Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Simson Kpɔ Dziɖuɖu Le Yehowa Ƒe Ŋusẽ Me!

Simson Kpɔ Dziɖuɖu Le Yehowa Ƒe Ŋusẽ Me!

Simson Kpɔ Dziɖuɖu Le Yehowa Ƒe Ŋusẽ Me!

HLƆ̃BIALA siwo lée la gbã eƒe ŋkuwo eye wodee dɔsesẽwɔgaxɔ me. Azɔ woyi ɖakplɔe tso gaxɔa me va trɔ̃ aɖe ƒe gbedoxɔ me be wòado nukokoe na amesiwo kpe ta ɖi. Wozi edzi be wòazɔ ato nukpɔla akpe nanewo ŋku me eye woɖu fewu le eŋu. Menye nuvlowɔla loo alo futɔwo ƒe aʋafia ye gamenɔla la nye o. Yehowa subɔlae wònye eye esubɔ abe ʋɔnudrɔ̃la ene le Israel ƒe 20 sɔŋ.

Aleke wòdzɔe be Simson—ŋutsu sesẽtɔ kekeake le ŋutilãmeŋusẽ gome si nɔ agbe kpɔ la—va ɖo gbɔɖiame ƒe nɔnɔme ma me? Ðe wòate ŋu azã eƒe ŋusẽ tɔxɛa aɖe eɖokuia? Nuka tututue na ŋusẽ nɔ Simson ŋu nenema gbegbe ɖo? Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane tso eƒe agbemeŋutinya mea?

‘Axɔ Ŋgɔ le Israel Ðeɖe Me’

Israel-viwo trɔ ɖa le tadedeagu vavãtɔ gbɔ zi geɖe va yi. Eyata esi ‘wogawɔ nusi medze Yehowa ŋu o la, Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blane sɔŋ.’—Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:1.

Simson ƒe ŋutinya dze egɔme esime Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia nyɔnu konɔ aɖe si nye Israel-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Manoax srɔ̃, eye wògblɔ nɛ be adzi ŋutsuvi. Mawudɔla la de se be: “Talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu [Nasiretɔ] wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:2-5) Hafi woava fɔ Simson ƒe fu la, Yehowa ɖoe be yeade dɔ tɔxɛ aɖe asi nɛ. Tso esime wonya dzii ko la, anye Nasiretɔ—amesi wotia hena subɔsubɔdɔ kɔkɔe tɔxɛ aɖe wɔwɔ.

“Eƒe Nu Nyo Ŋunye!”

Esi Simson nɔ tsitsim la, ‘Yehowa yi edzi nɔ eyram.’ (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:24) Gbeɖeka Simson va gblɔ na fofoa kple dadaa bena: “Mekpɔ nyɔnuvi aɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat, eyata miɖee nam!” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:2) Kpɔ alesi gbegbe wòawɔ mo yaa na woe ɖa le susu me. Le esi teƒe be wo via naɖe Israel-dukɔa tso wo teɖeanyilawo si me la, edi be yeaɖe srɔ̃ le wo dome ado ƒome kpli wo boŋ. Srɔ̃ɖeɖe le trɔ̃subɔlawo dome tsi tre ɖe Mawu ƒe Se la ŋu. (Mose II, 34:11-16) Eyata edzilawo gbe nya nɛ be: “Ðe nyɔnu aɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖaɖe srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea?” Gake Simson te tɔ ɖe edzi be: “Ðee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:3.

Mɔ ka nue Filisti-nyɔnu sia koŋ “nyo” na Simson le? McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia, gblɔ be menye le “alesi gbegbe nyɔnua dze tugbee ŋutɔ” tae eƒe nu nyo eŋu nenema gbegbe ɖo o, “ke boŋ le susua nu be asɔ nyuie na taɖodzinu aɖe gbɔ ɖoɖo.” Na taɖodzinu ka gbɔ ɖoɖo? Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:4 ɖe eme be Simson nɔ ‘mɔnu dim le Filistitɔwo ŋu.’ Susu ma tae Simson tsɔ ɖe le nyɔnua me ɖo. Esi Simson tsi ɖo ŋutsu me la, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ de asi edzi dzedze me,” alo dea dzo eme ɖe nuwɔwɔ ŋu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:25) Eyata Yehowa ƒe gbɔgbɔe nɔ megbe na Simson ƒe didi vevie be yeaɖe srɔ̃ eye eya kee do ŋusẽe le dɔ siwo katã wòwɔ abe Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene la me. Ðe mɔnukpɔkpɔ si dim Simson nɔ la su esia? Gbã la, mina míade ŋugble tso alesi Yehowa na kakaɖedzii be yeanɔ megbe nɛ la ŋu.

