Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Rut ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Rut ƒe Agbalẽa Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Rut ƒe Agbalẽa Me

ENYE agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ si ku ɖe nyɔnu eve aɖewo ƒe kuku ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ ŋu. Enye nuŋlɔɖi aɖe si ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa Mawu ŋu kple kaka ɖe eƒe ɖoɖowo dzi fia. Enye ŋutinya aɖe si ɖe alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme na dzidzime si dzi Mesia la to va la fia. Enye nuŋlɔɖi wɔdɔɖeamedzi si ɖe ƒome aɖe ƒe dzidzɔ kple konyifafa gblɔ. Nusiawo kple bubu geɖewoe le Biblia-gbalẽ si nye Rut me.

Rut ƒe agbalẽa ƒo nu tso ƒe siwo anɔ abe 11 ene me nudzɔdzɔwo “le ɣeyiɣi, siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo [nɔ] dzi ɖum” le Israel ŋu. (Rut 1:1) Nuawo anya dzɔ le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe dziɖuɖu ƒe gɔmedzeɣi, elabena Raxab si nɔ anyi le Yosua ŋɔli ƒe vie anyigbatɔ Boas nye, eye Boas sia nye amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia me la dometɔ ɖeka. (Yosua 2:1, 2; Rut 2:1; Mateo 1:5) Anɔ eme be nyagblɔɖila Samuel ye ŋlɔ ŋutinya sia le ƒe 1090 D.M.Ŋ. me. Agbalẽ sia koe nye esi tɔ nyɔnu si menye Israel-vi o la ƒe ŋkɔ. Gbedasi si le eme “la le agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Hebritɔwo 4:12.

“AFISI NAYI LA, AFIMA MAYI”

(Rut 1:1–2:23)

Esi Naomi kple Rut va ɖo Betlexem la, ame gbogbo aɖewo se wo ŋuti nya. Dua me nyɔnuwo nɔa asi fiam nyɔnua tsitsitɔ henɔa biabiam be: “Naomi enye esia?” Naomi ɖoa eŋu na wo be: “Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara nam; elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm! Metsɔ nu geɖe yii, ke Yehowa kplɔm gbɔe asi gbɔloe.”—Rut 1:19-21.

Esi dɔ si to le Israel na be Naomi ƒe ƒomea ʋu tso Betlexem yi Moab-nyigba dzi la, “nu geɖe” nɔ Naomi si le gɔmesese sia nu be srɔ̃ kple viŋutsu eve nɔ esi. Gake le woƒe Moab nɔnɔ ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃a Elimelex ku. Le ema megbe la, viaŋutsu eveawo ɖe Moab nyɔnu siwo ŋkɔe nye Orpa kple Rut. Anɔ abe ƒe ewo ene megbe la, viaŋutsu eveawo hã ku vimadzimadzii hegblẽ nyɔnu etɔ̃awo ɖeɖe ɖi. Esi wo lɔ̃xo Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi Yuda la, viaŋutsuawo ƒe ahosiawo dze eyome. Le mɔa dzi la, Naomi ƒoe ɖe lɔ̃xoyɔviawo nu be woatrɔ ayi Moab ale be woaɖadi srɔ̃ aɖe le wo detɔwo dome. Orpa lɔ̃ ɖe nya la dzi hetrɔ. Gake Rut ya ku ɖe Naomi ŋu hegblɔ be: “Afisi nayi la, afima mayi; afisi natsi la, afima matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.”—Rut 1:16.

Ahosi eveawo, Naomi kple Rut, ɖo Betlexem le luŋeɣi ƒe gɔmedzedze. Rut wɔ ɖoɖo si le Mawu ƒe Sea me la ŋudɔ eye wòdze lu siwo tsi bo to kple esiwo ge ɖe anyigba la fɔfɔ gɔme le Elimelex ƒe ƒometɔ—si nye Yudatɔ tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Boas—ƒe agble me. Boas ve Rut nu esi wòɖe mɔ nɛ be wòayi edzi anɔ nuku siwo tsi bo to kple esiwo ge ɖe anyigba le eƒe agblea me la fɔm “vaseɖe esime lu kple ƒo ŋeŋe la wu enu.”—Rut 2:23.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:8—Nukatae Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔviawo be wo “dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me” ke menye fofoa ƒe me o? Ne Orpa fofo ganɔ agbe ɣemaɣi loo alo meganɔ agbe o la, womegblɔe na mí o. Gake Rut fofo ya nɔ agbe ɣemaɣi. (Rut 2:11) Ke hã dada ƒe mee Naomi yɔ, ɖewohĩ kple susu be wo dada ƒe aƒeme yɔyɔ aɖo ŋku wo dada ƒe amelɔlɔ̃ dzi na wo, si ate ŋu aʋã wo be woatrɔ. Nya sia gbɔgblɔ afa akɔ na nyɔnu siwo kaklã ɖa tso wo lɔ̃xo lɔlɔ̃a gbɔ ƒe konyifafa wu ko na la. Nya sia ate ŋu afia hã be to vovo na Naomi la, aƒe nyuiwo nɔ Rut dada kple Orpa dada si.

