Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Domenyinu Xɔasi La Ta

Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Domenyinu Xɔasi La Ta

Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Domenyinu Xɔasi La Ta

‘Nunya kpɔa ame ta eye wòléa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.’​—NYAGBLƆLA 7:12.

1. Nukatae wòle be dzilawo nàbu wo viwo be wonye nunana ɖo?

DZILAWO dzia ame yeye si ƒe dzedzeme kple nɔnɔmewo ɖia wo tɔ ɖe xexeame. Biblia yɔa ɖevi siawo be wonye “domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Psalmo 127:3) Esi wònye Yehowae nye Agbenala ŋutɔŋutɔ ta la, nusi nye eya ŋutɔ tɔ bliboe wòtsɔ dea asi dzilawo be woakpɔ edzi. (Psalmo 36:10) Dzilawo, aleke miebua nunana xɔasi sia xɔxɔ tso Mawu gbɔe?

2. Aleke Manoax wɔ nui esime wòse be yeava zu vifofo?

2 Ðikeke mele eme o be ele be woatsɔ ɖokuibɔbɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ axɔ nunana siae. Ƒe 3,000 kple edzivɔwo va yi la, Israel-vi Manoax wɔ nu alea esime mawudɔla aɖe gblɔ na srɔ̃a be adzi vi. Esi Manoax se dzidzɔnya sia la, edo gbe ɖa be: “Oo [Yehowa], na Mawu ƒe ame, si nèdɔ ɖa la, nagava mía gbɔ zi ɖeka, ne wòafia nusi míawɔ na ɖevi, si woadzi la mí!” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8) Dzilawo, nukae miate ŋu asrɔ̃ tso Manoax ƒe kpɔɖeŋua me?

Nusitae Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu Hiã Fifia Ðo

3. Nukatae Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hiã vevie ŋutɔ egbea le ɖeviwo nyinyi me ɖo?

3 Dzilawo hiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu le wo viwo nyinyi me fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Le susu ka ta? Elabena wotsɔ Satana Abosam kple eƒe dɔlawo ƒu gbe tso dziƒo ɖe anyigba dzi. Biblia xlɔ̃ nu mí bena: “Baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12) Biblia ɖe eme be: “Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Enuenu la, dzatawo dzea lã siwo ŋu ŋusẽ mele o, si nyea ɖevitɔwo la dzi zi geɖe. Eyatae nunya le eme ɖo be dzila Kristotɔwo nawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi atsɔ akpɔ wo viwo tae. Aleke miele agbagba dzemee le go sia me?

4. (a) Nukae wòle be nyanya be dzata aɖe le tsatsam le nutoa me nana dzilawo nawɔ? (b) Nukae ɖeviwo hiã na be wòakpɔ wo ta?

4 Ne enyae be dzata aɖe le tsatsam le miaƒe nutoa me la, viwòwo ta kpɔkpɔ anye nu vevitɔ na wò godoo. Adzodalae Satana nye. Edina be yeagblẽ nu le Mawu ƒe amewo ŋu ale be womagadze le Mawu ŋkume o. (Hiob 2:1-7; Yohanes I, 5:19) Ðeviwo dzi dzedze le bɔbɔe. Be ɖeviwo nate ŋu asi le Abosam ƒe mɔtetrewo nu la, ele be woanya Yehowa ahaɖo toe. Biblia me sidzedze le vevie ŋutɔ le esia me. Yesu gblɔ bena: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Gakpe ɖe eŋu la, ɖeviwo hiã na nunya—si nye ŋutete be woase nane gɔme ahatsɔ nusi wosrɔ̃ la ade dɔwɔna me. Esi wònye be “nunya léa [amesiwo] si wòle la ƒe agbe ɖe te” ta la, ele na mi dzilawo be miaƒã nyateƒea ɖe dzime na mia viwo. (Nyagblɔla 7:12) Aleke miawɔ esiae?

5. (a) Aleke woate ŋu afia nunya amee? (b) Aleke Lododowo ɖe asixɔxɔ si le nunya ŋu la fiae?

