Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Ate Ŋu Adze Edzi Le Egbe Xexeame

Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Ate Ŋu Adze Edzi Le Egbe Xexeame

Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Ate Ŋu Adze Edzi Le Egbe Xexeame

“Mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”​—Kolosetɔwo 3:14.

1, 2. (a) Kristo-hamea me nyateƒenya kae dea dzi ƒo ŋutɔ? (b) Srɔ̃ɖegbenɔnɔ ka ŋue woate ŋu agblɔ le be ekpɔ dzidzedze?

NE MÍELÉ ŋku ɖe Kristo-hamea me la, ɖe dzi medzɔa mí be míakpɔ be srɔ̃tɔ gbogbo aɖewo siwo wɔ nuteƒe na wo srɔ̃wo ƒe 10, 20, 30, alo wu nenema enye esia le eme oa? Woku ɖe wo nɔewo ŋu le vivi kple veve siaa me.​—Mose I, 2:24.

2 Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be yewodoa go kuxiwo le yewoƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Numekula aɖe ŋlɔ bena: “Srɔ̃ɖegbenɔnɔ si me dzidzɔ le la menye esiwo me kuxiwo mele o. Dzidzɔɣiwo kple nuxaɣiwo nɔa eme . . . Gake to mɔ aɖe dzi la, . . . amesiawo te ŋu nɔa wo nɔewo gbɔ togbɔ be [tukaɖawo] le agbe me egbea hã.” Srɔ̃tɔ kpɔdzidzedzewo srɔ̃ alesi woate ŋu anɔ te ɖe kuxi kple xaxa siwo me agbe ƒe amemiamiawo wɔe be wòle be woato godoo, vevietɔ ne viwo le wo si, la nu. Nusiwo me srɔ̃tɔ siawo to fia wo be lɔlɔ̃ vavãtɔ “nu metsina gbeɖe o.”—Korintotɔwo I, 13:8.

3. Nukae akɔntabubuwo ɖe fia tso srɔ̃ɖegbenɔnɔ kple srɔ̃gbegbe ŋu, eye biabia kawoe wòfɔ ɖe te?

3 To vovo na esia la, ame miliɔn geɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Wole mɔ kpɔm be srɔ̃tɔ siwo katã le United States la ƒe afã agbe wo nɔewo. Eye [srɔ̃gbegbe] siawo ƒe afã ava le ƒe 7.8 gbãtɔ le srɔ̃a ɖeɖe megbe ko me . . . Le srɔ̃gbela 75 le alafa me siwo agaɖe srɔ̃ bubu me la, wo dometɔ 60 le alafa me agagbe srɔ̃ ake.” Dukɔ siwo me womegbea srɔ̃ le kabakaba o gɔ̃ hã trɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Japan la, srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe le ƒe siawo me. Nukawoe nye kuxi siwo he nɔnɔme sia si te ŋu gena ɖe Kristo-hamea me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la vɛ? Nukae hiã bene srɔ̃ɖegbenɔnɔ nate ŋu adze edzi togbɔ be Satana dzea agbagba be yeagblẽ ɖoɖo sia me hã?

Mɔtetre Siwo Míaƒo Asa Na

4. Nusiwo ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖegbenɔnɔ me dometɔ aɖewo ɖe?

4 Mawu ƒe Nya la kpe ɖe mía ŋu míese nusiwo ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, bu apostolo Paulo ƒe nya siwo ku ɖe nɔnɔme siwo anɔ ŋkeke mamlɛ siawo me la ŋu kpɔ: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!”—Timoteo II, 3:1-5.

5. Nukata ‘ɖokuilɔ̃la’ dea eƒe srɔ̃ɖeɖe afɔku me, eye aɖaŋu kae Biblia ɖo le esia ŋu?

5 Ne míede ŋugble le Paulo ƒe nyawo ŋu la, míakpɔe be nusiwo wòyɔ la dometɔ geɖe ate ŋu ana srɔ̃ɖegbenɔnɔ me nagblẽ. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo nye “ɖokuilɔ̃lawo” la nyea ɖokuitɔdilawo eye womebua ame bubuwo ŋu o. Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu siwo lɔ̃a wo ɖokui ɖeɖe la ɖonɛ kplikpaa be yewoawɔ yewoƒe lɔlɔ̃nu. Woƒe nya me sẽna eye womeɖea asi le nya ŋu o. Ðe nɔnɔme sia ana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖegbenɔnɔ mea? Kura o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo, siwo me srɔ̃tɔwo hã le, nunyatɔe be: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui; amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ [ko] dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!”—Filipitɔwo 2:3, 4.

