Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míegale Agbe Na Mía Ðokui O

Míegale Agbe Na Mía Ðokui O

Míegale Agbe Na Mía Ðokui O

“[Kristo ku] ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o.”​—Korintotɔwo ii, 5:15.

1, 2. Ŋɔŋlɔawo ƒe sedede kae ʋã Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le ƒe alafa gbãtɔ me woɖu ɖokuitɔdidi dzi?

ZÃ MAMLƐTƆ le Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi mee. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko megbe la, atsɔ eƒe agbe ana ɖe amesiwo katã aɖe eyama dzixɔxɔse afia la ta. Le zã ma me la, Yesu gblɔ nya vevi geɖe na eƒe apostolo wɔnuteƒewo. Nya siwo wògblɔ na wo dometɔ ɖeka nye sedede aɖe si ku ɖe nɔnɔme aɖe si ade dzesi wo be wonye eyomedzelawo la ŋu. Egblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.

2 Ele na Kristotɔ vavãwo be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo eye woatsɔ wo havi xɔsetɔwo ƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na woa ŋutɔwo tɔ. Mele be wòasesẽ na wo be ‘woatsɔ woƒe agbe gɔ̃ hã aɖo anyi ɖe wo xɔlɔ̃wo ta’ o. (Yohanes 15:13) Aleke Kristotɔ gbãtɔawo wɔ nu ɖe se yeye ma ŋui? Tertullian, si nye agbalẽŋlɔla le ƒe alafa evelia me, yɔ nya tso nya siwo amewo gblɔ le Kristotɔwo ŋu me ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ xɔŋkɔ si nye Apology me be: ‘Mikpɔ alesi wolɔ̃ wo nɔewoe; alesi wole klalo be yewoaku ɖe yewo nɔewo ta gɔ̃ hãe la ɖa.’

3, 4. (a) Nukatae wòle be míaɖu ɖokuitɔdidi dzi? (b) Nuka mee míadzro le nyati sia me?

3 Ele na míawo hã be ‘míayi edzi anɔ mía nɔewo ƒe agbawo tsɔm, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.’ (Galatiatɔwo 6:2) Gake Kristo ƒe sea dziwɔwɔ, kpakple ‘Yehowa mía Mawu la lɔlɔ̃ kple míaƒe dzi blibo, luʋɔ blibo kpakple tamesusu blibo, ahalɔ̃ mía havi abe mía ŋutɔ ɖokui ene’ ŋuti mɔxenu gãtɔwo kekeake dometɔ ɖekae nye ɖokuitɔdidi. (Mateo 22:37-39) Esi míenye ame madebliwo ta la, nusi míedina wue nye nusiwo ade mía ŋutɔwo ko dzi. Gakpe ɖe esia ŋu la, gbesiagbedɔwɔnawo me nuteɖeamedziwo, alesi hoʋiʋli va bɔ ɖe míaƒe sukuwo alo dɔwɔƒewoe, kple alesi gbesiagbebolo kpɔkpɔ va zu sesẽnàɖui la wɔe be ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme sia si wotsɔ dzi míi la nu gasẽ ɖe edzi. Dzidzim ɖe edzi koe ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme sia le. Apostolo Paulo na míenya be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la . . . ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo.”—Timoteo II, 3:1, 2.

4 Esi Yesu nɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu gogom la, efia afɔɖoƒe etɔ̃ aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo, si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖu ɖokuitɔdidi dzi. Afɔɖoƒe kawoe, eye aleke eƒe mɔfiamea ate ŋu aɖe vi na míi?

Edziɖuɖumɔnu Nyui Aɖe!

5. Esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem le dziehe Galilea la, nya kae wòʋu goe na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukatae nyaa dze wo kpo?

5 Yesu nɔ gbeƒã ɖem le teƒe aɖe si tsɔ ɖe Kaisarea Filipi gbɔ, le dziehe Galilea. Teƒe dzeani dzeakɔanyi sia anya dze teƒe si woanɔ ase dziɖeɖinyawo tsɔ wu teƒe si woase nu tso nugbegbe le ame ɖokui gbɔ ŋu le. Gake esi wonɔ afima la, Yesu te nufiafia eƒe nusrɔ̃lawo, “alesi wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye wòakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe woafɔe ɖe tsitre.” (Mateo 16:21) Aleke gbegbee nya sia anya dze Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpo enye si, elabena ɖe woawo ya nɔ mɔ kpɔm ɣemaɣi be yewo Kplɔla la aɖo eƒe Fiaɖuƒe anyigba dzi!—Luka 19:11; Dɔwɔwɔwo 1:6.

