Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutifafa Wɔwɔ ƒe Viɖewo

Ŋutifafa Wɔwɔ ƒe Viɖewo

Ŋutifafa Wɔwɔ ƒe Viɖewo

ED ƑE kuɣi ɖo, gake Bill lé fui. Ƒe 20 do ŋgɔ la, Ed wɔ nyametsotso aɖe si na be dɔ ge le Bill si, eye nusia gblẽ xɔlɔ̃ vevi siawo siwo dome tsi metona tsã o la dome. Fifia Ed dze agbagba be yeaɖe kuku ale be yewoate ŋu awɔ ŋutifafa hafi yeaku. Gake Bill gbe eƒe kukuɖeɖea xɔxɔ.

Esi Bill hã ƒe kuɣi gogo le ƒe 30 kloe megbe la, eɖe nusita wògbe Ed ƒe kukuɖeɖea xɔxɔ me be: “Mele be Ed nawɔ nusi wòwɔ la ɖe exɔlɔ̃ vevi ŋu o. Ðeko nyemedi be míadzra mía nɔewo dome ɖo le ƒe blaeve megbe o. . . . Ðewohĩ nyemewɔe nyuie ya o, gake nenema mese le ɖokuinye me.” *

Zi geɖe la, nublanuinya siawo gbegbe medzɔna le ame nɔewo dome masɔmasɔwo me ya o, gake wonaa amewo sea veve alo doa dziku edziedzi. Bu ame aɖe si sena le eɖokui me abe alesi Ed hã see le eɖokui me ene ŋu kpɔ. Ne amesia kpɔ be yeƒe nyametsotso gblẽ nu la, ate ŋu ava eme be eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ ɣesiaɣi eye woa kple exɔlɔ̃ si dome gblẽ la ate ɖe edzi wu gbɔgblɔ. Gake ne ebu alesi exɔlɔ̃ si dzi wòdze agɔ le la ɖe asi le xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu abe numaɖinu ene ŋu la, etena ɖe edzi.

Gake amesi sena le eɖokui me abe Bill ene abui be yemedze agɔ aɖeke le ye xɔlɔ̃a dzi o eye wòavee helihelĩ ahalée ɖe dɔme. Abui be ye xɔlɔ̃ xoxoa nya hafi wɔe eye nuɖowɔe wònye wòwɔ. Zi geɖe la, ne masɔmasɔ ɖo ame eve dome la, wo dometɔ ɖesiaɖe susunɛ be ye tɔe dzɔ eye ame kemɛa ye dze agɔ. Esiae wɔnɛ be ame eve siwo nye xɔlɔ̃wo tsã la kpea aʋa kple wo nɔewo le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu.

Wotsɔa numaƒomaƒo na wo nɔewo nɔa aʋa wɔmee—ne ame ɖeka kpɔ nɔvia wògbɔna ko la, etrɔ mo ɖe adzɔge, eye ne ame domee wole la, womade nu eme na wo nɔewo o. Ne wo dome didi la, woanɔ ŋku fim kpɔ wo nɔewo alo atro ŋku ɖe wo nɔewo fuléletɔe. Ne woaƒo nu hã la, wodoa ɣli ɖe wo nɔewo ta alo zãa dzugbe siwo siaa ame abe hɛ ene.

Gake togbɔ be edze abe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le nusianu me ene hã la, anɔ eme be wolɔ̃ ɖe nanewo ya dzi. Woalɔ̃ ɖe edzi be kuxi sesẽwo le yewo dome eye be ewɔ nublanui be yewoƒe xɔlɔ̃ vevi nyenye me gblẽ. Abi si woxɔ la anɔ wo dometɔ ɖesiaɖe vem, eye ame evea asee le wo ɖokui me be ele be yewoawɔ nane le eŋu. Gake amekae aɖe afɔ gbãtɔ be yewoadzra yewo nɔewo dome ɖo ahawɔ ŋutifafa? Wo dometɔ aɖeke màdi be yeaɖe afɔ gbãtɔa o.

