Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔfiame Si Me Nunya Le Na Srɔ̃tɔwo

Mɔfiame Si Me Nunya Le Na Srɔ̃tɔwo

Mɔfiame Si Me Nunya Le Na Srɔ̃tɔwo

“Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene. Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo.”​—Efesotɔwo 5:22, 25.

1. Nukae nye srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ?

YESU gblɔ be srɔ̃ɖeɖee nye ŋutsu kple nyɔnu si Mawu bla wozu “ŋutilã ɖeka.” (Mateo 19:5, 6) Ame ƒomevi vovovo eve siwo srɔ̃a alesi woatu didi ɖeka ɖo eye woawɔ nu aduadu aɖo taɖodzinu ɖeka gbɔ la ƒe ƒuƒoƒoe wònyena. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ nye ame ɖokui tsɔtsɔna le ame ƒe agbemeŋkekewo katã me, ke menye ɖoɖo aɖe si woawɔ ɖewoɖewoe si ŋu woate ŋu aɖe asi le bɔbɔe o. Le dukɔ geɖe me la, srɔ̃gbegbe mesesẽ kura o, gake le Kristotɔwo ya gome la, nu kɔkɔe srɔ̃ɖeƒomedodoa nye. Susu vevi aɖe ta koe eme ate ŋu agblẽ ɖo.—Mateo 19:9.

2. (a) Kpekpeɖeŋu kae li na srɔ̃tɔwo? (b) Nukata wòle vevie be woadze agbagba be srɔ̃ɖegbenɔnɔ nadze edzi?

2 Srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Srɔ̃ɖegbenɔnɔ nye nɔnɔme aɖe si nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi le esi wòhea kuxi yeyewo vɛ, kpɔa kuxi siwo fɔna ɖe te gbɔ, hewɔa nusiwo le esi le ɣeyiɣi aɖe koŋ me la ŋudɔ ta.” Le srɔ̃tɔ Kristotɔwo gome la, nunɔamesi siawo dometɔ aɖewoe nye Biblia me ɖaŋuɖoɖo si me nunya le, hati Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu, kple gbedodoɖa ƒe ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ si dzea edzi la nɔa anyi ɖaa, eye ne ƒeawo va le yiyim la, ehea dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzeme vanɛ na ŋutsu kple srɔ̃a. Vevietɔ la, edea bubu srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila, Yehowa Mawu, ŋu.—Mose I, 2:18, 21-24; Korintotɔwo I, 10:31; Efesotɔwo 3:15; Tesalonikatɔwo I, 5:17.

Misrɔ̃ Yesu Kple Eƒe Hamea

3. (a) To aɖaŋu si Paulo ɖo na srɔ̃tɔwo la ɖe eme kpuie. (b) Kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo ɖi?

3 Ƒe akpe eve enye si va yi la, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu si me nunya le na srɔ̃tɔ Kristotɔwo esime wòŋlɔ bena: “Alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me. Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.” (Efesotɔwo 5:24, 25) Aleke wòtsɔ nuwo sɔ kple wo nɔewo nyuie le afisia enye si! Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ siwo yia edzi bɔbɔa wo ɖokui na wo srɔ̃wo la srɔ̃a hame la le lɔlɔ̃ ɖe tanyenye ƒe gɔmeɖosea dzi kple edzi wɔwɔ me. Srɔ̃ŋutsu haxɔsetɔ siwo yia edzi lɔ̃a wo srɔ̃wo, eɖanye le ɣeyiɣi deamedziwo me loo alo le ɣeyiɣi madeamedziwo me o, ɖenɛ fiana be yewosrɔ̃a alesi Kristo lɔ̃a hamea heléa be nɛ la ƒe kpɔɖeŋu tututu.

4. Aleke srɔ̃ŋutsuwo asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋui?

4 Srɔ̃ŋutsu Kristotɔwoe nye woƒe ƒomeawo ƒe ta, gake Yesu nye srɔ̃ŋutsuawo hã ƒe ta. (Korintotɔwo I, 11:3) Le esia ta, abe alesi ko Yesu lé be na eƒe hameae ene la, nenemae srɔ̃ŋutsuwo hã léa be na woƒe ƒomeawo lɔlɔ̃tɔe le gbɔgbɔ kple ŋutilã me, nenye be esia abia ɖokuitsɔtsɔsavɔ gɔ̃ hã. Wotsɔa woƒe ƒomewo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na woa ŋutɔwo ƒe dzodzrowo kple didiwo. Yesu gblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Gɔmeɖose ma le vevie ale gbegbe le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Paulo ɖe esia fia esime wògblɔ be: ‘Ele na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi.’ (Efesotɔwo 5:28, 29) Ele be ŋutsu nanyi srɔ̃a ahakpɔ edzi moveviɖoɖotɔe abe alesi tututu wònyina eɖokui hekpɔa eɖokui dzii ene.

