Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Mawu Ƒe Nya Nanye Kekeli Na Wò Toƒe

Na Mawu Ƒe Nya Nanye Kekeli Na Wò Toƒe

Na Mawu Ƒe Nya Nanye Kekeli Na Wò Toƒe

“Wò nya enye . . . kekeli na nye toƒe.”​—PSALMO 119:105.

1, 2. Nuwɔna kawoe ana Yehowa ƒe nya naklẽ ɖe míaƒe toƒe?

YEHOWA ƒe nya aklẽ ɖe míaƒe toƒe ne míeɖe mɔ be wòanye kekelitsoƒe na mí. Be gbɔgbɔmekekeli ma naɖe vi na mí la, ele be míanye Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la srɔ̃la dovevienuwo eye míawɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. Ne míewɔe nenema ko hafi míaƒe seselelãme awɔ ɖeka kple hakpala la tɔ be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105.

2 Azɔ mina míadzro Psalmo 119:89-176 me. Nyatakaka gbogbo kawo gbegbee nye si le mawunyakpukpui mawo, siwo woɖo ɖe hatsotso 11 me la, me! Woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la dzi.—Mateo 7:13, 14.

Nukatae Wòle Be Dzi Nadzɔ Mí ɖe Mawu ƒe Nya la Ŋu?

3. Aleke Psalmo 119:89, 90 ɖee fiae be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe nya ŋu?

3 Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nya ŋu nana wolia ke le gbɔgbɔ me. (Psalmo 119:89-96) Hakpala la dzi ha be: “Yehowa, wò nya la li ke ɖe dziƒo tegbee. . . . Èɖo anyigba anyi, eye wòtɔ ɖe tsitrenu.” (Psalmo 119:89, 90) To Mawu ƒe nya—‘dziƒo ƒe se siwo’ wòɖo anyi—dzi la, dziŋgɔlimeɣletinyigbawo zɔna nɔa xlã ƒom ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ ŋgomakpemakpe wo nɔewoe eye wòɖo anyigba la gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi tegbee. (Hiob 38:31-33; Psalmo 104:5) Míate ŋu aɖo ŋu ɖe nya sia nya si dona tsoa Yehowa ƒe nu me la ŋu; nya si Mawu gblɔ la ‘akpɔ dzidzedze godoo’ bene eƒe tameɖoɖo nava eme.—Yesaya 55:8-11.

4. Nukae Mawu ƒe nya lɔlɔ̃ wɔna na esubɔla siwo ɖo xaxa me?

4 Ne menye ɖe hakpala la ‘kpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe se ŋu o la, anye ne etsrɔ̃ ɖe eƒe xaxawo me.’ (Psalmo 119:92) Menye dutatɔwoe nɔ eyome tim o; ke boŋ Israel-vi sedzimawɔla siwo lé fui lae. (Mose III, 19:17) Gake esia mewu tsɔtsɔ nɛ o, elabena elɔ̃ Mawu ƒe se siwo léa ame ɖe te la. Le Korinto la, apostolo Paulo ‘ɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviwo dome,’ eye ɖewohĩ “apostolo, siwo kɔ akpa” siwo nɔ kpɔtsɔtsɔ aɖe dim le eŋu hã anɔ amesiawo dome. (Korintotɔwo II, 11:5, 12-14, 26) Gake Paulo nɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me le esi wòlɔ̃ Mawu ƒe nya vevie ta. Esi míelɔ̃a Yehowa ƒe Nya si woŋlɔ ɖi eye míewɔna ɖe nusi wògblɔ dzi ta la, míelɔ̃na mía nɔviwo. (Yohanes I, 3:15) Xexeame ƒe fuléle mí gɔ̃ hã menana míeŋlɔa Mawu ƒe nufiamewo dometɔ aɖeke be o. Míeyia edzi wɔa eƒe lɔlɔ̃nu le lɔlɔ̃ ƒe ɖekawɔwɔ me kple mía nɔviwo tsɔ kpɔa mɔ na Yehowa subɔsubɔ le dzidzɔ mavɔ me.—Psalmo 119:93.