Ƒe akpe evee nye sia la, edzɔ ɣeaɖewoɣi be Yesu Kristo ƒe apostolowo he nya kple wo nɔewo dzikutɔe. (Marko 10:35-41; Luka 9:46; 22:24) Le woƒe dzre sesẽawo dometɔ ɖeka megbe la, Yesu bia wo be: “Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome le mɔ dzi mahã?” Esi ŋukpe lé wo ta la, wo dometɔ aɖeke meɖo nyaa ŋu o. (Marko 9:33, 34) Yesu ƒe nufiafiawo kpe ɖe wo ŋu wodzra wo nɔewo dome ɖo. Woa kple eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo ƒe aɖaŋuɖoɖo, gale kpekpem ɖe amewo ŋu be woakpɔ wo nɔewo dome nyawo gbɔ eye xɔlɔ̃wɔwɔ nagaɖo wo dome. Na míakpɔ alesi wòle ewɔmee ɖa.

Dze Agbagba Nàwɔ Ŋutifafa

“Nyemedi be magaƒo nu kple ame ma o. Ne magadi akpɔ fii, ke menye nyee o.” Ne ègblɔ nya siawo tɔgbe tso ame aɖe ŋu la, ke ele be nàwɔ nane le eŋu, abe alesi mawunyakpukpui siwo gbɔna ɖee fiae ene.

Yesu fia nu be: “Ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.” (Mateo 5:23, 24) Egblɔ hã be: “Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.” (Mateo 18:15) Ne wòe ɖadze agɔ le ame aɖe dzi loo alo amea ye dzee le dziwò o, Yesu ƒe nyawo te gbe ɖe alesi wòhiã be wò nàyi aɖakpɔ nyaa gbɔ kple ame kemɛa kaba dzi. Ele be nàwɔ nusia “le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ . . . me.” (Galatiatɔwo 6:1) Menye miaƒe gododo ma ƒe taɖodzinu enye be nàɖe ɖokuiwò nu kple susu be yeadze ame dzɔdzɔe o loo alo azii ɖe wò ketɔa dzi be wòaɖe kuku o, ke boŋ be miawɔ ŋutifafa. Ðe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia wɔa dɔa?

Ernest nye dɔdzikpɔla le dɔwɔƒe gã aɖe. * Ƒe geɖee nye sia la, dɔ si wòwɔna bia be wòanɔ nya siwo bia ŋuɖɔɖɔɖo ŋutɔ la gbɔ kpɔm kple ameƒomevi ɖesiaɖe eye be dɔwɔwɔ ƒe ƒomedodo nyui nanɔ woa kple ameawo dome. Ekpɔ alesi ame nɔewo dome mesẽna gblẽna o. Egblɔ be: “Masɔmasɔwo ɖo mía kple amewo dome ɣeaɖewoɣi. Gake ne edzɔ alea la, menɔa anyi kple amea míeƒoa nu tso kuxia ŋu. Yi ameawo gbɔ tẽ. Tsɔ ŋutifafa wɔwɔ ƒe susu yi wo gbɔe. Nusia megbe dɔwɔwɔ kpɔ o.”

Alicia dze xɔ̃ amewo tso dukɔ vovovo me, eye egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, megblɔa nya aɖe, eye emegbe medea dzesii be anya ve ame aɖe. Meyina va ɖea kuku na amea. Anye be meɖea kuku edziedzi wu alesi dze elabena ne nyaa meve amea o hã la, kukuɖeɖea nana nye lãme kɔna wu. Ekema mekana ɖe edzi be kuxi aɖeke meli o.”