6. Nukatae Yesu ka mo na Petro vevie ɖo?

6 Enumake Petro “ɖe [kpɔ Yesu,] eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nehe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!” Nukae Yesu wɔ? “Etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.” Aleke gbegbe ame eveawo ƒe nukpɔsusu to vovo na wo nɔewoe nye si! Yesu lɔ̃ faa xɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbenɔnɔmɔ si Mawu ɖo nɛ la—agbenɔnɔmɔ si ahee ade ku me le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe le fuwɔameti ŋuti. Petro ya nɔ agbenɔnɔmɔ si me dziɖeɖi le dom ɖe egbɔ. Egblɔ be: “Mawu nehe esia ɖa xaa tso gbɔwò.” Ðikeke mele eme o be susu nyuiwoe nɔ Petro si ya. Gake Yesu ka mo na Petro elabena eɖe mɔ le eɖokui ŋu le gaƒoƒo ma me Satana kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Menye ‘Mawu ƒe susue’ nɔ Petro si o ‘ke boŋ amegbetɔwo tɔe.’—Mateo 16:22, 23.

7. Abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 16:24 ene la, afɔɖeɖe kawo dzie Yesu gblɔ be ye yomedzelawo nazɔ ɖo?

7 Amewo ɖea nukpɔsusu si Petro do ɖe Yesu gbɔ tɔgbe fiana egbea? Xexeame lɔ̃a eƒoƒo ɖe ame nu be ‘wɔ nusi ana wò dzi nadze eme’ alo ‘mèganɔ ɖokuiwò dzi zim fũ o.’ Gake tamesusu ƒe nɔnɔme bubu kurae Yesu ya kafu. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24) The New Interpreter’s Bible gblɔ be: “Nya siawo meyi na amesiwo meva zu nusrɔ̃lawo haɖe o la o, ke boŋ wole yiyim na amesiwo xɔ Kristo ƒe amekpekpea xoxo la be woade ŋugble le nusi nusrɔ̃lanyenye fia la ŋu.” Ele be xɔsetɔwo nawɔ ɖe afɔɖeɖe etɔ̃ siwo Yesu yɔ, siwo woŋlɔ ɖe mawunyakpukpui ma me la dzi. Mina míadzro afɔɖeɖeawo me ɖekaɖeka.

8. Ðe nusi wòfia be nàgbe nu le ɖokuiwò gbɔ me.

8 Gbã la, ele be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ. Helagbe me nya si fia “be woagbe nu le ame ɖokui gbɔ” fia be woalɔ̃ faa agbe ɖokuitɔdidi nudzodzrowo alo agbe nusi ade ame ŋutɔ ɖeɖeko dzi la wɔwɔ. Nugbegbe le mía ɖokui gbɔ menye asiɖeɖe le dzidzɔdonamenu aɖewo ŋu ɣeaɖewoɣi ko ƒe nya o; eye mefia hã be míanɔ nu tem mía ɖokui alo awɔ nusiwo agblẽ nu le mía ŋu o. Míeganye ‘mía ɖokui tɔ o’ le susua nu be míelɔ̃ faa tsɔ míaƒe agbe katã kple nusianu si le eme la ke Yehowa. (Korintotɔwo I, 6:19, 20) Le esi teƒe be míanɔ mía ɖokuitɔ dim la, míaƒe agbenɔnɔ katã va kuna ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ŋu. Nugbegbe le mía ɖokui gbɔ fia eɖoɖo kplikpaa be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, togbɔ be ewɔwɔ alea anye tsitretsitsi ɖe míaƒe dzɔdzɔmedzodzrowo ŋu hã. Ne míeɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ la, míeɖenɛ fiana be míetsɔ mía ɖokui kee keŋkeŋ. Tso ema dzi la, míeʋlina vevie be míawɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea dzi le míaƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me.

9. (a) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, nukae fuwɔameti tsi tre ɖi na? (b) Mɔ ka nue míetsɔa míaƒe fuwɔameti le?