6. Aleke galɔlɔ̃ ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖegbenɔnɔ mee?

6 Galɔlɔ̃ ate ŋu ade mɔ ŋutsu kple srɔ̃a dome. Paulo xlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” (Timoteo I, 6:9, 10) Nublanuitɔe la, Paulo ƒe nuxlɔ̃amea va eme ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe dzi egbea. Kesinɔnuwo didi vivivo wɔe be srɔ̃tɔ geɖe ŋe aɖaba ƒu wo srɔ̃wo ƒe nuhiahiãwo, si me nuhiahiã vevi siwo nye seselelãme ƒe kpekpeɖeŋu nana kple zɔhɛ dodzidzɔname nyenye ɣesiaɣi le la, dzi.

7. Le go aɖewo me la, nɔnɔme kae wɔe be srɔ̃tɔ aɖewo mewɔ nuteƒe na wo srɔ̃wo o?

7 Paulo gblɔ hã be ame aɖewo anye “ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo [melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, NW]” le ŋkeke mamlɛ siawo me. Srɔ̃ɖeɖe me tamkaka la nye ŋugbedodo vevi aɖe si wòle be wòabla srɔ̃tɔawo ɖekae tegbee, eye mele be edome nagblẽ kura o. (Maleaxi 2:14-16) Gake ame aɖewo trɔ woƒe srɔ̃ɖeɖe me vividoɖeameŋuwo ɖe amesiwo menye wo srɔ̃wo o ŋu. Srɔ̃nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 30-awo me, si gbɔ srɔ̃a dzo le, ɖe nu me be hafi wòagblẽ ye ɖi gɔ̃ hã la, ebaa ha nyɔnu bubuwo hedoa vivi ɖe wo ŋu akpa. Mete ŋu kpɔ nusi mele be ŋutsu srɔ̃tɔ nawɔ o la dze sii o. Eve nyɔnua ŋutɔ be wòkpɔ be nusia nɔ dzɔdzɔm eye wòdze agbagba aɖaŋudzedzetɔe be yeaxlɔ̃ nu ŋutsua le afɔku si me wòɖo tae la ŋu. Ke hã, ɖeko ŋutsua yi ɖawɔ ahasi. Togbɔ be woxlɔ̃ nu srɔ̃tɔ si dze agɔ sia dɔmenyotɔe hã la, meɖo toe o. Eyi kɔ̃ ɖaƒo ta ɖe mɔ̃a me.—Lododowo 6:27-29.

8. Nukae ate ŋu akplɔ ame ade ahasiwɔwɔ me?

8 Aleke Biblia xlɔ̃ nu ku ɖe ahasiwɔwɔ ŋu eme kɔ nyuie enye si! “Amesi wɔ ahasi kple nyɔnu aɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wònye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.” (Lododowo 6:32) Zi geɖe la, wometsona zi ɖeka kpoyi ko yi ɖawɔa ahasi o. Abe alesi Biblia ŋlɔla Yakobo ɖee fia ene la, zi geɖe la, ɖe susua ɖoa tame na ame eye wòbua eŋu ʋuu hafi yina ɖawɔa nuvɔ̃ abe ahasi ene. (Yakobo 1:14, 15) Srɔ̃tɔ vodala la va nɔa asi ɖem le nuteƒe si ƒe atam wòka be yeawɔ na yesrɔ̃ le yeƒe agbe me katã la ŋu vivivi. Yesu gblɔ be: “Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”—Mateo 5:27, 28.

9. Aɖaŋu nyui kae woɖo ɖe Lododowo 5:18-20?

9 Eyata nunyanu vavã aɖee nye esi ƒe dzi wode ƒo le Lododowo ƒe agbalẽa me be: “Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu, eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ̃ nena nanɔ ya mum ɖaa. Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nanɔ ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?”—Lododowo 5:18-20.

Mègatsɔ Dzitsitsi Yi Ðaɖe Srɔ̃e O

10. Nukata nunya le eme be ame nagbɔ dzi ɖi anya amesi ɖe ge wòyina la nyuie?

10 Srɔ̃ɖegbenɔnɔ me kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa ne atsu kple asi aɖe ge ɖe ƒomedodo sia me kaba akpa. Ðewohĩ wometsi tututu o eye nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o. Alo ɖewohĩ womegbɔ dzi ɖi nya wo nɔewo nyuie o—anya nusi wolɔ̃ kple nusi womelɔ̃ o, taɖodzinu siwo le wo si le agbe me, kple ƒome si me wotso o. Nunya le eme be ame nagbɔ dzi ɖi, anya amesi ɖe ge wòyina la nyuie. Bu Isak vi, Yakob, ŋu kpɔ. Ehiã be wòawɔ dɔ na amesi ava nye toa ƒe adre sɔŋ hafi wòana wòaɖe Raxel. Elɔ̃ be yeawɔ dɔa elabena lɔlɔ̃ akuakua dzie eƒe seselelãmewo nɔ te ɖo, ke menye nyɔnua ƒe tugbedzedze dzro ko o.—Mose I, 29:20-30.