5. Aleke Fia Asa di Yehowae?

5 Ne míele alesi míetsɔ mía ɖokui ke Yehowae gblɔm nɛ la, míate ŋu ado gbe ɖa be: “Tɔwò menye, xɔ nam, elabena mebiaa wò seawo ta sena.” (Psalmo 119:94) Fia Asa di Mawu eye wòɖe xɔsegbegbe ɖa le Yuda. Le takpekpe gã aɖe si wowɔ le Asa ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 15 lia (963 D.M.Ŋ.) me me la, Yuda-nɔlawo katã ‘bla nu be yewoadi Yehowa.’ Eye Mawu ‘na woke ɖe eyama ŋu’ eye ‘wòna gbɔdzɔe wo godoo va kpe.’ (Kronika II, 15:10-15) Ele be kpɔɖeŋu sia nade dzi ƒo na amesiwo tra ɖa tso Kristo-hamea gbɔ eye wòade dzo yeye wo me be woagadi Mawu yomemɔ. Ayra amesiwo gadze hadede kple eƒe amewo gɔme la eye wòakpɔ wo ta.

6. Nuka wɔwɔe akpɔ mía ta tso gbɔgbɔmefɔku me?

6 Yehowa ƒe nya nana míedzea nunya eye wòkpɔa mía ta tso gbɔgbɔmefɔku me. (Psalmo 119:97-104) Mawu ƒe sededewo nana míedzea nunya wu míaƒe futɔwo. Eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi wɔwɔ nana gɔmesese deto sua mía si, eye ‘eƒe sewo dzi wɔwɔ nana míewɔa nu le nugɔmesese me wu ame tsitsiwo.’ (Psalmo 119:98-100) Ne Yehowa ƒe ‘nyawo vivina le míaƒe veme wu anyĩtsi le nu me la,’ míalé fu “aʋatsomɔwo kata” eye míatsri wo. (Psalmo 119:103, 104) Esia akpɔ mía ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me esime míele akɔ kpem kple dadalawo, me wɔadãwo, kple ame mavɔ̃mawuwo le ŋkeke mamlɛ siawo me.—Timoteo II, 3:1-5.

Enye Akaɖi na Míaƒe Afɔ

7, 8. Nukae wòhiã be míawɔ be wòanɔ ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 119:105 me nyawo?

7 Mawu ƒe nya nye gbɔgbɔmekekeli tsoƒe si nu meyina gbeɖe o. (Psalmo 119:105-112) Míeɖanye Kristotɔ amesiaminawo loo alo woƒe zɔhɛ siwo nye ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o, míeɖea gbeƒã be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Yohanes 10:16; Psalmo 119:105) Mawu ƒe nya le abe akaɖi si klẽna ɖe míaƒe mɔ dzi ene, si nana be míeklia nu dzea anyi le gbɔgbɔ me o. (Lododowo 6:23) Gake ele na mía dometɔ ɖesiaɖe be wòana Yehowa ƒe nya nanye akaɖi na eƒe afɔ.

8 Ehiã be míaɖo tame kplikpaa abe Psalmo 119 lia ŋlɔla la ene. Eɖoe kplikpaa be yemate ɖe aga tso Mawu ƒe ɖoɖowo gbɔ o. Egblɔ be: “Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku ɖe wò [Yehowa ƒe] ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu.” (Psalmo 119:106) Negadzɔ gbeɖe be míabu Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me nu tsɛe o.

9, 10. Aleke míewɔ nya be amesi ɖe adzɔgbe na Yehowa ate ŋu ‘atra ɖa tso eƒe seawo gbɔ,’ gake aleke míate ŋu aƒo asa na esiae?

9 Hakpala la ‘metra ɖa tso Mawu ƒe seawo gbɔ o,’ gake ate ŋu adzɔ be amesi ɖe adzɔ gbe na Yehowa natra. (Psalmo 119:110) Fia Salomo tra mɔ, togbɔ be enye dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa me tɔ eye wòwɔ nu wòsɔ ɖe nunya si Mawu nae nu le gɔmedzedzea me hafi. “Dutanyɔnuwo blee de nuvɔ̃ me” heƒoe ɖe enu wòde ta agu na alakpa mawuwo.—Nexemya 13:26; Fiawo I, 11:1-6.