5. Aleke srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ Kristo-hameae?

5 Kristo-hamea nyea kpɔɖeŋu na srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃lawo. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eyomedzelawo lɔ̃ faa ɖe asi le nusiwo yome wotina tsã la ŋu hedze eyome. Le eƒe ku megbe la, woyi edzi bɔbɔ wo ɖokui nɛ, eye le ƒe si ade 2,000 siwo va yi me la, Kristo-hame vavã la yi edzi bɔbɔ eɖokui na Yesu heyi edzi le to ɖomee le eƒe kplɔlanyenyedɔa me le nuwo katã me. Nenema kee srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo meɖia gbɔ wo srɔ̃ŋutsuwo alo dina be yewoada srɔ̃ɖeɖe me tanyenye ƒe ɖoɖo si Ŋɔŋlɔawo wɔ la ɖe anyi o. Ðe eteƒe la, wokpea asi ɖe wo srɔ̃wo ŋu hebɔbɔa wo ɖokuiwo na wo, wɔa nu kpli wo aduadu, eye wotoa edzi dea dzi ƒo na wo. Ne ŋutsu kple srɔ̃a siaa wɔ nu le lɔlɔ̃ me kple wo nɔewo alea la, woƒe srɔ̃ɖeɖea adze edzi eye dzi adzɔ woa kple evea siaa le ƒomedodoa me.

Minɔ Anyi Kpli Wo

6. Aɖaŋu kae Petro ɖo na srɔ̃ŋutsuwo, eye nukata wòle vevie?

6 Aɖaŋuɖoɖo aɖe nɔ apostolo Petro hã si na srɔ̃tɔwo, eye eƒe nya siwo yi na srɔ̃ŋutsuwo la le tẽ. Egblɔ be: “Minɔ anyi kple [mia srɔ̃wo] le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.” (Petro I, 3:7) Ŋkubiãnya si le Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa me la dze le kpukpui ma me nya mamlɛawo me. Ne srɔ̃ŋutsu mede bubu srɔ̃a ŋu o la, agblẽ nu le woa kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu. Mɔ axe ɖe eƒe gbedodoɖawo nu.

7. Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nade bubu srɔ̃a ŋui?

7 Ekema aleke srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu ade bubu wo srɔ̃wo ŋui? Be woade bubu ame srɔ̃ ŋu fia be woawɔ nu ɖe ŋu lɔlɔ̃tɔe, ahade asixɔxɔ eŋu. Nuwɔwɔ ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu tufafatɔe alea adze nu saga aɖee na ame geɖe. Helatɔ agbalẽnyala aɖe ŋlɔ bena: “Le Romatɔwo ƒe se nu la, gome aɖeke menɔ nyɔnu si o. Le senyawo me la, ɖevi koe wògakpɔtɔ nye. . . . Ele srɔ̃a te keŋkeŋ, eye srɔ̃a ate ŋu awɔ nusianu ɖe eŋu faa.” Aleke esia tro tso Kristotɔwo ƒe nufiafiawo gbɔe enye si! Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ dea bubu srɔ̃a ŋu. Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewoe fiaa mɔ alesi wòwɔa nu ɖe srɔ̃a ŋui, ke menye eya ŋutɔ ƒe seselelãmewoe o. Gawu la, ebua eyama ŋu “le nunya me,” heɖoa ŋku edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔe wònye.

“Gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo” le Mɔ Ka Nu?

8, 9. Mɔ kawo nue nyɔnuwo sɔ kple ŋutsuwo le?

8 Le gbɔgblɔ be nyɔnu nye ‘gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ’ me la, Petro mefia be nyɔnuwo gbɔdzɔ wu ŋutsuwo le susuŋudɔwɔwɔ alo gbɔgbɔ me o. Enye nyateƒe be mɔnukpɔkpɔwo le ŋutsu Kristotɔ geɖewo si le hamea me si nyɔnuwo mekpɔa mɔ be wòasu yewo si o, eye nyɔnuwo bɔbɔa wo ɖokui na wo srɔ̃wo le ƒomea me ya. (Korintotɔwo I, 14:35; Timoteo I, 2:12) Ke hã, xɔse, dzidodo, kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ ɖeka ma kee wobia tso ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa si. Eye abe alesi Petro gblɔe ene la, ŋutsu kple srɔ̃a siaa nye “agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo.” Le xɔxɔ ƒe nya me la, wosɔ le Yehowa Mawu ŋkume. (Galatiatɔwo 3:28) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ amesiaminawoe Petro nɔ agbalẽa ŋlɔm na. Le esia ta, eƒe nyawo ɖo ŋku edzi na srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo be dziƒomɔkpɔkpɔ ma kee le woa kple wo srɔ̃wo si, abe “Kristo ƒe hadomenyilawo” ene. (Romatɔwo 8:17) Gbeɖeka la, woa kpe evea siaa anye nunɔlawo kple fiawo le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me!—Nyaɖeɖefia 5:10.

