Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ƒe Nya Ŋu

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ƒe Nya Ŋu

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ƒe Nya Ŋu

“Meɖo ŋu ɖe wò nya ŋu.”​—Psalmo 119:42.

1. Nukae nàte ŋu agblɔ tso amesi anya ŋlɔ Psalmo 119 lia, kple nɔnɔme si ɖe dzesi le eŋu la ŋu?

YEHOWA ƒe nya lé dzi na Psalmo 119 lia ŋlɔla ale gbegbe. Anye Yuda Fiavi Xizkiya ye ŋlɔe. Seselelãme si woɖe gblɔ le ha sia si gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ me la sɔ ɖe Xizkiya ƒe nɔnɔme si wòɖena fiana la nu, amesi ‘ku ɖe Yehowa ŋu’ esime wònye Yuda-fia. (Fiawo II, 18:3-7) Eɖanye amekae ŋlɔe o, kakaɖedzi le nu ɖeka sia ya ŋu be: Hakpala sia nye amesi tsia dzi ɖe eƒe gbɔgbɔmenuhiãhiã ŋu vevie.—Mateo 5:3.

2. Nukae nye Psalmo 119 lia me nyati vevitɔ, eye aleke woɖo ha siae?

2 Nyati vevi aɖe si dze le Psalmo 119 lia me enye alesi wode asixɔxɔ Mawu ƒe nya, alo gbedasi ŋui. * Ðewohĩ be woate ŋu aɖo ŋku ha sia me hagbewo dzi bɔbɔe ta la, hakpalaa na nyagbeawo kplɔ wo nɔewo ɖo le alfabeta alo ŋɔŋlɔdzesi ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Alesi Hebri-ŋɔŋlɔdzesiwo kplɔ wo nɔewo ɖoe ƒe nuŋɔŋlɔ nue woɖo psalmo sia ƒe kpukpui 176-awo ɖo. Le Hebrigbe gbãtɔa me la, woma psalmo sia me nyawo ɖe hatsotso 22 me, eye hatsotso siawo dometɔ ɖesiaɖe nye fli 8, eye wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi ɖeka tɔgbe aɖe dze fli enyi siawo dometɔ ɖesiaɖe gɔmee. Psalmo sia ƒo nu tso Mawu ƒe nya, se, ŋkuɖodzinyawo, mɔwo, mɔfiamewo, ɖoɖowo, kple nyametsotsowo ŋu. Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míatsɔ Hebrigbe Biblia la ƒe gɔmeɖeɖe si sɔ adzro Psalmo 119 lia me. Ele be ŋugbledede tso Yehowa subɔla siwo nɔ anyi tsã kple esiwo li egbea ƒe agbemenyawo ŋu nena gɔmesese deto nasu mía si le ha sia si gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ la ŋu eye wòadzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, si woŋlɔ ɖi ŋu ɖe edzi.

Wɔ Ðe Mawu ƒe Nya la Dzi be Dzi Nadzɔ Wò

3. Ðe nusi wòfia be woanye fɔmaɖila me eye nàwɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Zɔzɔ le Mawu ƒe se la mee na dzidzɔ vavãtɔ sua mía si. (Psalmo 119:1-8) Ne míezɔ le Yehowa ƒe sea me la, abu mí ‘fɔmaɖilawoe.’ (Psalmo 119:1) Gake fɔmaɖilawo nyenye mefia be míede blibo ya o, ke efia be míedzea agbagba wɔa Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Noa nye “ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome” eye wònye amesi “zɔ kple Mawu.” Blemafofo wɔnuteƒe ma kple eƒe ƒomea tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me elabena enɔ agbe ɖe mɔfiame si Yehowa na la nu. (Mose I, 6:9; Petro I, 3:20) Nenema kee míaƒe agbetsitsi le xexe sia ƒe nuwuwu nɔ te ɖe ‘Mawu ƒe sededewo me léle ɖe asi pɛpɛpɛ’ dzi, eye emae nye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.—Psalmo 119:4.