1:13, 21—Ðe Yehowa na agbenɔnɔ sesẽ na Naomi eye wodo nublanuitɔea? Ao, eye Naomi mebu fɔ Mawu ɖe nu gbegblẽ aɖeke ta o. Gake le nusiwo katã dzɔ ɖe edzi ta la, ebui be ɖe Mawu tsi tre ɖe ye ŋu. Eƒe dzi gbã eye dzi ɖe le eƒo. Gakpe ɖe eŋu la, wobua vidzidzi ɣemaɣi be enye Mawu ƒe yayra ƒe dzesi eye wobua kotsitsi be enye fiƒode ƒe dzesi. Esi mamayɔviwo menɔ esi o eye viaŋutsu eveawo hã ku ta la, Naomi anya susui be esɔ be yeabui be Yehowa do ŋukpe ye.

2:12“Fetu dedie” kae Rut xɔ tso Yehowa gbɔ? Rut dzi viŋutsuvi eye mɔnukpɔkpɔ hã su esi be wòanye dzidzime vevitɔ kekeake le ŋutinya me—si nye Yesu Kristo ƒe dzidzime—la me tɔ.—Rut 4:13-17; Mateo 1:5, 16.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:8; 2:20. Togbɔ be Naomi to fukpekpewo me hã la, eyi edzi ka ɖe Yehowa ƒe amenuveve dzi. Ele be míawo hã míawɔ nu nenema ke, vevietɔ ne nya sesẽwo dzɔ ɖe mía dzi.

1:9. Mele be aƒeme nanye ƒomea me tɔwo ƒe nuɖuƒe kple anyimlɔƒe ko o. Ele be wòanye ŋutifafa teƒe si gbɔɖeme kple akɔfafa le.

1:14-16. Nudidinameɖokui ɖu Orpa dzi ‘wògbugbɔ yi eƒe dukɔ kple eƒe mawuwo gbɔ.’ Rut ya megbugbɔ o. Egblẽ akɔfafa kple dedienɔnɔ si nɔ wo de dukɔ la me ɖi heyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si anɔ mía me na Mawu kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si míaɖe afia la akpɔ mía ta be míagawɔ ɖe míaƒe dzodzro siwo me ɖokuitɔdidi le, si ana be ‘míagbugbɔ ɖe megbe ɖe gbegblẽ me’ la dzi o.—Hebritɔwo 10:39.

2:2. Rut wɔ nuku fɔfɔ le bo to kple esi wogblẽ ɖi fɔfɔ ƒe ɖoɖo si wowɔ na amedzrowo kple hiãtɔwo la ŋudɔ. Ðokuibɔbɔlae wònye. Mele be Kristotɔ si hiã tu la nanɔ dadam be yemaxɔ kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le si haxɔsetɔwo anae loo alo agbe be yemaxɔ dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋu aɖe si wòdze na hafi la o.

2:7. Togbɔ be gome nɔ Rut si be woafɔ nukua hã la, ebia mɔ hafi yi ɖafɔe. (Mose III, 19:9, 10) Esia nye ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si wòɖe fia. Anyo ŋutɔ be ‘míaɖe ɖokuibɔbɔ afia,’ elabena “ame ɖihiãwo [alo, ɖokuibɔbɔlawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Zefanya 2:3; Psalmo 37:11.

2:11. Rut wɔ nusi de ŋgɔ wu ƒometɔ dzro ko nyenye na Naomi. Xɔlɔ̃ vavãe wònye nɛ. (Lododowo 17:17) Woƒe xɔlɔ̃dzedzea me sẽ, elabena nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, nuteƒewɔwɔ, veveseseɖeamenu, dɔmenyonyo, kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ dzie wotui ɖo. Vevietɔ wotu xɔlɔ̃dzedzea ɖe woƒe gbɔgbɔmemenyenye—si nye didi be yewoasubɔ Yehowa kple be yewoanɔ esubɔlawo dome—dzi. Mɔnukpɔkpɔ nyuiwo le míawo hã si be míatu xɔlɔ̃dzedze akuakua ɖo kple tadeagula vavãwo.