9 Afɔɖeɖe evelia enye be ele be míatsɔ míaƒe fuwɔameti la. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, fuwɔameti tsi tre ɖi na fukpekpe, ŋukpe, kple ku. Zi geɖe la, nuvɔ̃ɖiwɔlawoe wohena ɖe fuwɔameti ŋuti alo woƒe ŋutilã kukue wotsina ɖe ati ŋuti. Yesu zã nya sia tsɔ ɖee fia be esi Kristotɔ menye xexeame ƒe akpa aɖeke o ta la, ele be wòanɔ klalo be yeato yometiti, vlodoame, alo ku gɔ̃ hã me. (Yohanes 15:18-20) Kristotɔwo ƒe dzidzenu siwo nu míezɔna ɖo la ɖe mí ɖe vovo, eyata ate ŋu adzɔ be xexeame ‘nagblɔ busunyawo ɖe mía ŋu.’ (Petro I, 4:4) Esia ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le suku, le míaƒe dɔwɔƒewo, alo le ƒomea me gɔ̃ hã. (Luka 9:23) Ke hã míelɔ̃ faa be míado dzi anɔ te ɖe gbɔɖiamenu siwo xexeame wɔna ɖe mía ŋu la nu elabena míegale agbe na mía ɖokui o. Yesu gblɔ be: “Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo.” (Mateo 5:11, 12) Vavãe, nusi le vevie wue nye Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu.

10. Nukae Yesu yomedzedze ɖaa lɔ ɖe eme?

10 Etɔ̃lia, Yesu Kristo gblɔ be ele be míadze ye yome ɖaa. An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ŋlɔ gblɔ bena, be woadze ame yome fia be woanye ame ƒe zɔhɛ—“amesi hã yina afisi yim eƒe zɔhɛa le.” Yohanes I, 2:6 gblɔ be: “Amesi ke gblɔ bena, yenɔa [Mawu me] la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya [Kristo] ŋutɔ hã zɔe ene.” Aleke Yesu zɔe? Ðokuitɔdidi aɖeke menɔ lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na Fofoa si le dziƒo kple eƒe nusrɔ̃lawo la me o. Paulo ŋlɔ bena: “Kristo hã medze eɖokui ŋu o.” (Romatɔwo 15:3) Esi ɖeɖi te Yesu ŋu alo dɔ nɔ ewum gɔ̃ hã la, etsɔ ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo ɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ. (Marko 6:31-34) Azɔ hã, Yesu kpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me moveviɖoɖotɔe. Ðe mele be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ahatsɔ dzonɔameme geɖe awɔ dɔ si wode asi na mí be ‘míawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, míafia wo be woawɔ nusiwo katã Yesu ɖo’ la oa? (Mateo 28:19, 20) Le Kristo ƒe agbenɔnɔ katã me la, egblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí be ‘míazɔ eƒe afɔɖoƒewo pɛpɛpɛ.’—Petro I, 2:21.

11. Nukatae wòle vevie be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ, atsɔ míaƒe fuwɔameti la, eye míadze Yesu Kristo yome ɖaa?

11 Ele vevie ŋutɔ be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ, atsɔ míaƒe fuwɔameti la, eye míadze míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la yome ɖaa. Ewɔwɔ alea nyea tsitretsitsi ɖe ɖokuitɔdidi—si koŋ xea mɔ na ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be: “Amesi ke be, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, akpɔe. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?”—Mateo 16:25, 26.

Míate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O

12, 13. (a) Nuka ŋue ɖekakpui dziɖula si bia aɖaŋuɖoɖo tso Yesu gbɔ la tsi dzi ɖo? (b) Aɖaŋu kae Yesu ɖo na ɖekakpui la, eye nukatae?

12 Esime Yesu he eƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu yi alesi wòhiãe be woagbe nu le wo ɖokui gbɔ ƒe ɣleti aɖewo megbe la, ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe si nye dziɖula yi egbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Nufiala, nu nyui ka mawɔ, ne makpɔ agbe mavɔ mahã?” Yesu gblɔ nɛ be “[wòalé] seawo me ɖe asi” eye wòyɔ wo dometɔ aɖewo nɛ. Ðekakpuia gblɔ bena: “Mewɔ nusiawo katã dzi.” Edze ƒã be nyateƒe gblɔmee ŋutsua nɔ, eye be ewɔ etɔ sinua le Seawo dzi wɔwɔ me. Eyata ebia be: “Nuka gasusɔ nama?” Le nya sia ŋu ɖoɖo me la, Yesu tsɔ amekpekpe tɔxɛ aɖe ɖo ɖekakpuia ŋkume bena: “Ne èle didim be, yeazu blibo [“yeagba go,” New American Standard Bible] la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.”—Mateo 19:16-21.