9 Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ amesiaminawo mele tsɛ wu wo srɔ̃ Kristotɔ amesiaminawo le mɔ aɖeke nu o. Eye le gɔmeɖosea nu la, nenema kee wòle le amesiwo si anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã gome. Ŋutsu kple nyɔnu siwo le “ameha gã” la me siaae nyã woƒe awuwo hewɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaae le gome kpɔm le Yehowa kafukafu me le xexeame godoo “zã kple keli.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14, 15) Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaae le mɔ kpɔm na vivisese le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la” me, esime woakpɔ dzidzɔ le “agbe vavã la” me. (Romatɔwo 8:21; Timoteo I, 6:19) Kristotɔwo ɖanye amesiaminawo loo alo alẽ bubuawo o, wo katã wosubɔa Yehowa ɖekae abe “alẽha ɖeka” ene le “alẽkplɔla ɖeka” te. (Yohanes 10:16) Susu vevi si aʋã ŋutsu kple srɔ̃a siwo nye Kristotɔwo be woade bubu si dze wo nɔewo ŋu kae nye si!

10. Susu ka nue nyɔnuwo nye “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” le?

10 Ekema mɔ ka nue nyɔnuwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu le? Ðewohĩ nyateƒe si wònye be zi geɖe la, nyɔnuwo nɔa ɖagbie wu eye ŋusẽ menɔa wo ŋu dea ŋutsuwo nu o ye Petro wɔnɛ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le míaƒe blibomademade ta la, mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si wònye be woadzi vi la ɖea woƒe ŋusẽ dzi kpɔtɔna. Nyɔnu siwo ɖo vidzidzi me ƒe lãme ate ŋu anɔ gbegblẽm edziedzi. Le nyateƒe me la, ehiã be woalé be na wo ahabu wo ŋu etɔxɛe ne wole lãmegbegblẽ siawo alo nutikɔname siwo le fufɔfɔ kple vidzidzi me la me tom. Srɔ̃ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu hedea dzesi kpekpeɖeŋu si srɔ̃a hiã na eye wòwɔnɛ nɛ la ado srɔ̃ɖegbenɔnɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ɖe ŋgɔ ŋutɔ.

Le Aƒe Siwo me Ma le Subɔsubɔnyawo me Me

11. Gɔmesese ka nue ŋutsu kple srɔ̃a siwo le subɔsubɔha vovovo me ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ate ŋu adze edzi le?

11 Ke ne srɔ̃tɔwo ƒe nukpɔsusuwo to vovo le subɔsubɔnyawo gome, le esi ɖeka va xɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea le wo nɔewo ɖeɖe vɔ megbe gake evelia ya mexɔe o, ya ɖe? Ðe srɔ̃ɖegbenɔnɔ sia ate ŋu adze edzia? Ame geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖo eŋu be ẽ. Ŋutsu kple srɔ̃a siwo ƒe subɔsubɔ nukpɔsusuwo to vovo hã ate ŋu akpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me le susua nu be woate ŋu anɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me le woƒe agbemeŋkekewo katã me, eye esia hea dzidzɔ vɛ na woa kple evea siaa. Gakpe ɖe eŋu la, srɔ̃ɖeɖea gakpɔtɔ de blibo le Yehowa ŋkume; wogakpɔtɔ nye “ŋutilã ɖeka.” Eyata woxlɔ̃ nu srɔ̃tɔ Kristotɔwo be woanɔ anyi kple wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo, ne wo srɔ̃wo nya lɔ̃ ko. Ne viwo le wo dome la, woɖea vi tsoa wo dzila Kristotɔ wɔnuteƒe la gbɔ.—Korintotɔwo I, 7:12-14.

12, 13. Le wɔwɔ ɖe Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi me la, aleke srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo ŋui?