5 Ahiã—eye wòle kokoko—be nàxlẽ Mawu ƒe Nya la na viwòwo. Gake kpekpe ɖe wo ŋu be woalɔ̃ Yehowa ahaɖo toe bia nu geɖe wu ema—ebia be woase nusi srɔ̃m wole la gɔme. Le kpɔɖeŋu me: Ðewohĩ woagblɔ na ɖevi be wòakpɔ ʋumɔ me nyuie hafi atso eme. Gake ɖevi aɖewo mewɔna ɖe edzi o. Nukatae? Ðewohĩ womeɖe nusiwo dzɔna ɖe ame dzi ne ʋu ƒoe la me nɛ tsitotsito loo alo womeɖe eme le mɔ si awɔ dɔ ɖe ɖevia dzi nu be wòakpɔ afɔku si le eme ale be mawɔ ‘bometsinu’ si ado afɔkui o. Nunya fiafia ame xɔa ɣeyiɣi hebia dzigbɔɖi geɖe hã. Gake nu xɔasi kae nye si nunya nye! Biblia gblɔ be: “Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa. Agbeti wònye na amesiwo lée ɖe asi, eye woayra amesi vàe goŋgoŋ la.”—Lododowo 3:13-18; 22:15.

Nufiafia si Nana Wodzea Nunya

6. (a) Nukata ɖeviwo wɔa nusi me nunya mele o zi geɖe? (b) Aʋa kae le edzi yim?

6 Ðeviwo wɔa nu gbegblẽ zi geɖe, menye le esi womefia nusi le dzɔdzɔe wo o ta o, ke boŋ le esi nufiafia la meɖo woƒe dzi—woƒe amenyenye ememe tɔ—gbɔ o tae. Abosam le aʋa wɔm vevie be yeaxɔ ɖeviwo ƒe dzi. Eɖoa nugbe tsɔ wɔnɛ be eƒe xexe mavɔ̃mawu la va kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Edzea agbagba hã be yeato dzodzro vɔ̃ si nɔa wo me ɖe nugbegblẽ wɔwɔ ŋu hã dzi. (Mose I, 8:21; Psalmo 51:7) Ele be dzilawo nanyae be aʋa ŋutɔŋutɔe woho ɖe yewo viwo ƒe dzi ŋu.

7. Nukata nusi nye nyuie alo nusi nye vɔ̃ gbɔgblɔ na ɖevi ko mesɔgbɔ o?

7 Zi geɖe la, dzilawo gblɔa nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ na wo vi, hesusunae be yewofia agbenyuinɔnɔ ŋuti se aɖee. Ðewohĩ woagblɔ na ɖevia be menyo be woada alakpa, afi fi, alo anɔ agbe gbegblẽ kple amesi menye ame srɔ̃ o. Gake ehiã be ɖevia nase susu vevi si tae wòle be wòawɔ ɖe edzi la gɔme wu esi wòanyae ko be ye dzilae gblɔe be menyo o. Yehowa ƒe sededewoe wonye. Ele be ɖevia nanyae be Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ nye nusi me nunya le.—Lododowo 6:16-19; Hebritɔwo 13:4.

8. Nufiafia kawo tɔgbee ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woawɔ nu le nunya me?

8 Xexeame ƒe nuklitsunyenye, nugbagbevi ƒomevi vovovowo ƒe anyinɔnɔ, ɣeyiɣiwo ƒe tɔtrɔ abe kele kple ada ene nye nusiwo akpe ɖe ɖevi ŋu be wòase egɔme be Wɔla si ƒe nunya ƒo ɖesiaɖe ta la li. (Romatɔwo 1:20; Hebritɔwo 3:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be woafia ɖevia be Mawu lɔ̃ eyama eye be ewɔ ɖoɖo to Via ƒe vɔsa dzi nɛ bene wòakpɔ agbe mavɔ, eye be ate ŋu ado dzidzɔ na Mawu ƒe dzi to Eƒe sewo dzi wɔwɔ me. Ekema ɖewohĩ ɖevia atso nya me be yeasubɔ Yehowa togbɔ be Abosam anɔ agbagba dzem be yeana wòadzudzɔ hã.—Lododowo 22:6; 27:11; Yohanes 3:16.

9. (a) Nukae nufiafia si naa agbe ame la bia? (b) Nukae wobia tso vifofowo si be woawɔ, eye nukae esia wɔwɔ lɔ ɖe eme?

