Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Asi Sesẽ Miexɔ”

“Asi Sesẽ Miexɔ”

“Asi Sesẽ Miexɔ”

“Asi sesẽ miexɔ; eyata [mikafu] . . . Mawu!”​—KORINTOTƆWO I, 6:20.

1, 2. (a) Aleke Mose ƒe Sea gblɔ be woawɔ nu ɖe Israel-vi siwo nye kluviwo ŋui? (b) Tiatia kae kluvi si lɔ̃ eƒe aƒetɔ te ŋu wɔna?

“KLUVI ƒe amesinɔnɔ nye nuwɔna si dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo le blematɔwo dome,” nya siae Holman Illustrated Bible Dictionary gblɔ. Egblɔ kpee be: “Kluviwo ƒe dɔwɔwɔ koŋ dzie Egipte, Hela, kple Roma dukɔwo to do woƒe ganyawo ɖe ŋgɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋɔli la, ame ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me le Italy nye kluvi, eye ame ɖeka le atɔ̃ ɖesiaɖe me le dukɔ bubuwo me nye kluvi.”

2 Togbɔ be kluviwo nɔ blema Israeltɔwo si hã la, Mose ƒe Sea kpɔ egbɔ be wokpɔ Hebrivi siwo nye kluviwo ta. Le kpɔɖeŋu me, Sea bia be Israel-vi manɔ kluvinyenye me wòawu ƒe ade o. Le ƒe adrelia me la, mɔɖeɖe li be “wòadzo fe aɖeke maxemaxee.” Ke hã se siwo ku ɖe alesi woawɔ nu ɖe kluviwo ŋui ŋu la sɔ eye ameŋububu kple lɔlɔ̃ nɔ wo me ale gbegbe be ɖoɖo sia le Mose ƒe Sea me be: “Ne kluvi la gblɔ be: Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, nyemadzo anɔ ɖokuinye si o la, ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee.”—Mose II, 21:2-6; Mose III, 25:42, 43; Mose V, 15:12-18.

3. (a) Kluvinyenye ka tɔgbe mee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo lɔ̃ be yewoanɔ? (b) Nukae ʋãa mí be míasubɔ Mawu?

3 Ðoɖo si li be ame aɖe ŋutɔ nate ŋu alɔ̃ faa be yeanye kluvi la nye kluvinyenye ƒe ɖoɖo si te Kristotɔ vavãwo va le la ƒe kpɔɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia-ŋlɔla Paulo, Yakobo, Petro, kple Yuda yɔ wo ɖokui be Mawu kple Kristo ƒe kluvi. (Tito 1:1; Yakobo 1:1; Petro II, 1:1; Yuda 1) Paulo ɖo ŋku edzi na Tesalonika Kristotɔwo be ‘wotrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena woanye Mawu gbagbe vavãtɔ la ƒe kluviwo.’ (Tesalonikatɔwo I, 1:9) Nukae ʋã Kristotɔ mawo be woalɔ̃ faa be yewoanye Mawu ƒe kluviwo? Le nyateƒe me la, nukae ʋã Israel-vi si nye kluvi la be wòaɖe asi le eƒe ablɔɖe ŋu? Ðe menye lɔlɔ̃ si nɔ esi na eƒe aƒetɔ ye oa? Lɔlɔ̃ na Mawu dzie Kristotɔwo ƒe kluvinyenye nɔ te ɖo. Ne míeva nya nyateƒe Mawu gbagbe la helɔ̃e la, míesena le mía ɖokui me be míasubɔe ‘kple míaƒe dzi kpakple luʋɔ blibo.’ (Mose V, 10:12, 13) Gake nukae Mawu kple Kristo ƒe kluviwo nyenye lɔ ɖe eme? Ŋusẽ kae esia kpɔna ɖe míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi?