10 “Xevimɔ̃trela,” Satana, trena mɔ̃ geɖewo. (Psalmo 91:3) Le kpɔɖeŋu me, amesi nye mía hatitadeagula tsã ate ŋu adze agbagba be yeable mí míatra ɖa tso gbɔgbɔmekekelimɔ la dzi ayi ɖe xɔsegbegbe ƒe viviti me. “Nyɔnu Isabel,” si anya tsi tre ɖi na nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo fiaa nu amewo be woasubɔ trɔ̃ eye woawɔ ahasi la, nɔ Tiatira-hamea me Kristotɔwo dome. Yesu meda asi ɖe nu vɔ̃ɖi mawo wɔwɔ dzi o, eye mele be míawo hã míaɖe mɔ le wo ŋu o. (Nyaɖeɖefia 2:18-22; Yuda 3, 4) Eyata mina míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míagatra ɖa tso eƒe sewo gbɔ o ke boŋ míayi edzi anɔ eƒe kekelia me.—Psalmo 119:111, 112.

Mawu ƒe Nya Lé Mí Ðe Te

11. Le Psalmo 119:119 ƒe nya nu la, aleke Mawu bua ame vɔ̃ɖiwoe?

11 Ne míete ɖa tso Mawu ƒe ɖoɖowo gbɔ gbeɖe o la, alé mí ɖe te. (Psalmo 119:113-120) “Adzɔveeɖulawo” ƒe nu medzea mía ŋu o, abe alesi Yesu hã mekpɔ ŋudzedze ɖe amesiwo be Kristotɔwoe yewonye evɔ wole yɔyrɔe la ŋu o la ene. (Psalmo 119:113; Nyaɖeɖefia 3:16) Esi míesubɔna Yehowa kple dzi blibo ta la, enye “bebeƒe” na mí eye alé mí ɖe te. ‘Agbe amesiwo katã tra tso eƒe ɖoɖo gbɔ’ le woƒe ayemenuwɔwɔ kple alakpadada ta. (Psalmo 119:114, 117, 118; Lododowo 3:32) Ebua ame vɔ̃ɖi mawo abe “aŋuka” ene—si nye ɖinu siwo woɖena ɖa le klosalo kple sika ŋu. (Psalmo 119:119; Lododowo 17:3) Neva eme be míawɔ nu aɖee afia be míenye Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo lɔ̃lawo ɣesiaɣi, le esi míadi gbeɖe be woatsɔ mí akpe ɖe ame vɔ̃ɖi siwo le abe ɖinu siwo woli kɔe ɖi hena tsɔtsrɔ̃ la ene ŋu o ta!

12. Nukatae Yehowa vɔvɔ̃ le vevie ɖo?

12 Hakpala la gblɔ be: “Nye lãme lulu le wò [Yehowa ƒe] ŋɔdzi ta.” (Psalmo 119:120) Ele vevie be míaɖe Mawu vɔvɔ̃ si sɔ afia, to nusiwo medzea eŋu o tsitsri me, eya ko hafi wòalé mí ɖe te abe esubɔlawo ene. Yehowa vɔvɔ̃ bubutɔe wɔe be Hiob nɔ agbe le dzɔdzɔenyenye me. (Hiob 1:1; 23:15) Mawuvɔvɔ̃ ate ŋu ana míaku kutri le nusi dzea Mawu ŋu wɔwɔ me eɖanye nuka ke mee wòle be míado dzi le o. Gake dzidodo bia be míado gbe ɖa vevie le xɔse me.

Do Gbe Ða le Xɔse Me

13-15. (a) Nukatae míate ŋu axɔe ase be woaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu? (b) Nukae ate ŋu adzɔ ne míenya nya si míagblɔ le gbedodoɖa me o? (d) Wɔ alesi Psalmo 119:121-128 me nyawo ate ŋu asɔ ɖe míaƒe ‘ŋeŋe, siwo manya gblɔ le gbedodoɖa me o’ nu la ƒe kpɔɖeŋu.

13 Míate ŋu ado gbe ɖa kakaɖedzitɔe be Mawu axɔ nya ɖe mía nu. (Psalmo 119:121-128) Abe hakpalaa ene la, kakaɖedzi le mía si be woaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí. Nukatae? Elabena míelɔ̃ Mawu ƒe sewo “wu sika kple sika nyuitɔ.” Gawu la, ‘míebua Mawu ƒe seawo katã be, wole eteƒe.’—Psalmo 119:127, 128.