9 Nufiafia si tɔgbe kpɔa ɖevia ta heʋãnɛ be wòawɔ nyui la bia ɣeyiɣi, ɖetsɔleme ɖeɖefia, kple ɖoɖowɔwɔ. Ebia be dzilawo nawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi. Biblia gblɔ bena: “Mi fofowo la, miyi edzi mianɔ mia viwo nyim le Yehowa ƒe hehe kple susumamla me.” (Efesotɔwo 6:4, NW) Nukae ema fia? Le Helagbe gbãtɔ me la, “susumamla” fia be “woatsɔ susu ade nane me.” Eyata wole dzi dem ƒo na vifofowo be woade Yehowa ƒe susu wo viwo me. Takpɔkpɔ ka gbegbee ema anye na ɖeviwo! Ne woku Mawu ƒe tamesusu, alesi wòbua nuwo ŋui, ɖe ɖeviwo me la, ekpɔa wo ta tso nugbegblẽwɔwɔ me.

Didi si dzi Lɔlɔ̃ Ʋaa Ame Wòwɔna

10. Ne miedi be yewoafia nu mia vi nyuie la, nu vevi kae wòle be mianya?

10 Gake be miate ŋu awɔ ɖe miaƒe didi be miahe mia viwo le mɔ nyuitɔ nu dzi ade goe la, ke ehiã be lɔlɔ̃ naʋã mi le agbagba siawo dzedze me. Dzeɖoɖo tso dzime nye eƒe akpa vevi aɖe. Mibia nusiwo me tom mia via le lae, eye mibia nusi wòsusu le eŋu. Mina mia via naɖe dzi ɖi eye miatsɔ ŋuɖɔɖɔɖo ana wòaɖe eƒe dzimenya agblɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nya siwo wòagblɔ la awɔ nuku na mi. Miɖu mia ɖokui dzi be miagawɔ nu wòagbɔ eme o. Ke boŋ miɖo toe nyuie veveseɖeamenutɔe.

11. Aleke dzilawo ate ŋu ade Mawu ƒe susu ɖevi aɖe mee?

11 Nyateƒee, ɖewohĩ mianya xlẽ Mawu ƒe se siwo tsri gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ na mia via tso Biblia me eye mianya wɔ esia zi gbɔ zi geɖe hã. (Korintotɔwo I, 6:18; Efesotɔwo 5:5) Ðewohĩ esia anya na mia viawo nya nusi Yehowa lɔ̃na kple esi melɔ̃na o. Gake Yehowa ƒe susu dede tame na ɖevi bia nu geɖe wu ema. Ehiã be woakpe ɖe ɖeviwo ŋu woakpɔ vevienyenye si le Yehowa ƒe sewo ŋu adze sii. Ehiã be woakpɔe adze sii be eƒe sededewo nyo hele eteƒe eye be wo dzi wɔwɔ nye nusi sɔ eye lɔlɔ̃ le eme la wɔwɔ. Ne miede ŋugble kple mia viwo tso Ŋɔŋlɔawo me ale be wova lɔ̃ ɖe Mawu ƒe nukpɔsusuwo dzi ko hafie woate ŋu aƒo nya ta be miede eƒe susu wo me.

12. Aleke dzila ate ŋu akpe ɖe via ŋui be gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu nyui nasu esi?

12 Ne miele nu ƒom tso gbɔdɔdɔ ŋu la, miate ŋu abia ɖevia be, “Ðe nèsusu be toɖoɖo Yehowa ƒe se si nye be woagakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o la dzi wɔwɔ awɔe be ame makpɔ dzidzɔ oa?” Mide dzi ƒo na mia via be wòaɖe eƒe ŋuɖoɖoa me. Ne mieɖe Mawu ƒe ɖoɖo wɔnuku si nye vidzidzi me nɛ vɔ la, miate ŋu abiae be, “Ðe nèsusui be mía Mawu lɔlɔ̃tɔ la ade se aɖe si dzi wɔwɔ awɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me oa? Alo ɖe nèsusui be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple takpɔkpɔ tae wòde seawo ɖo?” (Psalmo 119:1, 2; Yesaya 48:17) Mise mia via ƒe susu le nya siawo ŋu. Ekema miate ŋu ahe eƒe susu ayi kpɔɖeŋu siwo ɖe alesi gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ he dzigbagbã kple xaxawo vɛ dzi. (Samuel II, 13:1-33) To ŋugbledede kple mia via bene wòase Mawu ƒe nukpɔsusu gɔme ahaxɔ wo ade eme dzi la, mianɔ geɖe wɔm le Mawu ƒe susu dede ɖevia me me. Gake nu bubu aɖe hã li si miate ŋu awɔ.