4. Nuka dzie míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖo?

4 Ne ‘míetsoa dzi dzadzɛ me kafua Yehowa eye míeyi edzi lé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi’ la, magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o. (Psalmo 119:7, 8) Mawu megblẽ Israel-viwo kplɔla Yosua, amesi ɖo to aɖaŋuɖoɖo si nye be ‘wòaxlẽ segbalẽ la zã kple keli, be wòalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi’ la ɖi o. Esia na eƒe mɔwo dze edzi nɛ eye wòte ŋu wɔ nu le nunya me. (Yosua 1:8) Esi Yosua gogo eƒe kuɣi gɔ̃ hã la, eganɔ Mawu kafum kokoko eye wòɖo ŋku edzi na Israel-viwo be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o.” (Yosua 23:14) Abe Yosua kple Psalmo 119 lia ŋlɔla ene la, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple nudzedziname nɔ te ɖe kafukafu tsɔtsɔ na Yehowa kple ŋuɖoɖo ɖe eƒe nya ŋu dzi.

Yehowa ƒe Nya Kɔa Mía Ŋu

5. (a) Gblɔ alesi wòanyawɔe be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me. (b) Kpekpeɖeŋu kae li sɔhɛ si wɔ nuvɔ̃ gã axɔ?

5 Míate ŋu anɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me ne míeléa ŋku ɖe mía ɖokui ŋu alo nɔa ŋudzɔ ɖe Mawu ƒe nya la ŋu. (Psalmo 119:9-16) Anyo be míawɔ nenema ne mía dzilawo meɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí o gɔ̃ hã. Togbɔ be Xizkiya fofo nye trɔ̃subɔla hã la, Xizkiya ‘wɔ eƒe mɔwo kɔkɔe,’ ɖewohĩ tso trɔ̃subɔsubɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me. Ðewohĩ sɔhɛ aɖe si le Mawu subɔm egbea wɔ nuvɔ̃ gã aɖe. Ekema dzimetɔtrɔ, gbedodoɖa, edzilawo ƒe kpekpeɖeŋu, kple hamemegã Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu si woana le lɔlɔ̃ me ate ŋu akpe ɖe sɔhɛa ŋu be wòanɔ abe Xizkiya ene eye ‘wòawɔ eƒe mɔwo kɔkɔe ahanɔ ŋudzɔ.’—Yakobo 5:13-15.

6. Nyɔnu kawoe ‘wɔ woƒe mɔwo kɔkɔe helé ŋku ɖe wo ɖokui ŋu ɖe Mawu ƒe nya la nu’?

6 Togbɔ be Raxab kple Rut nɔ agbe do ŋgɔ xoxo hafi wova ŋlɔ Psalmo 119 lia hã la, ‘wowɔ woƒe mɔwo kɔkɔe.’ Raxab nye Kanaantɔ si nye gbolo, gake eva zu Yehowa subɔla le eƒe xɔse ta. (Hebritɔwo 11:30, 31) Moabitɔ Rut gblẽ eƒe mawuwo ɖi heva subɔ Yehowa eye wòwɔ Se siwo Mawu tsɔ na Israel la dzi. (Rut 1:14-17; 4:9-13) Nyɔnu eve siawo siwo menye Israel-viwo o la ‘lé ŋku ɖe wo ɖokui ŋu ɖe Mawu ƒe nya la nu’ eye wotsɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ɖo eteƒee na wo be wova zu Yesu Kristo mama.—Mateo 1:1, 4-6.

7. Aleke Daniel kple Hebri-vi etɔ̃ bubuawo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le gbɔgbɔmedzadzɛnyenye me léle ɖe asi mee?

7 “[Sɔhɛ] ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke,” gake sɔhɛwo ate ŋu azɔ le fɔmaɖimaɖi me, le xexe gblẽku sia si le Satana ƒe kpɔkplɔ te me gɔ̃ hã. (Mose I, 8:21; Yohanes I, 5:19) Togbɔ be Daniel kple Hebri-ɖekakpuivi etɔ̃ bubuawo nɔ aboyo me le Babilon hã la, ‘wolé ŋku ɖe wo ɖokui ŋu ɖe Mawu ƒe nya la nu.’ Le kpɔɖeŋu me, wogbe be yewomatsɔ “fia ƒe nuɖuɖu” agblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokui o. (Daniel 1:6-10) Babilontɔwo ɖua lã makɔmakɔ, siwo Mose ƒe Sea tsri. (Mose III, 11:1-31; 20:24-26) Womelɔ̃a ʋutsotso lã o, eye woƒe lãtsiʋumewo ɖuɖu nye se si Mawu de le ʋu ŋu la dzi dada. (Mose I, 9:3, 4) Mewɔ nuku o be Hebri-vi eneawo gbe be yewomaɖu fia ƒe nuɖuɖu la o! Sɔhɛ mawuvɔ̃la mawo lé woƒe gbɔgbɔmedzadzɛnyenye me ɖe asi eye woto esia me ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi.

