunu” ŋu enye “nudzɔdzɔ alo nuwɔna tɔxɛ madzɔkpɔ aɖe.” Mía dometɔ ɖesiaɖe kpɔ nukunu sia tɔgbe teƒe kpɔ, ne meganye Mawu gbɔe wòtso o hã.

Esi amegbetɔwo va srɔ̃ nu geɖe tso dzɔdzɔmese siwo kplɔ xexea ŋu ta la, wote ŋu wɔ nusiwo ame geɖe bu tsã be womate ŋu awɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ŋgɔyiyi siwo wowɔ si na woke ɖe kɔmpiuta, television, yamenutome mɔ̃ɖaŋununya kple nu bubu siwo va bɔ egbea ŋu la awɔ na amesiwo nɔ anyi ƒe alafa ɖeka enye esia la dometɔ akpa gãtɔ be mate ŋu adzɔ o.

Esi dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo kpɔe dze sii be dzɔdzɔmeŋusẽ siwo Mawu zã tsɔ wɔ nuwoe ŋuti sidzedze kakɛ aɖe koe su yewo si ta la, wolɔ̃ ɖe edzi be mele be yewoagagblɔ kakaɖedzitɔe be nane mate ŋu adzɔ gbeɖe o. Wodina be yewoagblɔ boŋ be ɖewohĩ madzɔ o. Eyata wole mɔ kpɔm be yewoagake ɖe “nukunu” bubuwo ŋu le etsɔme.

Ne gɔmesese si koŋ le nya “nukunu” ŋu, si nye nusiwo “tso ŋusẽ aɖe si kɔ wu amegbetɔwo gbɔ” zãmee míele gɔ̃ hã la, míate ŋu agblɔe be mía dometɔ ɖesiaɖe kpɔ nukunuwo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔa ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo—wo katã wonye “ŋusẽ aɖe si kɔ wu amegbetɔwo,” si nye Wɔla ŋutɔ ƒe nuwɔwɔwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amekae ate ŋu aɖe nu me tsitotsito tso alesi amegbetɔ ƒe ŋutilã wɔa dɔe ŋu? alesi ahɔhɔ̃ wɔa dɔe ŋu? alo alesi ʋukɔe tsina zua amee ŋu? Agbalẽ si nye The Body Machine (Ŋutilã ƒe Mɔ̃) gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe ŋutilã si ƒe dɔwɔwɔ katã nɔ te ɖe lãmekawo me nugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ aduadu dzi la nye mɔ̃ wɔnuku aɖe si zɔna le eɖokui si, wɔa dɔ le ɖoɖo nu henye kɔmpiuta aɖe si wɔa eɖokui yeye—enye nuwɔwɔ wɔnuku eye le mɔ geɖe nu la, egɔme manya ase o.” Mawu si wɔ “amegbetɔ ƒe ŋutilã” la wɔ nukunu aɖe vavã, eye nukunu ma gawɔa dɔ ɖe mía dzi kokoko. Nukunu bubu ƒomevi aɖewo hã li siwo teƒe nèkpɔ, togbɔ be ɖewohĩ mewɔ na wò be nukunuwoe wonye o hã.

Ðe Agbalẽ Hã Ate Ŋu Anye Nukunua?

Womema agbalẽ aɖeke wòde didiƒe alea kpɔ abe Biblia ene o. Èkpɔe be nukunue nu ma hã nyea? Ðe míate ŋu agblɔ be “ŋusẽ aɖe si kɔ wu amegbetɔwo” gbɔe wòtsoa? Ele eme be amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia ya, gake wogblɔ be Mawu ƒe susuwoe yewoŋlɔ, ke menye yewo ŋutɔ tɔ o. (Samuel II, 23:1, 2; Petro II, 1:20, 21) Bu eŋu kpɔ. Wonɔ abe ame 40 ene, henɔ anyi le ƒe didime si wu ƒe 1,600 me. Wonye ameƒomevi vovovowo: alẽkplɔlawo, asrafowo, lãɖelawo, dziɖuɖu dɔwɔlawo, atikewɔlawo, nunɔlawo, kple fiawo. Ke hã, wogblɔ mɔkpɔkpɔ gbedasi aɖe si me nyawo le ɖekawɔwɔ me kple wo nɔeawo eye wonye nyateƒe hesɔ.

Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu nyuie heva kpɔe be, abe alesi apostolo Paulo ŋlɔe ene la, Biblia mele “abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã” hã ene. (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia woƒe agbalẽwo ɖe alesi Biblia ƒe akpa siwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene la wɔ ɖeka kple gbedasi si ŋu wòku ɖo koŋ la me. Ðekawɔwɔ sia ŋutɔ nye kpeɖodzi le eɖokui si be Mawue nye eŋlɔla. *

Womedze agbagba alea gbegbe be woatsrɔ̃ agbalẽ aɖeke kpɔ abe alesi wodi be woatsrɔ̃ Biblia ene o. Ke hã, egali kokoko eye gawu la, eƒe akpa aɖewo ya teti le gbegbɔgblɔ siwo wu 2,000 me. Alesi wokpɔ agbalẽa ŋutɔ tae kple alesi wokpɔ egbɔ be nya siwo le eme la metrɔ o nye Mawu ƒe nuwɔna ƒe kpeɖodzi. Nyateƒee, nukunue Biblia nye!

Nukunu si “Le Agbe, eye Wòsẽa Ŋu”

Nukunu siwo dzɔ le blema—dɔdada na amewo kple ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre nukutɔe—megadzɔna egbea o. Gake susu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be le Mawu ƒe xexe yeye si gbɔna me la, woagawɔ nukunu siawo ake la le mía si, eye ɣemaɣi ya, woawɔe le xexeame godoo. Ana gbɔdzɔe mavɔ amewo eye agbɔ míaƒe nugɔmesese ŋutete ŋu sasasã.

Biblia si va ka mía si nukutɔe la ate ŋu awɔ nusi le abe nukunu ene to alesi wòaʋã amewo be woatrɔ woƒe amenyenye wòanyo wu dzi. (Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka le aɖaka si nye “Ŋusẽ si Le Mawu ƒe Nya la Ŋu” le axa 8.) Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” Nyateƒee, Biblia trɔ amesiwo wu miliɔn ade ƒe agbe le xexeame godoo, na tameɖoɖo va le woƒe agbe ŋu, eye wòna mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe wo ku ɖe etsɔme ŋu.

Nukatae màɖe mɔ le ɖokuiwò ŋu Biblia nawɔ nukunu aɖe na wò le wò agbe me oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Ne èdi be yeaku nu me geɖe wu tso akpa siwo wobe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ŋuti ne yeakpɔ alesi ɖekawɔwɔ le wo domee la, àte ŋu akpɔ kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo le agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? (La Bible : Parole de Dieu ou des hommes ?) si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 7 lia, alo le Eʋegbe me Gbetakpɔxɔ, July 15, 1992, axa 3-7.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

EKU ƔEMAƔIA ALO EGANƆ AGBE?

Yohanes 19:33, 34 gblɔ be Yesu ku vɔ hafi “asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ eƒe axada me, eye enumake ʋu kple tsi do go.” Gake Mateo 27:49, 50 gblɔ le Biblia aɖewo me be Yesu ganɔ agbe hafi nusia dzɔ. Nukatae vovototo le nya siawo me?

Mose ƒe Sea meɖe mɔ be woagblẽ nuvlowɔla ɖe ati si ŋu woklãe ɖo la ŋu zã bliboa katã o. (Mose V, 21:22, 23) Eyata le Yesu ƒe ŋkekea me la, ne nuvlowɔla aɖe si woklã ɖe ati ŋu gakpɔtɔ le agbe vaseɖe zã me la, nusi wowɔnae nye be woŋea eƒe afɔwo, si wɔnɛ be wòkuna kaba. Magate ŋu afɔ eɖokui ɖe dzi o, si wɔnɛ be megate ŋu gbɔna nyuie o. Asrafoawo ƒe afɔ ŋeŋe na nuvlowɔla eve siwo woklã ɖe Yesu xa evɔ womeŋe eya tɔwo o ɖee fia be wosusu be eku xoxo. Ðewohĩ asrafoa tɔ nu eƒe axada me dzro ko be yeatsɔ aɖe ɖikeke ɖesiaɖe ɖa eye be megava gbɔ agbe emegbe wòanye aʋatso woaka be ɖe wofɔe ɖe tsitre o.