13. Nuka gɔmesesee ate ŋu aʋã ɖeviwo koŋ be woaɖo ɖo to Yehowa?

13 Nunyatɔe la, menye ɖeko miafia Yehowa ƒe sededewo dzi mawɔmawɔ me metsonuwo mia via ko o, ke ele hã be miaɖe alesi mɔ siwo nu míenɔa agbee ɖo la ka Yehowa ŋutɔe la me nɛ. Mitsɔ Biblia miafia mia via be míate ŋu ana Yehowa nase veve ne míegbe wɔwɔ ɖe eƒe sededewo dzi. (Psalmo 78:41) Miate ŋu abiae be, “Nukatae màdi be yeana Yehowa nase veve o?” eye miaɖe eme be: “Mawu ƒe futɔ Satana gblɔ be mía ɖokui tɔ didi tae míesubɔa Yehowa ɖo ke menye le esi míelɔ̃e tae o.” Emegbe miɖe eme nɛ be Hiob to eƒe nuteƒewɔwɔ dzi do dzidzɔ na Mawu ƒe dzi, si ɖo alakpanya si Satana fɔ ɖe te ŋu. (Hiob 1:9-11; 27:5) Ehiã be mia via nase egɔme be alesi yenɔa agbee la ate ŋu ado dzidzɔ na Yehowa loo alo ana wòase veve. (Lododowo 27:11) Woate ŋu azã agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ atsɔ afia nu vevi sia kple bubu geɖe ɖeviwo. *

Emetsonu Lédzinamewo

14, 15. (a) Nufiala-gbalẽa me nusɔsrɔ̃ kawoe ʋã ɖeviwo? (b) Nu nyui kawoe do tso agbalẽ sia zazã me na wò? (Kpɔ aɖaka si le axa 18-19 hã.)

14 Tɔgbui aɖe si xlẽa Nufiala-gbalẽa ɖekae kple etɔgbuiyɔvi si xɔ ƒe adre le Croatia ŋlɔ bena ɖevia gblɔ na ye bena: “Dada dɔm be mawɔ nane na ye, gake megbe ewɔwɔ. Emegbe meɖo ŋku ta si gblɔ be ‘Toɖoɖo Kpɔa Tawò’ dzi, eyata metrɔ yi ɖagblɔ nɛ be manɔ eƒe gbe dzi wɔm.” Atsu kple asi aɖe si le Florida, U.S.A. gblɔ le ta si nye “Nusita Mele Be Míada Alakpa O” ŋu bena: “Nyabiase siwo nana ɖeviwo kɔa dzime helɔ̃na ɖe vodada siwo dzi womalɔ̃ ɖo hafi o dzi la le eme.”

15 Nɔnɔmetata siwo wu 230 ye le Nufiala-gbalẽa me, eye nya kpui, alo numeɖeɖe, aɖe le nɔnɔmetata ɖesiaɖe alo esiwo woƒo ƒu la ŋu. Vidada ŋudzedzekpɔla aɖe gblɔ bena: “Zi geɖe la, vinyeŋutsuvi nɔa nɔnɔmetata aɖe kpɔm tututu, eye megadina be yeake axa bubu o. Menye ɖeko nɔnɔmetatawo nyakpɔ ko o, ke boŋ wofiaa nu hã le wo ɖokui si, alo wɔnɛ be ɖeviwo bia nyawo ya teti. Le nɔnɔmetata aɖe si me ɖevi aɖe le TV kpɔm le xɔ do viviti aɖe me la, vinyea tsɔ gbe aɖe si fia be enya bena nu manyomanyo aɖe le edzi yim biam bena, ‘Dada, nuka wɔmee ŋutsuvi ma le?’” Nya kpui si le nɔnɔmetata ŋu enye: “Amekae ate ŋu akpɔ nusianu si wɔm míele?”

