Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Yesu ƒe Nu Wɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi le Xexeame Godoo

Alesi Yesu ƒe Nu Wɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi le Xexeame Godoo

Alesi Yesu ƒe Nu Wɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi le Xexeame Godoo

BIBLIA gɔmeɖela Edgar Goodspeed ŋlɔ bena: “Nusiwo katã nyanyuigbalẽawo gblɔ be Yesu gblɔ la nye nya siwo wòate ŋu agblɔ le gaƒoƒo eve ko me. Ke hã nya ʋɛ mawo wɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe, woʋãa ame hegena ɖe lãme na ame ale gbegbe be woate ŋu agblɔ be ame aɖeke ƒe nu mewɔ dɔ ɖe amewo dzi alea gbegbe o.”

Esi Yesu Kristo wu eƒe subɔsubɔdɔ nu le anyigba dzi le ƒe 33 M.Ŋ. la, eƒe nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme ade ŋutsu kple nyɔnu 120 ya teti. (Dɔwɔwɔwo 1:15) Egbea amesiwo wu biliɔn eve gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Ame miliɔn geɖe bubuwo lɔ̃ ɖe edzi be Yesu nye nyagblɔɖila. Le nyateƒe me la, eƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ tɔxɛ aɖe ɖe ameƒomea dzi.

Kplɔla siwo menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be Yesu ƒe nu wɔ dɔ ɖe amewo dzi le xexeame godoo. Le kpɔɖeŋu me, rabi Yudatɔ Hyman Enelow ŋlɔ bena: “Yesu va zu amesi xɔ ŋkɔ wu, amesi ŋu wosrɔ̃ nu le wu, kple amesi ƒe nu wɔ dɔ ɖe ame dzi wu ameƒomea me tɔ ɖesiaɖe le subɔsubɔnyawo me.” Enelow gblɔ hã be: “Amekae malɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ si gbegbe Yesu kpɔ ɖe ameƒomea dzi la wu gbɔgblɔ o? Lɔlɔ̃ si wòɖe fia amewo, alesi wòfa akɔ na amewo, nyui siwo katã wòwɔ na amewo, mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ si wòƒã ɖe amewo me—la katã nye nusiwo ɖeke mesɔ kple le amegbetɔ ƒe ŋutinya me o. Le ame xɔŋkɔ kple ame nyui siwo katã nɔ anyi kpɔ dome la, wo dometɔ aɖeke ƒe nu mewɔ dɔ ɖe ame dzi le xexeame katã de Yesu tɔ nu o. Eva zu amesi ƒe nu wɔa nuku na ame wu le ŋutinya me.” Eye kplɔla Hindutɔ Mohandas K. Gandhi gblɔ be: “Nyemeganya ame aɖeke si wɔ nu nyui geɖe na amegbetɔƒomea de Yesu nu o. Le nyateƒe me la, naneke megblẽ le Kristotɔnyenye ŋu o.” Gake egblɔ kpee be: “Kuxia tso mi Kristotɔwo gbɔ. Miele klalo be miawɔ ɖe mia ŋutɔwo miaƒe nufiafiawo gɔ̃ hã dzi o.”

Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo fia be Kristodukɔa do kpo agbenɔnɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu. Kristotɔwo ŋuti nya ŋlɔla, Cecil John Cadoux gblɔ be: “Tso keke . . . ƒe 140 M.Ŋ. la, Kristoha kplɔlawo de dzesii be ɖekematsɔmatsɔ le agbenyuinɔnɔ me ƒomevi aɖe va le aƒe xɔm ɖe Sɔlemeha blibo la me.” Egblɔ be: “Ðeko agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi alea ana be woanɔ agbe abe xexeametɔwo ene.”

Agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi sia nu va sẽ le ƒe alafa enelia me esime Roma Fiagã Constantine xɔ Kristotɔnyenye. Cadoux ŋlɔ bena: “Ŋutinyaŋlɔlawo de dzesi nu gbogbo siwo me Sɔlemeha la na ta le esime wòwɔ ɖeka kple Constantinus eye esia te ɖe ŋutinyaŋlɔla aɖewo dzi.” Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, amesiwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la wɔ vivimenu geɖe hedo vlo Kristo ƒe ŋkɔ.

Azɔ nya siwo míedi vevie be míabia enye: Nuka tututue Yesu fia? Eye ŋusẽ kae wòle be eƒe nufiafiawo nakpɔ ɖe mía dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Nyemeganya ame aɖeke si wɔ nu nyui geɖe na amegbetɔƒomea de Yesu nu o.”—Mohandas K. Gandhi

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Ame aɖeke ƒe nu mewɔ dɔ ɖe amewo dzi alea gbegbe o.”—Edgar Goodspeed

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Culver Pictures