11. (a) Nukae srɔ̃ɖeɖea blana ɖekae? (b) Nukata nuƒoƒo nunyatɔe le vevie le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me?

11 Srɔ̃ɖegbenɔnɔ de ŋgɔ wu gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme dzro ko. Srɔ̃ɖeɖea tea ame eve siwo tso ƒome vovovo me, siwo ƒe amenyenye kple seselelãme to vovo kura, eye woƒe agbalẽnyanya mesɔna zi geɖe o, la ƒoa ƒui. Ɣeaɖewoɣi la, enyea dekɔnu eve, alo gbegbɔgblɔ eve, tete ƒo ƒu ɖekae. Ne mede ɖeke o la, etea gbe eve ƒoa ƒui, si wɔnɛ be wote ŋu ɖea nukpɔsusu vovovowo gblɔna le nya ƒomevi ɖesiaɖe ŋu. Gbe eve siawo wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Woate ŋu anye nyahehe kple nyatoƒoetoto ɣesiaɣi loo, alo woate ŋu ade dzi ƒo na ame, ahatu ame ɖo vividoɖeameŋutɔe. Ẽ, míate ŋu atsɔ míaƒe nyawo ade abi mía srɔ̃wo ŋu loo alo ada gbe le wo ŋu. Nuƒoƒo ŋumaɖɔɖotɔe ate ŋu ahe kuxi sesẽwo va míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me.—Lododowo 12:18; 15:1, 2; 16:24; 21:9; 31:26.

12, 13. Alesi nuwo le ŋutɔŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me ŋuti nukpɔsusu ka ƒe dzie wode ƒo be wòanɔ ame si?

12 Eyata nunya le eme be míagbɔ dzi ɖi anya amesi míava ɖe la nyuie. Nɔvinyɔnu Kristotɔ tsitsi aɖe gblɔ kpɔ be: “Ne èle amesi nàɖe ŋu bum la, bu nu vevi ewo ya teti, siwo nàdi be yeakpɔ le amea ŋu la, ŋu. Ne adre koe nèkpɔ le eŋu la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mele klalo be matsɔ etɔ̃ siwo mele eŋu o la nenema koa? Ðe mate ŋu anɔ te nɔm ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ [etɔ̃] mawo nu gbesiagbea?’ Ne mèka ɖe edzi tututu o la, tɔ nàgbugbɔ eŋu abu ake.” Le nyateƒe me la, ele be nàkpɔ nuwo abe alesi wole ŋutɔŋutɔ ene. Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, nyae be màkpɔ kpeɖeŋutɔ si de blibo gbeɖegbeɖe o. Eye nenema kee mànye kpeɖeŋutɔ si de blibo na amesi nàva ɖe mlɔeba la hã o!—Luka 6:41.

13 Srɔ̃ɖegbenɔnɔ bia nuwo tsɔtsɔ sa vɔe. Paulo ɖe esia fia esime wògblɔ be: “Mele didim be, miagakpɔ fuɖeɖe aɖeke o. Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòadze aƒetɔ ŋu. Ke ŋutsu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexemenuwo, alesi wòawɔ adze nyɔnu la ŋu, eye wòle evedomesi. Nenema ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, kple ɖetugbi hã wole; nyɔnu si si srɔ̃ mele o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, bena wòanɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ la me; ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexe sia me nuwo, alesi wòawɔ adze ŋutsu la ŋu.”—Korintotɔwo I, 7:32-34.

Nusita Srɔ̃ɖeɖe Aɖewo me Gblẽna

14, 15. Nukawoe ate ŋu awɔe be srɔ̃ɖeɖe me nagbɔdzɔ?