Hehenana si Le Vevie Egbea

16. Nukae wòle vevie be woafia ɖeviwo egbea, eye nukatae?

16 Ehiã be ɖeviwo nanya mɔ nyui kple mɔ manyomanyo siwo nu woate ŋu azã vidzinuwo ɖo. Ke hã, nuƒoƒo tso esia ŋu menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be yetsi le ɣeyiɣi aɖe si me wobua vidzinuwo yɔyɔ be enye gbegblẽnya gbɔgblɔ me. Eŋlɔ tso nufiafia viawo ŋu bena: “Ahiã be maɖu nye ŋukpe dzi hafi.” Nyateƒee, ne ŋukpe wɔe be dzilawo ƒo asa na gbɔdɔdɔ ŋuti nuwo fiafia la, mekpɔa vi ta o. Ðeviwogbɔdɔlawo toa ɖevia ƒe ɖekememanyamanya dzi blea enu dɔa egbɔ. Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ fia nusia le mɔ nyui aɖe si dze bubu nu. Gbɔdɔdɔ ŋuti nyawo fiafia ɖeviawo magblẽ wo o, gake wo mafiamafia wo ate ŋu awɔe be woava zu ame gbegblẽwo boŋ.

17. Aleke Nufiala-gbalẽa kpena ɖe dzilawo ŋu be woafia nu wo viwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋui?

17 Esime wonɔ nume dzrom ku ɖe mawudɔla dzeaglã siwo va anyigba dzi va dzi viwo ŋu le ta 10 lia me la, wobia ɖevia be: “Nukae nènya tso gbɔdɔdɔ ŋu?” Agbalẽa ɖo eŋu bɔbɔe, bubutɔe. Emegbe ta 32 lia ɖe alesi woate ŋu akpɔ ɖeviwo tae tso ɖevigbɔdɔlawo si me me. Lɛta geɖe siwo míexɔ la gblɔ be nufiafia sia tɔgbe le vevie ŋutɔ. Ðeka gblɔ be: “Esi vinyeŋutsuvi Javan yi ɖɔkta si daa dɔ nɛ gbɔ le kwasiɖa si va yi me la, ɖɔkta la biae nenye be míedzro alesi woazã vidzinuwo ɖe mɔ nyuitɔ nu me kpli. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be míezã agbalẽ yeye sia tsɔ dzro eme kplii.”

18. Aleke Nufiala-gbalẽa dzro dukɔteƒenɔnuwo subɔsubɔ mee?

18 Ta bubu ƒo nu tso Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Hebri ɖekakpui etɔ̃awo, Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego, amesiwo gbe be yewomade ta agu na legba aɖe si wolĩ wòtsi tre ɖi na Babilon dukɔa o, ŋu. (Daniel 3:1-30) Ame aɖewo matsɔ nɔnɔmewɔwɔ aɖe subɔsubɔ asɔ kple gbedodo na aflaga abe alesi Nufiala-gbalẽa wɔe ene o. Gake de dzesi nusi agbalẽŋlɔla Edward Gaffney gblɔ esime U.S. Catholic magazine talawo nɔ gbe biamee. Egblɔ be esi ye vinyɔnuvi gbɔ tso dziɖuɖusuku si wòyi ƒe ŋkeke gbãtɔ va gblɔ na ye bena yesrɔ̃ “gbedodoɖa yeye aɖe le suku” la, yebia ɖevia be wòagbugbɔe agblɔ yease. Gaffney gblɔ bena: “Eda asi ɖe akɔta, eye wògblɔ dadatɔe be, ‘Meka atam na aflaga la bena mawɔ nuteƒe nɛ . . . ’” Gaffney yi edzi be: “Enumake nya aɖe me kɔ nam. Nyateƒee Yehowa Ðasefoawo to. Dulɔlɔ̃ ƒe akpa aɖe li si ƒãm wole ɖe ɖeviwo me tso woƒe vi fẽ me ke le míaƒe sukuwo me—eyae nye nuteƒe si gbɔ eme wɔwɔ na dukɔa.”

