Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wowɔ Nuteƒe Le Dodokpɔ Me”

“Wowɔ Nuteƒe Le Dodokpɔ Me”

“Wowɔ Nuteƒe Le Dodokpɔ Me”

LE APRIL 1951 ƒe gɔmedzedze la, Soviet dziɖuɖu sẽŋu la dze Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo maɖifɔ aɖe dzi le vome le Soviet Union ƒe ɣetoɖoƒe nutome—woawoe nye Yehowa Ðasefowo. Wolɔ ƒome akpe geɖe—siwo me ɖevi suewo, funɔwo, kple ame tsitsiwo nɔ—de agbatsɔketekewo zɔ ŋkeke 20 sɔŋ ƒe mɔ teɖeɖiameŋu aɖe yi Siberia. Woɖoe be woatsi aboyo me, le nɔnɔme madeamedziwo kple ŋkumaʋumaʋu ƒe nɔnɔmewo me, tegbee.

Le April 2001 me la, woɖe video aɖe si me wofia alesi wote Yehowa Ðasefowo ɖe anyi le tsã Soviet Union ƒe gbogbo aɖewo ɖe go le Moscow tsɔ ɖo ŋku ŋutinya me nudzɔdzɔ sia ƒe ƒe 50 xɔxɔ dzii. Le videoa me la, ŋutinyaŋlɔlawo kple eteƒekpɔlawo gblɔ alesi Ðasefoawo wɔ to nɔnɔme sesẽawo me hedzi ɖe edzi kura gɔ̃ hã, togbɔ be fuwɔame sesẽwo nɔ anyi hã.

Ame miliɔn geɖe kpɔ Faithful Under Trials—Jehovah’s Witnesses in the Soviet Union (Yehowa Ðasefowo le Soviet Union—Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔ Me) video sia le Russia kple teƒe bubuwo fifia eye ekpɔlawo kple ŋutinyaŋlɔlawo kafui ŋutɔ. Russiatɔ agbalẽnyala siwo le nuto si me woɖe aboyo Ðasefowo ƒe ƒome akpa gãtɔ yii lae gblɔ nya eve siwo gbɔna la:

“Video sia nya kpɔ nam ŋutɔ. Mekpɔa dzidzɔ ɖe miaƒe ha la teƒenɔlawo ŋu ɣesiaɣi, gake esi mekpɔ videoa la, alesi míaƒe nu dzɔa dzi nam la gade to ɖe edzi. Wotrɔ asi le videoa ŋu ŋutɔ! Nusi dzɔ dzi nam koŋue nye alesi miena ameawo ŋutɔ ɖe woƒe numenya gblɔ. Togbɔ be Orthodɔkstɔwoe menye eye nyemeɖoe be mado le ha si me mele me o hã la, Ðasefowo ƒe nu dzɔa dzi nam ŋutɔ. Madi be video sia ƒe ɖeka nanɔ míaƒe sukua si. Mía kple mía tɔwo míeɖoe be míaɖee na míaƒe sukuviwo eye be míadee sukunusɔsrɔ̃wo me.”—Nufiala Sergei Nikolayevich Rubtsov, ŋutinya fialawo ƒe tatɔ le Dukɔa ƒe Agbalẽsrɔ̃ɖoɖo ƒe Yunivɛsiti, Irkutsk, Russia.

“Edzɔ dzi nam be woɖe video sia ɖe go. Ne wole ameteteɖeanyi ƒe video [alo sinima] wɔm la, enyea nusi sesẽna ŋutɔ ɣesiaɣi be woaɖo nudzɔdzɔawo wòatsiã ɖe wo nɔewo nu ɖe ɖoɖo nu. Gake miedze agbagba ɖoe ɖe ɖoɖo nu. Taflatse mitsɔ míaƒe video bubuwo vɛ nam faa.”—Nufiala Sergei Ilyich Kuznetsov, ŋutinya fialawo ƒe tatɔ le Dukɔa ƒe Yunivɛsiti, Irkutsk, Russia.

Yehowa Ðasefo siwo le Siberia hã kpɔ ŋudzedze ɖe videoa ŋu ŋutɔ. Nya siwo gbɔna nye nya siwo wogblɔ ƒe ɖewo:

“Le ɣeyiɣi si me nudzɔdzɔ siwo woɖe fia le videoa me nɔ dzɔdzɔm la, wotro nyawo gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo ŋu na ame geɖe le Russia. Gake esi wokpɔ video sia la, wokpɔe be menye kɔmamae míaƒe habɔbɔa nye abe alesi wobui va yii ene o. Amesiwo va zu Ðasefowo eteƒe medidi boo o gblɔ be: ‘Anye ne míanya gbeɖe be mía kple nɔvi Kristotɔ siwo do dzi le fukpekpe siawo gbegbe mee li hele dɔ wɔm ɖekae o!’ Esi Ðasefo aɖe kpɔ videoa vɔ la, egblɔ be yedi be yeazu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla mɔɖela.”—Anna Vovchuk, amesi wokplɔ yi Siberia aboyoe.

“Esi woɖe adzamekpovitɔwo wonɔ ʋɔ ƒom na Ðasefo aɖe la, nye lãme katã koe ble fu. Eɖi alesi woƒo ʋɔ na míi, eye meɖo ŋku edzi be danye gblɔ be: ‘Anye dzoe dze aƒe le afi aɖe.’ Gake videoa ɖo ŋku edzi nam hã be Ðasefo geɖe kpe fu wum. Nya siawo katã gadoa ŋusẽ mí henaa dzo si le mía me nu gasẽna ɖe edzi be míayi Yehowa subɔsubɔ dzi.”—Stepan Vovchuk, amesi wokplɔ yi Siberia aboyoe.

“Ðasefo aboyomewo ƒe vie menye. Eyata mesusui be mese nya geɖe tso ɣeyiɣi mawo ŋu xoxo. Gake esi mekpɔ video sia la, mekpɔe be nyemenya naneke koŋ le eŋu o. Esi menɔ gbebiameawo sem la, ɖeko aɖatsi lolo ɖe ŋku dzi nam. Fifia la, nuteƒekpɔkpɔawo meganye ŋutinya ko nam o, ke boŋ wonye agbemenudzɔdzɔwo ŋutɔŋutɔ nam. Videoa na ƒomedodo si le mía kple Mawu dome me gasẽ ɖe edzi eye wòdzram ɖo be mado dzi le fukpekpe ɖesiaɖe si ava le etsɔme la me.”—Vladimir Kovash, Irkutsk.

“Le gonyeme la, ŋusẽ le video sia ŋu wu ŋutinya si woaŋlɔ ɖi ko. Esi mekpɔ alesi wobia gbe nɔviawoe hese nya siwo wogblɔ la, ewɔ nam abe ɖe nye hã menɔ wo dome kpe fu mawo katã kpli wo ene. Nɔviŋutsu si taa nu ɖe agbalẽ dzi ɖona ɖe vianyɔnuviwo esime wònɔ gaxɔ me la ʋãm be madze agbagba ana Biblia me nyateƒeawo naɖo nye ŋutɔ vinyewo ƒe dzi gbɔ. Akpe na mi! Video sia na Yehowa Ðasefo siwo le Russia see le wo ɖokui me ɖe edzi fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be Yehowa ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa me tɔwoe yewonye.”—Tatyana Kalina, Irkutsk.

“Lo si wodona be ‘Nu kpɔkpɔ zi ɖeka nyo wu nya sese zi alafa’ la sɔ na video sia ŋutɔ. Agbe nɔ eme, nusɔsrɔ̃ ŋutɔŋutɔwo nɔ eme, eye wòku ɖe mía ŋu ale gbegbe! Esi mekpɔe la, mehiã ɣeyiɣi geɖe atsɔ abu eŋui. Videoa na metsɔ ɖokuinye ɖo Ðasefo mawo siwo wokplɔ yi aboyoe la teƒe kpɔ. Azɔ ne metsɔ nye nɔnɔmewo sɔ kple wo tɔ la, ekpena ɖe ŋunye metsɔa susu bubu kura bua míaƒe fifi kuxiwoe.”—Lidia Beda, Irkutsk.

Va ɖo fifia la, woɖe “Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔ Me” videoa ɖe go le gbegbɔgblɔ 25 me eye amewo le dzidzɔ kpɔm ɖe eŋu le xexeame godoo. * Woɖe video bliboa le television dzi le St. Petersburg, Omsk, kple Russia dugã bubuwo me, kpakple le Ukraine dugã siwo nye Vynnytsya, Kerch, Melitopol me kple le Lviv nutome. Dukɔwo dome habɔbɔ siwo léa ŋku ɖe video ƒe nyonyome ŋu na kafukafugbalẽwo ɖe ewɔwɔ nyuie ta.

Nusi na nufiame si le video sia me wɔ dɔ ɖe amewo dzi vevie nye kpɔɖeŋu si ame akpe geɖe siwo le abe míawo ke ene ɖo le dzinɔameƒo kple gbɔgbɔmeŋusẽ si tɔgbe mebɔ o ɖeɖefia me le yometitiƒe gbogbo mawo me. Vavãe, Yehowa Ðasefo siwo le Soviet Union ɖo kpe edzi be yewowɔa nuteƒe le dodokpɔ sesẽwo me. Ne adzro wò be yeakpɔ video sia la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadii na wò. Taflatse te ɖe esiwo le mia gbɔ ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Videoa le gbegbɔgblɔ siawo me: Bulgarian, Cantonese, Czech, Danish, Dutch, English, Finnish, French, German, Greek, Hungarian, Indonesian, Italian, Japanese, Korean, Lithuanian, Mandarin, Norwegian, Polish, Romanian, Russian, Slovak, Slovenian, Spanish, kple Swedish.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Stalin: U.S. Army photo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Stalin: U.S. Army photo