‘Miwɔ Nuwo Katã na Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe’

4. Aleke míewɔna va zua Mawu kple Kristo ƒe kluviwo?

4 Woɖe kluvi gɔme be “amesi nye ame aɖe alo ame aɖewo tɔ le se nu, amesi se bla be wòaɖo to le nusianu me.” Ne míeɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ la, ekema míeva zu etɔ le se nu. Apostolo Paulo ɖe eme ale: ‘Mienye mia ɖokui tɔ o, elabena asi sesẽe miexɔ!’ (Korintotɔwo I, 6:19, 20) Le nyateƒe me la, asi sesẽ mae nye Yesu Kristo ƒe tafevɔsa, elabena eya dzie Mawu nɔa te ɖo xɔa mí míezua esubɔlawo, míeɖanye Kristotɔ amesiaminawo alo woƒe zɔhɛ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le o. (Efesotɔwo 1:7; 2:13; Nyaɖeɖefia 5:9) Eyata tso gbesigbe míexɔ nyɔnyrɔ ko la, ‘míezu Yehowa tɔ.’ (Romatɔwo 14:8) Esi Yesu Kristo ƒe ʋu xɔasi lae wotsɔ ƒle míi ta la, míeva zu eya hã ƒe kluviwo eye se bla mí be míawɔ eƒe sededewo dzi.—Petro I, 1:18, 19.

5. Abe Yehowa ƒe kluviwo ene la, agbanɔamedzi vevi kae kpɔ mía ŋkume, eye mɔ ka nue míaɖee afia le be míele etsɔm?

5 Ele be kluviwo naɖo to woƒe aƒetɔ ƒe gbe. Mía ŋutɔwoe lɔ̃ faa be míanye kluviwo, eye lɔlɔ̃ si le mía si na Aƒetɔ lae ʋã mí míelɔ̃ be míanye eƒe kluviwo. Yohanes I, 5:3 gblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” Ekema le mía gome la, toɖoɖo si míaɖe afia anye lɔlɔ̃ si le mía si kple míaƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpeɖodzi. Adze le nusianu si míawɔ me. Paulo gblɔ be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.” (Korintotɔwo I, 10:31) Le nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã me le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me la, míadi be míaɖee afia be ‘míenye Yehowa ƒe kluviwo.’—Romatɔwo 12:11.

6. Aleke kluvinyenye na Mawu kpɔa ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo míewɔna la dzii? Gblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

6 Le kpɔɖeŋu me, ne míele nyametsotsowo wɔm la, míadi be míakpɔ nyuie be míebu mía Aƒetɔ si le dziƒo, Yehowa, ƒe lɔlɔ̃nu ŋu. (Maleaxi 1:6) Nyametsotso sesẽwo ate ŋu ado alesi gbegbe míeɖoa to Mawui la kpɔ. Ne edzɔ nenema la, ɖe míaɖo to Mawu ƒe nuxlɔ̃ame tsɔ wu míaƒe ‘alakpadzi’ “gbegblẽ” la kpɔkplɔɖoa? (Yeremya 17:9) Melisa, si nye Kristotɔ nyɔnu tre, xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o ko eƒe nu te ɖekakpui aɖe ŋu nyonyo. Ðekakpuia dze ame nyui aɖee, eye enɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo xoxo. Ke hã hamemegã aɖe ƒo nu tso nunya si le Yehowa ƒe se be woaɖe srɔ̃ le ‘Aƒetɔ la me ko’ dziwɔwɔ me ŋu na Melisa. (Korintotɔwo I, 7:39; Korintotɔwo II, 6:14) Melisa lɔ̃ ɖe edzi be: “Menɔ bɔbɔe nam be mawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi o. Gake metso nyame be esi meɖe adzɔgbe be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ko la, ele be mawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi.” Esi wònɔ nusiwo va dzɔ ŋu bum la, egblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ŋutsua va dzudzɔ nua sɔsrɔ̃ o. Ðe mesẽ to yi srɔ̃ɖeɖoɖo ma dzi la, anye ne dzimaxɔsetɔ srɔ̃e menye fifia.”

