Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míewɔ Míaƒe Nɔnɔmewo Ƒe Tɔtrɔ Ŋudɔ Tsɔ Ði Ðasee De Didiƒewo

Míewɔ Míaƒe Nɔnɔmewo Ƒe Tɔtrɔ Ŋudɔ Tsɔ Ði Ðasee De Didiƒewo

Agbemeŋutinya

Míewɔ Míaƒe Nɔnɔmewo Ƒe Tɔtrɔ Ŋudɔ Tsɔ Ði Ðasee De Didiƒewo

ABE ALESI RICARDO MALICSI GBLƆE ENE

Esi dɔ ge le asinye le nye Kristotɔ ƒe akpaɖekedzimademade ta la, mía kple nye ƒomea míebia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu bene míate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe míaƒe etsɔme ŋu. Míegblɔ alesi míedi be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enui nɛ le míaƒe gbedodoɖa me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, míete mɔzɔzɔ yi teƒeteƒewo, si kplɔ mí de dutadukɔ enyi me le anyigbagã eve dzi. Esia wɔe be míete ŋu wɔ míaƒe subɔsubɔdɔa de didiƒewo.

WODZIM le ƒe 1933 me ɖe ƒome aɖe si me tɔwo nye Philippinestɔwo ƒe Sɔlemeha Nɔɖokuisi me tɔwo la me. Mí ame 14 siwo katã le ƒomea me míenye sɔlemeha ma me tɔwo. Esi mexɔ abe ƒe 12 ene la, medo gbe ɖa na Mawu biae be wòakpe ɖe ŋunye make ɖe xɔseha vavãtɔ ŋu. Míaƒe nufialawo dometɔ ɖeka fiaa mawunyam, eye esia wɔe be meva zu Katolikotɔ si doa vevie mawusubɔsubɔ. Nyemeda Memleɖagbe ƒe nuvɔ̃meʋuʋu kple Kwasiɖagbe ƒe Misa ƒu kpɔ o.

Gake vivivi la, ɖikeke va nɔ menye ɖom eye alesi nuwo va nɔ yiyimee la megava nɔ ŋunye dzem o. Nusi dzɔna ɖe ame dzi ne eku, dzomavɔ, kple Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia ŋuti nyabiasewo nɔ fu ɖem nam. Ŋuɖoɖo siwo subɔsubɔhakplɔlawo nanam la me mekɔna nam o eye womedzea ŋunye hã o.

Ŋuɖoɖo Siwo Me Kɔ Kpɔkpɔ

Esi menɔ kɔledzi la, mege ɖe habɔbɔ aɖe me si wɔe be medaa kɔ, daa tsatsa, noa atama, hekpɔa gome le wɔna gblẽku bubuwo me. Gbeɖeka fiẽ la, medo go nye sukuhati aɖe dada. Yehowa Ðasefoe wònye. Mebia nya siwo tututu mebiana nufiala siwo fiaa mawunya mí lae. Etsɔ Biblia ɖo nye nyabiaseawo katã ŋu nam, eye mexɔ nya siwo katã wògblɔ la dzi se be nyateƒenyawoe wonye.

Meƒle Biblia eye medze esɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefowo. Eteƒe medidi o, mete Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo katã dede. Mewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo” dzi hedzudzɔ hadede kple xɔ̃nye maɖɔʋuawo. (Korintotɔwo I, 15:33) Esia kpe ɖe ŋunye be mewɔ ŋgɔyiyi le nye Biblia sɔsrɔ̃a me eye metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa mlɔeba. Esi mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1951 me vɔ megbe la, meva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla (mɔɖela) va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Emegbe le December 1953 me la, meɖe Aurea Mendoza Cruz, wòzu nye agbe me kpeɖeŋutɔ kple nye hatidɔwɔla wɔnuteƒe le subɔsubɔdɔa me.

Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋuɖoɖo

Míenɔ didim vevie be míava zu mɔɖelawo. Gake míaƒe didi be míasubɔ Yehowa bliboe wu meva eme na mí enumake o. Togbɔ be enɔ alea hã la, míedzudzɔ Yehowa biabia be wòaʋu mɔnukpɔkpɔwo ɖi na mí le eƒe subɔsubɔa me o. Ke hã agbenɔnɔ menɔ bɔbɔe na mí o. Míeganɔ míaƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu bum kokoko, eye esi mexɔ ƒe 25 la, woɖom hame subɔlae, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hame ƒe zimenɔla.