Agbagba Siwo Katã Miadze la Ðea Vi

19. Teƒeɖoɖo nyui kawoe nufiafia ɖeviwo hena vɛ?

19 Le nyateƒe me la, agbagba siwo katã miadze afia nu mia viwo la ɖea vi. Lɛta aɖe si vidada aɖe si le Kansas, U.S.A., xɔ tso viaŋutsu gbɔ la ʋãe ale gbegbe be wofa dzidzɔvi. Via ŋlɔ bena: “Tae nyo nam ŋutɔ be miena hehe si wɔe be mete ŋu le nye seselelãmewo dzi ɖum hedasɔ alesi dze lam. Edze be woakafu mia kple Papa ɖe esia ta godoo.” (Lododowo 31:28) Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ate ŋu akpe ɖe dzila geɖe hã ŋu be woafia nu ɖeviwo be woate ŋu akpɔ domenyinu xɔasi sia ta.

20. Nuka dzie wòle be dzilawo naɖo ŋkui ɣeawokatãɣi, eye ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe wo dzi?

20 Mía viwo hiã na ɣeyiɣi, ɖetsɔleme, kple agbagbadzedze siwo katã míate ŋu ana wo la. Ðeviwo mesena tsina o. Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ be miatsɔ anɔ wogbɔ ahakpe ɖe wo ŋu. Mate ɖe mia dzi akpɔ gbeɖe o. Woava lɔ̃ mi. Miɖo ŋku edzi yeawokatãɣi bena, Mawu ƒe nunanae mia viwo nye na mi. Domenyinu xɔasi ka gbegbee nye esi wonye! (Psalmo 127:3-5) Eyata milé be na wo, abe ɖe miana akɔnta le alesi miehe woe ŋu na Mawu ene, elabena le nyateƒe me la, miana akɔnta le wo ŋu godoo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowoe tae. Kpɔ ta 40 lia, “Alesi Míawɔ Ado Dzidzɔ Na Mawu.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae wòhĩa vevie fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be dzilawo nakpɔ wo viwo ta ɖo?

• Nufiafia ka ƒomevie naa wodzea nunya?

• Nya vevi kawo mee wòle be nàdzro kple mia viwo egbea?

• Aleke Nufiala-gbalẽa kpe ɖe dzilawo ŋui le nufiafia wo viwo mee?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Agbalẽ si Aɖe Vi na Amesiame

Wota Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe agbalẽa be wòakpe ɖe dzilawo kple ame tsitsiwo ŋu be woaxlẽ Yesu Kristo ƒe nufiafiawo na ɖeviwo ahadzro wo me kpli wo. Gake ame tsitsi siwo ŋutɔ xlẽ agbalẽ sia la ɖe akpedada tso dzime ke fia ɖe nusi wosrɔ̃ tso eme ŋu.

Ŋutsu aɖe si le Texas, U.S.A., gblɔ be: “Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe agbalẽa me nya siwo woŋlɔ wòle bɔbɔe la léa dzi na ame eye wòwɔa dɔ ɖe amesiwo xɔ ƒe ɖesiaɖe dzi—ewɔ dɔ ɖe nye amesi xɔ ƒe 76 gɔ̃ hã dzi. Akpe na mi kakaka. Akpedada sia tso nye amesi le Yehowa subɔm tso nye ɖekakpui me ke la gbɔ.”

Exlẽla aɖe si tso London, England, ka nya ta be: “Nɔnɔmetata dzeaniawo awɔ dɔ ɖe dzilawo kple ɖeviwo siaa dzi godoo. Nyabiasewo kple ɖoɖo si nu agbalẽa le la sɔ ŋutɔ, eye aleke gbegbe wòhenyo enye esi be wotrɔ asi le nya siwo gbɔgblɔ sesẽna ŋu be wòle bɔbɔe, abe esiwo le ta 32 lia, si nye ‘Alesi Wokpɔ Yesu Tae,’ me ene.” Eƒo nya ta be: “Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe viwo koŋue wota agbalẽ sia na hã la, mekpɔe be adzɔ dzi na nufialawo kple ame bubuwo ŋutɔ be agbalẽ sia ƒe ɖe nasu yewo si. Mele mɔ kpɔm na ezazã le ɣeyiɣi siwo gbɔna me.”