12 Petro na nuxlɔ̃ame fatu nyɔnu Kristotɔ siwo le ƒome siwo me ma le subɔsubɔnyawo gome la me. Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ siwo hã le nɔnɔme sia ke me la ate ŋu awɔ gɔmeɖose si le eƒe nyawo me la ŋudɔ. Petro ŋlɔ bena: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.”—Petro I, 3:1, 2.

13 Ne srɔ̃nyɔnu ate ŋu aɖe eƒe dzixɔse me na srɔ̃a ŋuɖɔɖɔɖotɔe la, anyo ŋutɔ. Ke ne medi be yeasee o ya ɖe? Eƒe nyametsotsoe nye ma. Ke hã, mɔkpɔkpɔ mebu o, elabena Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ hã nyea ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe. Srɔ̃ŋutsu geɖe siwo metsi dzi ɖe nyateƒea ŋu tsã o alo esiwo tsi tre ɖe wo srɔ̃wo ƒe dzixɔsewo ŋu tsã gɔ̃ hã va zu “amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ” (NW) le wo srɔ̃wo ƒe agbenyuinɔnɔ si wokpɔ la ta. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Ne srɔ̃ŋutsu aɖe mexɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea o gɔ̃ hã la, srɔ̃a ƒe agbenyuinɔnɔ awɔ dɔ ɖe edzi godoo eye wòahe nu deamedziwo va srɔ̃ɖegbenɔnɔa me. Srɔ̃ŋutsu aɖe si srɔ̃ nye Yehowa Ðasefo lɔ̃ ɖe edzi be yemate ŋu anɔ agbe ɖe woƒe dzidzenu kɔkɔwo nu o. Ke hã, eyɔa eɖokui be “srɔ̃ŋutsu kpɔdzidzɔ si ɖe nyɔnu zazɛ̃,” eye wòkafu srɔ̃a kple ehati Ðasefowo le lɛta aɖe si wòŋlɔ ɖo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe talawo me.

14. Aleke ŋutsuwo ate ŋu akpe ɖe wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo ŋui?

14 Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ siwo tsɔ Petro ƒe nyawo me gɔmeɖosewo wɔ dɔe la hã to woƒe agbenɔnɔ dzi ɖe wo srɔ̃wo. Srɔ̃nyɔnu dzimaxɔsetɔwo kpɔ wo srɔ̃wo wova zu ŋutsu ɖɔʋuwo, wodzudzɔ gagbegblẽ ɖe atamanono, ahanono, kple tsatsadada ŋu eye wokpɔe be yewo srɔ̃wo megadzua yewo o. Srɔ̃tɔ siawo dometɔ aɖewo va dze si Kristo-hamea me tɔ bubuwo. Nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la wɔ dɔ ɖe wo dzi, eye nusi wokpɔ le nɔviawo dome la he wo ɖe Yehowa ŋu.—Yohanes 13:34, 35.

‘Dzime ƒe Ame Ɣaɣla La’

15, 16. Srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kae ate ŋu aɖe wo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo?

15 Agbenɔnɔ ka ƒomevie ate ŋu aɖe srɔ̃ŋutsu? Ne míagblɔe tututu la, enye agbenɔnɔ si nyɔnu Kristotɔwo tuna ɖo. Petro gblɔ be: “Amesiwo ƒe lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me. Elabena nenema ke nyɔnu kɔkɔewo hã, amesiwo kpɔ mɔ na Mawu la, wɔ leke na wo ɖokui tsã, eye wo bɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo srɔ̃wo, abe alesi Sara ɖoa to Abraham, eye wòyɔnɛ be aƒetɔ ene, amesi vinyɔnuviwo miezu azɔ, ne miewɔa nyui, eye mievɔ̃a ŋɔdzidodo aɖeke o.”—Petro I, 3:3-6.

16 Petro ɖo aɖaŋu na nyɔnu Kristotɔwo be woagaɖo ŋu ɖe gota gome lekewɔwɔ ŋu o. Ke boŋ woana wo srɔ̃wo nade dzesii be Biblia ƒe nufiafiawo le ŋusẽ kpɔm ɖe yewo dzi le ememe. Woana woakpɔ amenyenye yeyea le wo ŋu. Ðewohĩ ŋutsua atsɔ amenyenye yeyea asɔ kple amenyenye xoxo si nɔ srɔ̃a si tsã. (Efesotɔwo 4:22-24) Nyɔnua ƒe “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo” la ana dzidzemee eye wòanyo eŋu godoo. Menye ɖeko gbɔgbɔ sia dzea srɔ̃ŋutsu ŋu ko o, ke boŋ ‘exɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋkume’ hã.—Kolosetɔwo 3:12.

