Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Nyaʋiʋli aɖe Dze Egɔme

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Nyaʋiʋli aɖe Dze Egɔme

Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ​—Nyaʋiʋli aɖe Dze Egɔme

ƔLETIVIŊUTINUNYALA aɖe si xɔ ƒe 70 la nɔ eƒe kuba dzi henɔ kutri kum be yeaxlẽ nu. Enɔ agbalẽ aɖe si wòŋlɔ la me tom kpɔ be nuwo sɔ ɖe eme bene woatae hã. Eya ŋutɔ ɖanya loo alo meɖanya o, eƒe agbalẽa atrɔ ameƒomea ƒe nukpɔsusu le nɔnɔme si me xexeame le ŋu kura. Ele glãkahehe sesẽ aɖe, si metsonuwo gakpɔtɔ le nu gblẽm egbea hã la, de ge Kristodukɔa dome.

Ame ma si nɔ kubaa dzi lae nye Polandtɔ, Katolikotɔ, Nicolaus Copernicus, eye ƒe 1543 mee nya sia dzɔ. Copernicus ƒe agbalẽ si ŋkɔe nye On the Revolutions of the Heavenly Spheres (Le Dziƒonuwo ƒe Xlãƒoƒo Ŋu) gblɔ be menye anyigba lae le ɣe la kple eŋuɣletinyigbawo ƒe hatsotso si me míaƒe anyigba le la titina o, ke boŋ ɣe lae. Copernicus to agbalẽ ɖeka sia ko dzi tsɔ nufiafia si gɔmesese le bɔbɔe ŋutɔ la ɖɔ li anyigbaa ƒe titina nɔnɔ na ɣe kple ɣletinyigbawo ƒe nufiafia si tɔtɔa ame ŋutɔ la.

Gbã la, naneke mefia kura be nyaʋiʋli aɖeke ava dzɔ o. Nusiwo tae la dometɔ ɖekae nye be Copernicus dze aɖaŋu le eƒe nukpɔsusuwo gbɔgblɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, edze abe Katolikoha, si xɔe se be anyigbae le titina na ɣletinyigbawo katã la, daa asi ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekukuwo dzi ɣemaɣi ene. Papa la ŋutɔ gɔ̃ hã de dzi ƒo na Copernicus be wòata eƒe agbalẽa. Esi Copernicus ta agbalẽa azɔ la, nuŋɔŋlɔmetola vɔvɔ̃nɔtɔ aɖe ŋlɔ eya ŋutɔ ƒe ŋgɔdonyawo eye wògblɔ le ɣe ƒe titina nɔnɔ na ɣletinyigbawo ƒe nyaa ŋu be esɔ le akɔntabubu ƒe nukpɔsusuwo nu, gake mefia kokoko be nenemae wòle le ɣletiviŋutinunya ya me o.

Nyaʋiʋlia Nu Sẽ Ðe Edzi

Amesi hã gava de nu nyaa mee nye Italytɔ ɣletiviŋutinunyala, akɔntanyala, kple dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Galileo Galilei (ƒe 1564-1642), si hã nye Katolikotɔ. Galileo zã eya ŋutɔ ƒe yamenutomekpɔmɔ̃ siwo me wòde ahuhɔ̃e yeye si woto vɛ, si me kɔ wu esiwo nɔ anyi la tsɔ kpɔ yamenutome tsitotsito, wòyi ŋgɔ wu alesi amesiame kpɔe kpɔ. Nusiwo wòkpɔ la ɖo kpe edzi nɛ be nyateƒee Copernicus to. Galileo kpɔ do aɖewo, siwo me do viviti, si woyɔna egbea be “ɣe ƒe teƒe dovivitiwo” la le ɣea ŋu, si te fli ɖe xexemenunyalawo ƒe susu kple subɔsubɔhawo ƒe dzixɔse vevi bubu aɖe—si nye be ɣe la mate ŋu atrɔ bubui loo alo agblẽ o—la me.

Galileo tsɔ dzinɔameƒo kple dzonɔameme kaka eƒe nukpɔsusuwo vɔvɔ̃manɔmee, menye abe alesi Copernicus ya wɔe ene o. Eye ewɔ esia le ɣeyiɣi sime subɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu nu sẽ wu me, elabena ɣemaɣi la, Katolikoha la va tsi tre ɖe Copernicus ƒe nufiafiaa ŋu gaglãa. Eyata esi Galileo ʋli nya be menye nyateƒe koe ɣe ƒe titina nɔnɔ na ɣletinyigbawo nye ko evɔ o ke boŋ be ewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo hã la, sɔlemeha la kpɔe be aglãdzenuwɔna aɖe le dzɔdzɔ ge. *

Galileo yi Rome be yeaɖaʋli ye ɖokui ta, gake mekpae o. Le ƒe 1616 me la, sɔlemeha la de se nɛ be wòadzudzɔ Copernicus ƒe nu la fiafia. Esia na be Galileo zi ɖoɖoe sẽ. Emegbe le ƒe 1632 me la, eta agbalẽ bubu tsɔ da asi ɖe Copernicus ƒe nufiafia la dzii. Le ƒe si kplɔe ɖo ko me la, Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo tso afia be Galileo nayi mɔ eƒe agbemeŋkekeawo katã. Gake le ƒe si Galileo xɔ xoxo ta la, wotrɔ tohehea enumake be wòanɔ gaxɔ me le asrafowo ƒe dzikpɔkpɔ te le ye ŋutɔ ƒeme.

Ame geɖe bu Galileo ƒe nyaʋiʋli kple sɔlemeha la be enye alesi dzɔdzɔmeŋutinunya me nukpɔsusuwo de ŋgɔ boo wu subɔsubɔha, eye ne míakekee ɖe enu la, Biblia gɔ̃ hã tɔ. Gake abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, nyataƒoƒo alea ko mewɔ ɖeka kple nyateƒenya geɖewo o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Galileo ƒe nya veve kple gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ na be ame geɖe va lé fui vɔ̃ɖivɔ̃ɖi madzemadzee. Eye esi wòʋli nya be ɣe ƒe titina nɔnɔ na ɣletinyigbawo wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la, ewɔ eɖokui subɔsubɔnyawo ŋunyalae, si gado dziku na sɔlemeha la ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Copernicus

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Woɖee tso Giordano Bruno and Galilei (German tɔ) me

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Galileo ʋli eɖokui ta le Romatɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso agbalẽ si nye The Historian’s History of the World, Babla IX, ƒe 1904 tɔ me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Megbe ɖaa: Chart depicting Copernicus’ concept of the solar system