Kplamatsedonuwo Dzi Ðuɖu

Gake zi geɖe la, kplamatsedonuwo nɔa mɔ si dzi woato awɔ ŋutifafa le ame nɔewo dome masɔmasɔwo me la me. Ðe nègblɔ kpɔ be: “Nukatae wònye nyee adze ŋgɔ ayi ava awɔ ŋutifafaa? Eyae di gea ɖe.” Alo èyi ame aɖe gbɔ be yewoaɖakpɔ kuxi aɖe gbɔ ko amea gblɔ be, “Nya aɖeke mele asinye magblɔ na wò o,” kpɔa? Ame aɖewo wɔa nu alea le alesi nusi dzɔ la ve woe ta. Lododowo 18:19 gblɔ be: “Nɔvi, si ŋu woda vo ɖo la, tri akɔ wu du sesẽ, eye dzrewɔwɔ le abe fiasã ƒe gametiwo ene.” Eyata bu amea ƒe seselelãme ŋu. Ne egbe be yemaxɔ wò o la, na ya naƒo ɖe eme sẽ eye nàgatee akpɔ. Ekema “du sesẽ” la ƒe agbowo ate ŋu aʋu eye woaɖe ‘gametiawo’ ɖa bene miadzra mia nɔewo dome ɖo.

Nu bubu si ate ŋu ado kplamatse ŋutifafawɔwɔe nye bubu si le ame ŋu la ŋuti bubu. Ame aɖewo bua kukuɖeɖe alo nuƒoƒo gɔ̃ hã kple ame ƒe ketɔ be enye ame ɖokui dadaɖeanyi. Esɔ be woabu alesi amewo abu amee ŋu ya, gake ɖe gbegbe be womawɔ ŋutifafa o nana wogabua ame ɖe edzi loo alo ɖe wòɖea ame dzi kpɔtɔna? Ðe wòanye be dada boŋue na míetsi dzi ɖe bubu si le mía ŋu la ŋua?

Biblia ŋlɔla Yakobo ɖee fia be ƒomedodo le dzrewɔwɔ gbɔgbɔ kple dada dome. Esi wòƒo nu tso ‘aʋa kple dzre’ si Kristotɔ aɖewo wɔna le wo nɔewo dome ŋu vɔ la, egblɔ yi edzi be: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Yakobo 4:1-3, 6) Aleke ɖokuidodoɖedzi, alo dada, xea mɔ na ŋutifafa wɔwɔe?

Dada blea amewo wosusuna be yewonyo wu ame bubuwo. Ðokuidoɖedzilawo sena le wo ɖokui me be ŋusẽ le yewo si be yewoadrɔ̃ ʋɔnu yewo haviwo ƒe nyuiwɔwɔ ŋutete. Le mɔ ka nu? Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, wobua woa kple amesi dome nyaa dzɔ ɖo la zi geɖe be amea magate ŋu atrɔ o. Dada naa ame aɖewo bua amesiwo ƒe nukpɔsusu mesɔ kple wo tɔ o la be mele be woabu wo ŋu kakaka ahayi kuku ɖe ge na wo o. Eyata zi geɖe la, amesiwo ɖea mɔ dada kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la naa dzrewo nɔa anyi le esi woalé avu wo enumake la teƒe.

Abe alesi mɔmetsonu aɖe naa ʋuwo tɔna le ʋumɔ gã dzii ene la, nenema ke dada hã tɔa te ŋutifafawɔwɔ ƒe afɔwo ɖeɖee. Eyata ne èkpɔ be yemele mɔ ɖem be woawɔ ŋutifafa kpli ye o la, ɖewohĩ dadae le fu ɖem na wò. Aleke nàwɔ aɖu dada dzi? To ɖokuibɔbɔ—si nye nɔnɔme si to vovo na dada—la tutuɖo mee.

Wɔ Nusi To Vovo

Biblia de ɖokuibɔbɔ ƒe dzi ƒo vevie. “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.” (Lododowo 22:4) Míexlẽ alesi Mawu bua ɖokuibɔbɔlawo kple dadalawoe le Psalmo 138:6 be: “Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.”

