Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe ŋkumeɖobolo si Dawid kple eƒe amewo ɖu fia be woate ŋu ada Mawu ƒe se dzi le nɔnɔme sesẽwo me tomahemahea?—Samuel I, 21:1-6.

Le Mose III, 24:5-9 ƒe nya nu la, wodaa ŋkumeɖobolo siwo woɖɔlina le Sabat ɖesiaɖe dzi la ɖi na nunɔlawo be woaɖu. Gɔmeɖose si tae wòsɔ be nunɔlawo naɖui ye nye be abolo kɔkɔe wonye, eye wonyea nuɖuɖu na amesiwo wɔa Mawu ƒe subɔsubɔdɔ—woawoe nye nunɔlawo. Be woatsɔ wo ana dɔwɔla dzro aɖe alo woaɖu wo le vivisese ko ta la, masɔ kura o. Gake esi nunɔla Aximelex tsɔ ŋkumeɖoboloa na Dawid kple eƒe amewo woɖu la, mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.

Edze abe dɔ tɔxɛ aɖe si Fia Saul dɔ Dawid la gbee wònɔ ene. Dɔ wu Dawid kple eƒe amewo. Aximelex ku nu me hekpɔ be wole dzadzɛ le ɖoɖo la nu. Togbɔ be ne woakplɔ sea ɖo pɛpɛpɛ la anye sedzidada be woaɖu ŋkumeɖoboloa hã la, ewɔ ɖeka kple gɔmeɖose si nu wozãna ŋkumeɖobolo le. Gɔmesese sia na be Aximelex mewɔ sea ŋudɔ le nɔnɔme sia me o. Yesu Kristo gɔ̃ hã zã nudzɔdzɔ sia tsɔ wɔ kpɔɖeŋui, tsɔ fia alesi mesɔ be woana Sabat sea nasesẽ kpaɖii abe alesi Farisitɔwo ɖea egɔmee ene o.—Mateo 12:1-8.

Gake, nudzɔdzɔ sia mefia be woate ŋu aŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe se dzi le nɔnɔme sesẽwo me o. Le kpɔɖeŋu me, nusi dze abe ŋkubiãnya ene do mo ɖa esime Israel-srafowo nɔ aʋa wɔm kple Filistitɔwo. Fia Saul gblɔ bena: “Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi!” Biblia gblɔ be: “Wosi Filistitɔwo gbemagbe.” Aʋaa va te ɖeɖi asrafoawo ŋu ale gbegbe eye dɔ wu wo, ‘ale wɔ aʋakɔ la tso ʋu lãwo ɖe anyigba, eye aʋakɔ la ɖu lã, si ƒo ʋu la.’ (Samuel I, 14:24, 31-33) Wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu to eƒe se si ku ɖe ʋu ŋu la dzi dada me. Woƒe nuwɔnawo mewɔ ɖeka kple mɔ ɖeka pɛ si ko ŋu Mawu wɔ ɖoɖo ɖo be woazã ʋu le, si nye be “woatsɔ alé avui” ɖe nuvɔ̃wo ta, la o. (Mose III, 17:10-12; Mose I, 9:3, 4) Le nublanuikpɔkpɔ me la, Yehowa xɔ vɔsa tɔxɛ siwo wowɔ ɖe amesiwo wɔ nuvɔ̃a ta.—Samuel I, 14:34, 35.

Ẽ, Yehowa di be míawɔ yeƒe sewo dzi le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Wotsɔa ŋkumeɖobolo yeyewo dana ɖe avɔgbadɔa me le Sabat ɖesiaɖe dzi