Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Pim” aɖe si Ðo Kpe Biblia ƒe Nyateƒenyenye le Ŋutinya me Dzi

“Pim” aɖe si Ðo Kpe Biblia ƒe Nyateƒenyenye le Ŋutinya me Dzi

“Pim” aɖe si Ðo Kpe Biblia ƒe Nyateƒenyenye le Ŋutinya me Dzi

ZI ÐEKA koe nya sia si nye “pim” la dze le Biblia gbãtɔ me. Le Fia Saul ŋɔli la, eva hiã be Israel-viwo nanɔ woƒe dɔwɔnu siwo wotsɔ ga wɔe la nyrem le Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ. Biblia gblɔ be: “Ho si woxena ɖe agblenuwo kple dzigawo kple agblegaflowo kple fíawo kpakple nutɔnuawo nyenyre tae nye pim ɖeka.”—Samuel I, 13:21, NW.

Nukae nye pim? Womenya biabia sia ƒe ŋuɖoɖo o vaseɖe ƒe 1907 M.Ŋ esime woke ɖe pim si nye nudakpe aɖe ŋu zi gbãtɔ le tomenukuku me le blema dugã si nye Gezer me. “Pim” gɔmeɖeɖe sesẽ na Biblia gɔmeɖela siwo nɔ anyi le blema. Le kpɔɖeŋu me, woɖe Samuel I, 13:21 gɔme le King James Version Biblia me be: “Ke hã nunyrega le wo si wotsɔna nyrea dzigawo, kple agblenuwo, kple agblegaflowo, kple fíawo kpakple nutɔnuawo.”

Egbea agbalẽnyalawo nya be pim nye nudakpe si ƒe kpekpeme anɔ gram 7.82, alo anɔ sekel, si nye nudakpe si koŋ Hebritɔwo zãna la, mama ɖe akpa etɔ̃ me ƒe akpa eve. Klosalo si ƒe kpekpeme nye pim ɖekae nye ho si Filistitɔwo xɔna le Israel-viwo si ne wonyre woƒe dɔwɔnuawo. Nudada ɖe sekel me nu yi esime womu Yuda-fiaɖuƒea kple eƒe fiadu Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Ne aleae wòle la, ke alekee nudakpe si nye pim la ɖo kpe Hebri-ŋɔŋlɔa me mawunyakpukpuia ƒe nyateƒenyenye dzii?

Agbalẽnyala aɖewo kea ɖi be Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe ɣeyiɣi, si lɔ tso ƒe alafa evelia va ɖo alafa gbãtɔ D.M.Ŋ., siwo gbɔ medidi boo o la gɔ̃ hã, ɖe eme mee woŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo siwo me Samuel ƒe Agbalẽ Gbãtɔ hã le la le. Eyata wogblɔna be ‘Biblia’ me nudzɔdzɔ siwo le “Hebri Ŋɔŋlɔa me . . . ’menye blema nudzɔdzɔwo o,’ alo womenye nyatakaka vavã ku ɖe ‘blema Israel’ ŋu o, eye be nuŋlɔɖi mawo katã nye egbegbe Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ si nye nya kpakpa.”

Gake William G. Dever, amesi nye Near Eastern ƒe tomenukuku kple amegbetɔŋutinunya ŋu nufiala gblɔ ku ɖe “pim” si woyɔ le Samuel I, 13:21 ŋu be: “Mate ŋu anye ‘nya’ si nuŋlɔla siwo nɔ anyi le Helatɔwo kple Romatɔwo ŋɔli ‘kpa’ o, elabena wodzudzɔ nudakpe siawo zazã ƒe alafa geɖe do ŋgɔ eye woŋlɔ wo be. Le nyateƒe me la, womete ŋu se mawunyakpukpuia ƒe akpa sue sia . . . gɔme o vaseɖe ƒe alafa 20 lia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze, esime woke ɖe nudakpe ŋutɔŋutɔ aɖe ŋu le tomenukuku aɖe me zi gbãtɔ, si dzi woŋlɔ ɖo le Hebrigbe me be pîm.” Nufialagã la yi edzi be: “Ne Biblia me nyawo katã nye ‘nya si nuŋlɔlawo kpa’ le Helatɔwo kple Romatɔwo ŋɔli la, aleke ŋutinya sia ya koŋ wɔ va le Biblia si me woŋlɔ Hebritɔwo ŋu nya ɖo me? Gake ɖewohĩ, ame aɖe aʋli nya be ‘nyakui sue aɖe koe’pîm ƒe nyaa ya nye. Nyateƒee; gake abe alesi míenya ene la ‘blemaŋutinya nye nyakui nyakuiwo nu ƒoƒoƒu.’”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nudakpe si nye pim la anɔ sekel mama ɖe akpa etɔ̃ me ƒe akpa eve