Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenyuinɔnɔ ‘Ðoa Atsyɔ̃ na Mawu ƒe Nufiafia La’

Agbenyuinɔnɔ ‘Ðoa Atsyɔ̃ na Mawu ƒe Nufiafia La’

Agbenyuinɔnɔ ‘Ðoa Atsyɔ̃ na Mawu ƒe Nufiafia La’

NYƆNUVI aɖe si ŋkɔe nye Maria si le Kransnoyarsk, Russia, te ŋu dzia ha nyuie ale gbegbe be eƒe nufiala tsɔe de sukua ƒe hadziha me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Maria te ɖe woƒe nufiala aɖe ŋu bubutɔe ɖe nu me nɛ be yemate ŋu adzi haa ɖewo o. Nukatae? Elabena ha siwo me subɔsubɔhawo ƒe nufiafia dze le la dzidzi tsi tre ɖe eƒe dzixɔse siwo wòtu ɖe Biblia dzi ŋu. Nufiala la tsi yaa eye wòbia eɖokui se be, ‘Nuka gblẽ le hadzidzi atsɔ akafu Mawui ŋu?’

Be Maria naɖe nusitae malɔ̃ be yeadzi Mawuɖekaetɔ̃ ŋuti ha aɖeke o me la, eʋu eƒe Biblia heɖe nu me nɛ be Mawu kple Yesu Kristo menye Mawu ɖeka o, eye be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔe la nye. (Mateo 26:39; Yohanes 14:28; Dɔwɔwɔwo 4:31) Maria gblɔ be: “Megblẽ mía kple nufiala ma dome o. Ne míagblɔe la, nufiala nyuiwo le mía si le míaƒe sukua. Womezia nu ɖe mía dzi o.”

Le sukudeƒea katã me la, nufialawo kple sukuviwo siaa de bubu Maria ŋu ɖe afɔɖeɖe sia ta. Maria gblɔ be: “Biblia me gɔmeɖosewo kpena ɖe ŋunye le nye agbenɔnɔ me. Esi sukuƒea wu enu la, wona nyateƒetoto kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu ɖaseɖigbalẽm, eye sukua ƒe amegãwo ŋlɔ akpedadagbalẽ na dzinyelawo ɖe wo vinyɔnuvi la hehe nyuie ta.”

Maria xɔ nyɔnyrɔ le August 18, 2001, dzi. Egblɔ be: “Edzɔa dzi nam be masubɔ Mawu wɔnuku sia si nye Yehowa!” Ðevi kple sɔhɛ siwo nye Yehowa Ðasefowo le xexeame katã nɔa agbe ɖe nya siwo le Tito 2:10 me nu, afisi xlẽ be: “Woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Maria kple edzilawo le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Ŋudzedzekpɔkpɔlɛta kple Nudzeamewɔwɔ Ðaseɖigbalẽ