Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛ Siwo Kafua Yehowa ƒe Agbe Nyona ɖe Edzi

Sɔhɛ Siwo Kafua Yehowa ƒe Agbe Nyona ɖe Edzi

‘Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ’

Sɔhɛ Siwo Kafua Yehowa ƒe Agbe Nyona ɖe Edzi

“MEDI nu nyuitɔ kekeake si ate ŋu ado tso agbe me!” Aleae ƒewuivi aɖe ɖe eƒe mɔkpɔkpɔ gblɔe nye si. Gake aleke sɔhɛ akpɔ nu nyuitɔ kekeake le agbe mee? Biblia ɖo eŋu tẽ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”—Nyagblɔla 12:1.

Menye ame tsitsiwo ɖeɖee mɔnukpɔkpɔ li na be woakafu Yehowa ahasubɔe o. Samuel, amesi nye Elkana kple Xana viŋutsu, nye ɖevi dzaa ko esime wòsubɔ Yehowa le avɔgbadɔa me. (Samuel I, 1:19, 20, 24; 2:11) Hebri-nyɔnuvi dzaa aɖe ɖe Yehowa dzixɔse blibo fia esi wòɖo aɖaŋu na Aramtɔwo ƒe aʋafia Naeman be wòayi nyagblɔɖila Elisa gbɔ wòayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ. (Fiawo II, 5:2, 3) Woƒoe ɖe ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa nu le Psalmo 148:7, 12 be woakafu Yehowa. * Esi Yesu xɔ ƒe 12 pɛ ko la, eɖe Fofoa ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti ɖetsɔleme deto fia. (Luka 2:41-49) Esi wotsɔ Ŋɔŋlɔawo mlã ɖevi aɖewo siwo kpɔ Yesu le gbedoxɔa gbɔ ta la, wodo ɣli be: “Hosana na Dawid vi la!”—Mateo 21:15, 16.

Yehowa Kafukafu Egbea

Egbea sɔhɛ geɖe siwo le Yehowa Ðasefowo dome ƒe dzixɔsewo doa dzidzɔ na wo eye wotsɔa dzinɔameƒo gblɔnɛ na amewo le suku kple afisiafi. Bu kpɔɖeŋu eve siawo ŋu kpɔ.

Le Britain la, wonɔ fuɖeɖe kple agbenyuinɔnɔ ŋu nya me dzrom le Stephanie si xɔ ƒe 18 ƒe klass. Nufialaa gblɔ be fifia ame geɖe da asi ɖe fuɖeɖe dzi eye susu aɖeke meli si ta nyɔnuvi aɖe natsi tre ɖe fuɖeɖe ŋu o. Esi sukuviawo katã da asi ɖe nukpɔsusua dzi la, Stephanie se le eɖokui me be ele be yeaʋli yeƒe nukpɔsusu si nɔ te ɖe Biblia dzi ta. Mɔnukpɔkpɔa ʋu esi nufialaa bia Stephanie ƒe nukpɔsusu. Togbɔ be Stephanie nɔ vɔvɔ̃m le gɔmedzedzea me hã la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ gblɔ Ŋɔŋlɔa ƒe nukpɔsusu na wo. Egblɔ nya si le Mose II, 21:22-24 eye wòɖe eme be ne enye nuvɔ̃ be woawɔ nuvevi ɖevi si womekpɔ dzi haɖe o la, ke edze ƒã be fuɖeɖe tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu.

Woƒe nufiala, si nye osɔfo la mexlẽ mawunyakpukpui sia kpɔ o. Stephanie ƒe ɖaseɖiɖi dzinɔameƒotɔe la na be eƒe sukuxɔmeviwo dzro nya geɖe siwo nɔ te ɖe nyati vovovowo dzi me kplii dzidzɔtɔe. Fifia nyɔnuviawo dometɔ ɖeka xɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeye ɖesiaɖe, eye wo dometɔ eve bubu de Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe be yewoakpɔ Stephanie ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ si wòatsɔ aɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzii la teƒe.

Vareta si xɔ ƒe ade si le Suriname, Anyiehe Amerika, zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ kafu Mawui esime wòkpɔ be yewoƒe nufiala hiã na akɔfafa tso Ŋɔŋlɔawo me. Esime nufiala la trɔ gbɔ va sukua le ŋkeke etɔ̃ ƒe anyimanɔmanɔ megbe la, ebia wo ne wonya nusita yemenɔ anyi o. Woɖo eŋu be, “Anye dɔe nèdze, alo?” Nufiala la ɖo eŋu be: “Ao, nɔvinyenyɔnue ku eye melé blanui ŋutɔ. Eyata migaɖe toɣli o.”

Ŋdɔ ma si Vareta dada nɔ alɔ̃ dɔm la, eya nɔ magazine xoxowo me tsãm kple ŋkubiã henɔ tanyawo xlẽm. Eva ke ɖe Gbetakpɔxɔ July 15, 2001 tɔ si ƒe tanya enye “Ðe Agbe Gale Ku Megbea?” ŋu. Dzi dzɔe ale gbegbe be wònyɔ dadaa hegblɔ nɛ be, “Dada, Dada, kpɔ ɖa! Meke ɖe magazine aɖe si ƒo nu tso ku ŋu si matsɔ ana nye nufiala!” Vareta ŋlɔ lɛta kpe ɖe magazine la ŋu tsɔ yi na eƒe nufiala la. Nya si wòŋlɔe nye: “Tɔwòe nunana sia nye. Le Paradiso me la, àgakpɔ nɔviwò nyɔnua ake elabena Yehowa mekaa aʋatso gbeɖegbeɖe o. Edo ŋugbe be yeahe paradiso vɛ, menye le dziƒo o, ke boŋ le anyigba dzi.” Nufiala la da akpe nɛ vevie ɖe Biblia me kɔfafa si le nyatiawo me ta.

Gɔmeɖoanyi Ðoɖo na Etsɔme

Yehowa nye ‘dzidzɔ Mawu’ eye wòdi be sɔhɛwo nakpɔ dzidzɔ. (Timoteo I, 1:11) Eya ŋutɔ ƒe Nya gblɔ be: “Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wo ɖekakpui ŋkekewo me.” (Nyagblɔla 11:9) Yehowa bua nuwo ŋu yia ŋgɔ ʋĩ eye wònyana agbenyuinɔnɔ kple agbe baɖa nɔnɔ siaa me tsonuwo. Esia tae eƒe Nya xlɔ̃ nu sɔhɛwo be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.”—Nyagblɔla 12:1.

Ẽ, enye Yehowa ƒe didi be sɔhɛwo naɖe vi blibo tso agbe si nye nunana xɔasi la me. Ne sɔhɛwo ɖoa ŋku Mawu dzi hekafunɛ la, woate ŋu anɔ agbe si me dzidzeme kple teƒeɖoɖo le. Ne wodze ŋgɔ nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã la, woate ŋu agblɔ dzideƒotɔe be: ‘Nye xɔname tso Yehowa gbɔ.’—Psalmo 121:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses, March/April.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa.’​—PSALMO 148:7, 12

[Aɖaka si le axa 8]

YEHOWA LÉA SƆHƐWO ÐE TE

“Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke!”​—Psalmo 71:5.

“[Mawu] tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.”​—Psalmo 103:5.