14 Yehowa sea míaƒe kuɖeɖewo elabena míedoa gbe ɖa le xɔse me eye míewɔna ɖe eƒe sededewo dzi pɛpɛpɛ. (Psalmo 65:3) Ke ne ɣeaɖewoɣi kuxiwo kpe mía dzi ale gbegbe be míenya nusi míagblɔ le gbedodoɖa me o ya ɖe? Ekema ‘gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa míaƒe nyawo ɖe akɔ na mí.’ (Romatɔwo 8:26, 27) Le ɣeyiɣi mawo me la, Mawu xɔa nyagbɔgblɔ siwo dze le eƒe Nya la me, siwo sɔ ɖe míaƒe hiahiãwo nu, siwo míade míaƒe gbedodoɖawo me.

15 Ŋɔŋlɔawo yɔ fũ kple gbedodoɖawo kple tamesusu siwo sɔ ɖe míaƒe “ŋeŋe, siwo manya gblɔ o” nu. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Psalmo 119:121-128 ŋu kpɔ. Anɔ eme be mɔ siwo nu wogblɔ nyawo ɖo le mawunyakpukpui siawo me asɔ ɖe míaƒe nɔnɔmewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ne ewɔ na mí be wole mía tem ɖe anyi la, míate ŋu abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu abe alesi hakpala la biae ene. (Kpukpui 121-123) Tsɔe be ehiã be míawɔ nyametsotso sesẽ aɖe. Ekema míate ŋu ado gbe ɖa be Yehowa ƒe gbɔgbɔ nakpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ahawɔ wo dzi. (Kpukpui 124, 125) Togbɔ be ‘míelé fu aʋatsomɔwo katã’ hã la, ahiã be míabia Mawu be wòatso mí axɔ be míagaɖe mɔ tetekpɔ nakpe mía dzi be míada eƒe se dzi o. (Kpukpui 126-128) Ne míexlẽa Biblia gbesiagbe la, kpukpui ɖeviname mawo tɔgbe ate ŋu anɔ susu me vam na mí ne míele koko ƒom na Yehowa.

Kpekpeɖeŋu to Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Dzi

16, 17. (a) Nukatae míehiã Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo, eye aleke wòle be míabu woe? (b) Aleke amewo abu míi, ke hã nukae le vevie wu?

16 Be Mawu naɖo to míaƒe gbedodoɖa eye wòave mía nu la, ele be míawɔ ɖe eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi. (Psalmo 119:129-136) Esi míeŋlɔa nu be ta la, míehiã na Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya lédziname siwo ɖoa ŋku eƒe nufiame kple sededewo dzi na mí. Nyateƒee, míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nya la me numekɔkɔ yeye ɖesiaɖe si gbɔgbɔmekekelia ʋua goe la ŋu. (Psalmo 119:129, 130) Míedaa akpe hã be Yehowa ‘na eƒe ŋku me klẽna ɖe mía dzi’ tsɔ ɖea aƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu fianae, togbɔ be ‘míaƒe ŋkuwo kplɔa tsi yoo abe tɔʋu ene’ le alesi amewo dana eƒe sewo dzii la ta gɔ̃ hã.—Psalmo 119:135, 136; Mose IV, 6:25.

17 Kakaɖedzi le mía si be Mawu ƒe amenuveve akpɔtɔ anɔ kpli mí ne míewɔ ɖe eƒe ŋkuɖodzinya dzɔdzɔeawo dzi. (Psalmo 119:137-144) Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míelɔ̃ ɖe edzi be ekpɔ mɔ aɖo ŋku eƒe ŋkuɖodzinya dzɔdzɔeawo dzi na mí eye wòabia tso mía si be míawɔ wo dzi. (Psalmo 119:138) Esi wònye be hakpala la wɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi ɖe, nukatae wògblɔ be: “Nyemele ɖeke me o, eye wodo vlom”? (Psalmo 119:141) Anye be, enɔ susu hem yi alesi eƒe futɔwo bu eyamae dzi. Ne míegbe ta nana heyi edzi lé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, amewo ado vlo mí. Gake nusi le vevie wue nye be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu le esi míenɔa agbe wòsɔna ɖe eƒe ŋkuɖodzinya dzɔdzɔeawo nu ta.

Dedienɔnɔ Kple Ŋutifafamenɔnɔ

18, 19. Nukae dona tsoa wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi me?