Mawu ƒe Nya la Kpena Ðe Ame Ŋu le Nuteƒewɔwɔ Me

8. Nɔnɔme kae hiã be wòanɔ mía si, eye sidzedze kae hiã mí bene míase Mawu ƒe sewo gɔme ahawɔ wo dzi?

8 Mawu ƒe nyawo lɔlɔ̃ nye nu vevi aɖe le míaƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Yehowa me. (Psalmo 119:17-24) Ne míele abe hakpala si gbɔgbɔ ʋã la ene la, míadi vevie be míase Mawu ƒe sea me “nukunuwo” gɔme. ‘Míadi Yehowa ƒe ɖoɖowo yome’ ɣesiaɣi eye ‘míakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu.’ (Psalmo 119:18, 20, 24) Ne amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eteƒe medidi o ye míenye gɔ̃ hã la, ɖe ‘míenana gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ dzroa mi veviea’? (Petro I, 2:1, 2) Ehiã be míase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme be wòakpe ɖe mía ŋu míase Mawu ƒe sewo me nyuie wu ahawɔ wo dzi.

9. Aleke wòle be míawɔ nui ne Mawu ƒe se kple nusiwo amegbetɔwo abia tso mía si tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu?

9 Ðewohĩ míekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu, gake ne edzɔ be “amegãwo” gblɔ nya vɔ̃ le mía ŋu le susu aɖe ta ya ɖe? (Psalmo 119:23, 24) Egbea la, amesiwo le ŋusẽnɔƒewo dzea agbagba zi geɖe be yewoazi mía dzi míatsɔ amegbetɔ ƒe sewo aɖo ŋgɔ na Mawu ƒe se. Nukae wòle be míawɔ ne amegbetɔwo bia nane tso mía si si tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu? Numalɔ̃malɔ̃ le Mawu ƒe nya gbɔ akpe ɖe mía ŋu be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. Míagblɔ abe alesi Yesu Kristo ƒe apostolo siwo yome woti gblɔ ene be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.

10, 11. Wɔ alesi míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake me la ƒe kpɔɖeŋu.

10 Míate ŋu akpɔtɔ alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. (Psalmo 119:25-32) Be míakpɔ dzidzedze le nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Mawu me la, ele be míanye amesiwo lɔ̃na faa be woafia nu mí eye míado gbe ɖa vevie abia eƒe mɔfiafia. Ele hã be míatia “nyateƒemɔ.”—Psalmo 119:26, 30.

11 Xizkiya, amesi anɔ eme be eyae ŋlɔ Psalmo 119 lia, tia “nyateƒemɔ” la. Ewɔ nenema togbɔ be alakpatadeagulawo ƒo xlãe eye ɖewohĩ fiasã me nɔlawo ɖu fewu le eŋu gɔ̃ hã. Ðewohĩ nɔnɔme mawo na ‘wòde alɔ̃ dɔ ge do kpoe le nuxaxa ta.’ (Psalmo 119:28) Gake Xizkiya ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, eye wònye fia nyui, amesi wɔ “nusi dze Yehowa ŋu.” (Fiawo II, 18:1-5) Míawo hã míate ŋu ado dzi le tetekpɔwo me eye míanye nuteƒewɔlawo ne míeɖo dzi ɖe Mawu ŋu.—Yakobo 1:5-8.