2:15-17. Esi Boas na be Rut ƒe nufɔfɔdɔa dzi ɖe kpɔtɔ nɛ hã la, ‘Rut yi edzi fɔ nukuwo le agblea me vaseɖe fiẽ me ke.’ Rut wɔa dɔ moveviɖoɖotɔe. Ele be woanya Kristotɔwo be wowɔa dɔ moveviɖoɖotɔe.

2:19-22. Naomi kple Rut ɖo dze tuameɖowo le fiẽsiwo, Naomi tsɔa ɖe le Rut ƒe dɔwɔnawo me, woa kple evea sia wogblɔa woƒe tamesusuwo kple seselelãmewo na wo nɔewo faa. Ðe menye nenema tututue wòle be wòanɔ le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me oa?

2:22, 23. To vovo na Yakob vinyɔnu Dina la, Rut ya de ha kple Yehowa subɔlawo. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi esia nye na mí!—Mose I, 34:1, 2; Korintotɔwo I, 15:33.

“NU GEÐE” VA SU NAOMI SI

(Rut 3:1–4:22)

Naomi tsi to vidzidzi me. Eyata egblɔ na Rut be woaxɔ ɖe ye teƒe awɔ ame srɔ̃ si ku nɔvi ɖeɖe la. Rut wɔ ɖe Naomi ƒe mɔfiamea dzi hebia tso Boas si be wòaxɔ ye aɖe ɖe Naomi teƒe. Boas lɔ̃ faa be yeaɖee. Gake ƒometɔ aɖe li si dze le se nu wu Boas si wòle be woana srɔ̃ɖeɖe sia ƒe mɔnukpɔkpɔe gbã.

Boas mehe ɖe megbe kura le ɖoɖowɔwɔ ɖe nya sia gbɔ kpɔkpɔ ŋu me o. Esi ŋu nya ke ko la, eyɔ ƒometɔ sia ɖe ame tsitsi ewo gbɔ le Betlexem eye wòbia nenye be alɔ̃ be yeaxɔ ɖe ame kukua teƒe aɖe srɔ̃a. Ŋutsua gbe. Le esia ta la, Boas lɔ̃ be yeaɖe srɔ̃ la, eye wòɖe Rut. Wodzi ŋutsuvi, si ŋkɔe nye Obed, si va zu Fia Dawid tɔgbui. Betlexem nyɔnuawo va le gbɔgblɔm na Naomi azɔ be: “Woakafu Yehowa . . . Afa akɔ na wò, eye wòakpɔ dziwò le wo nyagãkuku me; elabena lɔ̃xowò, si lɔ̃ wò, eye wòde ŋutsuvi adre nu na wò gbɔ edzi lae, dzii na wò!” (Rut 4:14, 15) “Nu geɖe” gasu nyɔnu si trɔ gbɔ va Betlexem “asi gbɔloe” la si ake.—Rut 1:21.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

3:11—Nukae na be wonya Rut be enye “nyɔnu zãzɛ”? Menye “gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo” alo “sikadodo kple awudodo” me ye na Rut ƒe nu lé dzi na amewo o. Ke boŋ “dzime ƒe ame ɣaɣla”—eƒe nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ kple tufafa, kutrikuku kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ—ye na be amewo lɔ̃ eƒe nya. Ele be nyɔnu mawuvɔ̃la ɖesiaɖe si di be yeanɔ abe Rut ene nadze agbagba vevie be yeatu nɔnɔme siawo ɖo.—Petro I, 3:3, 4; Lododowo 31:28-31.

3:14—Nukatae Rut kple Boas fɔ hafi ŋu ke? Mefia be agbe gbegblẽ aɖe si wonɔ le zã me dzie wodi be yewoatsyɔ nui o. Rut ƒe afɔ si wòɖe le zã ma me anya nye nusi nyɔnu siwo le wo srɔ̃ si ku nɔvi dim be wòaɖe la wɔna zi geɖe. Nya si Naomi gblɔ nɛ dzie wòzɔ ɖo. Gawu la, alesi Boas wɔ nui ɖe fia be mekpɔ be naneke gblẽ le nusi Rut wɔ la ŋu o. (Rut 3:2-13) Anye be ɖe Rut kple Boas fɔ kaba ale be ame aɖeke magava nɔ alakpanya aɖeke kakam tso wo ŋu o.