Simson nɔ mɔ zɔm yina eƒe ŋugbetɔ si wòdi be yeaɖe ƒe du me, le Timnat. Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Esi wòva] ɖo Timnat-tɔwo ƒe weingblewo gbɔ la, kpɔ ɖa, dzatavi aɖe le gbe tem va do goe. Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòvuvui.” Simson ɖe ŋusẽ ɖedzesi sia fia esime ame aɖeke menɔ afima o. Eyata ame aɖeke mekpɔ eteƒe o. Ðe Yehowa to mɔ sia nu nɔ kakaɖedzi nam Simson be esi wònye Nasiretɔ ta la, ate ŋu awɔ dɔ si Yede esi la ade goea? Biblia megblɔ nya aɖeke tso esia ŋu o, ke hã Simson adze sii godoo be ŋusẽ tɔxɛ ma menye ye ŋutɔ yeƒe ŋutete o. Mawu gbɔe wòanya tso kokoko. Ate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu le dɔ si nɔ eŋgɔ la wɔwɔ me. Esi dzata la ŋuti nudzɔdzɔa do ŋusẽ Simson ta la ‘eyi ɖaƒo nu kple nyɔnu la, eye eƒe nu kpɔtɔ nyo Simson ŋu.’—Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:5-7.

Emegbe esi Simson trɔ yina be yeakplɔ nyɔnua va aƒemee la, “edze gbe, be yeakpɔ dzata kuku la ɖa, eye kpɔ ɖa, anyi ɖa ɖe dɔ me na dzata la.” Esi esia le susu me na Simson ta la, eto adzo na Filistitɔ 30 siwo woɖe kpe ɖe eŋu abe ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo ene le eƒe srɔ̃kpegbe bena: “Nuɖuɖu tso nutsuɖula me, eye nu vivi tso ŋusẽtɔ me.” Ne wote ŋu ɖe adzo la gɔme la, Simson ana awutewui 30 kple atsyɔ̃ɖowu 30 wo. Ke ne womete ŋu ɖe adzo la gɔme o la, woawo boŋ atsɔ awutewui kple atsyɔ̃ɖowu agbɔsɔsɔme mawo ana Simson. Adzo la gɔmeɖeɖe ɖu ta na Filistitɔawo ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Eye le ŋkeke enelia dzi la, wodo ŋɔdzi na nyɔnua. Wogblɔ nɛ be: “Ƒoe ɖe srɔ̃wò nu, ne wòaɖe adzo la gɔme na mí! Ne menye nenem o la, míatɔ dzo mia kple fofowò ƒe aƒe!” Tagbɔsesẽ nuwɔna ka gbegbee nye si! Ne Filistitɔwo wɔ nu ɖe woa ŋutɔwo deviwo ŋu alea la, ke kpɔ alesi gbegbe wonɔ ŋuta sẽm le Israel-viwo ŋui ɖa le susu me!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:8-15.

Nyɔnu sia si vɔvɔ̃ ɖo la, ƒoe ɖe Simson nu wòɖe adzo la gɔme nɛ. Esi nyɔnua melɔ̃ Simson o eye wònye nuteƒemawɔla ta la, enumake egblɔ ŋuɖoɖoa na ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃awo. Wova ɖe adzo la gɔme, eye Simson nya alesi wowɔ te ŋu ɖe egɔme. Egblɔ na wo bena: “Ðe menye nye nyivi lae mietsɔ ŋlɔ agblee o la, anye ne miele nye adzo la gɔme ɖe ge tututu o.” Mɔnukpɔkpɔ si dim Simson le la su esi azɔ. “Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi wòyi Askalon ɖawu ŋutsu blaetɔ̃ heɖe wo ŋu nuwo, eye wòtsɔ atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na amesiwo ɖe adzo la gɔme.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:18, 19.

Ðe Simson yi ɖatu nu kple ameawo le Askalon tsɔ bia hlɔ̃ na eɖokuia? Ao. Enye Mawu ƒe nuwɔwɔ to ɖela si wòtia dzi. To Simson dzi la, Yehowa dze aʋahoho gɔme ɖe ameteɖeanyila siwo le ŋuta sẽm le eƒe amewo ŋu la ŋu. Ele be ɖeɖedɔ sia nayi edzi. Mɔnukpɔkpɔ bubu gaʋu esime Simson yi srɔ̃a srã ge akpɔ.

