Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me

Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me

ƑE 1117 D.M.Ŋ. mee. Ƒe alafa etɔ̃ lɔƒoe nye ma tso esime Yosua xɔ Ŋugbedodonyigba la keŋkeŋ. Israel-metsitsiwo tsɔ nya yeye aɖe va ɖo Yehowa ƒe nyagblɔɖila ŋkume. Nyagblɔɖila la do gbe ɖa tso nya la ŋu, eye Yehowa lɔ̃ ɖe woƒe didi la dzi na wo. Esiae he Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣiawo va nuwuwui eye fiawo ƒe dziɖuɣi dze egɔme. Biblia-gbalẽ si nye Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒo nu tso nudzɔdzɔ lédziname siwo ku ɖe tɔtrɔɣeyiɣi vevi ma le Israel-dukɔa ƒe ŋutinya me la ŋu.

Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔ sia si Samuel, Natan, kple Gad ŋlɔ la ƒo nu tso ƒe 102—si dze egɔme tso ƒe 1180 D.Ŋ.M. vaseɖe 1078 D.Ŋ.M.—me nudzɔdzɔwo ŋu. (Kronika I, 29:29) Eƒo nu tso Israel ƒe kplɔla ene ŋu. Wo ame eve nye ʋɔnudrɔ̃lawo, eve hã nye fiawo; wo ame eve ɖo to Yehowa, eve hã meɖo toe o. Míeva srɔ̃ nu tso nyɔnu eve siwo nye kpɔɖeŋunyuiɖolawo kpakple aʋawɔla kalẽtɔ si ganye ame fatu aɖe hã ŋu. Kpɔɖeŋu mawo fia nu vevi aɖewo mí le nɔnɔme kple nuwɔna siwo míasrɔ̃ kple esiwo míaƒo asa na la ŋu. Eyata nya siwo le Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi.—Hebritɔwo 4:12.

SAMUEL XƆ ÐE ELI TEƑE ABE ƲƆNUDRƆ̃LA ENE

(Samuel I, 1:1–7:17)

Avaɖoɖo ŋkekenyui la ɖo, eye Xana, si le Rama, gli kple dzidzɔ. * Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ, eye wòdzi ŋutsuvi. Be Xana nawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi la, ekplɔ via ŋutsuvi Samuel yi ɖana be wòasubɔ le “Yehowa ƒe me.” Le afima, ŋutsuvi la zu “subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.” (Samuel I, 1:24; 2:11) Esi Samuel ganye ɖevi dzaa la, Yehowa ƒoa nu nɛ, gblɔa ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va Eli ƒe aƒe dzi ŋu nya nɛ. Esi Samuel le tsitsim la, Israel-viwo katã va de dzesii be enye Yehowa ƒe nyagblɔɖila.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israel ŋu. Wotsɔ Nubablaɖaka la dzoe eye wowu Eli vi eveawo. Esi Eli, si nye ame tsitsi ɣemaɣi, se nusi dzɔ la, emu dze anyi heku, le ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ na Israel ƒe blaene’ megbe. (Samuel I, 4:18) Aɖaka la ƒe Filistitɔwo gbɔ nɔnɔ gblẽ nu le wo ŋu ŋutɔ, eyata wotrɔe yi na Israel-viwo. Fifia Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la, eye ŋutifafa xɔ anyigba la dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:10—Nukatae Xana do gbe ɖa be Yehowa nana ‘ŋusẽ fia la’ evɔ wònye anyigba dzi fia aɖeke menɔ Israel si o? Wogblɔe ɖi le Mose ƒe Sea me be fia ava nɔ Israel-viwo si. (Mose V, 17:14-18) Yakob gblɔ nya ɖi le eƒe kuba dzi be: “Atamkayi [dziɖuŋusẽ ƒe dzesi] magbe Yuda si nɔnɔ o.” (Mose I, 49:10) Gawu la, Yehowa gblɔ tso Sara—si nye Israel-viwo mama gã—ŋu be: “[Ava nye] dukɔwo dziɖulawo dada.” (Mose I, 17:16) Eyata fia si ava ɖu dzi le etsɔme la ŋutie Xana nɔ gbe dom ɖa le.

3:3—Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋutɔŋutɔe Samuel mlɔa? Ao, memlɔ afima o. Samuel nye Lewitɔ tso Kehat-ƒomea, siwo menye nunɔlawo o, me. (Kronika I, 6:18-23) Eyata womeɖe mɔ na wo be ‘woage ɖe eme akpɔ nu kɔkɔeawo’ o. (Mose IV, 4:17-20) Gbedoxɔa ƒe akpa si ko Samuel te ŋu gena ɖo enye avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu. Anɔ eme be afimae wòmlɔ. Anye be xɔxɔnua ƒe akpa aɖee Eli hã mlɔ. Edze ƒã be nyagbɔgblɔ si nye “afisi Mawu ƒe aɖaka la le” ku ɖe teƒe si gogo avɔgbadɔ la ŋu.