Esi menɔ ŋgɔ yim le Biblia me sidzedze me eye meva se Yehowa ƒe gɔmeɖosewo gɔme ɖe edzi la, meva kpɔe dze sii be nye dɔwɔɖuia tsi tre ɖe nye Kristotɔnyenye ƒe akpaɖekedzimademade ƒe nyametsotso si menɔ te ɖe nye dzitsinya dzi wɔ la ŋu. (Yesaya 2:2-4) Metso nya me be maɖe asi le dɔa ŋu. Enye xɔse ƒe dodokpɔ na mí. Gake aleke mawɔ akpɔ ƒomea dzi? Míegado gbe ɖa na Yehowa Mawu ake tso esia ŋu. (Psalmo 65:3) Míegblɔ míaƒe dzimaɖitsitsi kple nusiwo nu míenɔ vɔvɔ̃m ɖo nɛ, gake míegblɔ míaƒe didi be míaɖasubɔ le teƒe si Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le wu la hã nɛ. (Filipitɔwo 4:6, 7) Míebui kura be mɔnukpɔkpɔ vovovowo ava aʋu ɖi na mí nenema gbegbe o!

Míaƒe Mɔzɔzɔwo Gɔmedzedze

Le April 1965 me la, mekpɔ dɔ si nye amesiwo kpena ɖe yameʋu siwo mate ŋu adze bɔbɔe o kple emenɔlawo ŋu, le Vientiane ƒe Dukɔwo Dome Yameʋudzeƒe, le Laos, eye woɖom woƒe amegãe ale be míeyi ɖanɔ afima. Esi míeɖo Vientiane la, Ðasefo 24 ye nɔ afima eye míese vivi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple dutanyanyuigblɔlawo kpakple dua me nɔviwo me. Le ema megbe la, woɖem yi Udon Thani ƒe Yameʋudzeƒe, le Thailand. Ðasefo aɖeke menɔ Udon Thani dua me hafi míede o. Mía ŋutɔwo míewɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo katã le míaƒe ƒomea me. Míeɖea gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme, wɔa tɔtrɔyiwo, eye míedzea Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme.

Míeɖo ŋku nu si Yesu xlɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woayi edzi anɔ ku geɖe tsem’ la dzi. (Yohanes 15:8) Eyata míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe kpɔɖeŋu si woɖo dzi eye míeyi edzi nɔ gbeƒã ɖem nyanyuia. Eteƒe medidi hafi míekpɔ kutsetse nyuiwo o. Thailand nyɔnuvi aɖe xɔ nyateƒea eye wòva zu míaƒe gbɔgbɔmenɔvinyɔnu. Dziehe Amerika vi eve hã xɔ nyateƒea eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova zu Kristotɔ hamemegãwo. Míeyi edzi ɖe gbeƒã nyanyuia wòwu ƒe ewo le Thailand ƒe dziehe nutome. Aleke gbegbee wònye dzidzɔ na mí be míase be hame le Udon Thani fifia! Nyateƒea ƒe ku siwo míeƒã ɖe afima dometɔ aɖewo gale tsetsem kokoko.

Gake nublanuitɔe la, eva hiã be míagaʋu ake, eye míedo gbe ɖa na “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la” be wòakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mateo 9:38) Woɖe mí yi Tehran, si nye Iran ƒe fiadu me. Shah fiaƒomeae nɔ dzi ɖum ɣemaɣi.

Gbeƒãɖeɖe le Anyigbamama Siwo me Gbetɔamewo Nɔ Me

Esi míeva ɖo Tehran la, míedo go míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo enumake. Míede ha kple Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si me tɔwo tso dukɔ 13 me. Ehiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo ale be míate ŋu aɖe gbeƒã nyanyuia le Iran. Togbɔ be míedo go tsitretsiɖeŋu aɖeke tẽ o hã la, ehiã be míaɖɔ ŋu ɖo.

Le ɣeyiɣi siwo me ɖetsɔlemetɔwo yia dɔme ta la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃wo le zã titina alo le emegbe—le fɔŋli me. Ke hã dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míakpɔ kutsetse nyui siwo tso míaƒe kutrikukua me! Ƒome aɖewo siwo tso Philippines kple Korea la xɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea eye wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa.