Yehowa ƒe Nya Nana Dzideƒo Ame

12. Aleke mía ŋutɔwo míate ŋu awɔ Psalmo 119:36, 37 ŋudɔ le míaƒe agbenɔnɔ mee?

12 Wɔwɔ ɖe mɔfiafia siwo le Mawu ƒe nya me dzi naa dzideƒo si hiã be míanɔ te ɖe agbemetetekpɔwo nu la mí. (Psalmo 119:33-40) Míedia Yehowa ƒe mɔfiame ɖokuibɔbɔtɔe be míate ŋu alé eƒe sea me ɖe asi “tso dzi blibo me.” (Psalmo 119:33, 34) Abe alesi hakpala la wɔe ene la, míebiana Mawu be: “Bi nye dzi ɖe wò [ŋkuɖodzinyawo] ŋu, eye menye ɖe ŋubiabiã ŋu o,” alo ɖe “viɖe ƒoɖi” ŋu o. (Psalmo 119:36; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Abe apostolo Paulo ene la, ‘míeɖina anukware le nusianu me.’ (Hebritɔwo 13:18) Ne míaƒe dɔtɔ di tso mía si be míawɔ anukwaremaɖimaɖinu aɖe la, míetsɔa dzinɔameƒo wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi—eye Yehowa yrana ame ɣesiaɣi ɖe nuwɔna ma tɔgbe ta. Le nyateƒe me la, ekpena ɖe mía ŋu be míaɖu dzodzro vɔ̃ ɖesiaɖe dzi. Eyata mina míado gbe ɖa nɛ be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.” (Psalmo 119:37) Míadi gbeɖe be nu dzodzro siwo Mawu lé fui aɖeke nadze mía ŋu o. (Psalmo 97:10) Ele be esia naʋã mí míatsri nuwɔna gbegblẽ siwo dometɔ aɖewoe nye amamaɖeɖenuwɔnawo kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo.—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:8.

13. Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo yome woti wɔ kpɔ dzideƒo si hiã tsɔ ɖi ɖase dzinɔameƒotɔe?

13 Mawu ƒe nya ŋuti sidzedze vavãtɔ naa kakaɖedzi mí míeɖea gbeƒã dzinɔameƒotɔe. (Psalmo 119:41-48) Eye ehiã be dzi nanɔ míaƒo be ‘míaɖo nya ŋu na amesi le alɔme ɖem le mía ŋu.’ (Psalmo 119:42) Ɣeaɖewoɣi la, míawɔ nu abe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo yome woti ene, amesiwo do gbe ɖa be: ‘Yehowa, na be, wò dɔlawo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.’ Aleke gbedodoɖa ma wɔ dɔe? “Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.” Aƒetɔ Dziɖulagã ma kee nana dzideƒo mí be míegblɔa eƒe nya la kple dzinɔameƒo.—Dɔwɔwɔwo 4:24-31.

14. Nukae kpena ɖe mía ŋu míeɖia ɖase dzinɔameƒotɔe abe alesi Paulo wɔe ene?

14 Dzideƒo si hiã be míatsɔ aɖi ɖase eye míavɔ̃ be míado ŋukpe mía ɖokui o la asu mía si ne míelɔ̃a “nyateƒenya la” vevie eye ‘míeléa ŋku ɖe Mawu ƒe se la ŋu ɣesiaɣi.’ (Psalmo 119:43, 44) Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe dzrana mí ɖo be ‘míaƒo nu le eƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu le fiawo ŋku me.’ (Psalmo 119:46) Gbedodoɖa kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ la hã akpe ɖe mía ŋu be míagblɔ nya siwo sɔ le mɔ nyuitɔ nu. (Mateo 10:16-20; Kolosetɔwo 4:6) Paulo ƒo nu tso Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu na ƒe alafa gbãtɔ me dziɖulawo dzinɔameƒotɔe. Le kpɔɖeŋu me, eɖi ɖase na Roma-mɔ̃mefia Felike, amesi ‘ɖo to se Kristo Yesu dzixɔse ŋuti nya tso egbɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 24:24, 25) Paulo gaɖi ɖase le Mɔ̃mefia Festo kple Fia Agripa ŋku me. (Dɔwɔwɔwo 25:22–26:32) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míawo hã míate ŋu anye ɖaseɖila siwo ƒo dzi le, eye ‘nyanyui la makpe ŋu na mí gbeɖe o.’—Romatɔwo 1:16.

Mawu ƒe Nya Faa Akɔ na Mí

15. Aleke Mawu ƒe Nya ate ŋu afa akɔ na mí ne amewo ɖu fewu le mía ŋu?

15 Yehowa ƒe Nya naa akɔfafa si ŋu kakaɖedzi le mí. (Psalmo 119:49-56) Ɣeyiɣi aɖewo vana siwo me wòhiãna le be woafa akɔ na mí vevie. Togbɔ be míeƒoa nu dzinɔameƒotɔe abe Yehowa ƒe Ðasefowo ene hã la, “dadalawo”—amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi le Mawu ŋku me—‘ɖua fewu le mía ŋu vevie.’ (Psalmo 119:51) Ke hã ne míele gbe dom ɖa la, míate ŋu aɖo ŋku nu nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mawu ƒe Nya me la dzi, si míatsɔ ‘afa akɔe na mía ɖokui.’ (Psalmo 119:52) Le míaƒe kokoƒoƒo na Mawu me la, míate ŋu aɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo me se alo gɔmeɖose aɖe dzi si ana akɔfafa kple dzideƒo si míehiã ne nu te ɖe mía dzi la mí.