Eya Ðeka Yi Ðawɔ Aʋa

Esi Simson trɔ yi Timnat la, ekpɔ be toa tsɔ nyɔnu la na ŋutsu bubu wòɖe, le esi wòbui be Simson lé fu nyɔnua ta. Edze abe esia ku dzi na Simson ene. Eyata eyi ɖalé abei 300, eye wòbla akakati ɖe abei eve ɖesiaɖe ƒe asike si wòlé bla ɖekae ŋu. Esi wòɖe asi le wo ŋu ɖo ɖa la, wotɔ dzo lugblewo, weingblewo, kple amitibɔwo, hetsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe nuku vevitɔ etɔ̃awo le ƒe ma me. Filistitɔawo do dziku vevie hewɔ hlɔ̃nu aɖe. Woda fɔbubua ɖe Simson srɔ̃ kple nyɔnua fofo dzi eye wotɔ dzo wo. Hlɔ̃nu sia si wowɔ la gaʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na Simson be wòawɔ dɔ si ta wotiae. Eya hã yi ɖadza wo nyamanyama eteƒe mekɔ o.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:1-8.

Ðe Israel-viwo kpɔe dze sii be Yehowa Mawu ƒe yayrae nɔ Simson dzi eye wowɔ ɖeka kplii be woaɖe wo tso Filistitɔwo ƒe wo dzi ɖuɖu mea? Gbeɖe. Be Yuda-ŋutsuwo naƒo asa na fuwɔame ta la, wodɔ ŋutsu 3,000 sɔŋ ɖa be woalé kplɔla si Mawu tia na wo la vɛ ne yewoatsɔe ade asi na eƒe futɔwo. Ke hã Israel-viwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia gana mɔnukpɔkpɔ Simson be wòtu nu kple eƒe futɔwo. Esi wokplɔe ɖo Filistitɔwo gbɔ le asi ɖe ge le eŋu na wo ko la, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye ka, siwo le alɔ ŋu nɛ la, zu abe anazi, [ɖetika] si dzo ƒo ene, eye bablawo bebe le asi ŋu nɛ.” Azɔ ekpɔ tedzi ƒe glã aɖe do asi ɖa tsɔe wu ame akpe ɖeka le eƒe futɔwo dome.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:10-15.

Simson do ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: “Èto wò dɔla ƒe asi dzi ɖu dzi gã sia, eye azɔ tsikɔ nawum maku, eye mage ɖe bolotɔ siawo si mea?” Yehowa se Simson ƒe gbedodoɖa heɖo eŋu nɛ. “Mawu fe kpe aɖe . . . , eye tsi do le eme wòno, ale be agbe gaɖo eme, eye eƒe lãme kɔ.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:18, 19.

Simson ƒe susu katã nɔ eƒe taɖodzinu, si nye aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo, la ɖeɖeko dzi. Ðe wòyi gbolo aɖe ƒe aƒeme le Gaza kple susu be yeawɔ avu kple Mawu ƒe futɔwo. Simson hiã na teƒe aɖe si wòadze le zã la me le futɔwo ƒe du me, eye afisi wòate ŋu akpɔ ɖe le enye gbolo aɖe ƒe aƒeme. Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susu aɖeke menɔ tame na Simson o. Edzo le gboloa ƒe aƒeme le zãtiƒe, eye wòho du la ƒe agbo kple sɔti gã eve siwo ŋu agboawo le, hetsɔ wo yi ɖada ɖe keke to aɖe si gbɔ didi kilometa 60 lɔƒo, si te ɖe Xebron ŋu, la ta me. Mawu da asi ɖe nusia dzi hena ŋusẽe wòtsɔ wɔe.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:1-3.

Alesi gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ to Simson dzi la ɖe dzesi ŋutɔ le nɔnɔme tɔxɛ siwo me nuawo dzɔ le ta. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea ate ŋu aɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ ma ke ŋu be wòado ŋusẽ wo. Yesu na kakaɖedzi eyomedzelawo be Yehowa ana ‘gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la.’—Luka 11:13.

Nukatae Yehowa ‘Dzo le Simson Gbɔ’?

Eva ve eme be Simson lɔ̃ nyɔnu aɖe si woyɔna be Delila. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo di vevie be yewoaɖe Simson ɖa godoo, eyata wobia kpekpeɖeŋu tso nyɔnua gbɔ. Wote ɖe Delila ŋu hegblɔ nɛ bena: “Ble enu, ne nadze si nusi me eƒe ŋusẽ gã la le, kple nusi míatsɔ aɖu edzi.” Amegã atɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe do ŋugbe be yewoana “klosalo akpe kple alafa ɖeka” nyɔnua abe zãnunana ene.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:4, 5.

Ne sekel mee wobu klosaloawo ɖo la, ke sekel 5,500 si wotsɔ na zãnui la nye ga home gbogbo ŋutɔ aɖe. Abraham xe sekel 400 tsɔ ƒle afisi wòaɖi srɔ̃a ɖo lae, eye wodzrana kluviwo sekel 30 pɛ ko. (Mose I, 23:14-20; Mose II, 21:32) Nyateƒe si wònye be amegã atɔ̃awo—Filistitɔwo ƒe dugã atɔ̃ ƒe dziɖulawo—zã nusi ana Delila naklẽ ŋu, ke menye ɖe wodoe ɖe egbɔ be wòawɔ nuteƒe na eƒe dukɔ o, la na wòdze abe Israel-nyɔnue Delila nye ene. Aleke kee wòɖale o, Delila lɔ̃ be yeaxɔ nunana la.

Simson trɔ Delila to eme zi etɔ̃ sɔŋ, eye nyɔnua hã te kpɔ be yeadee asi na eƒe futɔwo zi etɔ̃ sɔŋ. Gake “esi wòle dzi gbãm nɛ gbawotsyogbe kple eƒe nyawo, eye wòle fu ɖem nɛ la, eva gloe, eye ku ɖo mo nɛ.” Eye mlɔeba Simson ʋu go nyateƒea—womelũ ta nɛ kpɔ o. Ne wolũ ta nɛ la, ekema agbɔdzɔ azu abe ame bubuwo katã ene.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:6-17.

Ema he Simson ƒe anyidzedze vɛ. Delila dee alɔ̃ me eye wòna wolũ ta nɛ. Gake Simson ƒe ŋusẽ menɔ eƒe ɖa ŋutɔŋutɔ me o. Ƒomedodo tɔxɛ si me wònɔ kple Mawu abe Nasiretɔ ene koe eƒe ɖaa tsi tre ɖi na. Esi Simson ɖe mɔ le eɖokui ŋu hena nuwɔna aɖe va gblẽ eƒe Nasiretɔnyenye me, si nye eƒe taɖa si wolũ nɛ, ta la, “Yehowa dzo le egbɔ.” Fifia la, Filistitɔwo kpe Simson dzi, gbã ŋku nɛ, hetsɔe de gaxɔ me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:18-21.

Nufiame sẽŋu ka gbegbee nye si le esia me na mí! Ðe mele be míabu mía kple Yehowa dome ƒomedodo nu xɔasi ŋutɔ aɖee oa? Ne míegbe wɔwɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu abe Kristotɔwo ene dzi le mɔ aɖe nu la, aleke wɔ míakpɔ mɔ be wòayi edzi ayra míi?

“Maku Kple Filistitɔwo”

Filistitɔ siwo nɔ aseye tsom la da akpe na woƒe mawu Dagon ɖe Simson dzi ɖuɖu ta. Esi wonɔ aglo tum ɖe dziɖuɖu kpɔkpɔ sia ta la, wokplɔ Simson yi Dagon ƒe gbedoxɔ me. Ke hã, Simson nya nusi tututu he eƒe anyidzedzea vɛ. Enya nusitae Yehowa gblẽ eyama ɖi, eye wòte ɖe Simson dzi vevie le esi wòdo kpo nu ta. Esi Simson nɔ gaxɔa me la, eƒe taɖa te toto vlɔvlɔvlɔ. Fifia esi wòle Filistitɔ akpe geɖe ŋkume la, nuka wɔge wòala?

Simson do gbe ɖa be: “Aƒetɔ Yehowa, ɖo ŋku dzinye, eye do ŋusẽm fifia ko, oo Mawu, ne mabia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku [eveawo dometɔ ɖeka, NW] nu!” Emegbe elé titinasɔti eveawo, siwo dzi xɔa nɔ, eye “wòbi eɖokui kple ŋusẽ.” Nukae do tso eme? “Xɔ la mũ dze amegãwo kple dukɔ blibo la dzi. Ale amesiwo wòwu le eƒe kuɣi la, sɔ gbɔ wu amesiwo wòwu le eƒe agbe me.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:22-30.

Le ŋutilãmeŋusẽ gome la, ame aɖeke ƒe ŋusẽ mede Simson tɔ nu le amegbetɔwo dome o. Nyateƒee, dɔ klitsu siwo wòwɔ la ɖe dzesi ale gbegbe. Gake vevietɔ wu la, Yehowa ƒe Nya la yɔ Simson ɖe amesiwo si xɔse sẽŋu nɔ la dome.—Hebritɔwo 11:32-34.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nuka tututue na ŋusẽ nɔ Simson ŋu nenema gbegbe ɖo?