3:15—Gɔmesese kae le lu dzidzenu ade si Boas ku na Rut ŋu? Esia anya fia be abe alesi dzudzɔgbe vana ɖe dɔwɔŋkeke ade yomee ene la, Rut hã ƒe dzudzɔgbe tu aƒe. Boas akpɔ egbɔ be Rut kpɔ “dzudzɔ” le srɔ̃a ƒeme. (Rut 1:9; 3:1) Ate ŋu anye hã be lu dzidzenu adee nye agba si Rut ate ŋu akɔ ayi aƒemee.

3:16—Le Hebrigbe si me woŋlɔ mawunyakpukpui sia ɖo zi gbãtɔ ƒe nya nu la, nukatae Naomi bia Rut be: “Wò amekae, vinye?” Ðe mekpɔ lɔ̃xoyɔvia dze sii oa? Anye be ɖe mekpɔe dze sii o vavã, elabena esi Rut trɔ gbɔ va Naomi gbɔ la, xexeme manya kɔ haɖe o. Gake nya si Naomi bia ate ŋu afia hã be enɔ didim be yeanya nu tso alesi eƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa va yii ŋu.

4:6—Mɔ ka nue nuxɔƒlela ate ŋu ‘agblẽ’ eƒe domenyinu me le nenye be wòxɔ nu le ƒeƒlem? Gbã la, ne amesi da ahe dzra eƒe anyigba si ƒe dome wònyi la, ele be nuxɔƒlela la naxe ga home aɖe ɖe anyigba la ta, eye ga si wòaxe ƒe agbɔsɔsɔme anɔ te ɖe ƒe xexlẽme si susɔ ne Aseyetsoƒe la naɖo dzi. (Mose III, 25:25-27) Nuxɔxɔƒle sia aɖe eƒe nunɔamesiwo dzi akpɔtɔ. Gawu la, ne Rut dzi ŋutsuvi la, ke ŋutsuvi mae anyi nuxɔƒlela la ƒe nunɔamesiwo dome ke manye nuxɔƒlela la ƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖekee o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

3:12; 4:1-6. Boas wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. Ðe míedzea agbagba vevie be míawɔ ɖe teokrasi ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛa?—Korintotɔwo I, 14:40.

3:18. Naomi ka ɖe Boas dzi. Ðe mele be míaka ɖe haxɔsetɔ wɔnuteƒewo dzi nenema ke oa? Rut lɔ̃ faa wɔ ɖe ame srɔ̃ si ku nɔvi ɖeɖe ƒe ɖoɖoa dzi, elɔ̃ be yeaɖe ŋutsu si ŋu menya nu gobi aɖeke le o, si nye ŋutsu si ƒe ŋkɔ womeyɔ ɖe Biblia me o. (Rut 4:1) Nukatae? Elabena eka ɖe Mawu ƒe ɖoɖoa dzi. Ðe kakaɖedzi ma tɔgbe le míawo hã sia? Le kpɔɖeŋu me, ne míele srɔ̃ dim be míaɖe ɖe, ɖe míewɔna ɖe nuxlɔ̃ame si nye be míaɖe srɔ̃ le “Aƒetɔ la me” dzia?—Korintotɔwo I, 7:39.

4:13-16. Togbɔ be Moab-nyɔnu kple mawu Kemos subɔlae Rut nye tsã hã la, mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi va su esi! Esia ɖo kpe gɔmeɖose si nye be “metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu, si kpɔa nublanui la gbɔ boŋ” ƒe nyateƒenyenye dzi.—Romatɔwo 9:16.

Mawu ‘Ado Wò Ðe Dzi le Ɣeyiɣi si Wòɖo Ði la Dzi’

Rut ƒe agbalẽa ɖee fia be Yehowa nye amenuveve Mawu si xɔna na esubɔla wɔnuteƒewo. (Kronika II, 16:9) Ne míede ŋugble le alesi woyra Rut ŋu la, míedea dzesi viɖe si le alesi wòle be míatsɔ xɔse sẽŋu aka ɖe Mawu dzi bliboe ahaxɔe ase bliboe be enye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie” la ŋu.—Hebritɔwo 11:6.

Rut, Naomi, kple Boas ka ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi bliboe eye nuwo tsɔ afɔ na wo nyuie. Nenema ke “amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyui vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.” (Romatɔwo 8:28) Eyata mina míatsɔ apostolo Petro ƒe nya siawo ade dɔwɔna me, esi nye: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—Petro I, 5:6, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ènya nusitae Rut megblẽ Naomi ɖi oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nukae wɔe be wonya Rut be enye “nyɔnu zãzɛ”?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nukae nye “fetu dedie” si Yehowa na Rut?