Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyaʋawɔwɔ Nukata Wòvena?

Nyaʋawɔwɔ Nukata Wòvena?

Nyaʋawɔwɔ Nukata Wòvena?

“Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa?”—YAKOBO 4:1.

MENYE Roma-ʋakɔ siwo nɔ aʋa wɔm be yewoaxɔ anyigba yeyewoe Biblia ŋlɔla Yakobo nɔ nya sia biamee o; eye menye nusita Mía Ŋɔli me ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ hlɔ̃dolawo, amesiwo wogayɔna hã be Adekpuidalawo, nɔ aʋa wɔm me kum wònɔ o. Ame ʋɛ aɖewo, si ate ŋu anye ame eve pɛ gɔ̃ hã, dome nyaʋiʋlie nɔ susu me na Yakobo. Nukatae? Elabena ame nɔewo dome nyaʋawɔwɔ te ŋu gblẽa nu abe alesi aʋawɔwɔ gblẽa nui ene. Bu Biblia me nudzɔdzɔ siawo ŋu kpɔ.

Blemafofo Yakob viwo lé fu wo nɔvi Yosef ale gbegbe be wodzrae wòzu kluvi. (Mose I, 37:4-28) Emegbe Israel-fia Saul dze agbagba be yeawu Dawid. Ðe nukata? Esi wòʋã ŋu Dawid tae. (Samuel I, 18:7-11; 23:14, 15) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nyɔnu Kristotɔ eve siwo ŋkɔe nye Ewodia kple Sintixe tsɔ wo dome nyahehewo ɖe fu na hame bliboa ƒe ŋutifafa.—Filipitɔwo 4:2.

Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, avuwɔwɔ siwo me amewo tsɔa yi kple tu ɖe wo nɔewo ŋue wotsɔ kpɔa wo nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔe. Zi geɖe la, avuwɔla eveawo dometɔ ɖeka tsia eme alo zua nuwɔametɔ eƒe agbemeŋkekewo katã. Egbea, nya veame siwo tɔa ame vevie lae keléla siawo zãna koŋ abe woƒe aʋawɔnuwo ene. Togbɔ be ʋukɔkɔɖi manɔ esia ya me o hã la, nyaʋawɔwɔ siawo dea abi ameawo ƒe seselelãmewo kple bubu si le wo ŋu la ŋu. Zi geɖe la, ame maɖifɔwoe kpea fua le “aʋa” siawo me.

Le kpɔɖeŋu me, bu nusi dzɔ ƒe aɖewo va yi esi Anglikan nunɔla aɖe tsɔ nya ɖe nɔvia nunɔla bubu ŋu be eblu asi ɖe sɔlemehaa ƒe ga me ŋu kpɔ. Woƒe dzrea va dze go, eye hame si nu wonye nunɔlawo ɖo la me ma. Hamevi aɖewo gbea sɔlemeyiyi ne nunɔla si ŋu wotsi tre ɖo ye awɔ sɔlemea. Wo nɔewo tsitsri la nu sẽ ale gbegbe be womegadoa nu ne wova sɔleme o. Esi wova gblɔ le nunɔla si tsɔ nya ɖe nɔvia ŋu la ŋutɔ hã ŋu be enɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la, dzrea gafla.

Canterbury ƒe Bisiɔpgã gbe nya na nunɔla eveawo eye wògblɔ le woƒe dzrea ŋu be esɔ kple dɔvɔ̃ si nye “kansa” eye be enye “ŋukpenya si le vlo dom Mía Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ.” Le ƒe 1997 me la, nunɔlaawo dometɔ ɖeka lɔ̃ be yeaɖe asi le dɔ ŋu. Evelia ya yi eƒe nunɔladɔa dzi vaseɖe esime wòtsi ɖo afisi wòle be wòaxɔ dzudzɔ godoo le dɔme. Ke hã eganɔ anyi va ɖo ɣeyiɣi mamlɛtɔ, esime mɔɖeɖe aɖeke megali be wòayi dɔ dzi o hafi wòɖe asi le dɔ ŋu le eƒe ƒe 70 lia xɔgbe si nye August 7, 2001. The Church of England Newspaper gblɔ be Victricius “Kɔkɔe” ɖu azã gbesigbe nunɔla ma ɖe asi le dɔ ŋu. Amekae nye Victricius “Kɔkɔe” sia? Enye ƒe alafa enelia me bisiɔp aɖe si wogblɔ be woƒoe le esi wògbe be yemayi aʋa o ta. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ le vovototo si le woa kple nunɔla la dome ŋu be: “Gbegbe be yemawɔ nunɔlaʋa o menye [nunɔla ma si ɖe asi le dɔ ŋu ƒe] nɔnɔme o.”

Ne ɖe nunɔla mawo tsɔ aɖaŋu si woɖo ɖe Romatɔwo 12:17, 18 be, “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me,” wɔ dɔe la, anye ne woaƒo asa na nuveviwɔwɔ wo ɖokui kple ame bubuwo hafi.

Ke wò hã ɖe? Ne ame aɖe wɔ nu wòve wò la, ɖe dziku ƒonɛ ɖe nuwò be nàwɔ nyaʋa kpliia? Alo ɖe nèléa ɖokuiwò be yemagblɔ dzikunyawo o, ale be yewoate ŋu ava wɔ ŋutifafaa? Ne èdze agɔ le ame dzi la, ɖe nègbea nuƒoƒo na amea kple susu be amea aŋlɔe be le ɣeyiɣi aɖe megbea? Alo ɖe nètsona kaba ɖea kuku? Eɖanye wòe bia tsɔtsɔke loo alo wòe tsɔ ke amea o, agbagba dzedze be miawɔ ŋutifafa ade dziwò. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzre xoxowo gɔ̃ hã gbɔ, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.