18 Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi nana míetena ɖe eyama ŋu kplikplikpli. (Psalmo 119:145-152) Le esi míeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu ta la, míeyɔnɛ tso dzi blibo me faa, eye míate ŋu akpɔ mɔ be aɖo to mí. Míate ŋu afɔ abia eƒe kpekpeɖeŋu le ‘fɔŋli.’ Gbedoɖaɣi nyui kae nye si! (Psalmo 119:145-147) Azɔ hã, Mawu tsɔ kpuiƒe na mí elabena míetsri ŋukpenanuwɔwɔ eye míebua eƒe nya be enye nyateƒe, abe alesi Yesu hã bui ene. (Psalmo 119:150, 151; Yohanes 17:17) Ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome léa mí ɖe te le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo la me eye ƒomedodo sia ayi edzi alé mí ɖe te ato eƒe aʋa gã si nye Harmagedon la me dedie.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; 16:13-16.

19 Esi míedea bubu deto Mawu ƒe nya ŋu ta la, míele dedienɔnɔ vavãtɔ me. (Psalmo 119:153-160) ‘Míete ɖe aga tso Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo gbɔ’ abe alesi ame vɔ̃ɖiwo wɔna ene ‘o.’ Míelɔ̃a Mawu ƒe seawo eyata míele dedie le eƒe amenuveve la me. (Psalmo 119:157-159) Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo vaa susu me na mí si wɔnɛ be míeɖoa ŋku nusiwo wòdi tso mía si be míawɔ le nɔnɔme sia nɔnɔme me la dzi. Ke Mawu ƒe sewo ya nye mɔfiamewo, eye míelɔ̃na ɖe mía Wɔla ƒe gome si le esi be wòafia mɔ mí la dzi. Esi míenya be ‘Mawu ƒe nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe’ eye be míate ŋu afia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo le mía ɖokuisi o ta la, míetsɔa dzidzɔ lɔ̃na ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi.—Psalmo 119:160; Yeremya 10:23.

20. Nukatae “ŋutifafa gã” le mía si ɖo?

20 Yehowa ƒe se si míelɔ̃na la hea ŋutifafa gbogbo vɛ na mí. (Psalmo 119:161-168) Yometiti megblẽa “Mawu ƒe ŋutifafa” si ɖeke mesɔ kplii o la me na mí o. (Filipitɔwo 4:6, 7) Míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu ale gbegbe be míekafunɛ ɖe wo ta edziedzi—“zi adre le ŋkeke me.” (Psalmo 119:161-164) Hakpala la dzi ha be: “Ŋutifafa gã le amesiwo lɔ̃a wò sea la si, eye nukikli aɖeke meli na wo o.” (Psalmo 119:165) Ne mí ame ɖekaɖekawo míelɔ̃ Yehowa ƒe se helé wo me ɖe asi la, ame aɖeke ƒe nuwɔna loo alo nu bubu aɖeke mana míakli nu le gbɔgbɔ me o.

21. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be mehiã be wòanye nukikli na mí ne nya sesẽwo do mo ɖa le hamea me o?

21 Amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me dometɔ geɖe meɖe mɔ naneke zu kplamatsedonu na wo ɖikaa o. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu Kristotɔ Gayo mena Diotrefo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃gbenɔnɔ zu nuɖiaɖia nɛ o ke boŋ ‘eyi edzi zɔ le nyateƒea me.’ (Yohanes III, 1-3, 9, 10) Paulo xlɔ̃ nu nyɔnu Kristotɔ siwo nye Ewodia kple Sintixe “bena woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me,” ɖewohĩ le esi masɔmasɔ aɖewo nɔ wo dome ta. Anye be wokpe ɖe wo ŋu wokpɔ woƒe kuxia gbɔ eye woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. (Filipitɔwo 4:2, 3) Eyata ne nya sesẽ aɖewo do mo ɖa le hamea me la mele be wòanye nukikli na mí o. Mina míayi edzi alé Yehowa ƒe sewo me ɖe asi, ahaɖo ŋku edzi be ‘míaƒe mɔwo katã le eŋkume.’ (Psalmo 119:168; Lododowo 15:3) To esia wɔwɔ me la naneke magblẽ míaƒe “ŋutifafa gã” la me ɖikaa o.