14 Nyɔnu Kristotɔ aɖe ƒe dzi gbã nyitsɔ laa esime srɔ̃a gbee, le wo nɔewo ɖeɖe ƒe 12 megbe, yi ɖaɖe nyɔnu bubu. Ðe wòde dzesi nanewo do ŋgɔ hafi srɔ̃a gbeea? Eɖe eme be: “Eva ɖo afi aɖe si megadoa gbe ɖa o. Etsɔa nyamaɖinyawo nɔa susu siwo tae wòdaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ƒuna la nu ɖemee. Egblɔna be vovo mele ye ŋu kura o loo alo be ɖeɖi te ye ŋu akpa be yeanɔ gbɔnye míaɖo dze alo awɔ nane ɖekae. Meɖoa dze kplim o. Megaƒoa nu tsoa gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Ŋukpenanya gã aɖee wònye. Megale abe alesi wònɔ hafi meɖee la ene o.”

15 Ame bubuwo hã gblɔ be yewode dzesi nu mawo tɔgbe ke, si ƒe ɖewoe nye gbɔdzɔgbɔdzɔ le gbɔgbɔ me, ɖekematsɔmatsɔ le ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me, gbe madomado ɖa, alo Kristotɔwo ƒe kpekpewo mademade. Ne míagblɔe bubui la, amesiwo va gbe wo srɔ̃wo mlɔeba la dometɔ geɖe ɖe mɔ woƒe ƒomedodo kple Yehowa me gbɔdzɔ. Esia wɔe be woƒe gbɔgbɔmeŋku tsi. Womegakpɔa Yehowa abe Mawu si le agbe ene o. Dzɔdzɔenyenye xexeme yeye si ƒe ŋugbe wodo la meganyea nu ŋutɔŋutɔ na wo o. Le go aɖewo me la, gbɔgbɔ me gbɔdzɔgbɔdzɔ sia doa ŋgɔ gɔ̃ hã, hafi ame bubu ƒe nu va léa dzi na srɔ̃tɔ vodala la.—Hebritɔwo 10:38, 39; 11:6; Petro II, 3:13, 14.

16. Nukae doa ŋusẽ srɔ̃ɖegbenɔnɔ?

16 To vovo na esiawo la, srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔ aɖe gblɔ be nusi na yewoƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ kpɔ dzidzedzee nye yewoƒe gbɔgbɔ me ɖekawɔwɔ sẽŋu la. Wodoa gbe ɖa hesrɔ̃a nu ɖekae. Ŋutsua gblɔ be: “Míexlẽa Biblia ɖekae. Míeyia gbeadzi ɖekae. Nuwɔwɔ ɖekae dzɔa dzi na mí.” Nusɔsrɔ̃ si le eme la dze ƒã be: Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa ana be srɔ̃ɖegbenɔnɔ nali ke ɖe edzi.

Mikpɔ Nuwo abe Alesi Wole ene eye Miaɖo Dze

17. (a) Nu eve kawoe nana srɔ̃ɖegbenɔnɔ dzea edzi? (b) Aleke Paulo ɖɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃e?

17 Nu eve bubuwo hã naa srɔ̃ɖegbenɔnɔ dzea edzi: Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple dzeɖoɖo. Ne ame eve lɔ̃ wo nɔewo la, wote ŋu ŋea aɖaba ƒua wo nɔewo ƒe agɔdzedzewo dzi. Atsu kple asi la atsɔ mɔkpɔkpɔ si gbɔ eme na nane, si ɖewohĩ woxlẽ le lɔlɔ̃gbalẽwo me alo kpɔ le sinimawo me la, adze srɔ̃ɖegbenɔnɔa gɔmee. Gake mlɔeba la, srɔ̃tɔawo va kpɔna alesi tututue nua le la dzea sii. Ekema agɔdzedze suesuewo alo nuwɔna viviviwo ate ŋu ava zu kuxi gãwo. Ne edzɔ alea la, ele be Kristotɔwo naɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo, si ƒe akpa aɖee nye lɔlɔ̃, afia. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Le nyateƒe me la, ŋusẽ le lɔlɔ̃—menye ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ o, ke boŋ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃—ŋu ŋutɔ. Paulo ɖɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ sia be: ‘Egbɔa dzi blewu. Media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o, meléa vɔ̃ si wowɔe la ɖi o. Etsɔa nuwo katã kpoo, xɔa nuwo katã dzi sena, kpɔa mɔ na nuwo katã, doa dzi le nuwo katã me.’ (Korintotɔwo I, 13:4-7) Eme kɔ ƒã be lɔlɔ̃ akuakua ɖea mɔ ɖe amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Ne míagblɔe tututu la, media blibodede tso ame si o.—Lododowo 10:12.