7, 8. (a) Nukatae mele be míanɔ didim be míadze amewo ŋu kokoko o? (b) Gblɔ alesi míate ŋu aɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

7 Esi míenye Mawu ƒe kluviwo ta la, mele be míanye amewo hã ƒe kluviwo o. (Korintotɔwo I, 7:23) Enye nyateƒe be mía dometɔ aɖeke madi be yeanye amesi ƒe nu menyoa amewo ŋu o ya, ke hã ele be wòanɔ susu me na mí be dzidzenuwo le Kristotɔwo si, eye dzidzenu siawo to vovo na esiwo le xexeame. Paulo bia be: “Ðe mele didim bena, madze amewo ŋua?” Eƒo nya ta ale: “Ðe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.” (Galatiatɔwo 1:10) Mele be míaɖe mɔ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nana míava zu ameŋudzelawo le mɔ aɖeke nu o. Ekema nukae míawɔ ne míedze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu be míadze amehawo yome?

8 Bu Elena, si nye sɔhɛ Kristotɔ le Spain ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Eƒe sukuxɔmehati geɖe ɖea ʋu wodona na amewo. Wonya be Elena, si nye Yehowa Ðasefo la, maɖe ʋu woado na amewo alo alɔ̃ woado ʋu nɛ o. Esi mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu be Elena naɖe eƒe nukpɔsusua me na klass bliboa la, elɔ̃ be yeaɖe eme na wo. Elena ɖe nyaa me ale: “Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖom vie le numeɖeɖe sia nana ŋuti. Ke hã medzra ɖo nyuie, eye nusi do tso eme la, wɔ nuku ŋutɔ. Hanyeti sukuviawo dometɔ geɖe va dea bubu ŋunye ale gbegbe, eye míaƒe nufiala gblɔ nam be yekpɔ ŋudzedze ɖe nye dɔwɔna ŋu ale gbegbe. Esi ƒo wo katã ta la, nye dzi dze eme ŋutɔ be meʋli Yehowa ƒe ŋkɔ ta eye be mete ŋu ɖe nyametsotso si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi wɔ la me nyuie.” (Mose I, 9:3, 4; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ẽ, esi míenye Mawu kple Kristo ƒe kluviwo ta la, míeto vovo kura. Ke hã le nya geɖewo me la, amewo ava de bubu míaƒe nukpɔsusuwo ŋu, ne míele dzadzraɖo ɖi be míaʋli míaƒe dzixɔsewo ta le bubudeameŋu me.—Petro I, 3:15.

9. Nukae míesrɔ̃ tso mawudɔla si apostolo Yohanes kpɔ la gbɔ?

9 Ŋkuɖoɖo edzi be Mawu ƒe kluviwoe míenye hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabɔbɔ mía ɖokui. Gbeɖeka la, woɖe dziƒo Yerusalem ŋuti ŋutega wɔnuku aɖe fia apostolo Yohanes, eye ŋutega sia wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòbɔbɔ be yeade ta agu ɖe mawudɔla si wodɔ abe Mawu ƒe nyanuɖela ene la ƒe afɔnu. Mawudɔla la gblɔ nɛ bena: “Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!” (Nyaɖeɖefia 22:8, 9) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si mawudɔla sia ɖo ɖi na Mawu ƒe kluviwo katã! Agbanɔamedzinɔƒe tɔxɛwo anɔ Kristotɔ aɖewo si le hamea me. Ke hã Yesu gblɔ be: “Amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla.” (Mateo 20:26, 27) Esi míenye Yesu yomedzelawo ta la, kluviwoe mí katã míenye.

“Nusi Le na Mí be, Míawɔ la, Eya Koe Míewɔ”

10. Gblɔ Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ menɔ bɔbɔe na eƒe subɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi o.