Dukɔ si me wogaɖem yi enye Dhaka, Bangladesh. Míeɖo afima le December 1977 me. Afisia nye dukɔ bubu si me gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ menɔ bɔbɔe le o. Gake enɔa susu me na mí ɖaa be míado vevie nu le dɔa wɔwɔ me. Le Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiame nu la, míete ŋu ke ɖe ƒome geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ŋu. Nyateƒe fadziname si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me ƒe tsikɔ nɔ wo dometɔ aɖewo wum. (Yesaya 55:1) Esia wɔe be míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔwɔ gɔme.

Enɔ susu me na mí be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be “woaxɔ amewo katã [ɖe agbe].” (Timoteo I, 2:4) Dzidzɔtɔe la, ame aɖeke mete kpɔ be yeado kplamatsɛ mí o. Be amewo nagate wo ɖokui ɖa le mía ŋu o la, míekpɔa egbɔ be míetsɔ vividodoɖeameŋu te ɖe wo ŋui. Abe apostolo Paulo ene la, míedzea agbagba be ‘míazu nusianu na amewo katã.’ (Korintotɔwo I, 9:22) Ne amewo bia susu si tae míeva yewo gbɔ ɖo la, míeɖea eme na wo tufafatɔe, eye míede dzesii be wo dometɔ akpa gãtɔ nye amesiwo me xɔlɔ̃wɔwɔ le.

Le Dhaka la, míedo go Ðasefo aɖe si nye afimatɔ eye míede dzi ƒo nɛ be wòanɔ míaƒe kpekpeawo vam, eye míede dzi ƒo nɛ emegbe be wòanɔ gbeadzi yim kpli mí hã. Emegbe srɔ̃nye srɔ̃ Biblia kple ƒome aɖe hekpe wo be woanɔ míaƒe kpekpewo vam. Le Yehowa ƒe amenuveve me la, ƒome bliboa xɔ nyateƒea. Emegbe wo vinyɔnu eveawo kpe asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔmeɖeɖe ɖe Bengalgbe me ŋu, eye woƒe ƒometɔ geɖewo hã va nya Yehowa. Nusrɔ̃vi bubu geɖewo hã va xɔ nyateƒea. Wo dometɔ akpa gãtɔwo nye hamemegãwo alo mɔɖelawo fifia.

Esi Dhaka nye dugã si me tɔwo sɔ gbɔ ta la, míekpe míaƒe ƒometɔ aɖewo be woava kpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wo dometɔ geɖewo wɔ ɖe míaƒe amekpekpea dzi eye wova mía gbɔ le Bangladesh va kpe ɖe mía ŋu. Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na mí eye míeda akpe na Yehowae nye esi be wòna mɔnukpɔkpɔa mí be míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le dukɔ ma me! Bangladesh si nye teƒe si ame ɖeka pɛ ko nɔ nyateƒea me le tsã la, hame evee le afima fifia.

Le July 1982 me la, eva hiã be míadzo le Bangladesh. Avie míetsɔ dzoe le mía nɔviwo gbɔ. Ema megbe kpuie la, mekpɔ dɔ le Entebbe ƒe Dukɔwo Dome Yameʋudzeƒe, le Uganda, afisi míeva nɔ ƒe ene kple ɣleti adre. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akafu Yehowa ƒe ŋkɔ le dukɔ sia me?

Yehowa Subɔsubɔ le Ɣedzeƒe Afrika

Esi míeɖo Entebbe ƒe Dukɔwo Dome Yameʋudzeƒea la, mía kple srɔ̃nye míeɖo ʋu aɖe yina mía dzeƒee. Esi míenɔ dzodzom le yameʋudzeƒea la, mete gbeƒãɖeɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na ʋua kula. Ebiam be: “Yehowa Ðasefoe nènyea?” Esi meɖo eŋu be ẽ la, ʋukula la gblɔ nam be: “Miaƒe hametɔ aɖe le dɔ wɔm le yameʋudzeƒea ƒe dɔwɔƒe si fiaa mɔ yameʋuwo.” Enumake megblɔ nɛ be wòakɔm ayi dɔwɔƒe mae. Míedo go nɔviŋutsua, dzi dzɔe esi wòkpɔ mí, eye míewɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu.