Nyɔnu aɖe si tso Massachusetts, U.S.A., gblɔ be “nɔnɔmetata siwo me nufiame veviwo le la sɔ gbɔ ɖe eme.” Eŋlɔ bena: “Mede dzesii be togbɔ be ɖeviwoe wota agbalẽ sia na hã la, nya siwo me wodzro le eme ate nu akpe ɖe mí ame tsitsiwo hã ŋu be míade ŋugble le ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ŋu.”

“Agbalẽa nyo lo!” Aleae nyɔnu aɖe si tso Maine, U.S.A., ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae. Egblɔ be: “Menye ɖeviwo tɔ koe wònye o, ke boŋ mía dometɔ ɖesiaɖe abe Mawu ƒe viwo ene la tɔe. Eme nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye yi ememe ʋĩ le mɔ si tɔgbe nyemese kpɔ o nu, eʋãm eye wòfa akɔ nam ale gbegbe be nye dzi dze eme. Mese le ɖokuinye me be mete ɖe Yehowa ŋu ŋutɔ abe Fofonye ene. Eɖe vevesese siwo katã me meto ƒe gbogbo aɖewoe nye si va yi la ɖa eye wòna eƒe tameɖoɖowo me kɔ nam ƒã.” Eƒo nya ta be: “Mele egblɔm na amesiame be, ‘Taflatse, mixlẽe.’”

Nyɔnu aɖe si tso Kyoto, Japan, ka nya ta be esime yenɔ agbalẽa xlẽm na ye mamayɔviwo la, wobia nya geɖewo, si dometɔ aɖewo enye: “‘Nuka wɔm ŋutsuvi ma le? Nukatae wole to hem na nyɔnuvi sue la? Ke vidada sia ya ɖe? Ke dzata sia hã ɖe?’ Agbalẽa fia nu ku ɖe nusiwo me míetsɔa ɖe le ŋu, eyata edzɔa dzi nam wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe si mate ŋu akpɔ le agbalẽdzraɖoƒewo.”

Vifofo aɖe si le Calgary, Canada, gblɔ be esi yexɔ agbalẽa teti ko la, yedze exexlẽ gɔme na ye vi nyɔnuvi si xɔ ƒe ade kple ŋutsuvi si xɔ ƒe asieke. Egblɔ be: “Woƒe nuwɔwɔ ɖe nuxexlẽa ŋu enumake ɖe dzesi ŋutɔ. Vinyewo ɖo to nyuie heɖo nyabiaseawo ŋu tso woƒe dzi me. Wokpɔ dzidzɔ be nusɔsrɔ̃a ku ɖe yewo ŋu, eye esia na mɔnukpɔkpɔ wo be wote ŋu gblɔ woƒe susu faa. Dzo yeye aɖe ɖo wo me eye vinyenyɔnuvia gblɔ be yedi be yeasrɔ̃ agbalẽ yeye sia fiẽ ɖesiaɖe.”

Esi wowu nusɔsrɔ̃ aɖe nu la, Vifofoa gblɔ be: “Mía kple vinyeŋutsuvia míeɖo dze gaƒoƒo geɖe tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Ebia nya geɖewo tso agbalẽa me. Aɖatsi lólo ɖe nye ŋkuwo dzi esime wòdo dɔ nyuie nam eye wòbiam be, ‘Papa, míagate ŋu axlẽe akea? Nyabiase geɖe le asinye, eye medi be manya nusianu tso Yehowa ŋu.’”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzilawo, nukae miate ŋu asrɔ̃ tso Manoax ƒe kpɔɖeŋua me?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ðeviwo, nukae miate ŋu asrɔ̃ tso Hebrivi etɔ̃awo ƒe kpɔɖeŋua me?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

“Nufiala” gbalẽa me fotowo kple nya kpui siwo woŋlɔ ɖe wogbɔ la nye nufiafia mɔnu sẽŋu aɖe

Alakpa kae Anania da na Petro?

Amekae ate ŋu akpɔ nusianu si míewɔna?