13 Yesu kpɔe be hafi ɖekakpuia nate ŋu asubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo la, ele nɛ be wòaɖe susuhenu gã aɖe ɖa le eƒe agbe me—si nye eƒe ŋutilãmekesinɔnuwo. Kristo ƒe nusrɔ̃la vavã mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Mate ŋu “asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.” (Mateo 6:24) Ehiã ‘ŋku si dzi dza,’ si woɖo gbɔgbɔmenuwo ŋu. (Mateo 6:22) Asiɖeɖe le ame ƒe nunɔamesiwo ŋu atsɔ wo ana ame dahewo nye ɖokuitsɔtsɔsavɔ nuwɔna. Yesu tsɔ kesinɔnuwo nuƒoƒo ƒu ɖe dziƒo ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi—si ana wòakpɔ agbe mavɔ aɖu fia kple Kristo le dziƒo mlɔeba—ɖo ɖekakpui dziɖulaa ŋkume be wòanye teƒeɖoɖo na kesinɔnu siwo wòatsɔ asa vɔe. Gake ɖekakpuia menɔ klalo be yeagbe nu le ye ɖokui gbɔ o. “Edzo yi kple nuxaxa; elabena nu geɖe le esi.” (Mateo 19:22) Gake Yesu yomedzela bubuwo ƒe nuwɔna to vovo na esia.

14. Aleke tɔƒodela ene xɔ Yesu ƒe amekpekpe be woava dze ye yome lae?

14 Anye ƒe eve do ŋgɔ la, Yesu kpe tɔƒodela ene siwo ŋkɔe nye Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes nenema ke. Wo dometɔ eve nɔ asabu dam ɣemaɣi, eye eve mamlɛawo ƒe ŋku biã vevie wonɔ woƒe ɖɔwo sam. Yesu gblɔ na wo be: “Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!” Mlɔeba wo ame enea katã ɖe asi le woƒe lãɖedɔa ŋu hedze Yesu yome tegbee.—Mateo 4:18-22.

15. Aleke egbeŋkekeawo me Yehowa Ðasefo aɖe tsɔ nuwo sa vɔe bena wòate ŋu adze Yesu yome?

15 Kristotɔ geɖe srɔ̃a tɔƒodela eneawo ƒe kpɔɖeŋu egbea tsɔ wu be woasrɔ̃ ɖekakpui kesinɔtɔ si nye dziɖula la tɔ. Wotsɔa kesinɔnu kple mɔnukpɔkpɔ siwo sua wo si le xexe sia me la saa vɔe ale be woate ŋu asubɔ Yehowa. Deborah gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 22 la, nyametsotso gã aɖe wɔwɔ dze ŋgɔm.” Eɖe nu me be: “Metsɔ ɣleti siwo ade ade srɔ̃ Bibliae, eye medi be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbee na Yehowa, gake ƒonyemetɔwo tsi tre ɖe ŋunye vevie. Hotsuitɔ gã aɖewoe wonye, eye ewɔ na wo be nye Ðasefo zuzu anye ŋukpe na yewo le yewo tɔwo gbɔ. Wonam gaƒoƒo 24 be matsɔ atso nya mee le nusi medi ŋu—ŋutilãmenu ɖesiaɖe alo nyateƒea. Ne nyemetso kadodo ɖesiaɖe me kple Ðasefowo o la, ƒonyemetɔwo agbem. Yehowa kpe ɖe ŋunye mewɔ nyametsotso nyuitɔ eye wòna ŋusẽm mewɔ edzi. Ƒe 42 enye si va yi mele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, eye mete ɖe dzinye le mɔ aɖeke nu be mewɔe nenema kura o. Esi metrɔ megbe de ɖokuitɔdidi ƒe vivisese yometiti ƒe agbenɔnɔ la, mevo tso taɖodzinumanɔamesi kple dzidzɔmakpɔmakpɔ si mekpɔ le ƒonyemeawo dome la me. Mía kple srɔ̃nyeŋutsu míekpe ɖe amesiwo wu alafa ɖeka ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. Gbɔgbɔmevi siawo xɔ asi nam sasasã wu ŋutilãmekesinɔnu ɖesiaɖe.” Yehowa Ðasefo miliɔn gbogbo aɖewo ƒe tamesusu wɔ ɖeka kple etɔ. Nukae nye wò ya wò nukpɔsusu?