Fiaɖuƒegbeƒãɖela 228 koe nɔ Uganda ɣemaɣi. Le ƒe gbãtɔ me la, nɔviŋutsu eve siwo nɔ Entebbe kpe ɖe mía ŋu le nyateƒea ƒe kuwo ƒaƒã me. Esi nuxexlẽ doa dzidzɔ na duametɔwo ta la, míete ŋu na agbalẽ geɖe tsɔ kpe ɖe magazine alafa geɖewo ŋu. Míekpe nɔviwo tso woƒe fiadu Kampala me be woava kpe ɖe mía ŋu le kwasiɖanuwuwuwo be míaɖe gbeƒã le Entebbe ƒe anyigbamama me. Ame atɔ̃—siwo me nye hã menɔ—ye va se dutoƒonuƒo gbãtɔ si meƒo.

Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, míekpɔ dzidzɔ akuakua le míaƒe agbe me esi míekpɔ amesiwo míefia nui va yi be woxɔ nyateƒea henɔ ŋgɔyiyi wɔm kabakaba. (Yohanes III, 4) Míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo dometɔ ade xɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpewo dometɔ ɖeka me. Wo dometɔ geɖewo gblɔ be yewodi be yewoawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa elabena yewokpɔe be míenye mɔɖelawo togbɔ be míenye ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui wɔlawo hã.

Miede dzesii be míaƒe dɔwɔƒea hã ate ŋu anye anyigbamama tseku aɖe. Gbeɖeka mete ɖe yameʋudzeƒea ƒe dzotsidɔwɔƒe ƒe dɔwɔlawo dometɔ ɖeka ŋu gblɔ agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe ŋugbe si Biblia do la ŋu nya nɛ. Mena wòxlẽ alesi amegbetɔƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo anɔ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me, womaganye hiãtɔwo o, womaganye aƒemanɔamesitɔwo o, kple alesi aʋawɔwɔ, dɔléle, alo ku magaɖe fu na ameƒomea o la le eya ŋutɔ ƒe Biblia me. (Psalmo 46:10; Yesaya 33:24; 65:21, 22; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Nusiawo xexlẽ le eya ŋutɔ ƒe Biblia me ʋãe ale gbegbe. Míeɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi enumake. Edea kpekpewo katã. Eteƒe medidi o etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Eva kpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

Wowɔ dukɔmeviʋa zi eve le míaƒe Uganda nɔɣi, gake mewɔe be míedzudzɔ míaƒe gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ o. Wokplɔ amesiwo le dɔ wɔm kple dukɔwo dome dɔwɔƒewo ƒe ƒometɔ siwo nɔ wo gbɔ la yi Nairobi, Kenya, ɣleti ade. Mí amesiwo susɔ ɖe Uganda míenɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzi, togbɔ be ele be míawɔ nu le nunya kple ayedzedze me hã.

Le April 1988 me la, mewu dɔ si wode asi nam nu, eyata míegaʋu ake tso afima. Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo yi edzi le Entebbe Hamea me wɔe be míaƒe dzi dze eme ŋutɔ esime míenɔ dzodzom. Le July 1997 me la, mɔnukpɔkpɔa su mía si míegade Entebbe ake. Ɣemaɣi amesiwo nye míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo la dometɔ aɖewo zu hamemegãwo. Aleke gbegbe dzi dzɔ míi nye esi be míakpɔ be vavala 106 ye va Dutoƒo Kpekpea!

Ʋuʋu Yi Anyigbamama aɖe si me Womeɖe Gbeƒã le Kpɔ O Me

Ðe dɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo gali na mía? Ẽ, teƒe bubu si wogaɖom ɖoe nye Mogadishu Dukɔwo Dome Yameʋudzeƒe, le Somalia. Míeɖoe kplikpaa be míawɔ mɔnukpɔkpɔ yeye sia ŋudɔ nyuie atsɔ ɖe gbeƒã le anyigbamama si me womeɖe gbeƒã le kpɔ o me.