22. (a) Ne míeɖo to Mawu la, mɔnukpɔkpɔ kae asu mía si? (b) Aleke wòle be míabu amesiwo do le Kristo-hamea me dometɔ aɖewoe?

22 Ne míeɖoa to Yehowa ɣesiaɣi la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si míayi edzi anɔ ekafum ɖaa. (Psalmo 119:169-176) Ne míenɔ agbe ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo nu la, menye gbɔgbɔmededienɔnɔ me koe míesea vivi le o ke ‘míaƒe nuyiwo yia edzi dudua Yehowa ƒe kafukafu ƒona ɖi’ hã. (Psalmo 119:169-171, 174) Esiae nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu mía si le ŋkeke mamlɛ siawo me. Hakpala la di be yeayi edzi anɔ agbe ahanɔ Yehowa kafum, gake nɔnɔme aɖe si mele nyanya na mí o wɔe be, ‘wòtra mɔ abe alẽ bubu ene.’ (Psalmo 119:175, 176) Ðewohĩ amesiwo do le Kristo-hamea me dometɔ aɖewo gakpɔtɔ lɔ̃ Mawu eye anɔ eme be wogadi be yewoakafui. Eyata mina míawɔ nusianu si míate ŋui akpe ɖe wo ŋu be woagava nɔ dedie le gbɔgbɔ me eye be woakpɔ gome le dzidzɔ si le Yehowa kafukafu le eƒe amewo dome la me.—Hebritɔwo 13:15; Petro I, 5:6, 7.

Kekeli na Míaƒe Toƒe Tegbee

23, 24. Viɖe kawoe nèkpɔ tso Psalmo 119 lia me dzodzro me?

23 Psalmo 119 lia ate ŋu aɖe vi na mí le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ana míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu geɖe wu, elabena eɖee fia be ‘zɔzɔ le Yehowa ƒe se la me’ ye hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ. (Psalmo 119:1) Hakpala la ɖo ŋku edzi na mí be ‘Mawu ƒe nya la ƒe taƒoƒo enye nyateƒe.’ (Psalmo 119:160) Ele be esia nadzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi me nya bliboa katã ŋu ɖe edzi godoo. Ele be ŋugbledede tso Psalmo 119 lia ŋu naʋã mí be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo moveviɖoɖotɔe. Hakpala la ɖe kuku na Mawu enuenu gblɔ bena: “Fia wò ɖoɖowom.” (Psalmo 119:12, 68, 135) Azɔ hã eɖe kuku gblɔ bena: “Fia gɔmesese nyui kple nunyam; elabena mexɔ wò nya dzi se.” (Psalmo 119:66) Anyo be míado gbe ɖa le mɔ sia tɔgbe nu.

24 Yehowa ƒe nufiafia wɔnɛ be wote ŋu nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple eyama. Hakpala la yɔ eɖokui enuenu be Mawu ƒe dɔla. Le nyateƒe me la, ezãna nya wɔdɔɖeamedzi si nye, “tɔwò menye,” le nuƒoƒo na Yehowa me. (Psalmo 119:17, 65, 94, 122, 125; Romatɔwo 14:8) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si be míasubɔ Yehowa ahakafui abe eƒe Ðasefowo dometɔ ɖeka ene! (Psalmo 119:7) Ðe nèle Yehowa subɔm dzidzɔtɔe abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela enea? Ne nenemae la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa ayi edzi ado alɔ wò eye wòayra wò le mɔnukpɔkpɔ sia si su asiwò me ne èɖo ŋu ɖe eƒe nya ŋu ɣesiaɣi eye nèna wòklẽna ɖe wò toƒe.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae wòle be míalɔ̃ Mawu ƒe nya?

• Aleke Mawu ƒe nya léa mí ɖe tee?

• Mɔ kawo nue Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo kpena ɖe mía ŋu le?

• Nukatae Yehowa ƒe amewo le dedie hele ŋutifafa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mawu ƒe nya nye gbɔgbɔmekekeli tsoƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ne míelɔ̃a Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo la, mabu mí abe ‘ɖinu’ ene gbeɖe o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Ne míexlẽa Biblia gbesiagbe la, kpukpui ɖevinamewo ate ŋu anɔ susu me vam na mí bɔbɔe ne míele gbe dom ɖa