7:7-9, 17—Nukatae Samuel sa numevɔ le Mizpa eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe Rama, evɔ teƒe si Yehowa tia koe wòle be woasa vɔ le ɣesiaɣi hafi? (Mose V, 12:4-7, 13, 14; Yosua 22:19) Esi wokɔ Aɖaka kɔkɔe la ɖa le avɔgbadɔa me le Silo dzoe la, edze ƒã be womegakpɔa Yehowa ƒe afima nɔnɔ ƒe dzesi o. Eyata abe Mawu teƒenɔla ene la, Samuel sa numevɔ le Mizpa eye wòɖi vɔsamlekpui aɖe hã ɖe Rama. Edze abe Yehowa da asi ɖe nuwɔna siawo dzi ene.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:11, 12, 21-23; 2:19. Alesi Xana lɔ̃a gbedodoɖa, eƒe ɖokuibɔbɔ, eƒe ŋudzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu, kple vidada ƒe numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ ƒe nɔnɔme si nɔ esi katã nye kpɔɖeŋu nyui na nyɔnu Mawu-vɔ̃lawo katã.

1:8. Alesi míana míaƒe nyawo nade dzi ƒo na amee ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Elkana ɖo ɖi! (Hiob 16:5) Gbã la, ebia Xana si lé blanui vevie la fɔmabumabui be: ‘Nukaŋuti wò dzi le nu xam?’ Esia de dziƒo na Xana be wògblɔ eƒe seselelãmewo. Emegbe Elkana gana kakaɖedzii le lɔlɔ̃ si le esi nɛ ŋu gblɔ bena: “Ðe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?”

2:26; 3:5-8, 15, 19. Ne míeyi edzi doa vevie nu le dɔ si Mawu de mía si wɔwɔ me, ne míewɔ gbɔgbɔmehehe si xɔm míele ŋudɔ nyuie, eye míenye ame fatuwo hewɔa nu bubudeameŋutɔe la, míaƒe ‘nu anyo Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋu.’

4:3, 4, 10. Nubablaɖaka si nye nu kɔkɔe ŋutɔ aɖe gɔ̃ hã metrɔ zu aklama ɖi na ame o. Ele be ‘míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti.’Yohanes I, 5:21.

ISRAEL-FIA GBÃTƆ—ÐE WÒKPƆ DZIDZEDZE ALO DO KPO NU?

(Samuel I, 8:1–15:35)

Samuel wɔ nuteƒe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me, gake viaŋutsuwo mezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi o. Esi Israel-metsitsiwo bia be anyigba dzi fia nanɔ yewo si la, Yehowa ɖe mɔ na wo. Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi eye wòsi ami na Saul, Benyamintɔ dzeɖekɛ aɖe, wòzu fia. Saul na ŋusẽ ɖo eƒe fianyenyea ŋu esi wòɖu Amonitɔwo dzi.

Saul vi Yonatan, si nye kalẽtɔ, ɖu Filistitɔwo ƒe dzɔlawo ƒe ha aɖe dzi. Filistitɔwo ƒe asrafo gbogbo aɖe ho aʋa ɖe Israel ŋu. Vɔvɔ̃ ɖo Saul eye wòyi ɖasa numevɔ le eɖokui si tosesẽtɔe. Kalẽtɔ Yonatan kplɔ eƒe adekplɔvi ko ɖe asi yi ɖadze Filistitɔwo ƒe dzɔlawo ƒe ha bubu dzi. Gake atam aɖe si Saul ka dzimagbɔɖitɔe wɔe be nu te aʋakɔ la ŋu ŋutɔ hafi wokpɔ dziɖuɖu. Saul wɔ ‘aʋa kple eƒe futɔwo katã godoo va kpe.’ (Samuel I, 14:47) Ke hã, esi wòɖu Amalekitɔwo dzi la, egbe toɖoɖo Yehowa le esi ‘wòdo kpo busunu siwo wòle be woatsrɔ̃’ la tsɔtsrɔ̃. (Mose III, 27:28, 29) Esia ta Yehowa gbe Saul be maganye fia o.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

9:9—Nukae nyagbɔgblɔ si nye “amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla” la fia? Nya siawo anya fia be esi nyagblɔɖilawo va nɔ ŋkɔ xɔm geɖe wu le Samuel ƒe ŋkekeawo me kple Israel-fiawo ŋɔli la, ŋkɔ si nye “nyagblɔɖila” va xɔ ɖe nya “nukpɔla” teƒe. Wobu Samuel nyagblɔɖila gbãtɔe.—Dɔwɔwɔwo 3:24.

