Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Kae Yesu Kristo Kpɔna Ðe Dziwò?

Ŋusẽ Kae Yesu Kristo Kpɔna Ðe Dziwò?

Ŋusẽ Kae Yesu Kristo Kpɔna Ðe Dziwò?

LE NYA siwo me míedzro le nyati si do ŋgɔ me nu la, ɖe woate ŋu ake ɖi be Yesu ƒe nufiafia mewɔ dɔ ɖe amewo dzi le xexeame godoo oa? Gake nya si wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui enye be, “Ŋusẽ kae Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kpɔna ɖe dzinye?”

Yesu ƒe nufiafia he susu yi nyati gbogbo aɖewo dzi. Nufiame vevi siwo le wo me ate ŋu aɖe vi na wò le nusianu me le agbe me. Na míabu nusi Yesu fia ku ɖe nu veviwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me, xɔlɔ̃dzedze Mawu, nana be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple ame bubuwo dome, kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ, kple asaƒoƒo na ŋutasẽnuwɔnawo ŋu kpɔ.

Ðo Nu Veviwo Nɔƒe Gbãtɔ le Agbe Me

Alesi vovo mele xexeame egbea kura o nana míezãa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe ale be zi geɖe la, ɣeyiɣi kpɔkpɔ na gbɔgbɔmenuwo nyea dɔ. Na míabu ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 20-awo me, si míayɔ be Jerry ƒe nya ŋu kpɔ. Togbɔ be Jerry lɔ̃a dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu eye wòdea asixɔxɔ nusiwo wòsrɔ̃na tso wo me ŋu hã la, efa konyi be: “Nyemete ŋu kpɔa vovo ƒoa ɖokuinye ɖe eme edziedzi o. Mewɔa dɔ ŋkeke ade le kwasiɖa me. Kwasiɖagbe koe nye ŋkeke si medzudzɔna. Eye ne mekpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ vɔ la, ɖeɖi tea ŋunye ale gbegbe.” Ne kuxi sia tɔgbee le fu ɖem na wò la, àte ŋu aɖe vi tso nusi Yesu fia le Todzimawunyaa me la me.

Yesu gblɔ na ameha siwo ƒo ƒu be yewoase eƒe nya la be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo tɔ o mahã? . . . Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:25-33) Nukae míesrɔ̃ tso eme?

Yesu menɔ fiafiam be míagakpɔ mía kple míaƒe ƒomea me tɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Ke hã Yesu do ŋugbe be ne míetsɔ nusiwo le vevie ɖo nɔƒe gbãtɔ ale be gbɔgbɔmenuwo xɔ nɔƒe gbãtɔ la, Mawu akpɔ egbɔ be nuhiahiã bubuawo su mía si. Nufiafia si le nyaa mee nye nu veviwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ nana wokpɔa dzidzɔ, elabena ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me.’—Mateo 5:3.

Dze Xɔlɔ̃ Mawu

Amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me nya alesi wòle vevie be woana ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Mawu dome. Aleke woɖoa ƒomedodo nyui gɔme anyi kple amee? Menye ɖee míedzea agbagba be míanya amea nyuie oa? Ele be míagbɔ dzi ɖi asrɔ̃ nu ku ɖe amea ƒe nukpɔsusuwo, eƒe nɔnɔmewo, eƒe ŋutetewo, nusiwo wòwɔ, eƒe nudidiwo, kple nusiwo melɔ̃na o ŋu. Alea kee wòle ne míedi be míadze xɔlɔ̃ Mawu. Míehiã eŋuti sidzedze vavãtɔ. Esime Yesu nɔ gbe dom ɖa na Mawu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta la, egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ẽ, xɔlɔ̃dzedze Mawu bia be míanyae. Afisi míakpɔ sidzedze sia le koe nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, Biblia la me. (Timoteo II, 3:16) Ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo.

Ke hã sidzedze ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Yesu gblɔ le gbedodoɖa sia ke me tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Wolé wò nya la me ɖe asi.” (Yohanes 17:6) Mele be míasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ko evɔ o, ke boŋ ele be míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kplii hã. Mɔ bubu kae gali si dzi míato azu Mawu xɔlɔ̃? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be mía kple mía xɔlɔ̃ dome nanɔ kplikplikpli ne míeɖona wɔa nu tsia tre ɖe eƒe nukpɔsusu kple gɔmeɖosewo ŋua? Ekema ele be Mawu ƒe susu kple gɔmeɖosewo nafia mɔ mí le nusianu me le agbe me. Bu alesi eƒe gɔmeɖosewo dometɔ eve ku ɖe mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo ŋui ŋu kpɔ.

Na Ƒomedodo Nyui Nanɔ Mia Kple Ame Bubuwo Dome

Gbeɖeka Yesu gblɔ ŋutinya kpui aɖe be yeatsɔ afia nu vevi aɖe le amegbetɔwo ƒe ƒomedodo kple wo nɔewo ŋu. Eƒo nu ku ɖe fia aɖe si di be yeabu akɔnta kple yeƒe dɔlawo ŋu. Eva me be dɔlawo dometɔ ɖeka nyi fe gbogbo aɖe eye naneke meli wòawɔ axee o. Aƒetɔ la ɖe gbe be woalé ŋutsu la, srɔ̃a, kple viawo adzra atsɔ axe fe lae. Fenyila la dze klo ƒo koko nɛ be: “Gbɔ dzi blewu, eye maɖo wo katã teƒe na wò.” Esi eƒe nu wɔ nublanui na aƒetɔa la, etsɔ fe la kee. Gake esi dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ aɖe si nyi fe vi aɖe le eŋu, eye wòlĩ feae. Togbɔ be hadɔtsɔla sia ɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na ye hã la, dɔla gbãtɔ na wotui ɖe gaxɔ me vaseɖe esime wòaɖo fe si wònyi la eteƒe. Esi fia la see la, dzi kui. Ebiae be: “Alo mele na wò bena, . . . nakpɔ wò hadɔtsɔla ƒe nublanui, abe alesi nye hã mekpɔ wò nublanui ene o mahã?” Eye wòna wotu dɔla si metsɔ fe ke o la ɖe gaxɔ me halase esime wòaxe fe siwo katã wònyi la. Yesu gblɔ nufiafia si le ŋutinya la me be: “Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.”—Mateo 18:23-35.