16. Nukae Mawu subɔlawo gbe wɔwɔ togbɔ be woti wo yome hã?

16 Dadala siwo ɖu fewu le hakpala la ŋu nye Israel-viwo—dukɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu la me tɔwo. Ŋukpenanuwɔwɔ kae nye si! Gake to vovo na woawo la, mina míaɖoe kplikpaa be míate ɖe aga tso Mawu ƒe se la gbɔ gbeɖe o. (Psalmo 119:51) Le Nazitɔwo ƒe yometiti kple fuwɔame mawo tɔgbe si yi edzi le ƒeawo me me la, Mawu subɔla akpe nanewo lé se kple gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya me la me ɖe asi tamanamanae. (Yohanes 15:18-21) Eye toɖoɖo Yehowa menye agba o, elabena eƒe ɖoɖowo le na mí abe hadzidzi fakɔname ene.—Psalmo 119:54; Yohanes I, 5:3.

Da Akpe ɖe Yehowa ƒe Nya la Ta

17. Nukae ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nya ŋu ʋãa mí míewɔna?

17 Míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nya la ŋu fiana to emenyawo dzi wɔwɔ me. (Psalmo 119:57-64) Hakpala la ‘do ŋugbe be yealé Yehowa ƒe nyawo me ɖe asi,’ eye ‘le zãtiƒe gɔ̃ hã la, efɔna daa akpe na Mawu ɖe Eƒe ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta.’ Ne míenyɔ le zã me la, mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbee wònye na mí be míazã ɣeyiɣi ma ado gbe ɖa ada akpe na Mawu! (Psalmo 119:57, 62) Asixɔxɔ si míedea Mawu ƒe nya ŋu ʋãa mí be míati Mawu ƒe nufiafia yome si nana míezua ‘xɔlɔ̃ kpɔdzidzɔwo na amesiwo vɔ̃a Yehowa’—siwo sroa Mawu ɖa hedea bubu deto eŋu. (Psalmo 119:63, 64) Afikae míagate ŋu akpɔ amesiwo ɖɔ ʋu wu ade ha kple wo le anyigba dzi le?

18. Aleke Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui ne ‘ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo ɖe to ɖe mí’?

18 Ne míedo gbe ɖa tso dzi blibo me eye míebia Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe be wòafia nu mí la, ‘kokoe ma ƒom míele nɛ’ be eƒe amenuveve nanɔ mía dzi. Ehiã be míado gbe ɖa vevietɔ ne ‘ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo ɖe to ɖe mí.’ (Psalmo 119:58, 61) Yehowa ate ŋu atso ame vɔ̃ɖiwo ƒe ka siwo bla mí eye wòana ablɔɖe mí be míayi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa dzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Edzɔna alea zi geɖe le dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa nu le.

Xɔ Mawu ƒe Nya Dzi Se

19, 20. Aleke nɔnɔme sesẽwo me toto ate ŋu anye nusi nyoe?

19 Ne míexɔ Mawu kple eƒe nya dzi se la, ekpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míeyia edzi wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 119:65-72) Togbɔ be dadalawo ‘da alakpa ɖe hakpala la si’ hã la, edzi ha be: “Enyo nam ŋutɔ be, [mato xaxa me].” (Psalmo 119:66, 69, 71) Aleke wòanyo na Yehowa subɔla be wòato xaxa mee?

20 Ne xaxawo va mía dzi la, ɖikeke mele eme o be míeƒoa koko na Yehowa vevie, eye esia tea mí ɖe eyama ŋu kplikplikpli wu. Anɔ eme be míezãna ɣeyiɣi geɖe tsɔ srɔ̃a Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi eye ɖewohĩ míedzea agbagba vevie wɔna ɖe edzi. Esia nana míenɔa agbe si me dzidzɔ geɖe wu le. Ke ne fukpekpe aɖe si me tom míele wɔe be míeɖe nɔnɔme manyomanyowo, abe dzimagbɔɖi kple dada ene, fia ya ɖe? To gbedodoɖa vevie kpakple Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ dzi la, míate ŋu aɖu nɔnɔme manyomanyo mawo dzi si ana ‘míado amenyenye yeye la’ bliboe wu. (Kolosetɔwo 3:9-14) Gawu la, míaƒe xɔse sẽa ŋu ɖe edzi ne míedo dzi le fukpekpewo me. (Petro I, 1:6, 7) Paulo ƒe xaxawo ɖe vi nɛ elabena wona wògaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu wu. (Korintotɔwo II, 1:8-10) Ðe míenana fukpekpewo ɖea vi na mía?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣesiaɣi

21. Nukae dzɔna ne Mawu na ŋukpe lé dadalawo?

21 Mawu ƒe nya nana gɔmeɖokpe like si ta míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu mí. (Psalmo 119:73-80) Ne míeɖo ŋu ɖe mía Wɔla ŋu vavã la, susu aɖeke manɔ anyi si ta ŋu akpe mí ɖo o. Gake le nusi ame bubuwo wɔna ta la, míehiã akɔfafa eye ɖewohĩ míadi be míado gbe ɖa be: “Ŋu nekpe dadalawo.” (Psalmo 119:76-78) Ne Yehowa na ŋukpe lé ame mawo la, esia ʋua go woƒe mɔ vɔ̃wo eye wònana eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋuti kɔna. Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe amewo yometilawo le dagbadagbam ɖe yame dzodzro. Elabena womete ŋu tsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo, amesiwo ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu tso dzi blibo me la, ɖa keŋkeŋ kpɔ o—eye womate ŋu aɖe wo ɖa gbeɖe akpɔ o.—Lododowo 3:5, 6.

22. Gɔmesese ka nue hakpala la ‘le abe lãgbalẽgolo, si wotsi ɖe dzodoƒe ene’ le?

22 Mawu ƒe nya nana míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu me gasẽna ne woti mía yome. (Psalmo 119:81-88) Esi dadalawo nɔ hakpala la yome tim ta la, ese le eɖokui me be ‘yele abe lãgbalẽgolo, si wotsi ɖe dzodoƒe ene.’ (Psalmo 119:83, 86) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wokua tsi, wein, kple nunono bubuwo ɖe lãgbalẽgolowo me. Ne womele golo siawo zãm o la, wotsina wo ɖe nu ŋu le dzodoƒe si nana goloawo yrɔna. Ðe nɔnɔme sesẽwo alo yometiti na nèse le ɖokuiwò me be ‘yele abe lãgbalẽgolo, si wotsi ɖe dzodoƒe ene’ kpɔa? Ne nenemae la, ke ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàdo gbe ɖa be: “Gbɔ agbem le wò amenuveve la nu, eye malé ŋku ɖe wò nu me [ŋkuɖodzinyawo] ŋu.”—Psalmo 119:88.

23. Nukawo mee míedzro le Psalmo 119:1-88 me, eye nya kae míate ŋu abia mía ɖokui esi míele mɔ kpɔm na Psalmo 119:89-176 hã me dzodzro?

23 Nusiwo me míedzro le Psalmo 119 lia ƒe afã gbãtɔ sia me ɖee fia be Yehowa vea esubɔlawo nu le esi woɖoa ŋu ɖe eƒe nya ŋu eye wokpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo, ŋkuɖodzinyawo, mɔfiafiawo kple sewo ŋu la ta. (Psalmo 119:16, 47, 64, 70, 77, 88) Dzi dzɔnɛ be amesiwo tsɔ wo ɖokui na ye la léa ŋku ɖe wo ɖokui ŋu ɖe yeƒe nya la nu. (Psalmo 119:9, 17, 41, 42) Esi nèle mɔ kpɔm na psalmo dodzidzɔname sia ƒe akpa mamlɛa sɔsrɔ̃ la, anyo be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe mena Yehowa ƒe nya nye kekeli na nye toƒe vavãa?’

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Yehowa ƒe gbedasi ŋue woƒo nu tsoe le afisia, ke menye Biblia bliboa—si nye Mawu ƒe Nya la—katã o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nuka dzie dzidzɔ vavãtɔ nɔa te ɖo?

• Aleke Yehowa ƒe nya nana míenɔa dzadzɛ le gbɔgbɔ mee?

• Mɔ kawo nue Mawu ƒe nya dea dzi ƒo na mí hefaa akɔ na mí le?

• Nukatae wòle be míaxɔ Yehowa kple eƒe nya dzi ase?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Rut, Raxab, kple Hebri-ɖekakpui siwo nɔ aboyo me le Babilon la ‘lé ŋku ɖe wo ɖokui ŋu ɖe Mawu ƒe nya la nu’

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Paulo ‘ƒo nu tso Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu le fiawo ŋku me’ dzinɔameƒotɔe