Nya si le Mateo 27:49, 50 ya gblɔ alesi nuawo dzɔe le ɖoɖo bubu nu. Akpa sia gblɔ le Biblia aɖewo me be: ‘Ame bubu aɖe tsɔ akplɔ tɔ eƒe axada me, eye ʋu kple tsi do go. Eye Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ la na.’ Gake akpa si míeŋlɔ gbeteteɖedzitɔe la medze le blema Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔ xoxo siwo li la katã me o. Agbalẽnyala geɖe susui be ɖe wova tsɔ nya ma tso Yohanes ƒe Nyanyuia me va kpe Mateo tɔa emegbe evɔ womeva dae ɖe teƒe si sɔ o. Eyata Biblia gɔmeɖeɖe geɖe tsɔ nya sia de kpɔtɔtɔ ([] alo ()) me hena numeɖeɖe aɖe tso eŋu le etenuŋɔŋlɔ me, alo woɖe nyaa ɖa kura, abe alesi Eʋegbe Biblia wɔe ene.

Hela Ŋɔŋlɔ si Westcott kple Hort ta si dzi wokpɔ koŋ tsɔ ɖe New World Translation Biblia gɔme la tsɔ nya sia de kpɔtɔtɔ eve ƒokpli si nye [[ ]] me. Ede dzesii be “woate ŋu agblɔe wòasɔ be agbalẽfialawoe tsɔ” nya sia “kpe ɖe eŋu.”

Eyata nyateƒenya si Yohanes 19:33, 34 gblɔ lae nye kpeɖodzia ŋutɔŋutɔ, be Yesu ku vɔ hafi Roma-srafoa tɔ akplɔe.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ŋusẽ Si Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu

Detlef nye ƒewuivi si dzilawo dome klã, eyata eva ƒo eɖokui ɖe atikemuamewo zazã, ahasesẽ nono, kple heavy metal hawo dzidzi me. * Eva zu amesi amewo lɔ̃a yɔyɔ be gbevu takokolikoe, eye eteƒe medidi hafi eƒe adãnuwɔwɔ na kpovitɔwo lée o.

Le ƒe 1992 me la, gbevu takokolikoe 60 va da kɔ kple gbevu 35 bubu aɖewo le nuɖuɖu kple aha dzraƒe aɖe le Germany ƒe dzieheɣedzeƒe. Woƒo gbevuha evelia me tɔwo dometɔ ɖeka si nye Thomas vevie ale gbegbe be wòku. Wolé gbevuawo ƒe ŋgɔnɔla geɖe siwo dome Detlef hã nɔ, wohe to na wo be woanɔ game, eye nyadzɔdzɔgblɔmɔnu geɖe ka nya ta tso nudzɔdzɔ sia ŋu.

Esi woɖe asi le Detlef ŋu megbe kpuie la, Yehowa Ðasefowo tsɔ agbalẽvi aɖe nɛ. Agbalẽvia ƒe tanyae nye “Nukata Fukpekpe Le Agbe Me Alea Gbegbe Ðo?” Detlef kpɔe dze sii enumake be nyateƒee wogblɔ, eye Ðasefoawo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Esia na eƒe agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ. Tso ƒe 1996 me ke la, eva zu Yehowa ƒe Ðasefo dovevienu aɖe.

Gbevue Siegfried nye tsã, eye wònye ɖekakpui Thomas si wowu la xɔlɔ̃ vevi aɖe; eya hã va zu Ðasefo eye enye hamemegã le hame aɖe me fifia. Esi Siegfried yi hame si me Detlef le be yeana Biblia me nuƒo aɖe (Thomas dada hã dea kpekpewo le afima ɣeaɖewoɣi) la, Detlef kpee be wòava ɖu ŋdɔnu le ye gbɔ. Ƒe ewo aɖewoe nye ema va yi la, fuléle si nɔ wo dome la nu sẽ ale gbegbe. Gake fifia nɔvilɔlɔ̃ si le wo dome la dze ƒã.

Detlef kple Siegfried le mɔ kpɔm vevie be yewoawɔ atuu na Thomas ne wofɔe va agbe me le paradisonyigba dzi. Detlef gblɔ be: “Ema ɖeɖe kura ŋu bubu na mefaa avi. Evem ŋutɔ be mewɔ nu nenema.” Wo ame evea siaa wodi be yewoakpe ɖe Thomas ŋu ɣemaɣi, abe alesi wole kpekpem ɖe amewo ŋu egbea ene, be woadze si Yehowa ahakpɔ dzidzɔ ɖe mɔkpɔkpɔ si Biblia na ŋu.

Ẽ, ŋusẽ siae le Mawu ƒe Nya la ŋu!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 25 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nuwɔwɔ wɔnuku aɖee amegbetɔ ƒe ŋutilã nye

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anatomy Improved and Illustrated, London, 1723, Bernardino Genga