10 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ menɔa bɔbɔe na amegbetɔ madeblibowo ɣesiaɣi o. Menɔ bɔbɔe na nyagblɔɖila Mose be wòaɖo to esime Yehowa bia tso esi be wòaɖaɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte la o. (Mose II, 3:10, 11; 4:1, 10) Esime wode dɔ asi na Yona be wòaɖagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedasi aɖe na Niniwetɔwo la, “[etso], be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis.” (Yona 1:2, 3) Barux, si nye nyagblɔɖila Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla, fa konyi be nu ti kɔ na ye. (Yeremya 45:2, 3) Aleke wòle be míawɔ nui ne míaƒe nudidiwo tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu? Kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ ɖo biabia sia ŋu.

11, 12. (a) Gblɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu si woŋlɔ ɖe Luka 17:7-10 la kpuie. (b) Nukae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Yesu ƒo nu tso kluvi aɖe si nɔ eƒe aƒetɔ ƒe lãhawo kplɔm le gbedzi ŋkeke bliboa katã la ŋu. Esime kluvia gbɔ va aƒeme le gaƒoƒo 12 lɔƒo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ megbe, eye ɖeɖi te eŋu la, eƒe aƒetɔ megblɔ nɛ be wòanɔ anyi aɖi ɖe eme ahaɖu fiẽnu o. Nya si aƒetɔa gblɔ nɛ boŋue nye: “Dzra nusi maɖu la ɖo, nasa avɔ ɖe ali asubɔm, vaseɖe esime meɖu nu, eye meno nu, eye esia megbe wò hã naɖu nu, eye nano nu.” Ne kluvi la wu eƒe aƒetɔ subɔsubɔ nu keŋ ko hafi wòate ŋu akpɔ eya ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Yesu wu kpɔɖeŋua nu ale: “Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mí be, míawɔ la, eya koe míewɔ.”—Luka 17:7-10.

12 Yesu mewɔ kpɔɖeŋu sia be yeatsɔ afia be nusiwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me medzea eŋu o. Biblia gblɔ kɔte be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . la be o.” (Hebritɔwo 6:10) Ke nusi fiam Yesu ƒe kpɔɖeŋua le boŋue nye be kluvi mate ŋu awɔ nusi dzea eya ŋutɔ ŋu alo eya ŋutɔ ƒe dzidzeme nanye nu vevitɔ nɛ o. Esi míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbee na Mawu hetiae be míanye eƒe kluviwo la, míelɔ̃ be míana eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ na mía ŋutɔwo tɔ. Ele be míana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía ŋutɔwo tɔ dzi.

13, 14. (a) Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu ahiã le be míazi mía ɖokui dzi? (b) Nukatae wòle be míaɖe mɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía tɔ dzi?

13 Abia agbagbadzedze geɖe le mía gome be míanɔ Mawu ƒe Nya la kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽwo srɔ̃m edziedzi. (Mateo 24:45) Abia agbagbadzedze vevietɔ ne nuxexlẽ nyea nusesẽ na mí zi geɖe alo ne “Mawu ƒe nu gogloawo” me dzromee agbalẽa le. (Korintotɔwo I, 2:10) Gake ɖe mele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ oa? Ðewohĩ ahiã be míazi mía ɖokui dzi anɔ anyi ahazã ɣeyiɣi ɖe nusi srɔ̃m míele ŋu. Gake ne míezi mía ɖokui dzi alea hewɔe o ɖe, aleke míawɔ “nuɖuɖu sesẽ [si] li na amesiwo tsi” la ɖuɖu nama mí?—Hebritɔwo 5:14.