17. Aleke Sara nye kpɔɖeŋu nyui na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwoe?

17 Wotsɔ Sara wɔ kpɔɖeŋui, eye enye kpɔɖeŋu xɔasi aɖe na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo, wo srɔ̃wo ɖanye dzixɔsetɔwo loo alo womeɖanyee o. Ðikeke mele eme o be Sara bu Abraham be enye yeƒe ta. Eyɔnɛ le eƒe dzime kura gɔ̃ hã be yeƒe “aƒetɔ.” (Mose I, 18:12) Ke hã, esia meda eyama ɖe anyi o. Edze ƒã be enye gbɔgbɔmenyɔnu sẽŋu aɖe si ŋutɔ xɔ Yehowa dzi se bliboe. Le nyateƒe me la, enye “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã” la me tɔ si ƒe xɔse ƒe kpɔɖeŋu ʋã mí be “míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi.” (Hebritɔwo 11:11; 12:1) Menye gbɔɖiamee wònye be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nanɔ abe Sara ene o.

18. Gɔmeɖose kawoe wòle be wòanɔ susu me na amesiwo le aƒe siwo me ma me?

18 Le aƒe si me ma le subɔsubɔnyawo gome me la, srɔ̃ŋutsuae gakpɔtɔ nye ta. Ne eyae nye dzixɔsetɔ la, abu srɔ̃a ƒe dzixɔsewo ŋu gake maɖe asi le eya ŋutɔ ƒe dzixɔsewo ŋu o. Ne srɔ̃nyɔnuae nye dzixɔsetɔa la, eya hã maɖe asi le eƒe dzixɔse ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ke hã, matsi tre ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye ŋu o. Ade bubu ɖoƒe si le srɔ̃a si ŋu eye wòakpɔtɔ anɔ “srɔ̃ŋutsua ŋuti.”—Romatɔwo 7:2.

Biblia ƒe Mɔfiame si me Nunya Le

19. Nusiwo naa dzidzɔ menɔa srɔ̃ɖegbenɔnɔ me o dometɔ aɖewo ɖe, gake aleke woate ŋu anɔ te ɖe kuxi siawo nui?

19 Egbea, nu geɖe ate ŋu ana srɔ̃ɖegbenɔnɔ me nahe tikãa. Ŋutsu aɖewo ɖea ta le woƒe agbanɔamedziwo te. Nyɔnu aɖewo melɔ̃na ɖe wo srɔ̃wo ƒe tanyenye dzi o. Le srɔ̃ɖeɖe aɖewo me la, wowɔa ŋlɔmi le srɔ̃tɔ ɖeka ŋu. Le Kristotɔwo gome la, gakuxiwo, amegbetɔ ƒe blibomademade, kple xexeame ƒe gbɔgbɔ hekpe ɖe eƒe agbegbegblẽnɔnɔ, kple agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose totrowo ŋu ate ŋu ado woƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ. Ke hã, Yehowa yraa ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔ siwo wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka koe wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi hã la, nuwo nyona wu esi wo dometɔ aɖeke mawɔe kura o. Gawu la, Yehowa lɔ̃a esubɔla siwo léa srɔ̃ɖeɖe me tam si woka la me ɖe asi le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me, eye wòkpena ɖe wo ŋu. Meŋlɔa woƒe nuteƒewɔwɔ be o.—Psalmo 18:26; Hebritɔwo 6:10; Petro I, 3:12.

20. Nuxlɔ̃amenya kae le Petro si na Kristotɔwo katã?

20 Le nuxɔxlɔ̃ ŋutsu kple nyɔnu srɔ̃tɔwo vɔ megbe la, apostolo Petro ƒo eta kple dzideƒonamenyawo. Egblɔ be: “Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui. Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.” (Petro I, 3:8, 9) Esia nye nuxlɔ̃ame si me nunya le na mí katã nyateƒe, vevietɔ na srɔ̃tɔwo!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo srɔ̃a Yesui?

• Aleke srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo srɔ̃a hameae?

• Mɔ ka nue srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu ade bubu wo srɔ̃wo ŋu le?

• Agbe kae nye nyuitɔ si wòle na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ siwo srɔ̃wo menye dzixɔsetɔwo o be woanɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ lɔ̃a srɔ̃a heléa be nɛ

Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ bua srɔ̃a hesronɛ ɖa

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

To vovo na Romatɔwo ƒe sea la, Kristotɔwo ƒe nufiafia bia be srɔ̃ŋutsu nade bubu srɔ̃a ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

“Ameha gã” la me tɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpɔa mɔ na agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Sara bu Abraham be enye yeƒe aƒetɔ