18. Aleke dzeɖoɖo ate ŋu ana ƒomedodo me nasẽe?

18 Dzeɖoɖo hã le vevie. Ƒe ka kee srɔ̃tɔwo tsɔ nɔ anyii o, ele be woaɖo dze kple wo nɔewo ahaɖo to wo nɔewo nyuie. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Míeɖea míaƒe seselelãmewo gblɔna faa xɔlɔ̃wɔwɔtɔe.” Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ƒe nuteƒekpɔkpɔwo wɔnɛ be menye nya si wogblɔ ko gɔmee wòsena o, ke boŋ esea esi womegblɔ o hã gɔme. Ne míagblɔe bubui la, ne ƒeawo va le yiyim la, srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔ srɔ̃a alesi woakpɔ tamesusu alo seselelãme siwo womeɖe gblɔ o la adze sii. Srɔ̃nyɔnu aɖewo gblɔ be yewo srɔ̃wo meléa to ɖe yewoƒe nyawo ŋu tututu o. Srɔ̃ŋutsu aɖe to nyatoƒoe be edze abe yewo srɔ̃wo dina be woaɖo dze kple yewo le ɣeyiɣi si mesɔ kura o me ene. Dzeɖoɖo bia dɔmetɔtrɔ kple nugɔmesesename. Dzeɖoɖo nyui hiã vevie na ŋutsu kple srɔ̃a siaa.—Yakobo 1:19.

19. (a) Nukata kukuɖeɖe sesẽna? (b) Nukae aʋã mí be míaɖe kuku?

19 Ɣeaɖewoɣi la, dzeɖoɖo biana be woaɖe kuku. Ema menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ebiaa ɖokuibɔbɔ be ame nalɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi. Ke hã, aleke wòhetua srɔ̃ɖegbenɔnɔ ɖoe enye esi! Kukuɖeɖe si me alakpa mele o ate ŋu aɖe nusi ate ŋu ahe masɔmasɔ vɛ gbaɖegbe la ɖa eye wòaɖe mɔ na tsɔtsɔke ŋutɔŋutɔ kple kuxia gbɔ kpɔkpɔ. Paulo gblɔ be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”—Kolosetɔwo 3:13, 14.

20. Aleke wòle be Kristotɔ nanɔ agbe ɖe srɔ̃a ŋui le aƒeme kple ame dome?

20 Nusi hã le vevie le srɔ̃ɖegbenɔnɔ mee nye asikpekpe ɖe ame nɔewo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Ele be ŋutsu kple srɔ̃ Kristotɔwo nate ŋu aka ɖe wo nɔewo dzi ahaɖo ŋu ɖe wo nɔewo ŋu. Mele be wo dometɔ aɖeke naɖi gbɔ nɔvia alo ana be nɔvia magate ŋu aka ɖe eɖokui dzi o. Ele be míakafu mía srɔ̃wo lɔlɔ̃tɔe; mele be míabu fɔ wo dzimagbɔɖitɔe o. (Lododowo 31:28b) Le nyateƒe me la, míada wo ɖe anyi to bometsinu wɔwɔ ɖe wo ŋu kple hatsɛ manyatalenuwo kaka le wo ŋu me o. (Kolosetɔwo 4:6) Alɔdodo ame nɔewo sia me sẽna ɖe edzi to lɔlɔ̃ ɖeɖefia edziedzi me. Asikaka ame ŋu alo lɔlɔ̃nya aɖe si wogblɔ kple gbe blewu tufafatɔe ate ŋu anɔ ko abe gbɔgblɔ na ame srɔ̃ ene be: “Megalɔ̃ wò kokoko. Edzɔ dzi nam be nènye srɔ̃nye.” Esiawoe nye nusiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodoa dzi ahakpe ɖe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu, be wòadze edzi le egbe ƒe xexeame, la dometɔ aɖewo. Bubuwo hã li, eye nyati si kplɔe ɖo ana Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame bubuwo ku ɖe alesi woana srɔ̃ɖegbenɔnɔ nadze edzii ŋu. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Be nàkpɔ nyatakaka siwo de to wu la, kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nusiwo ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖegbenɔnɔ me la dometɔ aɖewo ɖe?

• Nukata nunya mele dzitsitsi tsɔtsɔ aɖe srɔ̃e me o?

• Aleke gbɔgbɔmemenyenye kpɔa ŋusẽ ɖe srɔ̃ɖegbenɔnɔ dzii?

• Nukawoe wɔnɛ be srɔ̃ɖeɖe lia ke?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Srɔ̃ɖegbenɔnɔ de ŋgɔ wu gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme dzro ko

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]

Ƒomedodo sẽŋu me nɔnɔ kple Yehowa kpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ dzea edzi