Zi geɖe la, dutadɔwɔƒe ƒe dɔwɔlawo, dɔwɔla siwo tso Philippines, kple dutatɔ bubuwo koe míete ŋu ɖea gbeƒã na. Asimee miedoa go wo le zi geɖe. Míesrãa wo kpɔna hã le woƒe aƒewo me xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. To susuŋudɔwɔwɔ nyuie, tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu, ŋuɖɔɖɔɖo, kple kaka ɖe Yehowa dzi bliboe me la, míete ŋu gblɔ Biblia me nyateƒeawo na amewo, eye esia tse ku le amesiwo tso dukɔ vovovowo me la me. Le ƒe eve megbe la, míedzo le Mogadishu—ɖeko míedzo teti koe nye ma aʋa dzɔ le afima.

Dukɔwo Dome Ðoɖowɔwɔ Habɔbɔ si Fiaa Mɔ Yameʋuwo ɖom ɖe Yangon, Myanmar, be maɖayi dɔa dzi le afima. Le afima hã mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ʋu ɖi na mí be míakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woasrɔ̃ Mawu ƒe tameɖoɖowo. Le dɔwɔwɔ le Myanmar vɔ megbe la, woɖo mí ɖe Dar es Salaam, Tanzania. Gbeƒãɖeɖe nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme le Dar es Salaam nɔ bɔbɔe ŋutɔ elabena ame aɖewo te ŋu doa Eŋlisigbe le afima.

Le dukɔ siwo katã me míewɔ dɔ le me la, kuxi ʋɛ aɖewo koe míedo goe le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, togbɔ be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le dukɔ siwo me míede dometɔ geɖe me hã. Le dɔ si mewɔna, si do ka kple dziɖuɖuwo alo kple dukɔwo dome habɔbɔwo, ta la, amewo metɔ gbe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ o.

Nye dɔwɔɖui wɔe be mía kple srɔ̃nye míeva zu tsatsalawo ƒe 30 sɔŋ. Gake míebu nye dɔwɔɖuia be enye mɔ si dzi míeto ɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Míaƒe taɖodzinu koŋ ye nye be míado Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Míedaa akpe na Yehowa be wòkpe ɖe mía ŋu míete ŋu wɔ míaƒe nɔnɔmeawo ƒe tɔtrɔ ŋudɔ nyuie eye be wòkpe ɖe mía ŋu míete ŋu se vivi le mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su mía si be míete ŋu kaka nyanyuia de didiƒe me.

Tɔtrɔ Gbɔ Va Afisi Míedze Egɔme Tsoe

Esi mexɔ ƒe 58 la, meɖoe be maxɔ dzudzɔ le dɔ me do ŋgɔ ale be míagbɔ ava Philippines. Esi míegbɔ va aƒe la, míedo gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ si míato la mí. Míedze subɔsubɔa gɔme kple hame si le Trece Martires City, si le Cavite nutome. Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela 19 ye nɔ afima hafi míede. Míewɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖe gbesiagbe ŋu, eye míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Eteƒe medidi o, hamea te tsitsi. Ɣeaɖeɣi la, Biblia nusrɔ̃vi 19 sɔŋ ye nɔ srɔ̃nye si eye 14 nɔ nye hã asinye.

Eteƒe medidi o míesɔ gbɔ wu Fiaɖuƒe Akpata la. Míedo gbe ɖa na Yehowa le nya sia ŋu. Gbɔgbɔmenɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a na anyigba mí, eye alɔdzedɔwɔƒea do ga na mí be míatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpata yeyee. Fiaɖuƒe Akpata yeyea kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi, eye kpekpea valawo nɔ dzidzim ɖe edzi tso kwasiɖa yi kwasiɖa. Fifia míezɔa mɔ wu gaƒoƒo ɖeka ɖakpea asi ɖe hame bubu aɖe si me gbeƒãɖela 17 le ŋu.

Mía kple srɔ̃nye míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míewɔ dɔ le dukɔ vovovowo me ŋu. Ne míeɖo ŋku míaƒe ʋuʋu tso teƒe aɖe yi bubu dzi la, míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ be míezã ɣeyiɣi mawo le mɔ nyuitɔ nu—be míekpe ɖe ame geɖe ŋu be wova srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu!

[Anyigbatata si le axa 24, 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

TANZANIA

UGANDA

SOMALIA

IRAN

BANGLADESH

MYANMAR

LAOS

THAILAND

PHILIPPINES

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple srɔ̃nye, Aurea