16. Aleke míate ŋu aɖee afiae be míegale agbe na mía ɖokui o?

16 Didi be woaganɔ agbe na ame ɖokui o ʋã Yehowa Ðasefo akpe geɖe woƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me, alo wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa. Wo dometɔ bubu siwo ƒe nɔnɔmewo meɖe mɔ na wo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o la hã tua mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo hetsɔa woƒe ŋutete katã kpea asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Dzilawo hã ɖea gbɔgbɔ ma tɔgbe fiana ne wotsɔ woa ŋutɔwo ƒe nudidiwo saa vɔe hetsɔ woƒe ɣeyiɣi geɖe na bena woate ŋu ana gbɔgbɔmehehe wo viwo. Le mɔ aɖe kokoko nu la, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aɖee afia be míetsɔa Fiaɖuƒenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Mateo 6:33.

Ameka ƒe Lɔlɔ̃e Ʋãa Mí?

17. Nukae ʋãa mí be míatsɔ nanewo asa vɔe?

17 Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia mele bɔbɔe o. Gake bu nusi ʋãa mí be míawɔe nenema la ŋu kpɔ. Paulo ŋlɔ bena: “Kristo ƒe lɔlɔ̃ la le mía kplɔm, eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, . . . ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta. . . . Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.” (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Kristo ƒe lɔlɔ̃e ʋãa mí be míaganɔ agbe na mía ɖokui o. Ameʋãnu sẽŋu ka gbegbee nye si wònye! Esi Kristo ku ɖe mía ta la, ɖe míesee le mía ɖokui me be esɔ le agbenyuinɔnɔ nudidiwo nu be míanɔ agbe nɛ oa? Nyateƒee, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe lɔlɔ̃ deto si Mawu kple Kristo ɖe fia mí ŋu aʋã mí be míatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbee na Mawu ahazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.—Yohanes 3:16; Yohanes I, 4:10, 11.

18. Nukatae viɖe le ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ me?

18 Ðe agbemanɔmanɔ na mía ɖokui ɖea via? Esi ɖekakpui kesinɔtɔ si nye dziɖula la gbe Kristo ƒe amekpekpea hedzo le egbɔ la, Petro gblɔ na Yesu bena: “Kpɔ ɖa, míawo míegblẽ nuwo katã ɖi, eye míedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía tɔ mahã?” (Mateo 19:27) Le nyateƒe me la, Petro kple apostolo bubuawo gbe nu le wo ɖokui gbɔ vavã. Teƒeɖoɖo kae woakpɔ? Gbã la, Yesu ƒo nu tso mɔnukpɔkpɔ si asu wo si be woaɖu fia kplii le dziƒo ŋu. (Mateo 19:28) Gbemagbe ke la, Yesu ƒo nu tso yayra siwo eyomedzela ɖesiaɖe ate ŋu axɔ la ŋu. Egblɔ be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o . . . kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.” (Marko 10:29, 30) Míexɔa teƒeɖoɖo geɖe wu nusiwo míetsɔna saa vɔe la sasasã. Ðe míaƒe gbɔgbɔ me fofowo, dadawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, kple viwo mexɔ asi na mí sasasã wu nusianu si ŋu míeɖe asi le ɖe Fiaɖuƒea ta la oa? Ameka ƒe agbenɔnɔe ɖe vi wu—Petro loo alo ɖekakpui kesinɔtɔ si nye dziɖula la tɔ?

19. (a) Nuka dzie dzidzɔ vavãtɔ nɔ te ɖo? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Yesu to nya kple nuwɔna me ɖee fia be dzidzɔkpɔkpɔ tsoa nunana kple subɔsubɔ me, ke menye ɖokuitɔdidi me wòtsona o. (Mateo 20:28; Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne míeganɔa agbe na mía ɖokui o eye míedzea Kristo yome ɖaa la, dzidzeme geɖe sua mía si fifia le agbe me, eye agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ hã nɔa mía si. Le nyateƒe me la, ne míegbe nu le mía ɖokui gbɔ la, Yehowa va zua míaƒe Aƒetɔ. Le ema ta míenye Mawu ƒe kluviwo. Nukatae kluvinyenye sia ɖea vi? Ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe nyametsotso siwo míewɔna le agbe me dzi? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míaɖu ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔmewo dzi?

• Nukae wòfia be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ, míatsɔ míaƒe fuwɔameti la, eye míadze Yesu yome ɖaa?

• Nukae ʋãa mí be míaganɔ agbe na mía ɖokui o?

• Nukatae ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ ɖea vi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

“Mawu nehe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nukae xe mɔ na ɖekakpui dziɖula la be medze Yesu yome o?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Lɔlɔ̃ ʋã Yehowa Ðasefowo wowɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa