Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia—Ðe Wotsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vavãa?

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia—Ðe Wotsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vavãa?

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia​—Ðe Wotsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vavãa?

NUSIWO de nyaʋiʋli Galileo kple Katolikoha la dome la nɔ anyi ƒe alafa geɖewo hafi wova dzi Copernicus kple Galileo kura gɔ̃ hã. Eyae nye be blema Helatɔwo xɔ nufiafia si nye be anyigba lae le titina na xexea dzi se eye xexemenunyala Aristotle (ƒe 384-322 M.Ŋ.) kpakple ɣletiviŋununyala kple ɣletivimefakala Ptolemy (ƒe alafa evelia M.Ŋ.) va doe ɖe dzi wu. *

Helatɔwo ƒe akɔntanyala kple xexemenunyala Pythagoras (ƒe alafa adelia D.M.Ŋ.) ƒe nukpɔsusuwoe kpɔ ŋusẽ ɖe Aristotle ƒe nufiafia dzi. Le Pythagoras ƒe nukpɔsusu si dzi Aristotle va lɔ̃ ɖo bena nusiwo le nogo kple esiwo le kotoo la le nɔnɔme si deblibo me ta la, ena wosusui be dziƒowo nye nu nogo siwo le abawo me le wo nɔewo me, abe alesi sabala le abawo me ene. Abaawo dometɔ ɖesiaɖe me kɔ tseŋtseŋ, eye anyigba le wo titina. Ɣletiviwo zɔna le xlãƒoƒo me, eye aba kɔtoe tɔ, si nye Mawu ƒe ŋusẽtsoƒe lae yɔa wo ɖe nu. Aristotle xɔe se hã be ɣe kple ɣletinyigba bubuwo katã de blibo, dzesi alo ɖi aɖeke mele wo ŋu o eye womate atrɔ o.

Xexemenunya mee Aristotle ƒe nukpɔsusu si dedu la tso, ke menye dzɔdzɔmeŋutinunya mee o. Ewɔe be susu manɔ eme be woagblɔ be anyigba la le zɔzɔm o. Etsi tre ɖe yamenutome ƒe anyinɔnɔ hã ŋu eye wòxɔe se be anyigba si le zɔzɔm la anɔ nuwo ŋu tem si ana wòava tɔ, negbe ɖe ŋusẽ aɖe li si le etutum ɣeawokatãɣi ko hafi. Esi Aristotle ƒe nukpɔsusua dze abe nusi me susu le ene na dzɔdzɔmeŋutinunya madeŋgɔ si nɔ anyi ɣemaɣi ta la, nufiafia sia nɔ anyi abe ƒe 2,000 kloe ene. Le ƒe alafa 16 lia ƒe nuwuwu lɔƒo kura gɔ̃ hã la, Franseawo ƒe xexemenunyala Jean Bodin ɖe nukpɔsusu nyanyɛ ma gblɔ be: “Tamebula alo amesi nya nu suetɔ kekeake le dzɔdzɔmeŋusẽ ŋu gɔ̃ hã masusui kpɔ be míaƒe anyigba gã kpekpe sia . . . , anɔ totrom . . . le eɖokui si ahanɔ xlã ƒom ɣea gbeɖe o; elabena ne anyigba ʋã kikli la, du gãwo kple xɔ kɔkɔwo, duwo kple towo agbã keŋkeŋ míakpɔ.”

Sɔlemeha la Lɔ̃ Ðe Aristotle ƒe Nufiafia Dzi

Nusi hã gana be nyaʋiʋlia va ɖo Galileo kple sɔlemeha la dome la dzɔ le ƒe alafa 13 lia me eye wòku ɖe Katolikotɔwo ƒe amegã Thomas Aquinas (ƒe 1225-74) ŋu. Aquinas dea bubu deto Aristotle, amesi wòyɔ be Xexemenunyala la, ŋu. Aquinas dze agbagba ƒe atɔ̃ sɔŋ be yeate Aristotle ƒe xexemenunya ɖe subɔsubɔhaa ƒe nufiafia me. Wade Rowland gblɔ tso Galileo ƒe ɣeyiɣia ŋu le eƒe agbalẽ si nye Galileo’s Mistake (Galileo ƒe Vodada) me be, “Aristotle ƒe nufiafia si le Aquinas tsɔ dea eƒe mawunyagbɔgblɔ me va zu Roma Sɔlemeha ƒe nufiafia vevi aɖe.” Ðo ŋku edzi hã be le ŋkeke mawo me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menɔ wo ɖokui si ale o. Sɔlemehawo si mee agbalẽsrɔ̃nyawo nɔ koŋ. Subɔsubɔhawoe kpɔa ŋusẽ ɖe subɔsubɔnyawo kple dzɔdzɔmeŋutinunya siaa dzi zi geɖe.

Fifia nuwo sɔgbe azɔ be sɔlemeha kple Galileo dome nyaʋiʋlia nadze egɔme. Hafi ne Galileo nava ƒo eɖokui ɖe ɣletiviŋutinunya sɔsrɔ̃ me gɔ̃ hã la, eŋlɔ agbalẽ aɖe do ŋgɔ ku ɖe dzɔdzɔmenuwo ƒe zɔzɔ ŋu. Agbalẽ sia te fli ɖe Aristotle si ŋu wodea bubu gãe la ƒe nufiafiawo me. Ke hã, Galileo ƒe tɔtete ɖe eƒe nukpɔsusu si nye be ɣe lae le ɣletinyigbawo titina kpakple be nya sia wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo dzi tae wohee yi Ŋutasẽʋɔnui le ƒe 1633 me ɖo.

Esi Galileo nɔ eɖokui nu ɖem la, ete gbe ɖe alesi wòxɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la dzi vevie. Egblɔ hã be ame tsɛwoe woŋlɔ Biblia na eye mele be woaɖe mawunyakpukpui siwo fia abe ɖe ɣe la le zɔzɔm ene la me ɖe nyagbɔgblɔawo ŋutɔŋutɔ nu o. Eƒe nyanuɖeɖeawo mede edzi o. Esi Galileo gbe be yemanɔ te ɖe Hela xexemenunya dzi atsɔ aɖe Ŋɔŋlɔawo mee ta la, wobu fɔe! Ƒe 1992 me hafi Katolikoha la va lɔ̃ ɖe edzi le dutoƒo be yewɔ vodada le yeƒe afiatsotso na Galileo me.

Nufiame Siwo Le Eme na Mí

Nukae míate ŋu asrɔ̃ le nudzɔdzɔ siawo me? Ðekae nye be Galileo metsi tre ɖe Biblia ŋu o. Subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo boŋue wòtɔ gbee. Subɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Edze abe menye nusi míasrɔ̃ tso Galileo ƒe ŋutinya me ye nye be Sɔlemeha la ku ɖe Biblia me nyateƒewo ŋu goŋgoŋ o, ɖee meku ɖe eŋu goŋgoŋ o boŋ.” Sɔlemeha la ƒe mɔɖeɖe ɖe Hela xexemenunya ŋu be wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nufiafia dzi na be wòxɔ kɔnyinyiwo dzi se le esi teƒe be wòaxɔ Biblia ƒe nufiafiawo dzi ase.

Esiawo katã na míeɖo ŋku Biblia me nuxlɔ̃amenya sia dzi, be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”—Kolosetɔwo 2:8.

Egbea kura gɔ̃ hã la, Kristodukɔa me tɔ geɖe gakpɔtɔ xɔ nufiafia kple xexemenunya siwo tsi tre ɖe Biblia ŋu dzi se. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Darwin ƒe amedzɔtsolãme nufiafia, si dzi wova xɔ se ɖe Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nuŋlɔɖi si be Mawue wɔ nuwo la teƒe. Subɔsubɔhawo to nuwɔna sia dzi wɔ Darwin wòzu egbe ŋkekea me Aristotle, eye wotsɔ amedzɔtsolãme nufiafia la wɔ woƒe dzixɔsee. *

Dzɔdzɔmeŋutinunya Vavãtɔ Wɔ Ðeka Kple Biblia

Mele be nya siwo me míedzro va yi naɖe dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ ƒe dzi ƒo na ame aɖeke le mɔ aɖeke nu o. Le nyateƒe me la, Biblia ŋutɔ de dzi ƒo na mí be míalé ŋku ɖe Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu eye be míakpɔ eƒe amenyenye wɔnukuwo la adze sii le nusiwo míekpɔna la me. (Yesaya 40:26; Romatɔwo 1:20) Ele eme baa be Biblia megblɔ be yenye dzɔdzɔmeŋutinunya srɔ̃gbalẽ ya o. Ke boŋ Mawu ƒe dzidzenuwo, eƒe nɔnɔme siwo xexemenuwɔwɔwo ɖeɖe mate ŋu aɖe afia o, kple eƒe tameɖoɖo na amegbetɔwoe wòɖe fia. (Psalmo 19:8-12; Timoteo II, 3:16) Ke hã, ne Biblia le nu ƒom tso dzɔdzɔmenuwo ŋu la, esɔna ɖe enu pɛpɛpɛ ɣesiaɣi. Galileo ŋutɔ gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea kple dzɔdzɔmenuwo siaa dzɔ tso Mawu gbɔ . . . Nyateƒe eve mate ŋu atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu gbeɖe o.” De ŋugble le kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Nusi wòle vevie be míade dzesii wu ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo ƒe zɔzɔe nye be sewo, abe nuheŋusẽ ene, ye kplɔa nusianu si le xexeame. Pythagoras, amesi xɔe se be woate ŋu ato akɔntabubu mɔnuwo dzi ase xexeame gɔme, ƒe nuŋlɔɖi ye nye nuŋlɔɖi siwo metso Biblia me o ƒe gbãtɔ si gblɔ be dzɔdzɔmesewo dzie nusianu zɔna ɖo le xexeame. Le ƒe akpe eve megbe la, Galileo, Kepler, kple Newton va ɖo kpe edzi mlɔeba be se siwo gɔme nya se dzie nusianu zɔna ɖo le xexeame.

Hiob ƒe agbalẽa mee dzɔdzɔmese ŋu nya dze le zi gbãtɔ le Biblia me. Le ƒe 1600 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Mawu bia Hiob be: ‘Ènya dziƒo ƒe sewoa?’ (Hiob 38:33) Yeremya ƒe agbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me la gblɔ le Yehowa ŋu be “[eɖo, alo ede se] na ɣleti kple ɣletiviwo” eye be eyae nye “dziƒo kple anyigba ƒe ɖoɖowo [alo sewo]” Wɔla. (Yeremya 31:35; 33:25) Le nya siawo ta la, Biblia ŋutinyaŋlɔla G. Rawlinson gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ kɔkɔea ŋlɔlawo kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya siaa gblɔ alesi se bɔ ɖe xexeamee ŋu nya kɔte.”

Ne míebui tso Pythagoras ƒe ŋkekea me dzi la, míakpɔe be wogblɔ nya siwo le Hiob ƒe agbalẽa me abe ƒe akpe ɖeka ene do ŋgɔ na Pythagoras ƒe ɣeyiɣia. Nenɔ susu me na wò be menye Biblia ƒe taɖodzinue nye be wòaɖe dzɔdzɔmenuwo ɖe go ko o, ke koŋ be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔe adze sii kɔte be Yehowae nye nuwo katã Wɔla—amesi ate ŋu awɔ dzɔdzɔmesewo.—Hiob 38:4, 12; 42:1, 2.

Kpɔɖeŋu bubu si ŋu míate ŋu ade ŋugble le ye nye be xexemetsiwo katã zɔna ɖe tɔtrɔ ƒe ɖoɖo nu si woyɔna be tsi ƒe tɔtrɔ. Ne míagblɔe kpuie ko la, ya lɔa tsi tsoa atsiaƒu me, abe afu ene yia alilikpo me, wòtrɔna zua tsi dzana ɖe anyigba dzi, hetrɔna yia atsiaƒua me ake. Tsi ƒe tɔtrɔ sia ŋuti nuŋlɔɖi si metso Biblia me o si nye xoxotɔ si li egbea la nye esi woŋlɔ le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me. Gake Biblia ya ƒo nu tso nya sia ŋu xoxoxo ƒe alafawo do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 11 lia D.M.Ŋ. me la, Fia Salomo ŋlɔ be: “Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi tɔwo sina yina la, afima woyina ɖaa.”—Nyagblɔla 1:7.

Nenema kee le ƒe alafa 800 lia D.M.Ŋ. me lɔƒo la, nyagblɔɖila Amos, amesi nye alẽkplɔla kple agbledɔwɔla ko la ŋlɔ nu tso Yehowa ŋu be: “[Eyɔ] atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi.” (Amos 5:8) Togbɔ be vovototo vi aɖe koe le alesi Salomo kple Amos ƒo nu tso tsi ƒe tɔtrɔ sia ŋu me hã la, woa kple evea siaa zã nya bɔbɔe siwo gɔme anya se na amesiame tsɔ ɖɔe wòde pɛpɛpɛ.

Biblia gagblɔ le Mawu ŋu be “meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Le sidzedze si nɔ anyi le ƒe 1600 D.M.Ŋ. si nye ɣeyiɣi si me lɔƒo wogblɔ nya mawo nu la, anye ne ame ŋkuta aɖee agblɔ be nu kpekpe aɖe ate ŋu anɔ yame le esime womekui ɖe naneke ŋu o. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, Aristotle ŋutɔ si nɔ agbe le ƒe siwo wu 1,200 megbe la, tsi tre ɖe yame gbahoo aɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu!

Ðe mewɔ moyaa ŋutɔ na wò be Biblia gblɔ nyateƒenya siwo de pɛpɛpɛ alea—togbɔ be nusi amewo susu ɣemaɣi mesɔ o gake eya mee wobu be susu le—oa? Le amesiwo bua nu ŋu gome la, esia hã ganye kpeɖodzi bubu si ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso. Eyata anye nusi me nunya le be míagaɖe mɔ nufiafia alo dzixɔse siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu nakplɔ mí atrae o. Abe alesi ŋutinya ɖo kpe edzii zi gbɔ zi geɖe ene la, amegbetɔwo ƒe xexemenunyawo, agbalẽnyala deŋgɔwo kura gɔ̃ hã tɔ, va nɔa tsia dzi eye wonu yina, gake “Aƒetɔ ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Petro I, 1:25.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, Helatɔ aɖe si ŋkɔe nye Aristarchus, si tso Samos, gblɔ be ɣee le titina na xexeame katã, gake wogbe eƒe nukpɔsusua le Aristotle tɔ ta.

^ mm. 12 Ne èle numedzodzro deto dim tso nyati sia ŋu la, xlẽ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 15 lia, si be “Why Do Many Accept Evolution?” [Nukatae Ame Geɖe Xɔa Amedzɔtsolãme Nufiafia Dzi Sena Ðo?]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Protestanttɔwo Ƒe Nɔnɔme Ðe Eŋu

Protestanttɔ Ðɔɖɔɖowɔlawo ƒe ŋgɔnɔlawo hã tsi tre ɖe ɣe ƒe titina nɔnɔ na ɣletinyigbawo ŋu vevie. Wo dometɔ aɖewoe nye Martin Luther (ƒe 1483-1546), Philipp Melanchthon (ƒe 1497-1560), kpakple John Calvin (ƒe 1509-64). Luther gblɔ le Copernicus ŋu be: “Bometsila sia di be yeatrɔ ɣletiviŋutinunya bliboa ƒe ta atu.”

Ðɔɖɔɖowɔlawo tu woƒe nyaʋiʋlia ɖe ŋɔŋlɔ aɖewo abe Yosua ta 10 ene, si gblɔ be “ɣe kple ɣleti wotɔ” la, dzi. * Nukatae Ðɔɖɔɖowɔlawo bui nenema ɖo? Agbalẽ si nye Galileo’s Mistake (Galileo ƒe Vodada) ɖe eme be togbɔ be Protestant subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖowɔlawo do le papa ƒe kɔkuti te hã la, womete ŋu “ɖe asi le” Aristotle kple Thomas Aquinas, amesiwo ƒe nukpɔsusuwo “Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo siaa xɔ de eme” la ƒe “ŋusẽkpɔɖeamedzi vevitɔ” la ŋu o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 28 Le dzɔdzɔmeŋutinya nu la, enyea vodada ne míezã nyagbɔgblɔ siwo nye “ɣedzeƒe” kple “ɣetoɖoƒe.” Gake le míaƒe gbesiagbe nuƒoƒo me la, naneke megblẽ le nya eve mawo zazã ŋu o eye wosɔ hã ne míɖo ŋku alesi wòdzena na mí le anyigba dzi la dzi. Nenema kee menye ɣletiviŋutinunya ƒe nya gblɔm Yosua nɔ o, ke boŋ alesi wòkpɔ nudzɔdzɔwo lae koe wògblɔ.

[Nɔnɔmetatawo]

Luther

Calvin

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso agbalẽ si nye Servetus and Calvin, ƒe 1877 tɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Aristotle

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso agbalẽ si nye A General History for Colleges and High Schools, ƒe 1900 tɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Thomas Aquinas

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso agbalẽ si nye Encyclopedia of Religious Knowledge, ƒe 1855 tɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Isaac Newton

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ƒe 3,000 kple edzivɔwoe nye sia la, Biblia ƒo nu tso tsi siwo le anyigba dzi ƒe tɔtrɔ ŋu