14:24-32, 44, 45—Ðe Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe Yonatan ŋu o le esi mewɔ ɖe Saul ƒe atam si wòka dzi o la ta? Edze abe nuwɔna sia mewɔe be Mawu gbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yonatan ŋu o ene. Gbã la, Yonatan menya naneke tso fofoa ƒe atamkaka ŋu o. Gawu la, atam ma si wòka le ŋuʋaʋã dzodzro ta loo alo le fiaɖuƒeŋusẽ ƒe nukpɔsusu gbegblẽ si nɔ esi ta la, na dukɔa kpe fu geɖe. Aleke atamkaka ma adze Mawu ŋui? Togbɔ be Yonatan lɔ̃ faa be yeaxɔ atam si wòtu ƒe tohehewo hã la, wokpɔ eƒe agbe ta.

15:6—Nukatae Saul ve Kenitɔwo nu etɔxɛe? Kenitɔwo nye Mose to ƒe viwo. Wona kpekpeɖeŋu Israel-viwo esime woho tso Sinai-to la gbɔ. (Mose IV, 10:29-32) Azɔ hã, Kenitɔwo kple Yuda-viwo nɔ teƒe ɖeka ɣeaɖeɣi, le Kanaan-nyigba dzi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 1:16) Togbɔ be emegbe Kenitɔwo va nɔ Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo dome hã la, woa kple Israel viwo dome nɔ nyuie. Eyata susu nyuiwo tae Saul ve Kenitɔwo nu ɖo.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

9:21; 10:22, 27. Nudzeamewɔwɔ kple ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si nɔ Saul si hafi wòva zu fia la kpe ɖe eŋu be mewɔ nu ŋumaɖɔɖotɔe esime “ame vlo” aɖewo meda asi ɖe eƒe fianyenye dzi o. Aleke gbegbe nɔnɔme ma kpɔa ame ta tso nuwɔwɔ eŋumabumabu mee nye si!

12:20, 21. Mègaɖe mɔ “nu dzodzrowo” abe ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔ ŋu, dziɖoɖo ɖe dukɔwo ƒe asrafoŋusẽ ŋu, alo trɔ̃subɔsubɔ ene, nate wò ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu gbeɖe o.

12:24. Nu vevi si ana míayi edzi ade bubu deto Yehowa ŋu eye míasubɔe kple míaƒe dzi bliboe nye be ‘míakpɔ nu gã siwo wòwɔ’ na eƒe amewo le blema kple le egbeŋkekeawo me.

13:10-14; 15:22-25, 30. Kpɔ nyuie le ɖokuidodoɖedzi ŋu—eɖanye le tomaɖomaɖo nuwɔnawo me alo le dada ƒe nɔnɔme gome o.—Lododowo 11:2.

WOTIA ALẼKPLƆVI AÐE BE WÒAXƆ FIAÐUƑEA

(Samuel I, 16:1–31:13)

Samuel si ami na Dawid si tso Yuda-to la me be wòava nye fia. Le esia megbe kpuie la, Dawid tsɔ akafokpe ɖeka pɛ wu Filistitɔ dzɔatsu, Goliat. Dawid kple Yonatan zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Saul tsɔ Dawid ɖo eƒe aʋawɔlawo katã nu. Israel-nyɔnuwo dzi ha be: “Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane” tsɔ kafu Dawid le eƒe aʋadziɖuɖu gbogboawo ta. (Samuel I, 18:7) Ŋuʋaʋã ɖo Saul me vevie, eye wòdi be yeawu Dawid. Esi Saul te kpɔ be yeawu Dawid zi etɔ̃ megbe la, Dawid si dzo ɖo gbe hezu sisila.