Ame geɖe bua ɖokuibɔbɔ ame ɖokui dada ɖe anyii. Edze abe xexeame dziɖulawo sena le wo ɖokui me alea ene. Togbɔ be dukɔ blibowo wɔa dunyahedziɖulawo ƒe lɔlɔ̃nu ɖokuibɔbɔtɔe hã la, woawo ya hena ɖe megbe le lɔlɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi ɖokuibɔbɔtɔe me. Esese be dziɖula aɖe gblɔ be, “Nyemewɔe nyuie o” zua nya woŋlɔna ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Esi dziɖuɖumegã aɖe ɖe kuku nyitsɔ laa ɖe eƒe kpododonu le afɔku dziŋɔ aɖe dzɔɣi la, ɖe woŋlɔ eƒe nyawo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me.

Ðokuibɔbɔ fia be womagabu ame ɖokui wu alesi dze o eye enye nusi tsi tre ɖe dada alo ameɖokuidodoɖedzi ŋu. Eyata ɖokuibɔbɔ fia alesi ame bua eɖokuii, ke menye alesi amewo bua eyamae o. Lɔlɔ̃ ɖe ame ƒe vodadawo dzi ɖokuibɔbɔtɔe kpakple biabia tso dzime be woatsɔe ake ye medaa ame ɖe anyi o; ɖe wòdoa ame ƒe ta ɖe dzi boŋ. Biblia gblɔ be: “Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.”—Lododowo 18:12.

Ame aɖe gblɔ le dunyahela siwo meɖea kuku ɖe woƒe vodada ta o ŋu be: “Nublanuitɔe la, ewɔna na wo abe gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesie lɔlɔ̃ ɖe ame ƒe vodada dzi nye ene. Ƒã hafi gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple klenɔwo gblɔna be ‘Tɔnye medzɔ o.’ Kalẽtɔwo kple dzinɔameƒotɔwo ŋue gbɔgblɔ be, ‘Vodadae wònye mewɔ,’ mekloa bubu le o.” Alea ke wòle le amesiwo menye dunyahelawo o hã gome. Ne èdze agbagba be yeatsɔ ɖokuibɔbɔ aɖo dada teƒe la, anɔ bɔbɔe wu na wò be nàte ŋu ava wɔ ŋutifafa ne masɔmasɔ aɖe ɖo mia kple ame aɖe dome. Kpɔ alesi ƒome aɖe ke ɖe nya sia ƒe nyateƒenyenye ŋui ɖa.

Masɔmasɔ aɖe na be Julie kple tsɛa William dome meganɔ vivim o. William va bi dzi ɖe Julie ŋu ale gbegbe be wòma taku kple Julie kpakple srɔ̃a Joseph. Egbugbɔ nusiwo katã Julie kple Joseph nae le ƒe siwo va yi me la na wo. Esi ɣletiwo va nɔ yiyim la, fuléle va xɔ ɖe nɔviwɔwɔ si nɔ nɔvi eve siawo dome tsã teƒe.

Gake Joseph ɖoe be yeatsɔ Mateo 5:23, 24 me nyawo awɔ dɔe. Edze agbagba te ɖe nyoa, alo akuntaa, ŋu le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ me heŋlɔ lɛta siwo me wòɖe kuku le be yedze agɔ le edzi la ɖo ɖee. Joseph de dzi ƒo na srɔ̃a hã be wòatsɔ ake tsɛa. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, William kpɔe be Julie kple Joseph di be yewoawɔ ŋutifafa nyateƒe. William kple srɔ̃a kpakple Julie kple Joseph wodo go; wo katã woɖe kuku na wo nɔewo, kpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wogaɖo woƒe nɔviwɔwɔa te ake.

Ne èdi be yeakpɔ mia kple ame aɖe dome kuxi aɖe gbɔ la, ekema tsɔ Biblia ƒe nufiafiawo wɔ dɔ dzigbɔɖitɔe eye nàdze agbagba awɔ ŋutifafa kple amea. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Nusi Mawu gblɔ na blema Israel la ava eme na wò hã, be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Wotui ɖe The Murrow Boys—Pioneers on the Front Lines of Broadcast Journalism, si Stanley Cloud kple Lynne Olson ŋlɔ dzi.

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Zi geɖe la, kukuɖeɖe gadea ŋutifafa amewo dome