Esi míenye ame madeblibowo ta la, míewɔa vodada geɖe. Míate ŋu axe vodada ƒe fe gbogbo si míenyi le Mawu ŋu la nɛ o. Nusi míate ŋu awɔ koe nye be míabia be wòatsɔ wo ake mí. Eye Yehowa Mawu le klalo be yeatsɔ míaƒe vodadawo katã ake mí, ne míetsɔ mía nɔviwo ƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋu la ke wo ko. Nufiame ʋãme kae nye si! Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Natsɔ míaƒe vodadawo ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene.”—Mateo 6:12.

Ƒo Asa na Kuxiwo tso Gɔmedzedzea Ke

Yesu bi ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔmewo gɔmesese hã me ale gbegbe. Eɖo aɖaŋu be woakpɔ kuxiwo gbɔ tso gɔmedzedzea me ke. Bu kpɔɖeŋu eve siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

Yesu gblɔ be: “Miese wogblɔ na blematɔwo bena: Megawu ame o; ke amesi ke awu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃. Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.” (Mateo 5:21, 22) Yesu nɔ fiafiam le afisia be nusi gbɔ amewuwu tsona la yi ŋgɔ wu hlɔ̃nu la ŋutɔ gɔ̃ hã. Nuwɔnaa ɣla ɖe nɔnɔme aɖe si va do gã le amewulaa ƒe dzi me la me. Ne amewo mena dziku do gã ɖe wo me o la, hlɔ̃nu si ŋu wobu alo ɖo hafi wɔ la madzɔ o. Anye ne woaƒo asa na ʋukɔkɔɖi geɖe ne ɖe wowɔ ɖe nufiame sia dzi!

De dzesi alesi Yesu gahe susu yi kuxi bubu si hea nuxaxa geɖe vɛ la ƒe gɔmedzedze dzii. Egblɔ na amehawo bena: “Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nuwò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe.” (Mateo 5:27-29) Yesu fia be nusi naa wowɔa ahasi yi ŋgɔ wu agbegbegblẽnɔnɔ la ŋutɔ. Etsoa nusi doa ŋgɔ—si nye agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzrowo gbɔ. Ne ame mena eƒe susu nɔ nu dzodzro vɔ̃wo ŋu o eye ‘wòho wo’ ɖa le eƒe susu me la, ekema aƒo asa na agbegbegblẽnɔnɔ la ŋutɔ hã.

“Gbugbɔ Wò Yi la Ðo Eteƒe”

Le zã si me wode Yesu asi helée me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe yi be yeaʋli eta. Yesu de se nɛ bena: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52) Eƒe ŋufɔke la, Yesu gblɔ na Pontio Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” (Yohanes 18:36) Ðe nunya mele nufiafia sia me oa?

Aleke Kristotɔ gbãtɔwo bu nusi Yesu fia wo be woaƒo asa na lãnu tsɔtsɔ ɖe ame ŋu lae? Agbalẽ si nye The Early Christian Attitude to War (Alesi Kristotɔ Gbãtɔwo Bu Aʋawɔwɔe) gblɔ be: “Esi [Yesu ƒe nufiafiawo] tsi tre ɖe ŋutasesẽ ƒomeviwo katã kple nuveviwɔamewo ŋu be womesɔ o ta la, ena eme kɔ ƒã be gomekpɔkpɔ le aʋawɔwɔ me mesɔ o . . . Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe nya dzi, eye wose nusi wòfia wo gɔme be yewoanye ame fafawo kple amesiwo te wo ɖokui ɖa ŋutɔŋutɔ tso ŋutasẽnuwɔwɔ gbɔ. Wobu woƒe subɔsubɔha be enye ŋutifafa tɔ; wotsia tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu vevie le ʋukɔkɔɖi si wòlɔ ɖe eme ta.” Aleke gbegbe ŋutinya ato vovo ŋutɔe nye si ne ɖe amesiwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la wɔ ɖe nufiafia sia dzi!

Yesu ƒe Nufiafiawo Katã Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò

Yesu ƒe nufiafia siwo me míedzro la nya se, wobɔbɔ, eye woʋãa ame ŋutɔ. Eƒe nufiafiawo ate ŋu aɖe vi na ameƒomea ne wosrɔ̃ wo eye wode wo dɔwɔna me. *

Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò ale be nufiafia nyuitɔ kekeake si wofia kpɔ le amegbetɔwo dome naɖe vi na wò. Míekpe wò dzidzɔtɔe be nàte ɖe wo ŋu alo aŋlɔ agbalẽ na wo to adrɛs si le magazine sia ƒe axa 2 lia dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 22 Kpɔ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, si Yehowa Ðasefowo ta, hena Yesu ƒe nufiafiawo katã me dzodzro ɖe ɖoɖo nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

“Mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu ƒe nufiafiawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe wò agbe dzi