14 Ke le ɣeyiɣi siwo me míegbɔ tso dɔme va aƒeme eye ɖeɖi te mía ŋu vevie le dɔwɔwɔ ŋkeke bliboa ta ya ɖe? Ðewohĩ ahiã be míazi mía ɖokui dzi hafi ate ŋu ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Ðewohĩ gbeƒãɖeɖe na amedzrowo menyawɔna na mí bɔbɔe o. Paulo gɔ̃ hã kpɔe dze sii be ete ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi be ‘míase le mía ɖokui me’ be míayi ava ɖe gbeƒã nyanyuia o. (Korintotɔwo I, 9:17) Ke hã míewɔa nusiawo katã elabena Yehowa—amesi nye míaƒe Aƒetɔ si le dziƒo, amesi míelɔ̃—ye gblɔ na mí be míawɔe. Eye ɖe menyea dzidzɔ na mí ɣesiaɣi si míedze agbagba srɔ̃ nu, de kpekpeawo, alo kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me oa?—Psalmo 1:1, 2; 122:1; 145:10-13.

Mègakpɔ “Megbe” O

15. Aleke Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ na Mawu ŋuti kpɔɖeŋui?

15 Yesu Kristo bɔbɔ eɖokui na Fofoa si le dziƒo le mɔ si ƒo ɖesiaɖe ta nu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Meɖi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” (Yohanes 6:38) Esime nu te ɖe edzi vevie le Getsemane-bɔa me la, edo gbe ɖa be: “Fofonye, ne àte ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.”—Mateo 26:39.

16, 17. (a) Aleke wòle be míabu nusiwo míegblẽ ɖe megbe lae? (b) Fia alesi wònye nyateƒee be Paulo bu xexeame ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo su esi “aɖukpo dzi nuwoe.”

16 Yesu Kristo di tso mía si be míawɔ ɖe nyametsotso si míewɔ be míanye Mawu ƒe kluviwo la dzi. Egblɔ be: “Amesi tsɔ eƒe asi da ɖe kodzi dzi, eye wògale megbe kpɔm la, medze mawufiaɖuƒe la o.” (Luka 9:62) Nusiwo míegblẽ ɖe megbe la ŋububu mesɔ kura le Mawu subɔsubɔ me o. Nusiwo va su mía si esi míetiae be míanye Mawu ƒe kluviwo boŋ ŋue wòle be míade asixɔxɔe. Paulo ŋlɔ na Filipitɔwo be: “Mebu wo katã nu búbu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi.”—Filipitɔwo 3:8.

17 Bu nusiwo katã Paulo bu aɖukpo dzi nuwoe heɖe asi le wo ŋu le gbɔgbɔmeviɖe siwo Mawu ƒe kluvinyenye ahe vɛ nɛ ta la ŋu kpɔ. Menye nusiwo ana eƒe dzi nadze eme le xexeame ko ŋue wòɖe asi le o, ke boŋ eɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi be wòate ŋu ava zu Yuda-subɔsubɔha kplɔla le etsɔme hã ŋu. Ne ɖe Paulo yi edzi lé Yuda-subɔsubɔ me ɖe asi la, anye ne eyi ŋgɔ ɖo nɔƒe si tɔgbe nɔ Simeon, si nye Paulo ƒe nufiala Gamaliel ƒe viŋutsu, si. (Dɔwɔwɔwo 22:3; Galatiatɔwo 1:14) Simeon va zu Farisitɔwo ŋgɔnɔla eye ewɔ akpa vevi aɖe—togbɔ be meda asi ɖe nanewo dzi o hã—le Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Roma-dukɔa ŋu le ƒe 66-70 M.Ŋ. me la me. Eku le aglãdzedze ma me, le Yudatɔ nugbɔmewɔlawo alo Roma-srafowo si me.