Le ƒe siwo me Dawid si ɖo gbe me la, egbe Saul ƒe agbe ɖeɖeɖa zi eve sɔŋ. Edo go Abigail si nye nyɔnu dzetugbee aɖe eye emegbe wòɖee wòzu srɔ̃a. Esi Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israel ŋu la, Saul bia nu Yehowa. Gake Yehowa gbee. Samuel hã va ku. Dzi ɖe le Saul ƒo vevie, eye wòyi ɖabia nu ta se le ŋɔliyɔla aɖe gbɔ, ke wogblɔ nɛ be atsi aʋa le woa kple Filistitɔwo ƒe aʋa la me. Le aʋa ma me la, Saul xɔ abi vevie, eye wowu viaŋutsuwo. Nudzɔdzɔawo va wu enu kple Saul ƒe kuku ŋukpetɔe. Vaseɖe fifia la, Dawid kpɔtɔ ɣla eɖokui.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

16:14—Gbɔgbɔ vɔ̃ kae ɖe fu na Saul? Gbɔgbɔ vɔ̃ si na Saul megavona le eɖokui me o ye nye dzodzro vɔ̃ siwo nɔ eƒe susu kple dzi me—alesi wòsena le eɖokui me be yeawɔ nu gbegblẽ. Esi Yehowa ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖa le Saul dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔe megakpɔa eta o, eye eya ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo va nɔ fu ɖem nɛ atraɖii. Esi Mawu ɖe mɔ gbɔgbɔ ma va xɔ ɖe Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe teƒe tae wogblɔ tso gbɔgbɔ sia ŋu be, enye ‘gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si tso Yehowa gbɔ’ ɖo.

17:55—Le nya siwo le Samuel I, 16:17-23 nu la, nukatae Saul gabia be ameka ƒe vie Dawid nye? Menye Dawid fofo ƒe ŋkɔ koe Saul di be yeanya o. Anɔ eme godoo be, edi be yeanya amesi tɔgbe tututu ŋutsuvi si wu ame dzɔtsu ma nukutɔe la fofo nye.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

16:6, 7. Le esi teƒe be amewo ƒe gotagome dzedzeme nalé dzi na mí alo míabu nazã ɖe wo ŋu dzimagbɔɖitɔe la, ele be míadze agbagba akpɔ wo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene.

17:47-50. Míate ŋu anɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu alo yometiti siwo tso futɔ kako siwo le abe Goliat ene gbɔ la nu dzinɔameƒotɔe, elabena ‘aʋa la nye Yehowa tɔ.’

18:1, 3; 20:41, 42. Míate ŋu akpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le amesiwo lɔ̃a Yehowa dome.

21:13, 14. Yehowa kpɔa mɔ be míazã míaƒe tamesusu ŋutetewo kple aɖaŋudzedzewo atsɔ akpɔ nɔnɔme sesẽwo gbɔe. Etsɔ eƒe Nya la na mí, si naa nunya, sidzedze, kple tamebubu ŋutete sua mía si. (Lododowo 1:4) Kristotɔ hamemegã siwo woɖo hã li ana kpekpeɖeŋu mí.

24:7; 26:11. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Dawid ɖo le bubu vavãtɔ dede Yehowa ƒe amesiamina ŋu me!

25:23-33. Abigail ƒe aɖaŋudzedze nye kpɔɖeŋu nyui.

28:8-19. Le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe agbagbadzedze be yewoakplɔ mí atra alo awɔ nuvevi mí me la, woate ŋu aɖoe koŋ awɔ wo ɖokui abe ame aɖewo siwo ku ene. Ele be míaƒo asa na gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe.—Mose V, 18:10-12.

30:23, 24. Nyametsotso sia si nɔ te ɖe Mose IV, 31:27 dzi, ɖee fia be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo wɔa kpekpeɖeŋunadɔwo le hamea me ŋu. Eyata eɖanye nuka ke wɔm míele o, mina ‘míawɔe tso dzi me, abe Yehowae míewɔe na ene, eye menye na amewo o.’—Kolosetɔwo 3:23.

Nukae “Nyo Wu Vɔsa”?

Nyateƒenya vevi ka dzie Eli, Samuel, Saul, kple Dawid ƒe nudzɔdzɔwo te gbe ɖo? Eyae nye be: “Toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami. Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ [alo dada] enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ.”—Samuel I, 15:22, 23.

Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si su mía si be míakpɔ gome le xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me! Esi míetsɔ míaƒe ‘nuyiwo ƒe nyitsuwo’ le vɔ samee na Yehowa la, ele be míawɔ nusianu si míate ŋui aɖo to mɔfiame si wònana to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la kple eƒe habɔbɔ ƒe akpa si le anyigba dzi la dzi.—Hosea 14:3; Hebritɔwo 13:15.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Àte ŋu akpɔ teƒe vovovo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me le agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða,’ si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 18-19.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Israel-fia gbãtɔ trɔ tso dziɖula ɖokuibɔbɔla kple nudzeamewɔla si wònye gbɔ va zu fiagã dadala kple ɖokuisinuwɔla

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ameka ŋue míate ŋu aɖo ŋu ɖo ne míedze ŋgɔ tsitretsiɖeŋu siwo tso futɔ kako siwo le abe Goliat ene gbɔ?