18. Wɔ alesi gbɔgbɔmedɔwɔnawo hea viɖewo vɛ la ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

18 Yehowa ƒe Ðasefo geɖewo srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua. Jean gblɔ be: “Le nye sukunuwuwu ƒe ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, mekpɔ dɔ va zu senyala xɔŋkɔ aɖe si le London la ƒe agbalẽŋlɔla gã. Mese vivi na dɔ sia wɔwɔ eye fetu si mexɔna hã nyo ŋutɔ, gake menya le nye dzime be mate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Mlɔeba la, meɖe asi le dɔa ŋu hedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Medaa akpe ale gbegbe be mewɔ afɔɖeɖe sia ƒe 20 kloe enye si va yi! Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ na viɖe va le nye agbe ŋu sasasã wu viɖe si agbalẽŋɔŋlɔdɔ ɖesiaɖe ate ŋu ahe vɛ nam. Dɔ bubu aɖeke menaa dzidzeme geɖe ame wu alesi Yehowa ƒe Nya te ŋu trɔa ame ƒe agbee la kpɔkpɔ o. Gomekpɔkpɔ le amewo tɔtrɔ dɔ sia me nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi ale gbegbe. Nusi míenana Yehowa la mede naneke kura ne míetsɔe sɔ kple nusi míexɔna tsoa egbɔ la o.”

19. Tame kae wòle be míaɖo kplikpaa, eye nukatae?

19 Míaƒe nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ esi ɣeyiɣiawo va le yiyim. Ke hã adzɔgbe si míeɖe na Mawu ya metrɔ o. Míekpɔtɔ nye Yehowa ƒe kluviwo, eye eɖe mɔ na mí be mía ŋutɔwo míatso nya me le alesi míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ŋutete, kple nunɔamesi bubuwo le mɔ nyuitɔ kekeake nui la ŋu. Le susu sia ta la, nyametsotso siwo míewɔ le nusiawo ŋu ate ŋu aɖe alesi gbegbe míelɔ̃ Mawui la afia. Wogaɖea alesi gbegbe míele lɔlɔ̃m be míatsɔ nuwo asa vɔe la hã fiana. (Mateo 6:33) Aleke kee míaƒe nɔnɔmewo ɖale o, ɖe mele be míaɖoe kplikpaa be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo kekeake ana Yehowa oa? Paulo ŋlɔ bena: “Ne edzilɔlɔ̃ li la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.”—Korintotɔwo II, 8:12.

“Miekpɔ Miaƒe Kutsetse”

20, 21. (a) Kutsetse kae dona tsoa Mawu ƒe kluviwo nyenye me? (b) Aleke Yehowa yrana amesiwo tsɔa woƒe ŋutete katã subɔnɛ lae?

20 Mawu ƒe kluviwo nyenye metea ame ɖe anyi o. Ðe wòɖea ame tsoa kluvinyenye vɔ̃ɖi si gblẽa ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dome la me boŋ. Paulo ŋlɔ bena: “Esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.” (Romatɔwo 6:22) Míaƒe kluvinyenye na Mawu tsea kɔkɔenyenye ƒe ku, le susua nu be míekpɔa kɔkɔenyenye, alo agbedzadzɛnɔnɔ me viɖewo. Gawu la, ekplɔa ame yia agbe mavɔ mee le etsɔme.

21 Yehowa ƒe dɔme nyo na eƒe kluviwo ale gbegbe. Ne míewɔ míaƒe ŋutete katã le eƒe subɔsubɔdɔa me la, eʋua “dziƒo nu,” eye wòdudua ‘yayra ƒona ɖe mía dzi wògbɔa eme.’ (Maleaxi 3:10) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye be míayi edzi anye Yehowa ƒe kluviwo halase mavɔmavɔ me!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae míeva zua Mawu ƒe kluviwo ɖo?

• Aleke míeɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ tee?

• Nukatae wòle be míaɖoe kplikpaa be míana Yehowa ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ naxɔ ŋgɔ na mía ŋutɔwo tɔ?

• Nukatae mele be ‘míakpɔ megbe’ o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Lɔlɔ̃nu faa kluvinyenye ƒe ɖoɖo si nɔ Israel la nye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo ƒe kluvinyenye

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Míeva zua Mawu ƒe kluviwo ne míexɔ nyɔnyrɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Kristotɔwo tsɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Menɔ bɔbɔe na Mose be wòaxɔ dɔ si wode asi nɛ la o